Ðe Luʋɔ Mekuna Oa?
▸ Subɔsubɔha akpa gãtɔ fiaa nu be nane le ame me—si nye luʋɔ, gbɔgbɔ, alo ŋɔli—si mekuna o eye wòyia edzi nɔa agbe le ku megbe. Nyateƒeea?
▸ Aleke luʋɔ makumaku nufiafia la dze egɔmee?
▸ Aleke nufiafia sia wɔ va zu míaƒe ɣeyiɣia me subɔsubɔha akpa gãtɔ ƒe nufiafia vevitɔ?
▸ Nuka tututue luʋɔ nye?
▸ Nukata míekuna?
▸ Nukae dzɔna ɖe luʋɔ dzi le ku me?
▸ Mɔkpɔkpɔ kae li na ame kukuwo—kple ame gbagbewo?
▸ Ðe wò dzixɔse le luʋɔ ŋu le vevie ŋutɔŋutɔa?
Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe eye wonaa dzidzeme ame la le agbalẽ xoxotɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ la me. Míekpe wò be nàdzro wo me le agbalẽ gbadza sia me.