Míedo Dzaa na Wò Va Teokrasi Subɔsubɔ Sukua
KWASIÐA sia kwasiɖa la, hehe si wonana le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua le vi ɖem na sukuvi miliɔn geɖe le xexeame godoo le dukɔ siwo wu 200 me. Wo dometɔ aɖewo nye ame yeyewo. Bubuwo hã de sukua ƒe geɖee nye esia. Wowɔa sukua le teƒe akpe nanewo. Anyigba ƒe akpa ka kee nèɖale o, hehenaɖoɖo ɖeka ma ke ate ŋu aɖe vi na wò. Ðeviwo kple ame tsitsiwo siaa, gbevovovodolawo, kple amesiwo ƒe agbalẽnyanya le vovovo la le teokrasi nufiame sia xɔm femaxee.
Esime woɖo sukua ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le ƒe 1943 me la, alee wogblɔ eƒe taɖodzinu enye si: “Be wòadzra ‘nuteƒewɔla’ siwo se Mawu ƒe Nya la heɖee fia be yewoxɔ edzi se la katã ɖo ‘be woate ŋu afia nu ame bubuwo’ . . . ale be wòadzra amesiame . . . ɖo nyuie wu be wòaʋu xɔse si le eyama me la me.” (Course in Theocratic Ministry, axa 4) Esia gakpɔtɔ nye sukua ƒe taɖodzinu vaseɖe egbea.
Le nyateƒe me la, nukae nye nu nyuitɔ kekeake si mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu atsɔ Mawu ƒe nunana si nye nuƒoƒo ƒe ŋutete awɔe? Biblia ɖo eŋu be: “Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa!” (Ps. 150:6) Ne míewɔ esia la, enaa mía Fofo si le dziƒo ƒe dzi kpɔa dzidzɔ. Míeɖenɛ fiaa eyama be mía ŋutɔwo míaƒe dzi me yɔ fũ kple akpedada ɖe eƒe nyuiwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ta. Mewɔ nuku o be wode dzi ƒo na Kristotɔwo be ‘woatsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam ɣesiaɣi, si nye nuyi siwo ʋua eŋkɔ me la ƒe kutsetse’! (Heb. 13:15) Míedo dzaa na wò sukuvia va Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me be míakpe ɖe ŋuwò nàzã nunana siwo Mawu na wò be nàtsɔ akafu Yehowae la wòaganyo ɖe edzi.
Togbɔ be wohea susu yia dutoƒonuxexlẽ kpakple nuƒoƒo kple nufiafia ƒe aɖaŋu dzi ŋutɔ le sukua hã la, Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe hehea ƒe viɖewo metɔ ɖe afima o. Ne èkpɔa gome le eme la, akpe ɖe ŋuwò be nàva bi nyuie ɖe nu veviwo abe esiawo ene me: ɖokuisi nuxexlẽ, nyasese kple ŋkuɖoɖonudzi, nusɔsrɔ̃, numekuku, nyamedzodzro kple eɖoɖo ɖe ɖoɖo nu, dzeɖoɖo, nyabiabiawo ŋuɖoɖo, kple alesi nàŋlɔ nusiwo le susu me na wò ada ɖi. Biblia la ŋutɔ kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo mee sukua me nusɔsrɔ̃ kple numeɖeɖewo kpakple dɔdasiwo tso. Ne èna nyateƒe xɔasi siwo le Mawu ƒe Nya la me yɔ wò susu me la, àva nya alesi nàbu tame wòasɔ ɖe Mawu tɔ nu. Viɖe ka gbegbee nye si ema anye le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa! Ƒe alafa 20 lia me yunivɛsiti nufiala William Lyon Phelps ŋlɔ le asixɔxɔ si le Mawu ƒe Nya la ŋu ŋuti be: “Woate ŋu agblɔ nyateƒetɔe le amesiame si nya Biblia nyuie ŋu be enya agbalẽ. . . . Mexɔe se be Biblia nyanya kɔledzi mademadee nyo sã wu kɔledzidede Biblia manyamanyae.”
Alesi Nàwɔ Wòaɖe Vi na Wò Bliboe
Edze ƒã be hafi hehe si wonana le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua naɖe vi na wò bliboe la, ele be wò, sukuvia ŋutɔ, nàdo vevie nu. Apostolo Paulo de dzi ƒo na eƒe zɔhɛ Kristotɔ Timoteo be: “Lé be na nusiawo, nɔ nusiawo dzi, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le nuwo katã me.” (Tim. I, 4:15) Aleke nàdze agbagbae wòanyo?
Ne anya wɔ ko la, yi Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kwasiɖa sia kwasiɖa. Zã agbalẽ sia si nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò la bliboe. Ŋlɔ wò ŋkɔ ɖe teƒe si wode dzesii le agbalẽa me, afisi agbalẽa ƒe ŋkɔ dze le. Tsɔ agbalẽa va sukua ɣesiaɣi. Nusrɔ̃gbalẽ sia nye dɔwɔgbalẽ hã. Ne èxlẽ nya vevi aɖewo le eme siwo nèkpɔ be woakpe ɖe ye ŋu la, te fli ɖe wo te. Ŋlɔ nya vevi siwo nèsrɔ̃ le sukua ƒe numedzodzrowo me la ɖe teƒe ƒuƒlu gbadza siwo wogblẽ ɖe axaawo dzi.
Ðoɖowɔɖi si wota si dzi Teokrasi Subɔsubɔ Sukua azɔ ɖo la li vovoe woana wò. Numeɖeɖe geɖe ku ɖe alesi woawɔ sukuae ŋu la le ɖoɖowɔɖia me. Ðewohĩ àkpɔe be anyo be yeatsɔ ɖoɖowɔɖia ade agbalẽ sia me be wòanɔ asitsɔƒe.
Ne èle dzadzram ɖo ɖe sukua ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa la, ɖo ŋku edzi be Biblia ye nye sukua ƒe nusrɔ̃gbalẽ vevitɔ. Biblia ƒe akpa si wotia na kwasiɖa ma la xexlẽ la nanɔ nu vevi gbãtɔ siwo nàwɔ la me. Ne ète ŋu xlẽ nyati vovovo siwo ɖoɖowɔɖia fia asii hã do ŋgɔ la, esia hã aɖe vi ŋutɔ.
Ne sukua le edzi yim la, mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu nyaselawo si be woakpɔ gome le eme. Wɔ mɔnukpɔkpɔ siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋudɔ bliboe. Gomekpɔkpɔ le numedzodzro siawo me nye nu vevi aɖe si akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu aɖo ŋku nusi nèse dzi eye nànɔ agbe ɖe enu.
Mɔnukpɔkpɔ asu sukuviawo katã si godoo be woaƒo nu alo awɔ wɔwɔfiawo hamea nakpɔ. Wɔ mɔnukpɔkpɔ mawo dometɔ ɖesiaɖe ŋudɔ nyuie. Dze agbagba vevie nàwɔ dɔ tso nuƒoƒo ƒe nudidi ɖesiaɖe si wobia tso asiwò la ŋu wòaganyo ɖe edzi. Woaɖo aɖaŋu na wò ale be nànɔ ŋgɔ yim ɣesiaɣi. Xɔ kpekpeɖeŋu ma si woana wò la kple dzidzɔ. De dzesi aɖaŋu siwo woaɖo na wò le nu vevi siwo wòle be wò ŋutɔ nàwɔ be nàyi ŋgɔ ŋu la ɖe wò agbalẽa me. Le esi menya wɔna be ame ŋutɔ nakpɔ eɖokui abe alesi ame bubuwo kpɔnɛ ene o ta la, aɖaŋuɖoɖo kple nuxlɔ̃ame siwo wotu ɖe Biblia dzi, siwo woana wò lɔlɔ̃tɔe la ate ŋu ana nàwɔ ŋgɔyiyi si ɖe dzesi. Aleae wòle, ne èŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me ƒe geɖe gɔ̃ hã.—Lod. 1:5.
Àdi be yeawɔ ŋgɔyiyi kabakabaa? Àte ŋu awɔe ne wò ŋutɔ èwɔ afɔɖeɖea. Srɔ̃ nyati siwo me woadzro le sukuvi ƒe dɔdasi ɖesiaɖe me la do ŋgɔ. Ne wohiã nuƒola aɖe be wòawɔ dɔ ɖe ame bubu teƒe la, àsu te atsɔ ɖokuiwò ana, eye esia ana nàgabi ɖe edzi. Ne ame bubuwo le nu ƒom la, lé to ɖe alesi wole dɔdasia wɔmee ŋu nyuie. Míesrɔ̃a nu tso mía nɔewo gbɔ.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne nɔnɔmeawo aɖe mɔ na wò la, àte ŋu agawɔ ŋgɔyiyi kabakaba wu ne èsrɔ̃ nusrɔ̃gbalẽ sia le ɖokuiwò si hele ŋgɔ vie na hamea. Ne èsrɔ̃ nya siwo le nusɔsrɔ̃ 15 siwo kplɔe ɖo me nyuie vɔ la, yi edzi nàzɔ ɖe “Ðoɖo Hena Wò Nuƒoƒo Kple Nufiafia Ŋutete Tutuɖo” la dzi. Esia dze egɔme le axa 78. Gbã, to nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe me nyuie eye nàwɔ dɔ siwo woɖo kpe ɖe eŋu la hã. Zã nusi srɔ̃m nèle la le wò subɔsubɔdɔa me. Esia ate ŋu ana nàwɔ ŋgɔyiyi blibo le nuƒoƒo kple Mawu ƒe Nya la fiafia me.
Hehe si nàxɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me akpe ɖe ŋuwò nàdzra ɖo ɖe nusi le vevie wu le agbe me ŋu. Esi wònye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu tae míele agbe ɖo la, ne míekafui la, ekema míena tameɖoɖo si koŋ le míaƒe agbe ŋu la le eme vam. Yehowa Mawu dze na kafukafu si ƒo ɖesiaɖe ta. (Nyaɖ. 4:11) Hehe si míexɔna le sukua nana esia vaa eme ale be míaƒe tamebubu me nakɔ, míawɔ nu le nunya me, eye míagblɔ nyateƒe wɔnukuwo tso Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me wòaɖe kpe.