INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Amewulawoe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Nye!
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
    • Amewulawoe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Nye!

      Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo nye ŋutasẽlawo tso gbaɖegbe ke eye wovɔ̃ɖi. Satana wu Hiob nuteƒewɔla la ƒe lãhawo kple dɔlawo. Emegbe ewu Hiob ƒe vi ewoawo esi wòna “ya ʋudu aɖe” tsrɔ̃ aƒe si me wonɔ la. Le ema megbe la, Satana kplɔ “ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒu Hiob tso eƒe afɔƒome vaseɖe eƒe dzodome.”​—Hiob 1:​7-19; 2:7.

      Le Yesu ŋɔli la, gbɔgbɔ vɔ̃wo na ame aɖewo zu aɖetututɔwo kple ŋkuagbãtɔwo. (Mateo 9:​32, 33; 12:​22) Wowɔ fu ŋutsu aɖe hena wòtsɔ kpe nɔ eɖokui sim. (Marko 5:5) Wona hã be ŋutsuvi aɖe do ɣli sesĩe, woƒoe ƒu anyi, eye ‘wonyamae ŋutɔ.’​—Luka 9:42.

      Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo na be ƒoƒui vɔ̃ɖi aɖe ƒo Hiob, eye wona ame aɖe le dablibɛ ƒom le anyigba

      Le ɣeyiɣi siwo va yi me la, gbɔgbɔ vɔ̃wo na ame aɖewo dze dɔ eye wona ame bubuwo ƒo dablibɛ le anyigba

      Egbea Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃awo gakpɔtɔ nye amewulawo. Le nyateƒe me la, woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔa dzi ɖe edzi tso esime wonyã wo le dziƒo. Nyatakaka siwo tso xexeame godoo ɖi ɖase le woƒe ŋutasesẽ ŋu. Wotsɔa dɔléle ƒua ame aɖewo. Woɖea fu na ame bubuwo le zã me hewɔnɛ be womedɔa alɔ̃ o alo wonana wokua drɔ̃e dziŋɔwo. Wowɔa gbɔdɔdɔ ƒe nu gbegblẽ ɖe ame bubuwo ŋu. Wonana ame bubuwo hã dzea aɖaʋa, wowua ame alo wua wo ɖokui.

      Gbɔgbɔ vɔ̃wo na ŋutsu aɖe le adã wɔm, eye wona ŋutsu aɖe le drɔ̃e baɖa kum le zã me tsɔ le fu ɖem nɛ

      Egbea gbɔgbɔ vɔ̃wo nana ame aɖewo wɔa adã; woɖea fu na ame bubuwo le zã me henana wokua drɔ̃e dziŋɔwo

      Lintina si le Suriname la gblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe wu ame 16 le yeƒe ƒomea me hewɔ fu ye le ŋutilã me kple susu me ƒe 18 sɔŋ. Egblɔ tso ye ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ me be “fu wɔwɔ amesiwo mele lɔlɔ̃m ɖe woƒe nuwɔwɔ dzi na wo o siwo dzi woƒe asi su vaseɖe esime woaku la dzɔa dzi na” gbɔgbɔ vɔ̃wo.

      Gake Yehowa te ŋu kpɔa eƒe subɔlawo ta tso Satana ƒe amedzidzedze me.​—Lododowo 18:10.

  • Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Gblɔna Alakpatɔe Be Ame Kukuwo Le Agbe
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
    • Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Gblɔna Alakpatɔe Be Ame Kukuwo Le Agbe

      Biblia gblɔ be Satana nye “xexeame katã blela.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo medi be míaxɔ Mawu ƒe Nya Biblia dzi ase o. Wodzea agbagba be yewoana amewo naxɔe ase be ame kukuwo le agbe le afi aɖe le gbɔgbɔmenutowo me. Mina míakpɔ alesi wowɔnɛ ɖa.

      Alakpasubɔsubɔ

      Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo, kple xewo

      Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo kple xeviwo—wo katã wonye luʋɔwo

      Subɔsubɔha geɖewo fiana amewo be luʋɔ le amegbetɔ ɖesiaɖe me si yia edzi nɔa agbe le gbɔgbɔmexexe me le ŋutilã la ƒe kuku megbe. Wogblɔna be ŋutilã la kuna gake luʋɔ ya mekuna o. Gawu la, wogblɔna be luʋɔ ya mate ŋu aku o, eye be enye nu makumaku.

      Gake Mawu ƒe Nya la mefia nu ma o. Biblia la ɖee fia be ame ye nye luʋɔ la, ke menye nane si le ame me o. Le kpɔɖeŋu me, esi Biblia le nu ƒom tso Adam wɔwɔ ŋu la, egblɔ be: “Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” (Mose I, 2:7) Eyata wometsɔ luʋɔ na Adam o; eyae nye luʋɔ la.

      Woyɔa lãwo hã be luʋɔwo.​—Mose I, 1:​20, 21, 24, 30.

      Esi wònye Biblia me nya “luʋɔ” fia ame la ŋutɔ ta la, mele be wòawɔ nuku na mí ne míese be luʋɔwo ate ŋu aku eye wokuna o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be:

      • “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.”​—Xezekiel 18:4.

      • “Eye Simson gblɔ be: ‘Nye luʋɔ neku kple Filistitɔwo.’”​—Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:​30, New World Translation.

      • “Ðe woɖe mɔ bena, woawɔ nu nyui alo woawɔ nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe luʋɔ alo woawui mahã?”​—Marko 3:4.

      Luʋɔ makumaku aɖeke medona le ame me ne eku o

      Biblia ɖee fia be menye nu makumakue luʋɔ la nye o

      Ŋɔŋlɔ bubuwo ɖee fia be woate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ (Mose I, 17:​14), woatsɔ yi awui (Yosua 10:​37), gbɔgbɔtsixe ate ŋu atsi eƒo (Hiob 7:​15), eye wòanyrɔ (Yona 2:6). Eyata luʋɔ la kuna.

      Ne èxlẽ Biblia la tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu la, màkpɔ nya si nye “luʋɔ makumaku” kpɔ gbeɖe o. Menye gbɔgbɔe amegbetɔ ƒe luʋɔ nye o. Luʋɔ makumaku ƒe nufiafia menye Biblia ƒe nufiafia o. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiae. Yehowa léa fu mawusubɔsubɔ me alakpanyawo katã.​—Lododowo 6:​16-19; Timoteo I, 4: 1, 2.

      Gbɔgbɔyɔlawo

      Esime Saul yi ɖe ŋɔliyɔla aɖe gbɔ le En-Dor, gbɔgbɔ aɖe wɔ eɖokui abe Samuel ene

      Gbɔgbɔ vɔ̃wo buana wɔa nu ŋutɔŋutɔ abe ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwoe ene

      Mɔ bubu si dzi Satana tona blea amewoe nye to gbɔgbɔyɔlawo dzi. Gbɔgbɔyɔlae nye amesi te ŋu xɔa gbedasiwo tso gbɔgbɔmexexe me tẽ. Ame geɖe ŋutɔ, siwo dome gbɔgbɔyɔlawo ŋutɔwo hã le la xɔe se be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo gbɔe gbedasi siawo tsona. Gake abe alesi míekpɔe le Biblia mee ene la, mate ŋu adzɔ nenema o.​—Nyagblɔla 9:​5, 6, 10.

      Ekema amekawo gbɔe gbedasi siawo tsona? Gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋutɔwo gbɔe! Gbɔgbɔ vɔ̃wo te ŋu dea dzesi ame le eƒe agbenɔɣi; wonya alesi amea ƒoa nue, alesi eƒe dzedzeme le, nusi wòwɔ, kple nusi wònya. Eyata ele bɔbɔe na wo be woasrɔ̃ amesiwo ku la.​—Samuel I, 28:​3-19.

      Alakpanyawo

      Mɔ bubu si dzi Satana tona kakaa aʋatso ku ɖe ame kukuwo ŋu enye alakpanyawo. Zi geɖe la, ŋutinya mawo trɔa amewo ɖa tso Biblia me nyateƒea gbɔ.​—Timoteo II, 4:4.

      Ŋutsu aɖe kplɔ Kristotɔ gbeƒãɖela eve aɖewo ɖo, esusu be wo dometɔ ɖeka nye ye nɔviŋutsu si ku va yi

      Ame aɖewo susuna be yewokpɔ amesiwo trɔ tso ame kukuwo dome va la

      Le Afrika la, nya siwo wogblɔna ku ɖe amesiwo wokpɔ wole agbe le woƒe ku megbe ŋu bɔ fũ. Zi geɖe la, wokpɔa ɖeɖefia mawo le teƒe siwo didi tso teƒe si amea nɔ la gbɔ. Gake bia ɖokuiwò se be: ‘Ðe wòdze abe nusi me nunya le ene be ne ŋusẽ le ame aɖe si be wòatrɔ tso ame kukuwo dome ava la, teƒe si didi tso afisi eƒe ƒomea kple xɔlɔ̃wo le gbɔe wòatrɔ ava?’

      Hekpe ɖe eŋu la, ɖe mate ŋu anye be ɖeko amesi wokpɔ la ɖi amesi ku la oa? Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ subɔla eve siwo nɔ gbeƒã ɖem le kɔƒe aɖe me la kpɔ amegã ɖeɖi aɖe si kplɔ wo ɖo gaƒoƒo aɖewo. Esi wotɔ gbee la, wova nya be ŋutsua susu be subɔlawo dometɔ ɖeka nye ye nɔviŋutsu si ku ƒe aɖewo va yi. Amee ɖi ame nɛ, gake egbe edzi xɔxɔ se be menye eyae o! Wò ya bu nya si amegã ɖeɖi la agblɔ na exɔlɔ̃wo kple aƒelikawo emegbe la ŋu le susu me kpɔ!

      Ŋutegawo, Drɔ̃ewo kple Gbeɖiɖiwo

      Gbɔgbɔ vɔ̃wo toa drɔ̃ewo, ŋutegawo kple gbeɖiɖiwo dzi blea amewo

      Gbɔgbɔ vɔ̃wo toa drɔ̃ewo, ŋutegawo kple gbeɖiɖiwo dzi blea amewo

      Ðikekemanɔmee la, ènya nu tso nu wɔmoya siwo amewo kpɔ, se, alo ku drɔ̃e tso wo ŋu la ŋuti. Zi geɖe la, nuteƒekpɔkpɔ mawo siwo tso vivime la doa ŋɔdzi na amesiwo kpɔa wo alo sea wo. Marein si nɔ Ɣetoɖoƒe Afrika la sea mamaa si ku la ƒe gbe edziedzi wònɔa eyɔm le zã me. Vɔvɔ̃ ɖoa Marein wòdoa ɣli esi nana eƒe aƒemetɔwo katã nyɔna. Ʋeʋeʋe la, eƒe tagbɔ va da.

      Azɔ ne ame kukuwo le agbe ŋutɔŋutɔ la, ɖe nunya anɔ eme be woado ŋɔdzi na woƒe lɔlɔ̃tɔwoa? Ao. Gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔe gbedasi mawo siwo gblẽa nu le ame ŋu la tsona.

      Ke gbedasi siwo dzena abe ɖe wokpena ɖe ame ŋu hefaa akɔ na ame ene ya ɖe? Le kpɔɖeŋu me, Gbassay si nye Sierra Leonetɔ la ƒe lãme gblẽ. Eku drɔ̃e si me fofoa si ku la do ɖe edzi le. Egblɔ nɛ be wòayi ati aɖe gbɔ, agbe aŋgba la eye wòakɔ tsi ɖe edzi ahanoe. Mele be wòaƒo nu na ame aɖeke hafi awɔ esia o. Ewɔ esia eye wòhaya.

      Nyɔnu bubu gblɔ be ye srɔ̃ do ɖe ye dzi le zã aɖe me le eƒe ku megbe. Nyɔnua gblɔ be edze ɖeka ŋutɔ eye wòdo awu nyuiwo.

      Gbedasi kple ŋutega mawo dzena abe nu nyui kple nusi kpena ɖe ame ŋu ene. Mawu gbɔe wotsona? Ao, menye egbɔe o. Yehowa nye ‘nyateƒe Mawu.’ (Psalmo 31:6) Malɔ̃ aflu mí alo able mí gbeɖe o. Gbɔgbɔ vɔ̃wo koe wɔa nu ma.

      Gake ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ siwo nye nunyuiwɔlawo lia? Ao. Togbɔ be woadze abe amesiwo kpena ɖe ame ŋu ɣeaɖewoɣi ene hã la, wo dometɔ ɖesiaɖe vɔ̃ɖi. Esi Abosam ƒo nu na Xawa la, ewɔ nu abe exɔlɔ̃ nyui wònye ene. (Mose I, 3:1) Gake nukae do tso eme nɛ esi wòɖo toe hewɔ nusi wògblɔ nɛ vɔ la? Eku.

      Xawa ƒe ƒometɔwo kɔ eƒe kukua

      Satana gblɔ be Xawa maku o. Xawa xɔe se, gake mlɔeba la, eku

      Ènya be enye nusi bɔ be ame vɔ̃ɖi nadze xɔlɔ̃ amesiwo wòdi be yeable ahaba. Afrikatɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Aɖu ko nu dɔme le vo.” Eye Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.”​—Korintotɔwo II, 11:14.

      Mawu megatoa drɔ̃ewo, ŋutegawo, alo gbeɖiɖi siwo tso gbɔgbɔmexexe me dzi ƒoa nu na amewo le anyigba dzi o. Biblia si ate ŋu ana ame nanɔ ‘dzadzraɖoɖi bliboe na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ’ dzie wòtona fiaa mɔ wo hefiaa nu wo.​—Timoteo II, 3:17.

      Eyata esi Yehowa xlɔ̃ nu mí ku ɖe Abosam ƒe amefufluwo ŋu la, ɖe wòlɔ̃ mí tae. Enya be futɔ siwo gblẽa nu le ame ŋue gbɔgbɔ vɔ̃wo nye.

  • Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Doa Ŋusẽ Amewo Be Woadze Aglã Ðe Mawu Ŋu
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
    • Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Doa Ŋusẽ Amewo be Woadze Aglã ɖe Mawu Ŋu

      Kɔnu siwo wotu ɖe dzixɔse si nye be kukuawo ate ŋu akpɔ agbagbeawo la dzi

      Wotu kɔnu aɖewo ɖe dzixɔse si nye be ame kukuwo te ŋu kpɔa mí la dzi

      Gake nukatae Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzea agbagba vevie nenema be yewoable amewo? Wodi be míakpe ɖe yewo ŋu le yewoƒe aglãdzedzea me. Wodi be míade ta agu na yewo. Wodi be míaxɔ yewoƒe alakpanyawo dzi ase eye míawɔ nusiwo medzea Yehowa ŋu o. Nuwɔna siawo dometɔ geɖe lɔ kɔnuwɔwɔ siwo ku ɖe ame kukuwo ŋu ɖe eme.

      Lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku nyea vevesese gã aɖe eye enye nusi le dzɔdzɔme nu hesɔ be woafa konyi. Esi Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku la, ‘efa avi.’​—Yohanes 11:35.

      Ku ŋuti kɔnuwɔwɔ geɖe li, eye esiawo to vovo ŋutɔ le xexeame godoo. Wo dometɔ geɖe metsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu o. Gake wotu nuwɔna aɖewo ɖe nukpɔsusu si nye be ame kukuwo le agbe eye wote ŋu kpɔa agbagbeawo la dzi. Ŋudɔdɔwo, nuxaxa atraɖii kple kunuwɔwɔkɔnu gãwo katã ƒo ke ɖe to ɖe vɔvɔ̃ be woado dziku na ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo la me. Gake esi wònye ame kukuwo “menya naneke o” ta la, amesiwo wɔa nusiawo le Satana ƒe alakpadada dom ɖe ŋgɔ.​—Nyagblɔla 9:5.

      Amewo le nuɖuɖu kple aha kɔm ɖi na woƒe ame kukuwo

      Wotu kɔnu bubuwo ɖe aʋatso si nye be ame kukuwo hiã míaƒe kpekpeɖeŋu la dzi

      Kɔnu alo wɔna bubuwo dzɔ tso dzixɔse be ame kukuwo hiã ame gbagbewo ƒe kpekpeɖeŋu eye woawɔ nuvevi agbagbeawo ne womefa dzi na wo o la me. Le dukɔ aɖewo me la, woɖua azã hesaa vɔ le ŋkeke 40 lia dzi alo ƒe ɖeka le ame ƒe ku megbe. Wowɔnɛ kple susu be wòakpe ɖe ame kukua ŋu be ‘wòatso tɔ’ ayi gbɔgbɔmexexe me. Nu nyanyɛ bubu si wowɔna enye alesi woxea nuxe na ame kukuwoe.

      Nusiawo menyo o elabena wodoa Satana ƒe aʋatso siwo ku ɖe ame kukuwo ŋu ɖe ŋgɔ. Ðe Yehowa ada asi ɖe míaƒe kadodo kple wɔna siwo nɔ te ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia dzi la dzia? Gbeɖe!​—Korintotɔwo II, 6:​14-18.

      Mawu vavã la ƒe subɔlawo mekpɔa gome le wɔna siwo dea Satana ƒe aʋatsokakawo dzi la me o. Ke boŋ wodzea agbagba lɔlɔ̃tɔe be yewoakpe ɖe agbagbeawo ŋu ahafa akɔ na wo. Wonya be ne ame ku ko la, Yehowa ɖeka koe ate ŋu akpe ɖe ame ma ŋu.​—Hiob 14:​14, 15.

      Mawu Tsri Gbɔgbɔyɔyɔ

      Ame aɖewo ƒoa nu kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tẽ alo to gbɔgbɔyɔla si nye amegbetɔ dzi. Woyɔa esia be gbɔgbɔyɔyɔ. Trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, akunyawɔwɔ, afakaka kple ŋɔliyɔyɔ nye gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi vovovowo.

      Nuwɔna siwo lɔ gbɔgbɔyɔyɔ ɖe eme

      Mawu tsi tre ɖe nu gbegblẽ siawo ŋu. Edi be woatsɔ subɔsubɔ si de blibo na ye.—Mose II, 20:5

      Biblia tsri nusiawo hegblɔ be: “Bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.”​—Mose V, 18:​10-12.

      Nukatae Yehowa xlɔ̃ nu mí vevie ku ɖe nusiawo wɔwɔ ŋu?

      Mía ŋutɔwo ƒe nyonyo tae Yehowa xlɔ̃ nu mí ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖesiaɖe ŋu ɖo. Elɔ̃a ame heléa be na ame eye enya be amesiwo doa ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo la akpe fu godoo.

      Amesiawo dometɔ ɖekae nye Nilda si nye gbɔgbɔyɔla le Brazil. Gbɔgbɔ vɔ̃wo gblẽ eƒe agbe dome. Egblɔ bena: “Gbɔgbɔwo . . . ge ɖe menye henɔ gbe ɖem nam. Menɔa ame me eye meyia ɖime hã enuenu, eye wosikam le tagbɔdɔléle ta. Gbɔgbɔ vɔ̃awo ti yonyeme ale gbegbe be metsi dzodzodzoe. Menoa atike siwo tsia vevesese nu eye medze ahanono kple atamanono atraɖii gɔme. Esia yi edzi ƒe geɖe.”

      Aƒemanɔsitɔ; ŋutsu aɖe le gaxɔ me; ŋutsu aɖe ɖo tu eƒe tagbɔ

      Zi geɖe la, nu gblẽna le amesiwo yɔa gbɔgbɔ la ŋu. Woate ŋu abu woƒe aƒe, woƒe ablɔɖe kple woƒe agbe kura gɔ̃ hã

      Fifia la, to Yehowa kple eƒe Ðasefo siwo le anyigba dzi ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, Nilda do le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te eye wònɔa agbe si me dzidzeme kple dedienɔnɔ le. Egblɔ be: “Medea dzi ƒo na amesiame be wòagado ka kple gbɔgbɔ [vɔ̃wo] zi ɖeka teti hã o.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe