INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 2/1 axa 3
  • Ðe Nèkpɔ Ðeɖea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèkpɔ Ðeɖea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Wòle be Míawɔ Akpɔ Ðeɖe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðeɖekpɔkpɔ Nusi Tututu Wòfia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Yesu Naa Ðeɖe—Le Mɔ Ka Nu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ðe Biblia Fia Nu Be Ne Wonya Ðe Ame Ko La, Woɖee Tegbeea?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 2/1 axa 3

Ðe Nèkpɔ Ðeɖea?

JOHNNY xɔ ƒe ewo esime ŋutsu aɖe tɔ tee le adzɔnuɖefiaƒe aɖe eye wòbiae be: “Ðekakpui, ɖe nèxɔ Yesu Kristo be enye wò Aƒetɔ kple Ðela?” Nyabiabia ma ɖi ɖe Johnny, elabena exɔ Yesu dzi se ɣesiaɣi. Eyata eɖo ŋu be, “Ẽ, mexɔe se.” Ŋutsua do ɣli ne amesiame nasee be: “Mikafu Aƒetɔ la! Luʋɔ bubu gakpɔ ɖeɖe na Kristo!”

Ðe ɖeɖekpɔkpɔ le bɔbɔe nenema vavã? Ðe Johnny kpɔ “ɖeɖe” tso ɣeyiɣi si me wògblɔ nya mawo, metsɔ le eme nusi wòawɔ le eƒe agbe me ŋkeke mamleawo me oa? Anukwareɖila geɖe aɖo ŋu be ẽ. Mawusubɔsubɔ ƒe trakt aɖewo gblɔ be nàŋlɔ ŋkeke si dzi nekpɔ “ɖeɖe” la da ɖi be nàte ŋu aɖo ŋku edzi.

Osɔfo aɖe ŋlɔe be le “ɣeyiɣi si me woɖe Kristo dzixɔxɔse fia le gota gome ko la . . . woɖo kpe ame ƒe etsɔme dzi keŋkeŋ.” Ebe Biblia gblɔ be ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖe “xɔsedɔ” si wowɔ zi ɖeka ɣeaɖeɣi kpɔ la dzi “ke menye xɔse ɖeɖefia ɣesiaɣi dzi o.” Subɔsubɔŋutinuŋlɔla bubu be: “Esia nye dɔ si nu wowu. Eva me na wò xoxo . . . Wò ‘aʋawɔwɔ la ke.’ ‘Woɖe’ wò ‘nuvɔ̃ ɖa.’” Amesiwo xɔ esia dzi se vevie be enye nyateƒe gɔ̃ hã ate ŋu akpɔ vodada aɖe le afisia. Edze ƒã be amesiwo wogblɔ na be wokpɔ “ɖeɖe” la menɔa agbe ɖe alesi Biblia gblɔ be woanɔ agbee nu o. Numeɖeɖe si bɔ enye be ɖewohĩ “womexɔ” Kristo ŋutɔŋutɔ o.

Ke nukae Kristo “xɔxɔ” fia? Ðe wònye xɔsedɔ si woawɔ zi ɖeka ɣeaɖeɣi koa, alo nenemae wòle be woanɔ agbee ɖaa? Ðe wòhĩa be míaƒe xɔse nasẽ ŋu alesi dze be wòaʋã mí hena eŋudɔwɔwɔa? Ðe míate ŋu axɔ Yesu ƒe tafevɔsa ƒe viɖewo vavã, eyomedzedze ƒe agbanɔamedzia matsɔmatsɔa?

Ame geɖe le yayrawo dim gake menye toɖoɖo Yesu kpakple eyomedzedze ƒe agbanɔamedzia o. Le nyateƒe me la, nya “toɖoɖo” ɖea fu na wo zi geɖe. Gake Yesu gblɔ be: “[va dze] yonyeme.” (Luka 18:18-23) Eye Biblia gblɔ be: “Amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o, . . . akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la.”—Tesalonikatɔwo II, 1:8, 9; Mateo 10:38; 16:24.

Biblia gblɔ nya geɖe si na biabia vevi aɖewo fɔ ɖe te le nusi wofia le ɖeɖekpɔkpɔ ŋu la ŋuti. Ne àdi be yeaku nu me anya nusi Biblia gblɔ le nyati sia ŋu la, ke axa siwo gbɔna la xexlẽ avivi nuwò. Ʋu wò Biblia nàxlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la ne nàkpɔ nya si Yesu kple eƒe apostolowo gblɔ le nya vevi sia ŋu ɖa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe