INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gf nusɔsrɔ̃ 7 axa 12-13
  • Nu Si Dzɔ Va Yi Nye Nuxlɔ̃ame Na Mí

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Dzɔ Va Yi Nye Nuxlɔ̃ame Na Mí
  • Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsiɖɔɖɔ Gã La—Ame Kawoe Ðo To? Ame Kawoe Meɖo To O?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Noa Ƒe Aɖakaʋu La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Wokpɔ Eya Kple “Ame Adre Bubuwo” Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Tsi Tsrɔ̃ Xexeame—Ðe Wòagadzɔ Akea?
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
Kpɔ Bubuwo
Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
gf nusɔsrɔ̃ 7 axa 12-13

NUSƆSRƆ̃ 7

Nusi Dzɔ Va Yi Nye Nuxlɔ̃ame Na Mí

Yehowa maɖe mɔ be ame vlowo nagblẽ Paradisoa o. Exɔlɔ̃wo koe anɔ afima. Nukae adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi? Be nànya ŋuɖoɖoa la, de ŋugble le Noa ƒe ŋutinya si dzɔ ŋutɔŋutɔ ŋu kpɔ. Ƒe akpe geɖewoe nye si va yi esi Noa nɔ anyi. Enye ame nyui si dze agbagba vevie ɣesiaɣi be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Gake ame bubu siwo nɔ anyigba dzi wɔa nu vlowo. Eyata Yehowa gblɔ na Noa be yegbɔna ame vɔ̃ɖi mawo katã tsrɔ̃ ge kple tsiɖɔɖɔ. Egblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋu ale be Tsiɖɔɖɔa nagatsrɔ̃ eya kple eƒe ƒomea o.—Mose I, 6:9-18.

Esi Noa kple eƒe ƒomea kplɔ lãwo yina aɖakaʋua me gɔ̃ hã la ame vɔ̃ɖiwo gbe toɖoɖo eƒe nuxlɔ̃ame

Noa kple eƒe ƒomea kpa aɖakaʋua. Noa xlɔ̃ nu amewo be Tsiɖɔɖɔ gbɔna, gake womeɖo toe o. Woyi nuvlowɔwɔa dzi. Esi Noa kpa aɖakaʋua wu enu la, ekplɔ lãwo yi emee, eye woa kple eƒe ƒomea hã yi eme. Emegbe Yehowa na tsi gã aɖe dza. Tsi dza ŋkeke 40 kple zã 40. Tsia ɖɔ xɔ anyigba bliboa katã dzi.—Mose I, 7:7-12.

Ame vɔ̃ɖiawo tsrɔ̃, gake wokpɔ Noa kple eƒe ƒomea ta. Yehowa kpɔ wo ta dedie le Tsiɖɔɖɔa me hekplɔ wo va anyigba si dzi nuvɔ̃ɖiwɔwɔ megale o. (Mose I, 7:22, 23) Biblia gblɔ be ɣeyiɣi aɖe gagbɔna esi Yehowa atsrɔ̃ amesiwo gbe nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Womatsrɔ̃ ame nyuiwo o. Woanɔ agbe tegbee le Paradisonyigbaa dzi.—Petro II, 2:5, 6, 9.

Ame geɖe wɔa nu vlowo egbea. Xaxa bɔ ɖe xexeame fũ. Yehowa dɔa eƒe Ðasefowo ɖa edziedzi be woaxlɔ̃ nu amewo, gake ame akpa gãtɔ gbe be yewomaɖo to Yehowa ƒe nya o. Womedi be yewoatrɔ yewoƒe agbenɔnɔ o. Womedi be yewoalɔ̃ ɖe nusi Mawu gblɔ tso nyui kple vɔ̃ ŋu dzi o. Nukae adzɔ ɖe amesiawo dzi? Woava trɔ gbaɖegbea? Ame geɖe matrɔ akpɔ gbeɖe o. Ɣeyiɣi gbɔna esime woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo eye womaganɔ anyi azɔ o.—Psalmo 92:8.

Womatsrɔ̃ anyigba o; woawɔe wòazu paradiso. Amesiwo va zu Mawu xɔlɔ̃wo anɔ agbe le Paradisonyigbaa dzi tegbee.—Psalmo 37:29.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe