Hadzidzi 4
Ŋkɔ Nyui Wɔwɔ Le Mawu Gbɔ
Tatatɔ
1. Míedi be míawɔ Ŋkɔ nyui le Mawu gbɔ.
Eƒe se nyuiawo Dzi míawɔ gbe sia gbe.
Nu si nyo la míawɔ, Nu si dze la míawɔ,
Be míado dzidzɔ Na Yehowa.
2. Xexea me nuwo Mana agbe mí o.
Eme ŋkɔxɔxɔ—Tofloko sɔŋ wònye.
Mawu kple Via míalɔ̃, Anye wo xɔlɔ̃wo.
Esia akplɔ mí Yi agbe me.
3. Yayra gãe wòanye Ne Mawu nya mía ŋkɔ
’Ye wòŋlɔ mía ŋkɔ Ðe agbegbalẽa me!
Nyateƒea ta míaʋli, Kekelia me míazɔ.
Míanɔ esia dzi Míaƒ’agbe me.
(Kpɔ 1 Mose 11:4; Lod. 22:1; Mal. 3:16; Nyaɖ. 20:15 hã.)