-
Tanya/EtalawoAme Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
-
-
Womele agbalẽ sia dzram o. Enye xexea me katã ƒe Biblia-fiafiadɔ si wotsɔa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo doa alɔe la ƒe akpa aɖe.
Ne èdi be yeadzɔ nu la, míeɖe kuku, ʋu www.pr2711.com alo nàyi Fiaɖuƒe Akpata si tsɔ gbɔwò me.
Mawunyakpukpui siwo míeyɔ le agbalẽ sia me la tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la me, negbe ɖe míefia asi bubu aɖe.
November 2015 Ƒe Tata
Ewe (sp-EW)
© 1991, 2005
Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
-
-
EmenyawoAme Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
-
-
Emenyawo
-
-
ŊgɔdonyaAme Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
-
-
Ŋgɔdonya
Dauda si tso Sierra Leone gblɔ be: “Kɔƒe sue aɖe si le anyiehenutoa mee menɔ tsi. Ɣeaɖeɣi, esime menye ɖevi la, míaƒe ƒomea kple ƒome bubu aɖe nɔ anyigba aɖe ʋlim. Wo ame evea siaa gblɔ be yewo tɔe anyigba la nye. Be woakpɔ nya la gbɔ la, woyɔ bokɔ aɖe vɛ. Etsɔ ahũhɔ̃e na ŋutsu bubu aɖe, eye emegbe wòtsyɔ avɔ ɣi na amea. Eteƒe medidi hafi amesi le avɔa te la dze ƒoƒo gɔme eye fifia ƒo ɖe eŋu o. Esi wònɔ ahũhɔ̃ea me kpɔm la, edo ɣli gblɔ bena: ‘Mekpɔ amegã ɖeɖi aɖe wòzɔ gbɔna! Edo awu ʋlaya ɣi. Ekɔkɔ henye ame tsitsi ƒowɔ, eye wòbi ɖe ŋgɔ vie le eƒe azɔlizɔzɔ me.’
“Tɔgbuinye ɖɔm wòle! Azɔ eva nɔ trɔ̃ ƒom eye wòdo ɣli bena: ‘Ne miexɔ nya si gblɔm mele dzi se o la, mia ŋutɔwo miva kpɔe ɖa!’ Dzi menɔ mía dometɔ aɖeke ƒo be wòawɔ nu ma o! Bokɔ la hlẽ dzatsi si nye aŋgba siwo dzi wòkɔ tsi ɖo le tre me wòlé ɖe asi la ɖe eŋu hena wòdze akɔ anyi.
“‘Tɔgbui’ ƒo nu to ahũhɔ̃etɔa dzi gblɔ be míaƒe ƒomea tɔe anyigba la nye. Egblɔ na mamanye be nede agble ɖe anyigba la dzi vɔvɔ̃manɔmee. Ƒome kemɛa lɔ̃ ɖe nyametsotsoa dzi. Nya la tɔ ɖe afima.”
Nudzɔdzɔ mawo tɔgbe bɔ ɖe Ɣetoɖoƒe Afrika. Le afisia, abe alesi wòle le xexeame ƒe akpa bubuwo ene la, ame miliɔn geɖe xɔe se be ame kukuwo yina gbɔgbɔmexexe me, afisi wote ŋu léa ŋku ɖe amesiwo le anyigba dzi ƒe agbe ŋu le hekpɔa ŋusẽ ɖe edzi. Ðe dzixɔse sia nye nyateƒea? Ðe ame kukuwo le agbe nyateƒea? Ne womele agbe o ɖe, ke amekawoe gblɔna be yewonye ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo? Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe la nyanya le vevie ŋutɔ. Agbe kple ku ƒe nyae wònye.
-
-
Gbɔgbɔwo Menɔ Anyigba Dzi Kpɔ Heku OAme Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
-
-
Gbɔgbɔwo Menɔ Anyigba dzi Kpɔ Heku O
Gbɔgbɔwo li! Gbɔgbɔ nyuiwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo siaa le gbɔgbɔmenuto siwo ŋku mekpɔna o la me. Amesiwo nɔ agbe le anyigba dzi hekue wonyea?
Ao, menye woawoe o. Ne ame ku la, meyia gbɔgbɔmexexe me, abe alesi ame geɖe bunɛ ene o. Aleke míewɔ nya esia? Elabena Biblia ye gblɔe nenema. Biblia nye nyateƒegbalẽ si tso Mawu vavã ɖeka kolia, si ŋkɔe nye Yehowa, gbɔ. Yehowae wɔ amegbetɔwo; enya nusi dzɔna ɖe wo dzi ne woku la nyuie.—Psalmo 83:19Shftd; Timoteo II, 3:16.
Anyi mee Adam tso, eye wògatrɔ yi anyi me
Biblia gblɔ be Mawu “tsɔ anyi” mè ame gbãtɔ Adam. (Mose I, 2:7) Mawu tsɔ eyama da ɖe Paradiso me le Eden-bɔ me. Ne ɖe Adam wɔ ɖe Yehowa ƒe se dzi la, anye ne meku o; agakpɔtɔ anɔ agbe le anyigba dzi egbea. Gake esi Adam ɖo koŋ da le Mawu ƒe se dzi la, Mawu gblɔ nɛ bena: “[Àgatrɔ] azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!”—Mose I, 3:19.
Nya sia gɔme ɖe? Afikae Adam nɔ hafi Yehowa tsɔ anyi mèe? Menɔ afi aɖeke o. Menye gbɔgbɔ si womedzi haɖe o le dziƒo o. Menɔ anyi o. Eyata esime Yehowa gblɔ na Adam be ‘agatrɔ azu anyi’ la, nusi gblɔm wòle ye nye be Adam aku. Medzo yi gbɔgbɔmenuto me o. Esi Adam ku la, meganɔ agbe o, eye meganɔ anyi o, abe tsã ene. Kue nye agbemanɔmanɔ.
-