INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • May 23 Ƒe Kwasiɖa
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011 | May
    • May 23 Ƒe Kwasiɖa

      MAY 23 ƑE KWASIÐA

      Hadzidzi 39 Kple Gbedodoɖa

      □ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:

      ie axa 23 mm. 8–axa 24 mm. 15 (25 min.)

      □ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:

      Biblia xexlẽ: Psalmowo 19-25 (10 min.)

      No. 1: Psalmo 23:1–24:10 (4 min. alo made o)

      No. 2: Ðe Woava Trɔ Yudatɔwo Katã Woazu Kristo Dzi Xɔselawoa?—rs-E axa 222 mm. 1-2; +w08 6/15 axa 28 (5 min.)

      No. 3: Alekee Romatɔwo 8:21 Ava Eme, Eye Ɣekaɣie Wòava Eme? (5 min.)

      □ Subɔsubɔ Kpekpe:

      Hadzidzi 35

      10 min: Gbeƒãɖeɖewo. “Ale Si Nàzã Please Follow Up (S-43) Gbalẽvia.” Numedzodzro.

      10 min: Nu Vevi Etɔ̃ Siwo Nɔa Ŋgɔdonya Nyuiwo Me. Nuƒo si wotu ɖe Reasoning gbalẽa ƒe axa 9, memama 1 (alo Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii gbalẽvia ƒe axa 2, memama 1) dzi. Le nyatia me dzodzro megbe la, na woawɔ ŋgɔdonya si míatsɔ ana agbalẽ si mam míele le June me la ƒe wɔwɔfia eve.

      15 min: Ète Wo Kpɔa? Numedzodzro. Ƒo nuƒo aɖe si me nàdzro Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyati siawo siwo do nyitsɔ laa la me: “Zãe Ɣesiaɣi” kple “Nyati Yeye Aɖe Si Míatsɔ Anɔ Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme Dzem” (km 12/10) kpakple “Ðoɖo Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Ƒomewo Ŋu” (km 1/11). Bia nyaselawo ne woagblɔ ale si wodze agbagba tsɔ mɔfiame siwo le nyati siawo me de dɔwɔwɔ mee kple ale si wòɖe vi na woe.

      Hadzidzi 6 Kple Gbedodoɖa

  • May 30 Ƒe Kwasiɖa
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011 | May
    • May 30 Ƒe Kwasiɖa

      MAY 30 ƑE KWASIÐA

      Hadzidzi 33 Kple Gbedodoɖa

      □ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:

      ie axa 25 mm. 1–axa 26 mm. 9 (25 min.)

      □ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:

      Biblia xexlẽ: Psalmowo 26-33 (10 min.)

      No. 1: Psalmo 31:10-25 (4 min. alo made o)

      No. 2: Ðokuibɔbɔ Vavãtɔ Ƒe Kpɔɖeŋu Siwo Le Biblia Me (5 min.)

      No. 3: Ðe Wòle Be Yudatɔwo Naxɔ Yesu Dzi Ase Hafi Akpɔ Ðeɖea?—rs-E axa 222 mm. 3–axa 223 mm. 1; +w10 3/15 axa 10 mm. 2-3 (5 min.)

      □ Subɔsubɔ Kpekpe:

      Hadzidzi 38

      10 min: Gbeƒãɖeɖewo. Na woazã kpɔɖeŋudzeɖonya si le axa 4 lia atsɔ awɔ ale si míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme le Memleɖa gbãtɔ dzi le June me la ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na nɔviawo katã be woakpɔ gome le eme.

      15 min: Ale Si Nàwɔ Numekuku. Numedzodzro si wotu ɖe Subɔsubɔ Suku gbalẽa dzi, axa 33-38. Na woawɔ nuƒoƒo na ame ɖokui ƒe wɔwɔfia aɖe si me gbeƒãɖela aɖe le numekuku wɔm le numekugbalẽwo me be yeakpɔ nyabiase aɖe si ame aɖe bia ye le gbeadzi la ƒe ŋuɖoɖo.

      10 min: Dzra Ðo Ðe Magazinewo Nana Le June Me Ŋu. Numedzodzro. Tsɔ miniti ɖeka alo eve dzro magazineawo me nya aɖewo me. Eyome tia nyati eve alo etɔ̃, eye nàkpe nyaselawo woagblɔ nyabiase kple mawunyakpukpui siwo wokpɔ be woate ŋu azã le magazineawo nana me. Na woawɔ ale si woate ŋu ana magazineawo la ƒe wɔwɔfiawo.

      Hadzidzi 37 Kple Gbedodoɖa

  • Ale Si Nàzã Please Follow Up (S-43) Gbalẽvia
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011 | May
    • Ale Si Nàzã Please Follow Up (S-43) Gbalẽvia

      Ele be nàkpe agbalẽvi sia ɖo ne èdo go ame aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia gake mele miaƒe anyigbamama me o alo medoa mia degbe o. Togbɔ be tsã la, míekpenɛ ɖo ne míedo go dutagbedola aɖe, amea ɖatsɔ ɖe le eme loo alo metsɔ ɖe le eme o hã la, fifia ne amea tsɔ ɖe le gbedeasia me ko hafi míekpenɛ ɖo, negbe amea nye tokunɔ. Ne míedo go tokunɔ aɖe la, ele kokoko be míakpe S-43 gbalẽvia ɖo, amea ɖatsɔ ɖe le eme loo alo metsɔ ɖe le eme o.

      Ne míekpe agbalẽvi sia ɖo vɔ la, nu kae wòle be míawɔ? Ele be míatsɔe ana míaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla. Ne agbalẽŋlɔlaa nya hame si wòaɖoe ɖa la, ate ŋu aɖoe ɖe hame ma ƒe hamemetsitsiwo tẽe ale be woate ŋu awɔ ɖoɖo akpe ɖe ɖetsɔlemetɔa ŋu. Gake ne menya hame si wòaɖoe ɖa o la, aɖoe ɖe alɔdzedɔwɔƒea.

      Ne ɖetsɔlemetɔa doa dutagbe eye wòle miaƒe anyigbamama me la, àte ŋu anɔ egbɔ yim anɔ eƒe ɖetsɔleme tum ɖo va se ɖe esime gbeƒãɖela aɖe natso dutagbe ma ƒe hame me ava egbɔ.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ April 2010, axa 6.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe