Anyigba la Azu Paradiso
Yehowa aɖɔ nusianu si Satana gblẽ la ɖo bliboe. Yehowa ɖo Yesu Fiae ɖe anyigba katã dzi. Le eƒe dziɖuɖu te la, woawɔ anyigba la paradisoe.—Daniel 7:13, 14; Luka 23:43.
Yehowa do nusiawo ŋugbe:
NUÐUÐU ABƆ: “Anyigba [amie] eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.” “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 67:7; 72:16.
AƲAWƆWƆ MAGANƆ ANYI O: “Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, [alesi wòwɔ nukunuwo le anyigba dzi], amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.”—Psalmo 46:8, 9.
AME VƆ̃ÐIWO MAGANƆ ANYI O: “Elabena woatsrɔ̃ ame vlowo . . . Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o.”—Psalmo 37:9, 10.
DƆLÉLE, KONYIFAFA, ALO KU MAGANƆ ANYI O: “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu; eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.”—Yesaya 35:5, 6.
“Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Yehowa to vovo tso Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ, mekaa aʋatso o. Nusianu si ŋugbe wòdo la ava eme godoo. (Luka 1:36, 37) Yehowa lɔ̃ wò eye wòdi be nanɔ Paradiso si yeawɔ la me. Eyata te ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu be nasrɔ̃ nu geɖe tso nyateƒe wɔnuku siwo le Mawu ƒe Nya me la ŋuti. Ne èwɔ nyateƒea ŋudɔ le wò agbe me la, àvo tso aʋatso, alakpadzixɔse kple numanyamanya ƒe kluvinyenye me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woaɖe wò tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye kura gɔ̃ hã me. Abe alesi Yesu gblɔ ene la: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.”—Yohanes 8:32.