-
Dzixɔsea Ge Ðe Yuda-Subɔsubɔ, Kristodukɔa, Kple Islam MeNukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
-
-
19. Ɣekaɣie woɖo Islam, eye amekae ɖoe?
19 Islam ƒe gɔmedzedzee nye esime woyɔ Muḥammad be wòava zu nyagblɔɖila esime wòxɔ anɔ ƒe 40. Moslemtɔ geɖe xɔe se be exɔ ɖeɖefiawo anɔ ƒe 20 vaseɖe ƒe 23, tso ƒe 610 M.Ŋ. me lɔƒo vaseɖe esime wòku le ƒe 632 M.Ŋ. me. Woŋlɔ ɖeɖefia siawo ɖe Koran si nye Moslemtɔwo ƒe agbalẽ kɔkɔe la me. Kaka Islam nado la, Plato ƒe nufiafia le luʋɔ ŋu ge ɖe Yuda-subɔsubɔ kple Kristodukɔa me.
20, 21. Nuka dzie Moslemtɔwo xɔ se le Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋu?
20 Moslemtɔwo xɔe se be yewoƒe xɔse lae nye ɖeɖefia siwo woɖe fia blema Hebritɔ kple Kristotɔ nuteƒewɔlawo la ƒe taƒoƒo. Koran la yɔa nya tso Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔawo siaa me. Gake Koran me nyawo to vovo na ŋɔŋlɔ siawo le luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la gome. Koran la fia nu be luʋɔ le amegbetɔ si si yia edzi nɔa agbe le ku megbe. Eƒo nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi, ʋɔnudrɔ̃gbe, kple nu mamlɛtɔ si adzɔ ɖe luʋɔ dzi hã ŋu—si nye agbenɔnɔ le dziƒo paradisobɔ me loo alo tohehename le dzomavɔ me.
21 Moslemtɔwo xɔe se be ame kuku ƒe luʋɔ yia Barzakh, alo “Domedomenɔƒe,” “teƒe alo nɔnɔme si me amewo anɔ le ku megbe kple do ŋgɔ na Ʋɔnudɔdrɔ̃.” (Surah 23:99, 100, The Holy Qur-an, etenuŋɔŋlɔ) Luʋɔ la le agbe, eye le afima la, etoa nusi woyɔna be “Yɔdo me Tohehe” la me ne ame vɔ̃ɖie amea nye alo eyia dzidzɔkpɔkpɔ me ne enye nuteƒewɔla. Gake ele be nuteƒewɔlawo hã nato funyafunya aɖe me ɖe nuvɔ̃ ʋee siwo wowɔ le woƒe agbenɔɣi ta. Le ʋɔnudrɔ̃gbea la, amesiame dzea ŋgɔ nɔnɔme si me wòava nɔ ɖaa, si nye domedomenɔƒea nɔnɔ ƒe nuwuwu.
22. Nufiafia siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu kawoe Arabtɔ xexemenunyala aɖewo fia?
22 Luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la ge ɖe Kristodukɔa kple Yuda-subɔsubɔ me le Plato ƒe nufiafia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ta, gake dzixɔsea nɔ Islam me xoxo tso eƒe gɔmedzedze. Esia mefia be Arabtɔ agbalẽnyalawo medze agbagba be yewoatsɔ Islam-nufiafiawo awɔ ɖeka kple Helatɔwo ƒe xexemenunyafiafia o. Le nyateƒe me la, Aristotle ƒe agbalẽwo kpɔ ŋusẽ ɖe Arabtɔwo dzi ale gbegbe. Eye Arabtɔ agbalẽnyala xɔŋkɔwo abe Avicenna kple Averroës ene ɖe Aristotle ƒe nukpɔsusu me tsitotsito. Esi wonɔ agbagba dzem be woatsɔ Helatɔwo ƒe nukpɔsusu awɔ ɖeka kple Moslemtɔwo ƒe nufiafia le luʋɔ ŋu la, woto nufiafia siwo to vovo na wo nɔewo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, Avicenna gblɔ be ame ƒe luʋɔ mekuna o. Averroës hã ʋli nya tsɔ tsi tre ɖe nukpɔsusu ma ŋu. Togbɔ be woto nukpɔsusu siawo vɛ hã la, luʋɔ makumaku kpɔtɔ nye Moslemtɔwo ƒe dzixɔse.
23. Akpa kae Yuda-subɔsubɔ, Kristodukɔa, kple Islam wole na luʋɔ makumaku ƒe nya la?
23 Eyata edze ƒã be wofiaa luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la le Yuda-subɔsubɔ, Kristodukɔa, kple Islam katã me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Enye Plato ƒe xexemenunyafiafia ƒomevi yeye aɖe si Plotinus to vɛ le ƒe alafa etɔ̃lia me le Roma la dzixɔsela.
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Alexander Gãtɔ ƒe aʋadziɖuɖu na wotsɔ Helatɔwo ƒe dekɔnuwo tsaka Yudatɔwo tɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Origen, etame, kple Augustine di be yewoade Plato ƒe xexemenunyafiafia Kristotɔnyenye me
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Avicenna, si le etame, gblɔ be amegbetɔ ƒe luʋɔ mekuna o. Averroës ʋli nya tsi tre ɖe nukpɔsusu ma ŋu
-
-
Afisi Míakpɔ Ŋuɖoɖoawo LeNukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
-
-
Afisi Míakpɔ Ŋuɖoɖoawo Le
“Fukpekpe mavɔ ƒe nufiafia la mesɔ ɖe dzixɔse si nye be Mawu lɔ̃ eƒe nuwɔwɔwo la nu o. . . . Be woaxɔe ase be wohea to na luʋɔ ɖe vodada siwo wòwɔ ƒe ʋee aɖewo ta, esi womena mɔnukpɔkpɔe be wòawɔ ɖɔɖɔɖo o la tsi tre ɖe nuŋububu nyui ɖesiaɖe ŋu.”—NIKHILANANDA, HINDUTƆ XEXEMENUNYALA.
1, 2. Esi Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋuti dzixɔse vovovowoe li ta la, biabia kawoe fɔ ɖe te?
FUNYAFUNYA mavɔ ƒe nufiafia la ɖea fu na ame geɖe egbea abe Hindutɔ xexemenunyala sia ke ene. Nenema ke nufiafia aɖewo abe Nirvana ɖoɖo kple ɖekawɔwɔ kple Tao ene hã gɔmesese sesẽ na ame bubuwoe.
2 Ke hã esi subɔsubɔha siwo le Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe dukɔwo me bui be luʋɔ mekuna o ta la, woto dzixɔse manyatalenu gbogbo aɖewo vɛ le Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋu. Ðe míate ŋu anya nyateƒea le nusi dzɔna ɖe mía dzi ne míeku ŋua? Ðe wònye nyateƒe be luʋɔ mekuna oa? Afikae míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖowo le?
Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Xexemenunya
3. Ðe dzɔdzɔmeŋutinunya alo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku ate ŋu ana biabia siwo ku ɖe agbenɔnɔ le ku megbe ŋu ƒe ŋuɖoɖowo mía?
3 Ðe dzɔdzɔmeŋutinunya alo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku ate ŋu ana biabia siwo ku ɖe Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋu ƒe ŋuɖoɖowo mía? Numekula aɖewo nɔ te ɖe nyitsɔ laa nudzɔdzɔ siwo me amewo yi ɖime alo ‘womeganɔ ame me o’ dzi te kpɔ be yewoaɖe nu me le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu. Esi Katolikotɔ mawunyaŋununyala Hans Küng dzro nya aɖewo siwo wogblɔ me le eƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Ðe Woate Ŋu Ato Ku me Ayi Kekeli Mea?” me la, eƒo nya ta be: “Nudzɔdzɔ siawo tɔgbe meɖo kpe naneke dzi le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu o: nusiwo dzɔna ɖe ame dzi le aɖabaƒoƒo atɔ̃ siwo do ŋgɔ na ame ƒe ku ŋue wòku ɖo ke menye agbe mavɔ nɔnɔ le ku megbe ŋue o.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Alesi wòate ŋu adzɔe be woanɔ agbe le ku megbe la nye nya si le vevie le agbe me hafi woava ku. Ebia ŋuɖoɖo si wòle be woadi le teƒe bubu ne atikenyalawo mate ŋu anae o.”
4. Ðe xexemenunya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖowo le nya geɖe siwo subɔsubɔha vovovowo gblɔ le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu la mea?
4 Ke xexemenunyafiafia ya ɖe? Ðe wòate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nusiwo nye ŋuɖoɖoawo le nya geɖe siwo subɔsubɔha vovovowo gblɔ le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu la mea? Ƒe alafa 20 lia me Britaintɔ xexemenunyafiala Bertrand Russell gblɔ be “nuŋususukpɔ” nɔa xexemenunya me numekuku me. The World Book Encyclopedia gblɔ le xexemenunya ŋu be enye “nugɔmedidi ƒomevi aɖe—numedzromɔnu, nyadadakpɔ, numeɖeɖe, kple nuŋususukpɔ.” Xexemenunyalawo susu nuwo kpɔ le Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋu hegblɔ nya vovovo siwo ƒe ɖee nye be nudzroame dzro koe makumakunyenye nye kple be ɖe wotsɔe dzi amegbetɔ ɖesiaɖee.
-