-
Akpa 7—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ WɔwɔFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005 | March
-
-
Akpa 7—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
Gbedodoɖa le Nua Srɔ̃ɣi
1. (a) Nukatae wòsɔ be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple gbedodoɖa ahawu enu kple gbedodoɖa? (b) Aleke míawɔ adzra ɖo na gbedodoɖa le míaƒe nusɔsrɔ̃a wɔɣi?
1 Yehowa ƒe yayra hiã vevie be Biblia-nusrɔ̃viwo nate ŋu ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. (Kor. I, 3:6) Eyata esɔ be míado gbe ɖa le nusɔsrɔ̃ si míeɖo anyi la ƒe gɔmedzedze kple nuwuwu. Zi geɖe la, míate ŋu awɔ esia zi gbãtɔ si míasrɔ̃ nu kple amesiwo tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me vevie. Le ame bubuwo ya gome la, ɖewohĩ ahiã be míanya ɣeyiɣi si sɔ be míadze gbedodoɖa gɔme le nusɔsrɔ̃a me. Àte ŋu azã Psalmo 25:4, 5 kple Yohanes I, 5:14 atsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòase nusitae wòhiã be míado gbe ɖa gɔme eye àte ŋu azã Yohanes 15:16 atsɔ aɖe alesi wòle vevie be míado gbe ɖa na Yehowa to Yesu Kristo dzi la me nɛ.
2. Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ alo esi mexɔ nyɔnyrɔ o kplɔ nɔvinyɔnu aɖe yi Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔƒe la, amekae ado gbe ɖa?
2 Amekae ado gbe ɖa le Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔɣi? Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖe kplɔ nɔvinyɔnu aɖe yi nusɔsrɔ̃ wɔƒe la, ekema nɔviŋutsua ye ado gbe ɖa, togbɔ be nɔvinyɔnua ate ŋu abla ta akpɔ nusɔsrɔ̃a dzi hã. (Kor. I, 11:5, 10) Gake ne nɔviŋutsu si kplɔ nɔvinyɔnua ɖo mexɔ nyɔnyrɔ o la, nɔvinyɔnua ye ado gbe ɖa. Le go sia me la, ele be wòabla ta ne ele gbea dom ɖa kple ne ele nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm.
3. Nukawoe sɔ siwo ŋu míado gbe ɖa le le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔɣi?
3 Nya si Míate Ŋu Agblɔ le Gbedodoɖaa Me: Mehiã be gbe siwo míado ɖa le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me nadidi o, gake ele be woaku ɖe nanewo ŋu tẽ. Tsɔ kpe ɖe Mawu ƒe yayra biabia ɖe nusɔsrɔ̃a dzi kple akpedada ɖe nyateƒe siwo míesrɔ̃ ta ŋu la, esɔ be míakafu Yehowa be Eya gbɔe nufiamea tso. (Yes. 54:13) Míate ŋu agblɔ nya aɖewo siwo ɖe alesi míetsɔ ɖe le nusrɔ̃via me vavã kple alesi míekpɔ ŋudzedze ɖe habɔbɔ si zãm Yehowa le ŋu hã. (Tes. I, 1:2, 3; 2:7, 8) Míaƒe biabia be Yehowa nayra agbagba siwo dzem nusrɔ̃via le be wòatsɔ nusiwo srɔ̃m wòle ade dɔwɔwɔ me ate ŋu akpe ɖe eŋu wòakpɔe be ele vevie be yeanye ‘nyadziwɔla.’—Yak. 1:22.
4. Vi kawoe gbedodoɖa le Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze kple enu wuwu me ɖena?
4 Vi siwo gbedodoɖa ɖena la sɔ gbɔ. Enana Mawu ƒe yayra nɔa ame dzi. (Luka 11:13) Enana ame kpɔa Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ ƒe vevienyenye dzea sii. Ne nusrɔ̃via see míele gbe dom ɖa la, ekema ele alesi eya ŋutɔ hã ado gbe ɖae srɔ̃m. (Luka 6:40) Gawu la, gbedodoɖa siwo tso dzime, si me lɔlɔ̃ na Mawu kple akpe dada nɛ ɖe eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ta dze le, ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòatu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple Yehowa.
-
-
Nya si Míagblɔ le Magazineawo ŊuFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005 | March
-
-
Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Mar. 1
“Èsusu be xexeame anyo wu ne amesiame wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzia? [Xlẽ Romatɔwo 12:17, 18. Eyome na wòaɖo eŋu.] Nublanuitɔe la, masɔmasɔ ɖona amewo dome ɣeaɖewoɣi. Magazine sia fia alesi wɔwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi akpe ɖe mía ŋu míaɖɔ masɔmasɔwo ɖo bene ŋutifafa nanɔ mía kple amewo dome.”
Nyɔ! Mar. 8
“Ƒe sia ƒe la, dzɔdzɔmeŋusẽ si míazã na elɛktrik-dɔwɔnuwo ƒe hiahiã dzina ɖe edzi. Àte ŋu asusu nusi adzɔ ne eva eme gbeɖeka be dzɔdzɔmeŋusẽ si míehiã la vɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro ŋgɔyiyi siwo wowɔ le dzɔdzɔmeŋusẽ si nyo wu tsoƒewo ɖoɖo anyi me. Egblɔ afisi dzɔdzɔmeŋusẽwo katã dzɔ tso hã.” Xlẽ Yesaya 40:26.
Gbetakpɔxɔ Mar. 15
“Le xexeame godoo la, amewo kafua Yesu ƒe nufiafiawo. [Xlẽ kafukafunya si wogblɔ tso eŋu le axa 3 memama 1.] Gake èsusu be Yesu ƒe nufiafia mawo, abe eƒe kpɔɖeŋu si le ŋɔŋlɔawo me ene, wɔa dɔ egbea? [Xlẽ Mateo 5:21, 22a. Eye na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro nusiwo Yesu fia kple alesi woate ŋu aɖe vi na míi me.”
Nyɔ! Mar. 22
“Towo kpɔkpɔ dzɔa dzi na ame geɖe le alesi wonya kpɔnae ta, gake ènya be wole vevie be agbe nanya nɔ le anyigba dzia? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso nusita míehiã towo kple nusi le dzɔdzɔm ɖe wo dzi egbea ŋu. Egblɔ alesi Wɔlaa ava kpɔ nu vevi sia tae hã ŋu nya.” Xlẽ Psalmo 95:4.
-