-
Afisi Míakpɔ Ŋuɖoɖoawo LeNukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
-
-
5. Agbalẽ kae nye xoxotɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ?
5 Gake agbalẽ aɖe li si me agbenɔnɔ kple ku ŋuti biabia veviwo ƒe ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe le. Enye agbalẽ xoxotɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ, eye woŋlɔ eƒe akpa aɖewo ƒe 3,500 enye si va yi. Woŋlɔ agbalẽ sia ƒe akpa gbãtɔ ƒe alafa ʋee aɖewo hafi wokpa Veda si nye Hindutɔwo ƒe ŋɔŋlɔwo la me ha gbãtɔwo kple ƒe siwo ade akpe ɖeka hafi wodzi Buddha, Mahāvīra, kple Konfusio. Wowu agbalẽ sia ŋɔŋlɔ nu le ƒe 98 M.Ŋ. me, si nye ƒe 500 kple edzivɔ hafi Muḥammad ɖo Islam gɔme anyi. Agbalẽ sia si me nunya deŋgɔ le lae nye Biblia.a
6. Nukata míate ŋu akpɔ mɔ be Biblia agblɔ nusi luʋɔ nye na mí?
6 Blemaŋutinya si de pɛpɛpɛ le Biblia me wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe si li. Ŋutinya si woŋlɔ ɖe Biblia me la ƒo nu tso amegbetɔƒomea ƒe gɔmedzedze ke ŋu eye wògblɔ alesi míewɔ va le anyigba dzi afisia. Egblɔ ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na amegbetɔ wɔwɔ la me nyawo gɔ̃ hã na mí. Vavãe, agbalẽ sia ate ŋu ana míanya alesi wowɔ amegbetɔ kple nusi luʋɔ nye.
7, 8. Nukata míate ŋu atsɔ kakaɖedzi atrɔ ɖe Biblia ŋu akpɔ ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe henaa dzidzeme le nusi dzɔna ne míeku ŋu?
7 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia nye agbalẽ si me nyagblɔɖi siwo va eme vodadamanɔmee le. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ Medo-Persia kple Hela fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ kple woƒe anyidzedze ɖi tsitotsito alesi dze. Nya siawo de pɛpɛpɛ ale gbegbe be ɖeklemiɖela aɖewo te kpɔ be yewoaɖo kpe edzi be ɖe nuawo dzɔ hafi woŋlɔ wo ɖi, gake wodo kpo nu. (Daniel 8:1-7, 20-22) Nyagblɔɖi aɖewo siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ƒe akpa ɖesiaɖe le eme vam le mía ŋutɔwo míaƒe ɣeyiɣia me.b—Mateo, ta 24; Marko, ta 13; Luka, ta 21; Timoteo II, 3:1-5, 13.
8 Amegbetɔ aɖeke mate ŋu agblɔ etsɔme nudzɔdzɔwo ɖi wòade pɛpɛpɛ alea o, eɖanye aleke gbegbe amea nya nui o. Xexeamewɔla si nye ŋusẽkatãtɔ nuwokatãnyala la koe ate ŋu awɔ nenema. (Timoteo II, 3:16, 17; Petro II, 1:20, 21) Agbalẽ si tso Mawu gbɔe Biblia nye vavã. Kakaɖedzitɔe la, agbalẽ sia ate ŋu ana ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe henaa dzidzeme la mí le nusi dzɔna ɖe mía dzi ne míeku ŋu. Gbã mina míakpɔ nya si wògblɔ le luʋɔ ŋu ɖa.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, si Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ta.
b Kpɔ The Bible—God’s Word or Man’s?, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.
[Captions on page 18]
Agbalẽ xoxotɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ
Agbalẽ si naa ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe henaa dzidzeme ame
-
-
Nusi Biblia Gblɔ be Luʋɔ NyeNukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
-
-
Nusi Biblia Gblɔ be Luʋɔ Nye
“Ame la zu luʋɔ gbagbe.”—MOSE I, 2:7.
1. Nuka mee wòle be míadzro ale be míanya nusi Biblia fia le luʋɔ ŋu?
ABE alesi míekpɔe ene la, luʋɔ ŋuti dzixɔsewo sɔ gbɔ eye wole vovovo. Amesiwo gblɔna be Biblia dzie yewotu yewoƒe dzixɔsewo ɖo gɔ̃ hã ƒe nukpɔsusuwo to vovo le nusi luʋɔ nye kple nusi dzɔna ɖe edzi ne míeku ŋu. Gake nuka tututue Biblia fia le luʋɔ ŋu? Be míanya la, ele be míadzro Hebri kple Hela gbe me nya siwo gɔme woɖe be “luʋɔ” le Biblia me la me.
“Luʋɔ” Fia Nuwɔwɔ Gbagbe
2, 3. (a) Nya ka gɔmee woɖe be “luʋɔ” le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, eye nuka tututue nya sia fia? (b) Aleke Mose I, 2:7 ɖo kpe edzii be nya “luʋɔ” ate ŋu afia ame blibo?
2 Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “luʋɔ” enye neʹphesh, eye edze zi 754 le Hebri Ŋɔŋlɔawo (si ame geɖe yɔna be Nubabla Xoxoa) me. Neʹphesh gɔme ɖe? The Dictionary of Bible and Religion gblɔ be “zi geɖe la, efiaa ame blibo si le agbe, si nye ameti bliboa.”
3 Le kpɔɖeŋu me, Mose I, 2:7 gblɔ be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” Ele be nàde dzesii be luʋɔ menɔ Adam si o; luʋɔe wònye—abe alesi amesi va zu ɖɔkta nye ɖɔkta ene. Eyata nya si nye “luʋɔ” ate ŋu afia ame bliboa.
4, 5. (a) Gblɔ kpɔɖeŋu siwo fia be nya “luʋɔ” fia ame blibo. (b) Aleke The Dictionary of Bible and Religion ɖo kpe gɔmesese si nye be luʋɔe ame nye dzii?
4 Woɖo kpe gɔmesese sia dzi le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa geɖe, afisi míekpɔ nyagbɔgblɔwo le siwo ƒe ɖewoe nye “ne luʋɔ aɖe wɔ nuvɔ̃” (Mose III, 5:1, NWa), “ne luʋɔ aɖe wɔ dɔ aɖe le ŋkeke sia dzi” (Mose III, 23:30, NW), “ne wolé ame aɖe si fi . . . luʋɔ” (Mose V, 24:7, NW), “eva glo eƒe luʋɔ” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:16, NW), “ɣekaɣi mianɔ nuxaxa dom na nye luʋɔ . . . ase ɖo?” (Hiob 19:2), kple “nye luʋɔ fa aɖatsi le nuxaxa ta.”—Psalmo 119:28.
5 Naneke medze le nya siawo me si míate ŋu akpɔ wòafia be luʋɔa nye vɔvɔli ƒe neneme aɖe si yia edzi nɔa agbe le ame ƒe ku megbe o. The Dictionary of Bible and Religion gblɔ be: “Ne wogblɔe ɖe míaƒe gɔmesese nu be míaƒe ame vevi aɖe ƒe ‘luʋɔ’ dzo yi Aƒetɔ la gbɔ alo ne woƒo nu tso ‘luʋɔ makumaku’ ŋu la, amesiwo nɔ anyi le Nubabla Xoxoa ŋlɔɣi la mase egɔme o.”
6, 7. Nya ka gɔmee woɖe be “luʋɔ” le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me, eye nuka tututue nya sia fia?
6 Nya si gɔme woɖe be “luʋɔ” wòwu zi alafa ɖeka le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo (si ame geɖe yɔna be Nubabla Yeyea) me enye psy·kheʹ. Zi geɖe la, nya sia fiaa ame blibo abe neʹphesh ke ene. Le kpɔɖeŋu me, bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ: “Nye luʋɔ ʋuʋu kpẽkpẽkpẽ.” (Yohanes 12:27) “Vɔvɔ̃ ɖo luʋɔ ɖesiaɖe.” (Dɔwɔwɔwo 2:43, NW) “[Luʋɔ ɖesiaɖe, NW] nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na.” (Romatɔwo 13:1) “Mifa akɔ na luʋɔ siwo lé blanui.” (Tesalonikatɔwo I, 5:14, NW) “Woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi [tso] tsi me.”—Petro I, 3:20.
7 Edze ƒã be psy·kheʹ fia ame blibo, abe neʹphesh ke ene. Agbalẽnyala Nigel Turner gblɔ be nya sia “fia nusi míenya be enye amegbetɔ, amea ŋutɔ, si nye ŋutilã si me wogbɔ Mawu ƒe rûaḥ [gbɔgbɔ] dee. . . . Ame bliboa dzie wohe susu yii.”
8. Luʋɔwoe lãwo nyea? Ðe eme.
8 Le Biblia me la, menye amegbetɔwo koe wozãa nya “luʋɔ” na o ke wozãnɛ na lãwo hã. Le kpɔɖeŋu me, esime wonɔ nu ƒom tso nuwɔwɔ siwo le ƒu me ŋu la, Mose I, 1:20 gblɔ be Mawu de se be: “[Luʋɔ, NW] gbagbewo neƒu tsi le tsia me.” Eye le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke si kplɔe ɖo me la, Mawu gblɔ be: “[Luʋɔ, NW] gbagbewo nedo tso anyigba me hamehame, aƒemelãwo kple nutatawo kple gbemelãwo hamehame!” (Mose I, 1:24; tsɔe sɔ kple Mose IV, 31:28.) Eyata “luʋɔ” ate ŋu afia nu gbagbe, eɖanye amegbetɔ alo lã o.
-