INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Subɔ Yehowa, Ke Menye Satana O
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
    • Subɔ Yehowa, Ke Menye Satana O

      Tiatia dze ŋgɔ mí katã. Eyae nye be míasubɔ Yehowa loo alo míasubɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. Míate ŋu asubɔ wo ame evea siaa o. Aleke gbegbee nunya le eme enye si be míasubɔ Yehowa!

      Yehowa Nye Ame Nyui

      Abe alesi míekpɔe va yi ene la, nuvevi wɔwɔ ame kple amebeble dzɔa dzi na gbɔgbɔ vɔ̃wo. Yehowa ya mele nenema o. Elɔ̃ ameƒomea abe alesi vifofo lɔ̃a viawoe ene. Eyae nye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala. (Yakobo 1:​17) Metea nu nyui aɖeke ameƒomea o ne abia nu geɖe tso esi kura gɔ̃ hã.​—Efesotɔwo 2:​4-7.

      Yesu ɖee fia be yelɔ̃ amewo esi wòna ŋkuagbãtɔwo kpɔ nu, aɖetututɔwo ƒo nu eye wòfɔ ame kukuwo ɖe tsitre

      Yesu, Mawu ƒe Vi la lɔ̃ amewo to dɔ dada na wo dzi

      Bu nusiwo Yesu, Mawu ƒe Vi la wɔ le anyigba dzi la ŋu kpɔ. Ena aɖetututɔwo ƒo nu eye ŋkuagbãtɔwo kpɔ nu. Eda dɔ na anyidzelawo kple bunɔwo. Enyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me eye wòda dɔléle ƒomeviwo katã. Yesu gbɔ agbe ame kukuwo kura gɔ̃ hã to Mawu ƒe ŋusẽ dzi.​—Mateo 9:​32-35; 15:​30, 31; Luka 7:​11-15.

      Le esi teƒe be Mawu nada alakpa atsɔ able míi la, etoa nyateƒe ɣesiaɣi. Meblea ame gbeɖe o.​—Mose IV, 23:19.

      Ƒo Asa Na Nuwɔna Makɔmakɔwo

      Abe alesi yiyiɖɔ léa tagbatsutsu goŋgoŋ ene la, nenemae aʋatsodzixɔse kple alakpadada lé ame miliɔn geɖe. Wovɔ̃a ame kukuwo. Wovɔ̃a gbɔgbɔ vɔ̃wo. Fiƒodewo, nukaka, gbesawo kple trɔ̃wo tsoa dzika ƒo na wo. Dzixɔse kple kɔnyinyi siwo nɔ te ɖe Satana Abosam ƒe alakpawo dzi blaa wo. Nusiawo dometɔ aɖeke ƒe mɔ̃ meɖea Mawusubɔlawo o.

      Yehowa tri akɔ boo wu Satana. Ne èsubɔ Yehowa la, akpɔ tawò tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. (Yakobo 4:7) Dzo maɖi ŋuwò o. Le kpɔɖeŋu me, le Nigeria la, dzosala sesẽ etɔ̃ ɖu dzo Yehowa ƒe Ðasefo aɖe si gbe be yemadzo le dua me o la be wòaku. Esi dzoa meɖi o la, vɔvɔ̃ ɖo dzosalawo dometɔ ɖeka eye wòyi Ðasefoa gbɔ ɖaɖe kuku nɛ be wòatsɔe ake yewo.

      Efesotɔwo tɔ dzo woƒe akunyawɔgbalẽwo

      Efesotɔwo tɔ dzo woƒe akunyawɔgbalẽwo

      Ne gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu ɖem na wò la, àte ŋu ayɔ Yehowa ŋkɔ eye wòakpɔ tawò. (Lododowo 18:​10) Gake be Mawu nakpɔ tawò la, ele be nàɖe asi le nusianu si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ kple gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ la ŋu. Mawu ƒe tadeagula siwo nɔ blema Efeso wɔ nenema. Woƒo woƒe akunyawɔgbalẽwo nu ƒu hetɔ dzo wo. (Dɔwɔwɔwo 19:​19, 20) Ele be Mawusubɔla siwo li egbea hã nawɔ nenema ke. Tsrɔ̃ dzowo, atiblɛwo, “akpokawo,” trɔ̃wo, akunyawɔgbalẽwo kple nu bubu ɖesiaɖe si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo.

      Nɔ Tadedeagu Vavãtɔ Me

      Ne èdi be yeadze Mawu ŋu la, mesɔ gbɔ be nàdo le alakpasubɔsubɔha me eye nàdzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ɖeɖeko o. Ele be nàdo vevie nu le tadedeagu dzadzɛtɔ me. Biblia gblɔ nusi wodi tso asiwò:

      Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple Biblia xexlẽ nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa aɖe

      Yi Kristotɔwo ƒe kpekpewo.​—Hebritɔwo 10:​24, 25

      Srɔ̃ Biblia la.​—Yohanes 17:3

      Gbeƒaɖeɖe na ame bubuwo, gbedodoɖa na Yehowa kple nyɔnyrɔxɔxɔ nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa aɖe

      Ðe gbeƒã na ame bubuwo.​—Mateo 24:14

      Do gbe ɖa na Yehowa.​—Filipitɔwo 4:​6, 7

      Xɔ nyɔnyrɔ.​—Dɔwɔwɔwo 2:41

      De Ha Kple Yehowa Ðasefowo

      Amewo le Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃awo si le anyigba dzi, siwo fiaa nu gbegblẽwo hewɔa wo. Gake amewo le Yehowa hã si. Woawoe nye Yehowa Ðasefowo. (Yesaya 43:​10) Ðasefo siwo wu miliɔn ade le anyigba la katã dzi. Wo dometɔ ɖesiaɖe dzea agbagba vevie be yeawɔ nu nyui ahafia nyateƒea amewo. Le dukɔ geɖe me la, àte ŋu akpe kpli wo le Fiaɖuƒe Akpata me, afisi woatsɔ vividoɖeameŋu ado dzaa na wò le.

      Woƒe dɔe nye be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu woasubɔ Mawu. Woasrɔ̃ Biblia kpli wò le aƒewò me eye woakpe ɖe ŋuwò be nàsubɔ Yehowa le mɔ nyuitɔ nu. Màxe fe ɖe esia ta o. Edzɔa dzi na Ðasefoawo be yewoafia nyateƒea amewo elabena wolɔ̃ amewo eye wolɔ̃ Yehowa Mawu hã.

      Yehowa Ðasefowo le amewo xɔm nyuie va Fiaɖuƒe Akpata me eye wole Biblia srɔ̃m kple wo

      Yehowa Ðasefowo akpe ɖe ŋuwò be nàsubɔ Mawu

  • Etsɔme Wɔnuku Aɖe
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
    • Etsɔ Me Wɔnuku Aɖe

      Yesu tsɔ Satana ƒu gbe ɖe aʋli me

      Eteƒe madidi o woatsrɔ̃ Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa

      Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ameƒomea beble maganɔ anyi adidi o. Yehowa nyã wo le dziƒo xoxo. (Nyaɖeɖefia 12:9) Le ɣeyiɣi si gbɔna kpuie me la, Mawu agatu nu kple Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ake. Apostolo Yohanes gblɔ le ŋutega si tso Mawu gbɔ me be: “Eye mekpɔ mawudɔla aɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gã aɖe le esi. Eye wòlé ʋɔ driba, da xoxo, si nye Abosam kple Satana, eye wòblae ƒe akpe ɖeka. Eye wotsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wotu nu ɖe enu, eye wotre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi.” (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Emegbe woatsrɔ̃ Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tegbetegbe.—Nyaɖeɖefia 20:10.

      Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi hã.—Psalmo 37:9, 10; Luka 13:5.

      Ame Kukuwo Agagbɔ Agbe Ake!

      Amewo le ame siwo wofɔ ɖe tsitre la xɔm atuu be woava nɔ agbe le Paradiso me

      Ame kukuwo agagbɔ agbe ava anyigba dzi

      Ne woɖe Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖa vɔ la, Yehowa ahe yayra geɖe vɛ na ameƒomea. Àɖo ŋku edzi be agbe mele ame kukuwo me o, eye womegali o. Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃—alɔ̃ dɔdɔ ayi eme ʋĩ si me drɔ̃ekuku mele o. (Yohanes 11:11-14) Etsɔe sɔ kplii elabena enya be ɣeyiɣi ava esime woagbɔ agbe amesiwo le alɔ̃ dɔm le ku me la. Egblɔ be: “Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le [ŋkuɖodziyɔdowo] me la, . . . woado go.”—Yohanes 5:28, 29; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 24:15.

      Woagbɔ agbe wo ava anyigba dzi afisia. Le esi teƒe be woaɖe gbe ƒã be ame ku la, woagblɔ amesiwo wogbɔ agbee la ŋuti nyatakaka dodzidzɔnamewo! Dzidzɔ kae nye si wòanye be míado dzaa na lɔlɔ̃tɔ siwo ku la tso yɔ me!

  • Anyigba La Azu Paradiso
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
    • Anyigba la Azu Paradiso

      Ameƒomevi vovovowo le nu ɖum ɖekae le Paradiso me

      Yehowa aɖɔ nusianu si Satana gblẽ la ɖo bliboe. Yehowa ɖo Yesu Fiae ɖe anyigba katã dzi. Le eƒe dziɖuɖu te la, woawɔ anyigba la paradisoe.—Daniel 7:13, 14; Luka 23:43.

      Yehowa do nusiawo ŋugbe:

      • NUÐUÐU ABƆ: “Anyigba [amie] eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.” “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 67:7; 72:16.

      • AƲAWƆWƆ MAGANƆ ANYI O: “Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, [alesi wòwɔ nukunuwo le anyigba dzi], amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.”—Psalmo 46:8, 9.

      • AME VƆ̃ÐIWO MAGANƆ ANYI O: “Elabena woatsrɔ̃ ame vlowo . . . Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o.”—Psalmo 37:9, 10.

      • Agbenɔnɔ le Paradiso me

        DƆLÉLE, KONYIFAFA, ALO KU MAGANƆ ANYI O: “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu; eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.”—Yesaya 35:5, 6.

        “Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

      Yehowa to vovo tso Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ, mekaa aʋatso o. Nusianu si ŋugbe wòdo la ava eme godoo. (Luka 1:​36, 37) Yehowa lɔ̃ wò eye wòdi be nanɔ Paradiso si yeawɔ la me. Eyata te ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu be nasrɔ̃ nu geɖe tso nyateƒe wɔnuku siwo le Mawu ƒe Nya me la ŋuti. Ne èwɔ nyateƒea ŋudɔ le wò agbe me la, àvo tso aʋatso, alakpadzixɔse kple numanyamanya ƒe kluvinyenye me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woaɖe wò tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye kura gɔ̃ hã me. Abe alesi Yesu gblɔ ene la: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.”​—Yohanes 8:​32.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe