INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Gbɔgbɔmenuwɔwɔ Miliɔn Geɖewo
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
    • Gbɔgbɔmenuwɔwɔ Miliɔn Geɖewo

      Biblia gblɔ na mí be gbɔgbɔmemewo li fũ. Gbɔgbɔe Yehowa ŋutɔ nye.—Yohanes 4:24; Korintotɔwo II, 3:17, 18.

      Ɣeaɖeɣi la, Yehowa ɖekae nɔ xexeame katã. Emegbe edze gbɔgbɔmeme siwo woyɔna be mawudɔlawo wɔwɔ gɔme. Wosesẽ henya nu wu amegbetɔwo. Yehowa wɔ mawudɔla geɖewo; Mawusubɔla Daniel kpɔ mawudɔla miliɔn alafa ɖeka le ŋutega me.—Daniel 7:10; Hebritɔwo 1:7.

      Mawu wɔ mawudɔla siawo hafi wɔ anyigba la kura gɔ̃ hã. (Hiob 38:4-7) Wo dometɔ aɖeke menye amesiwo nɔ anyigba dzi kpɔ heku o.

      Gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le Yehowa ƒe fiazikpui ŋg

      Yehowa, Gbɔgbɔ gãtɔ la, wɔ gbɔgbɔmeme miliɔn geɖewo

  • Aglãdzedze Le Dziƒonutowo Me
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
    • Aglãdzedze Le Dziƒonutowo Me

      Satana to da aɖe dzi le nu ƒom na Xaw

      Esi Satana to da dzi ƒo nu kple Xawa la, Xawa va wɔ ɖeka kplii le aglã si wòdze ɖe Mawu ŋu me

      Gbɔgbɔmeme siwo katã Yehowa wɔ la nye ame nyuiwo. Emegbe mawudɔla ɖeka trɔ zu ame baɖa. Eyae nye Satana Abosam. Satana di be amesiwo le anyigba dzi nade ta agu na ye ɖe Yehowa teƒe. Nusi dzɔe nye si:

      Ati geɖe siwo tsea ku viviwo nɔ Eden-bɔa me. Yehowa gblɔ na Adam kple srɔ̃a Xawa be woate ŋu aɖu wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe tsetse faa. Gake Mawu gblɔ be womegaɖu ati ɖeka aɖe ya ƒe tsetse o. Egblɔ be ne woɖu eƒe tsetse la, ku ke woaku.​—Mose I, 2:​9, 16, 17.

      Gbeɖeka esi Xawa ɖeɖe li la, da aɖe va ƒo nu kplii. Gake menye da la ŋutɔŋutɔe ƒo nu o; Satana Abosam ye na wòdze abe da lae nɔ nu ƒom ene. Satana gblɔ na Xawa be ne eɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la, anya nu abe Mawu ene. Egblɔ hã be maku o. Aʋatsoe nyagbɔgblɔ eve siawo siaa nye. Gake Xawa xɔ Satana dzi se eye wòɖu atikutsetsea. Emegbe la, etsɔ ɖe na Adam, eye eya hã ɖui.​—Mose I, 3:​1-6.

      Míekpɔe le ŋutinya sia si nye nyateƒe la me be aglãdzela kple aʋatsokalae Satana nye. Egblɔ na Xawa be ne meɖo to Mawu o la, maku o. Nya ma nye aʋatso. Eku eye Adam hã ku. Satana meku ɣemaɣi o, gake ava ku mlɔeba elabena ewɔ nuvɔ̃. Ke fifia la, ele agbe eye wòyi edzi le ameƒomea blem. Ekpɔtɔ nye alakpatɔ, eye wòdzea agbagba be yeana amewo nada le Mawu ƒe sewo dzi.​—Yohanes 8:44.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe