INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/11 axa 5-6
  • Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 3/11 axa 5-6

Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ

Hati Yehowa Ƒe Ðasefo Lɔlɔ̃awo:

Ɣeyiɣi wɔdɔɖeamedzi ka mee nye esi míele! Eye aleke gbegbe míele dzidzɔ kpɔm ye nye esi! Dzi le mía dzɔm ŋutɔ be míele dɔ wɔm kple mi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃awo asi le asi me​—ɛ̃, míetsɔ “nusɔsɔ”​—le ɖaseɖiɖidɔ gãtɔ kekeake si womewɔ kpɔ o la wɔm le gbeƒã ɖem tso Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la ŋu.​—Zef. 3:⁠9; Yoh. 14:⁠12.

Esi míele dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me la, esia mefia be míedoa go kuxi sesẽwo o. Le subɔsubɔƒe si va yi me la, anyigbaʋuʋuwo, tsiɖɔɖɔwo, ahom sesẽwo, kple dzɔdzɔmefɔku bubuwo na mia dometɔ aɖewo kpe fu vevie. (Mat. 24:⁠7) Dɔléle sesẽwo kpakple tsitsi ƒe nugbegblẽ le ame ŋu ɖea fu na nɔvi geɖe gbe sia gbe. Ehiã be mí katã míado dzi le ‘fuɖuamea’ ƒe vevesese si le dzidzim ɖe edzi la me. (Mat. 24:⁠8) Wolé mía nɔviwo de gaxɔ me le woƒe xɔse ta le dukɔ geɖewo me, wo dometɔ aɖewoe nye Armenia, Eritrea, kple South Korea.​—Mat. 24:⁠9.

Nu kae kpe ɖe mía ŋu míekpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm togbɔ be míele kuxi siawo me tom hã? Ƒe 2010 ƒe mawunyakpukpuia na míaƒe susu nɔ nu vevi ɖeka aɖe si gbɔ wòtso la dzi, esi wògblɔ be: ‘Lɔlɔ̃ doa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.’ (1 Kor. 13:​7, 8) Ɛ̃, lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔewo​—kpakple míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa siaa​—doa ŋusẽ mí míedoa dzi.

Ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la ƒe nu kuna ne wokpɔ ale si míewɔa míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kple kutrikuku madzudzɔmadzudzɔe. Togbɔ be womalɔ̃ ɖe míaƒe dzixɔsewo kple míaƒe nufiafiawo dzi o hã la, esia ʋã wo dometɔ aɖewo wogblɔ be, “Miawoe le dɔ si wòle na mí be míawɔ la wɔm!” Nu vevi ɖeka kae kpena ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu woyi edzi le gbeƒã ɖem tso ŋkeke yi ŋkeke? Lɔlɔ̃ la kee. Abe mía Fofo si le dziƒo la ke ene la, míedina be ame aɖeke natsrɔ̃ o. (2 Pet. 3:⁠9) Míaƒe didi be amewo katã naɖo dzimetɔtrɔ gbɔ la dze le gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 7,508,050, si míekpɔ le subɔsubɔƒe si va yi me la me. Ðe subɔsubɔha bubu aɖe gali si me tɔwo wɔa lɔlɔ̃dɔ sia hetsɔa wo ɖokuiwo nana faa eye wodina vevie be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu le gbɔgbɔ mea?

Edea dzi ƒo na mí ŋutɔ ne míekpɔe be nyagblɔɖi si Yesaya ŋlɔ ɖi be, ‘Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu’ la yi edzi le eme vam. ( Yes. 2:​2-⁠4) Ameha gbogbo siwo le zi nyem le Yehowa ƒe aƒea me vam la dometɔ aɖewoe nye ame 294,368 siwo xɔ nyɔnyrɔ le subɔsubɔƒe si va yi me va wɔ ɖeka kple míaƒe ƒomea la. Míele wòezɔ dom na mía nɔvi vevi siawo. Mina Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃a naʋã mí míayi edzi akpe ɖe wo ŋu be woatsi tsitre ɖe míaƒe futɔ Satana Abosam ŋu.​—1 Pet. 5:​8, 9.

Ame 18,706,895 siwo nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake siwo de Ŋkuɖodzia le Braɖa, March 30, 2010, dzi, la ɖee fia be ame miliɔn geɖe bubuwo le mɔ dzi gbɔna ava kpe ɖe mía ŋu le tadedeagu na Yehowa me. Aleke gbegbe wòle be míakpɔ dzidzɔe nye esi be Yehowa mehe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia va nuwuwui haɖe o! Gake fifia la, míaƒe lɔlɔ̃ le kpekpem ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ dzi dom.​—2 Tes. 3:⁠5.

“Nɔ Yehowa Ŋu Kplikplikpli!” Nutome Gã Takpekpe, siwo dometɔ akpa gãtɔ wowɔ le xexea me godoo le ƒe 2010 me la na ƒomedodo si le mía kple Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, dome gasẽ ɖe edzi wu tsã. Aleke gbegbe hakpalaa ƒe nya siawo nye nyateƒee nye esi be: “Woayra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!” (Ps. 144:​15) Nu ka kee adzɔ le etsɔme o, míeka ɖe edzi be, ne Yehowa le míaƒe akpa dzi la, mele be míavɔ̃ naneke o. (Ps. 23:⁠4) Eteƒe madidi o, Yehowa ato Via dzi ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.’ (1 Yoh. 3:⁠8) Vavãe, míele mɔ kpɔm na ŋkeke ma vevie! Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, dɔ geɖe le mía si míawɔ, siwo ŋu wòle be míatsɔ susu aɖo.—1 Kor. 15:⁠58.

Kakaɖedzi nenɔ mia si be míeyɔa mia ŋkɔ “madzudzɔmadzudzɔe” le míaƒe gbedodoɖawo me ɣesiaɣi. (Rom. 1:⁠9) Neva eme be “[miadzra] mia ɖokui ɖo ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, esime miele mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ hena agbe mavɔ la lalam.”​—Yuda 21.

Míelɔ̃ mi katã!

Mia nɔviwo,

Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe