Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí Be Míaɖu Tetekpɔwo Kple Dziɖeleameƒo Dzi
“Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi.”—DƆW. 1:8.
1, 2. Kpekpeɖeŋu ka ƒe ŋugbee Yesu do na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nu ka tae woahiã nɛ?
YESU nyae be yeƒe nusrɔ̃lawo mate ŋu awɔ yeƒe sededewo katã dzi le woawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. Ne míebu nu si gbegbe gbeƒãɖeɖedɔa lɔ ɖe eme, woƒe futɔwo ƒe ŋusẽ, kple woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu la, eme kɔ ƒãa be wohiã ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu. Eya ta do ŋgɔ na Yesu ƒe dziƒoyiyi la, ena kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, eye va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔw. 1:8.
2 Ŋugbedodo ma te emevava tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi esime gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ Yesu Kristo yomedzelawo be woaɖe gbeƒã le Yerusalem du bliboa katã me. Tsitretsiɖeŋu aɖeke mete ŋu tɔ te dɔa o. (Dɔw. 4:20) Yesu yomedzela wɔnuteƒewo katã, siwo dome míawo hã míele, la ahiã ŋusẽ ma ke, si Mawu nana la vevie “ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”—Mat. 28:20.
3. (a) Ðe vovototo si le gbɔgbɔ kɔkɔe kple ŋusẽ dome la me. (b) Nu kae ŋusẽ si Yehowa nana la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ?
3 Yesu do ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔea va wo dzi.’ Gɔmesese si le nya siwo nye “ŋusẽ” kple “gbɔgbɔ” si la to vovo. Mawu ƒe gbɔgbɔa, alo eƒe dɔwɔŋusẽa, nye ŋusẽ ƒomevi aɖe si Mawu zãna ɖe amewo alo nuwo dzi be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Gake woate ŋu aɖe ŋusẽ gɔme be enye “ŋutete si nana wowɔa nu alo wɔa dɔ aɖe.” Ŋusẽ ate ŋu anɔ ame alo nane me evɔ womanɔ ezãm o va se ɖe esime wòahiã be woawɔ eŋu dɔ atsɔ awɔ nane. Eya ta míate ŋu atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea asɔ kple elektrikŋusẽ si wotsɔ dea ŋusẽ yeye ʋu ƒe batri me la, gake ŋusẽ si wode batria me ya le ko abe ŋutete si ŋu dɔ woava wɔ emegbe la ene. Ŋusẽ si Yehowa naa esubɔlawo to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la naa ŋutete si akpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be míanɔ agbe ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe nu la mí, eye ne ehiã la, be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo wɔa dɔ ɖe mía dzi la dzi.—Mixlẽ Mixa 3:8; Kolosetɔwo 1:29.
4. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me, eye nu ka tae?
4 Alekee ŋusẽ si wonaa mí to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la wɔa dɔe? Dɔ kawoe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu aʋã mí míawɔ eye alekee wòana míawɔ nu le nɔnɔme vovovowo me? Esi míedi be míasubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ta la, míedoa go kplamatsɛdonu geɖewo—siwo tsoa Satana, eƒe nuɖoanyia, alo míawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã madebliboa gbɔ. Be míate ŋu akpɔtɔ ayi edzi anye Kristotɔwo, anɔ gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me edziedzi, ahakpɔtɔ anɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa la, ele vevie be míaɖu kplamatsɛdonu mawo dzi. Na míadzro ale si gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu míeɖua tetekpɔwo kple dziɖeleameƒo dzi kple ale si wòdoa ŋusẽ mí ne ɖeɖi te mía ŋu la me.
Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí Be Míaɖu Tetekpɔwo Dzi
5. Aleke gbedodoɖa ate ŋu ado ŋusẽ mí?
5 Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” (Mat. 6:13) Yehowa magblẽ esubɔla wɔnuteƒe siwo doa gbe ɖa nɛ alea la ɖi o. Ɣebubuɣi la, Yesu gblɔ be: “Fofo si le dziƒo la [ana] gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la.” (Luka 11:13) Aleke gbegbee wòde dzi ƒo na mí enye esi be, Yehowa do ŋugbe be yeana ŋusẽ sia, si kpena ɖe ame ŋu wòwɔa nu dzɔdzɔe la mí! Kakaɖedzitɔe la, esia mefia be Yehowa akpɔ mía ta be woagate mí kpɔ o. (1 Kor. 10:13) Gake ne tetekpɔ va mía dzi la, ɣemaɣie wòle be míado gbe ɖa vevie wu.—Mat. 26:42.
6. Nu kawo dzie Yesu nɔ te ɖo ɖo nya ŋu na Satana?
6 Esi Yesu nɔ nya ŋu ɖom na Abosam la, eyɔ ŋɔŋlɔawo. Mawu ƒe Nya nɔ susu me na Yesu nyuie esi wògblɔ be: “Woŋlɔ ɖi be . . . Woŋlɔ ɖi hã be . . . Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi be, ‘Yehowa wò Mawu ye wòle be nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe wòle be nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.’” Ale si Yesu lɔ̃ Yehowa kpakple eƒe Nya lae ʋãe wògbe nudzroame siwo Tela la tsɔ ɖo eŋkume. (Mat. 4:1-10) Esi Yesu ɖu tetekpɔ vovovoawo dzi megbe la, Satana dzo le egbɔ.
7. Aleke Biblia kpena ɖe mía ŋu be míaɖu tetekpɔwo dzi?
7 Esi wònye be Yesu zã Ŋɔŋlɔawo hafi te ŋu ɖu Abosam ƒe tetekpɔwo dzi ta la, aleke gbegbee Ŋɔŋlɔawo nyanya le vevie wu le míawo ya gome enye esi! Nyateƒee, be ŋutete nanɔ mía ŋu míaɖu Abosam ƒe tetekpɔwo dzi la, gbã la, ele be míaɖoe kplikpaa be míanya Mawu ƒe dzidzenuwo nyuie eye míawɔ ɖe wo dzi bliboe. Esi ame geɖe va te Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ eye wova kpɔ asixɔxɔ si le Mawu ƒe nunya kple eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu dze sii la, esia ʋã wo wonɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu. Vavãe, ŋusẽ le “Mawu ƒe nya la” ŋu “wòte ŋu dzea si dzi me susuwo kple tameɖoɖowo.” (Heb. 4:12) Zi ale si ame aɖe xlẽa Ŋɔŋlɔawo hedea ŋugble le wo ŋu la, zi nenemae wòase egɔme be Yehowa ƒe mɔwo katã nye “nyateƒe.” (Dan. 9:13) Esi wòle alea ta la, nunya le eme be míade ŋugble le mawunyakpukpui siwo ku ɖe nu siwo koŋ nye míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu la ŋu.
8. Mɔ kawo dzie míate ŋu ato axɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la?
8 Menye Ŋɔŋlɔawo nyanya koe na Yesu te ŋu ɖu tetekpɔwo dzi o, nu si hã kpe ɖe eŋue nye be, “[eyɔ] fũu kple gbɔgbɔ kɔkɔe la.” (Luka 4:1) Be ŋusẽ kple ŋutete sia tɔgbi nasu mía si la, ehiã be míate ɖe Yehowa ŋu to ɖoɖo siwo katã Yehowa wɔ be yeana yeƒe gbɔgbɔ la nayɔ mí fũu la ŋu dɔ wɔwɔ bliboe me. (Yak. 4:7, 8) Ðoɖo siawo dometɔ aɖewoe nye Biblia sɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kple hadede kple nɔvi haxɔsetɔwo. Ame geɖe kpɔe be ne míaƒe ŋku biã ɖe Kristotɔwo ƒe dɔwo ŋu la, míaƒe susu katã anɔ gbɔgbɔmenu tuameɖowo ŋu.
9, 10. (a) Tetekpɔ kawoe bɔ ɖe miaƒe nutoa me? (b) Alekee ŋugbledede kple gbedodoɖa ate ŋu ado ŋusẽ wò be nàɖu tetekpɔwo dzi ne ɖeɖi te ŋuwò kura gɔ̃ hã?
9 Nu kae zua tetekpɔ na wò zi geɖe si dzi wòhiã be nàɖu? Ðe wòdzro wò kpɔ be yeanɔ ahiãmo ɖom na ame aɖe si menye srɔ̃wò oa? Ne tree nènye la, ɖe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be yealɔ̃ aɖo gbe ɖi kple ame aɖe si nye dzimaxɔsetɔa? Ne Kristotɔwo le television kpɔm alo le Internet zãm la, nu makɔmakɔ aɖe kpɔkpɔ ate ŋu adzro wo. Ðe nu sia dzɔ ɖe dziwò kpɔa? Ne nenemae la, alekee nèwɔ nui? Nunya anɔ eme be míade ŋugble le ale si afɔ gbegblẽ ɖeka ɖeɖe ate ŋu ana míaɖe afɔ gbegblẽ bubu, eye mlɔeba míava wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la ŋu. (Yak. 1:14, 15) Bu ale si nuteƒemawɔmawɔ ɖeka pɛ ate ŋu ana Yehowa, hamea, kple wò ƒomea nase vevee la ŋu kpɔ. Gake mawumegɔmeɖosewo me léle ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe nana dzitsinya dzadzɛ sua ame si. (Mixlẽ Psalmo 119:37; Lododowo 22:3.) Ɣesiaɣi si nèdo go tetekpɔ siawo ƒomevi la, dze agbagba nàdo gbe ɖa abia ŋusẽ be nàte ŋu aɖu wo dzi.
10 Nu bubu aɖe hã li ku ɖe tetekpɔ siwo Abosam he va Yesu dzi la ŋu, si wòle be wòanɔ susu me na mí. Esime Yesu tsi nu dɔ ŋkeke 40 le gbedzi megbe lae Satana tee kpɔ. Ðikekemanɔmee la, Abosam kpɔe be ɣemaɣie nye ‘ɣeyiɣi si sɔ’ be yeado eƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ. (Luka 4:13) Satana dia ɣeyiɣi si sɔ, si me wòado míawo hã míaƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ le. Eya ta ele vevie be míana ŋusẽ nanɔ mía ŋu le gbɔgbɔ me ɣesiaɣi. Zi geɖe la, ɣeyiɣi si me Satana kpɔ be ame aɖe gbɔdzɔ la, ɣemaɣie wòdzea edzi. Eya ta ɣesiaɣi si ɖeɖi te mía ŋu alo dzi ɖe le mía ƒo la, ɣemaɣie wòle be míaƒo koko na Yehowa vevie wu ahabia eƒe kpekpeɖeŋu kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea.—2 Kor. 12:8-10.
Edoa Ŋusẽ Mí Be Míakpe Akɔ Kple Ðeɖiteameŋu Kple Dziɖeleameƒo
11, 12. (a) Nu ka tae dzi ɖena le ame geɖe ƒo egbea? (b) Nu kae ate ŋu ado ŋusẽ mí be míaɖu dziɖeleameƒo dzi?
11 Abe amegbetɔ madeblibowo ene la, dzi ɖena le mía ƒo ɣeaɖewoɣi. Esia ate ŋu anye nyateƒe, vevietɔ le míaƒe ɣeyiɣiawo me, elabena ɣeyiɣi siwo me míele la me yɔ fũu kple nuteɖeamedziwo. Ðewohĩ, ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake me tomee ameƒome bliboa le fifia. (2 Tim. 3:1-5) Esi Harmagedon le aƒe tum la, gakuxiwo, seselelãmekuxiwo, kple kuxi bubuwo nu le sesẽm ɖe edzi. Ekema mele be wòawɔ nuku na mí o, ne míekpɔe be ele sesẽm na ame aɖewo ŋutɔ be woalé be na woƒe ƒomea ahakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Wosena le wo ɖokui me be ɖeɖi te yewo ŋu, agba wu tsɔtsɔ na yewo, yewogbɔdzɔ, eye wɔna vɔ le yewo ŋu gɔ̃ hã. Ne nya sia nye nyateƒe le gowòme la, aleke nàte ŋu akpe akɔ kple nɔnɔmea ƒe sesẽe?
12 Ðo ŋku edzi be, Yesu ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be yeana kpeɖeŋutɔ, si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, wo. (Mixlẽ Yohanes 14:16, 17.) Esiae nye ŋusẽ gãtɔ kekeake le xexea me godoo. Yehowa ate ŋu ato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ana ŋusẽ si míehiã be míado dzi le dodokpɔ ɖe sia ɖe me la mí “wòaƒo wo ta sãsãsã.” (Ef. 3:20) Apostolo Paulo gblɔ be, ne míeɖo ŋu ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la, míaxɔ “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu,” togbɔ be “womimi mí ɖo le mɔ sia mɔ nu” kura gɔ̃ hã. (2 Kor. 4:7, 8) Yehowa medo ŋugbe be yeaɖe xaxawo ɖa le mía dzi o, gake eka ɖe edzi na mí be yeato yeƒe gbɔgbɔa dzi ana ŋusẽ si míehiã la mí be míate ŋu akpe akɔ kpli wo.—Flp. 4:13.
13. (a) Aleke wodo ŋusẽ sɔhɛ aɖe wòle dzi dom le nɔnɔme sesẽ aɖe me? (b) Ðe esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo le asiwòa?
13 Le kpɔɖeŋu me, bu Stephanie, si nye gbesiagbe mɔɖela, si xɔ ƒe 19 la ŋu kpɔ. Esi wòxɔ ƒe 12 la, tutudɔ dze edzi eye wokpɔe be nu te ahɔhɔ̃ me nɛ. Tso ɣemaɣi la, wowɔ dɔ nɛ zi eve, wozã keklẽŋusẽ ƒe dɔdamɔnu nɛ, gbagbadɔa gadze edzi zi eve sɔŋ, si na be eƒe miasi kple miafɔ megatea ŋu wɔa dɔ nyuie o, eye megatea kpɔa nu nyuie hã o. Stephanie kpɔa egbɔ be nu siwo le vevie na ye wu, abe Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa ene, ŋu koe yeazã yeƒe ŋusẽ vi si le ye ŋu la ɖo. Ke hã, ede dzesii be Yehowa ƒe gbɔgbɔ la le kpekpem ɖe ye ŋu yele dzi dom le mɔ vovovowo nu. Biblia srɔ̃gbalẽ siwo me hati Kristotɔwo ƒe agbemenuteƒekpɔkpɔwo le xexlẽ doa ŋusẽe ne dzi ɖe le eƒo. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ɖoa lɛtawo ɖee tsɔ doa ŋusẽe alo wogblɔa dzideƒonyawo nɛ do ŋgɔ na kpekpeawo kple le kpakpã megbe. Ðetsɔlemetɔwo hã ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nu siwo fiam Stephanie le wo la ŋu, si wɔe be woyia egbɔ le eƒe me wòsrɔ̃a Biblia kpli wo. Stephanie se le eɖokui me be ele be yeada akpe gã aɖe na Yehowa ɖe esiawo katã ta. Mawunyakpukpui si wòlɔ̃na vevie, si wòka ɖe edzi be eva eme le ye gome ye nye Psalmo 41:4.
14. Nu kae wòle be míaƒo asa na ne dzi ɖe le mía ƒo, eye nu ka tae?
14 Ne ɖeɖi te mía ŋu alo míele nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, mele be míasusui gbeɖe be ne míeɖe gbɔgbɔmedɔwo dzi kpɔtɔ ko la, míate ŋu anɔ te ɖe kuxia nu o. Emae anye nyametsotso gbegblẽtɔ kekeake si míawɔ. Nu ka tae? Elabena dɔ mawo ƒomeviwo, abe ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ƒome Biblia nusɔsrɔ̃, gbeadzisubɔsubɔdɔ, kple kpekpewo dede ene, dzie míetona be gbɔgbɔ kɔkɔea naa ŋusẽ yeye ɖoa mía ŋu. Gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwo me nana míaƒe dzi dzea eme godoo. (Mixlẽ Mateo 11:28, 29.) Ðe medzɔna zi geɖe be ɖeɖi tea nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu hafi wovaa kpekpewo, gake kaka woakpã ayi aƒe me la, ŋusẽ yeye gaɖoa wo ŋu le gbɔgbɔ me oa? Ŋusẽ gaɖo woƒe kpɔɖeŋu batri la me le gbɔgbɔmegɔmesese nu!
15. (a) Ðe Yehowa do ŋugbe be yeana agbea nanɔ bɔbɔe na Kristotɔwoa? Wò numeɖeɖea nenɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. (b) Nu ka ƒe ŋugbee Mawu do na mí, eye nya kae wòsɔ be míabia?
15 Esia mefia be Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ mesesẽ o. Ehiã agbagbadzedze hafi ame nanye Kristotɔ nuteƒewɔla. (Mat. 16:24-26; Luka 13:24) Ke hã, Yehowa ate ŋu ato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ado ŋusẽ ame si ŋu ɖeɖi te. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ bena: ‘Ŋusẽ yeye ɖoa ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa ŋu, woɖɔa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua du metia wo o, wozɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.’ (Yes. 40:29-31) Esi wòle alea ta la, anyo be míabia be, Nu ka koŋ gbɔe wòtsona be míesena le mía ɖokui me be Kristotɔwo ƒe dɔwo wɔwɔ sesẽ?
16. Nu kae míate ŋu awɔ be míadzudzɔ nu siwo naa ɖeɖi tea mía ŋu alo dzi ɖena le mía ƒo la wɔwɔ?
16 Yehowa ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be “[míakpɔ] nu siwo le vevie wu la adze sii nyuie.” (Flp. 1:10) Esi apostolo Paulo tsɔ Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ nɔ sɔsɔm kple duɖimekeke la, gbɔgbɔ ʋãe wòɖo aɖaŋu be: “Mina míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe . . . ɖa, eye mina míatsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke si woɖo na mí la dzi.” (Heb. 12:1) Nu si wòwɔnɛ ye nye be míaƒo asa na nu maɖinuwo yome titi, kple agba siwo mehiã o la tsɔtsɔ, siwo ana ɖeɖi nate mía ŋu. Ate ŋu anɔ eme be mía dometɔ aɖewo le agbagba dzem be míawɔ dɔ geɖe fũu akpa, evɔ agba geɖe le mía dzi xoxo. Eya ta ne èsea ɖeɖiteameŋu kple nuteɖeamedzi edziedzi la, ɖewohĩ anyo be nàgbugbɔ alé ŋku ɖe ɖoɖo si dzi nèzɔna ɖo le ŋutilãmedɔwo wɔwɔ me, zi gbɔ zi ale si nèzɔa mɔ ɖe modzakaɖeɖe ta, kple ale si gbegbe nètia kamedefefewo kple dzidzɔdonamenuwo yomee ŋu. Ele be nuŋububu nyuie kple ŋuɖɔɖɔɖo nakpe ɖe mí katã ŋu míade dzesi afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo, eye míaɖe dɔwɔna kple nu bubu siwo mehiã o la dzi kpɔtɔ.
17. Nu kae ate ŋu awɔe be dzi naɖe le ame aɖewo ƒo, gake kakaɖedzi kae Yehowa na mí le esia ŋu?
17 Ate ŋu anɔ eme hã be nu tena ɖe mía dometɔ aɖewo dzi, le esi míekpɔ mɔ be nuɖoanyi sia nawu nu xoxoxo ta. (Lod. 13:12) Ke hã, anyo be ame sia ame si sena le eɖokui me alea la nana Xabakuk 2:3 me nyawo, si gblɔ be, “Azãgbe li na ŋutega la, eƒe nuwuwu le aƒe tum, eye maflu ame o; ke ne etsi megbe la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o,” la nado ŋusẽe. Yehowa na kakaɖedzi mí be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ava ɖe game dzi tututu!
18. (a) Ŋugbedodo kawoe doa ŋusẽ wò? (b) Aleke nyati si kplɔe ɖo la aɖe vi na míi?
18 Kakaɖedzitɔe la, Yehowa subɔla wɔnuteƒewo katã le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si ɖeɖiteameŋu kple dziɖeleameƒo nu ayi, esi me mí katã míagaɖo míaƒe “ɖekakpuiŋkekewo me” la vevie. (Hiob 33:25) Gake fifia gɔ̃ hã la, woate ŋu ana ŋusẽ naɖo mía ŋu le ememe to gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi esime míele gome kpɔm le gbɔgbɔmedɔ siwo dea dzo mía me la me. (2 Kor. 4:16; Ef. 3:16) Mègaɖe mɔ ɖeɖiteameŋu nana yayra mavɔwo nato ŋuwò o. Dodokpɔ ɖe sia ɖe nu ava yi—eɖatso tetekpɔwo, ɖeɖiteameŋu, alo dziɖeleameƒo gbɔ o—ne enu meva yi fifia o gɔ̃ hã la, ava yi le Mawu ƒe xexe yeyea me. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro ale si gbɔgbɔ kɔkɔea doa ŋusẽ Kristotɔwo be woado dzi le yometiti me, anɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu vɔ̃wo nu, ahado dzi le xaxa vovovowo me la me.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Aleke Biblia xexlẽ doa ŋusẽ míi?
• Aleke gbedodoɖa kple ŋugbledede doa ŋusẽ míi?
• Aleke míate ŋu adzudzɔ nu siwo naa ɖeɖi tea mía ŋu alo dzi ɖena le mía ƒo la wɔwɔ?
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Kristotɔwo ƒe kpekpewo ate ŋu ado ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me