Ðeɖekpɔkpɔ Ayi ɖe Dzɔdzɔenyenye Xexe Yeye Me
“Dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” —PSALMO 37:11.
1, 2. (a) Aleke alesi Yehowa aɖe amewo le míaƒe ɣeyiɣia me ato vovo na alesi wòɖe amewo le blema? (b) Xexe ka tɔgbe mee Yehowa akplɔ eƒe amewo ayii?
YEHOWA nye Mawu ɖeɖenala. Eɖe eƒe amewo zi geɖe le blema. Ðeɖekpɔkpɔ mawo menɔ anyi ɖaa o elabena Yehowa medrɔ̃ ʋɔnu Satana ƒe xexeme bliboa katã keŋkeŋ le nudzɔdzɔ mawo dometɔ aɖeke me o. Gake le míaƒe ŋkekea me la, Yehowa ana ɖeɖe gãtɔ kekeake esubɔlawo kpuie. Fifia ya atsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa sia akpa ɖikaa le anyigba katã dzi, eye wòakplɔ esubɔlawo ayi dzɔdzɔenyenye xexe yeye si anɔ anyi ɖaa me.—Petro II, 2:9; 3:10-13.
2 Yehowa do ŋugbe be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ke [ame fafawo, NW] anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:10, 11) Vaseɖe ɣekaɣi? “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29; Mateo 5:5) Gake hafi nu ma nadzɔ la, xaxa si meva xexe sia dzi kpɔ o la ava.
“Xaxa Gã” La
3. Aleke Yesu gblɔ be “xaxa gã” la anɔ?
3 Xexe sia ge ɖe eƒe “ŋkeke mamlɛawo” me le ƒe 1914 me. (Timoteo II, 3:1-5, 13) Ɣeyiɣi ma dze egɔme ƒe 83 enye sia eye míele eƒe nuwuwu gogom, esime nudzɔdzɔ sia si Yesu gblɔ ɖi la adzɔ: “Xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.” (Mateo 24:21) Ẽ, asesẽ wu Xexemeʋa II si me wowu amesiwo ade miliɔn 50 le. Nudzɔdzɔ si aʋuʋu xexeame katã kae nye si le du dzi gbɔna!
4. Nukata Mawu adrɔ̃ ʋɔnu “Babilon Gã la”?
4 “Xaxa gã” la adzɔ kpata ŋutɔ, le “gaƒoƒo ɖeka dzi.” (Nyaɖeɖefia 18:10) Adze egɔme ne Mawu drɔ̃ ʋɔnu alakpasubɔsubɔhawo katã si Mawu ƒe Nya yɔ be “Babilon Gã la.” (Nyaɖeɖefia 17:1-6, 15) Alakpasubɔsubɔe nye blema Babilon ƒe nuwɔna vevitɔ. Egbegbe Babilon ɖi esi nɔ anyi le blema, eye etsi tre ɖi na alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe. Ewɔ gbolo le esi wòwɔ ɖeka kple dunyahenuɖoanyia ta. Ede woƒe aʋawɔwɔwo dzi eye wòyra asrafowo le akpawo kple eve, si wɔe be subɔsubɔha ɖeka me tɔwo wu wo nɔewo. (Mateo 26:51, 52; Yohanes I, 4:20, 21) Eŋe aɖaba ƒu eƒe hameviwo ƒe nufitifitiwɔwɔwo dzi eye wòti Kristotɔ vavãwo yome.—Nyaɖeɖefia 18:5, 24.
5. Aleke “xaxa gã” la adze egɔmee?
5 “Xaxa gã” la adze egɔme ne dunyahenuɖoanyia dze “Babilon Gã la” dzi zi ɖeka. “Woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.” (Nyaɖeɖefia 17:16) Emegbe edzidela tsãtɔwo “woafa avi, eye woafa konyi nɛ.” (Nyaɖeɖefia 18:9-19) Gake Yehowa subɔlawo le mɔ kpɔm na nusia ɣeyiɣi didi aɖee nye sia, eye woagblɔ be: “Mikafu Yehowa! . . . elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.”—Nyaɖeɖefia 19:1, 2.
Wodze Mawu Subɔlawo Dzi
6, 7. Nukata kakaɖedzi ate ŋu anɔ Yehowa subɔlawo si ne wodze wo dzi le “xaxa gã” la me?
6 Ne dunyahenuɖoanyia tsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo vɔ la, woatrɔ ɖe Yehowa subɔlawo ŋu. Satana si nye ‘Gog le Magog-nyigba dzi’ gblɔ le nyagblɔɖi me be: “Maƒo ɖe amesiwo li bɔkɔɔ, eye woɖe dzi ɖi la dzi.” Esusu be yeate ŋu adze wo dzi bɔbɔe, eyata akplɔ “aʋakɔ nyadri . . . abe alilikpo ene” ava dze wo dzi. (Xezekiel 38:2, 10-16) Yehowa ƒe amewo nya be amedzidzedze sia madze edzi o elabena woɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu.
7 Esi Farao kple eƒe aʋakɔa susu be yewoxaxa Mawu subɔlawo ɖo ɖe Ƒudzĩa nu la, Yehowa ɖe eƒe dukɔa nukutɔe eye wòtsrɔ̃ Egipte-ʋakɔwo. (Mose II, 14:26-28) Le “xaxa gã” la me, ne dukɔwo susu be yewoxaxa Yehowa ƒe amewo ɖo la, agaxɔ na wo nukutɔe: “[Gbemagbe] . . . nye dɔmedzoe ade dzi le nye ŋɔti me. Nye ŋuʋaʋã kple nye dziku ƒe dzo mee [maƒo] nu le.” (Xezekiel 38:18, 19) Ɣemaɣi “xaxa gã” la aɖo eƒe nuwuwu vɔ!
8. Nu wɔnuku kawoe adzɔ hafi Yehowa natsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, eye aleke wòawɔ dɔ ɖe amewo dzii?
8 Ne “xaxa gã” la dze egɔme va ɖo afi aɖe, gake do ŋgɔ na Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xexe sia ƒe akpa susɔe la, nu wɔnuku aɖewo adzɔ. Se alesi wòawɔ dɔ ɖe amewo dzii ɖa. “[Kristo] Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã woado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.” (Mateo 24:29, 30) “Dzesiwo lado ɖe ɣe kple ɣleti kple ɣletiviwo me, . . . eye amewo ƒe gbɔgbɔ nu latsi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nusiwo le anyigba blibo la katã dzi vam la ŋuti.”—Luka 21:25, 26.
“Miaƒe Ðeɖe la Gogo”
9. Nukata Yehowa subɔlawo ate ŋu ‘akɔ woƒe tawo ɖe dzi’ ne nu wɔnuku mawo le dzɔdzɔm?
9 Ɣemaɣi tututu la nyagblɔɖi si le Luka 21:28 ava eme. Yesu gblɔ be: “Ne nusiawo de asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.” Vɔvɔ̃ alé Mawu ƒe futɔwo eye woanɔ dzodzom nyanyanya elabena woanya be Yehowae le nu wɔnuku mawo wɔm. Gake Yehowa subɔlawo ya atso aseye elabena woanya be yewoƒe ɖeɖe gogo.
10. Aleke Mawu ƒe Nya la gblɔ be “xaxa gã” la awu nui?
10 Yehowa aŋe kɔ le Satana ƒe nuɖoanyia nu keŋkeŋ azɔ: “Matsɔ dɔvɔ̃ kple ʋu, tsidzadza gãwo kple tsikpewo adrɔ̃ [ʋɔnu Gog], eye mana dzo kple aŋɔ nadza ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kpakple dukɔ geɖe . . . dzi. Ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.” (Xezekiel 38:22, 23) Wotsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa sia akpa ɖikaa. Wotsrɔ̃ ameƒomea me tɔ siwo katã meɖoa ŋku Mawu dzi o ɖa. Emae nye Harmagedon taƒoƒo le “xaxa gã” la me.—Yeremya 25:31-33; Tesalonikatɔwo II, 1:6-8; Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 19:11-21.
11. Nukata woaɖe Yehowa subɔlawo le “xaxa gã” la me?
11 Woaɖe Yehowa subɔla miliɔn geɖe siwo le anyigba katã dzi tso “xaxa gã” la me. Amesiawoe nye “ameha gã” siwo tso “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbe gbɔgblɔ me.” Nukata woto nudzɔdzɔ dziŋɔ sia dzi ɖe wo? Nusitae nye be ‘wotsɔa subɔsubɔ kɔkɔe na Yehowa zã kple keli.’ Eyata wotsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu eye wokplɔ wo yi dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeyea mee. (Nyaɖeɖefia 7:9-15) Ale woakpɔ Yehowa ƒe ŋugbedodo sia me vava teƒe: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.”—Psalmo 37:34.
Xexeme Yeye La
12. Nukae amesiwo atsi agbe le Harmagedon me ate ŋu akpɔ mɔ na?
12 Aseyetsoɣi kae nye si wòanye—woɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa eye ŋutikɔkɔe ƒe ɣeyiɣi gãtɔ kekeake le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me dze egɔme! (Nyaɖeɖefia 20:1-4) Aleke gbegbe amesiwo atsi agbe le Harmagedon me ada akpe na Yehowa enye si be yewoge ɖe nuɖoanyi nyui dzadzɛ si Mawu wɔ, xexe yeye si le anyigba si woawɔ wòazu paradiso dzi la me! (Luka 23:43) Eye magahiã gbeɖe be woaku akpɔ o! (Yohanes 11:26) Le nyateƒe me tso ɣemaɣi la, mɔkpɔkpɔ wɔnuku manyagblɔ asu wo si be woanɔ agbe ɖaa zi alesi Yehowa le agbe!
13. Aleke Yesu ayi dɔdada si gɔme wòdze le anyigba dzi la dzii?
13 Yesu, amesi Yehowa ɖo Dziƒofia lae axɔ ŋgɔ le yayra wɔnuku siwo amesiwo woɖe axɔ la nana me. Esime wònɔ anyigba dzi la, eʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo kple to na tokunɔwo eye wòda “dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi.” (Mateo 9:35; 15:30, 31) Agawɔ dɔdada gã ma le xexe yeyea me, gake akpe xexeame katã ɖo. Esi wònye eyae nye Mawu ƒe Dɔnunɔla ta la, ana ŋugbedodo sia nava eme be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Atikewɔlawo kple amekukudzraɖolawo magahiã azɔ gbeɖe o!—Yesaya 25:8; 33:24.
14. Ðeɖe kae woana Yehowa subɔla siwo ku xoxo la?
14 Amesiwo hã woaɖe enye Mawu subɔla nuteƒewɔla siwo katã ku va yi. Le xexe yeyea me la, woaɖe wo tso yɔdo me. Yehowa na kakaɖedzi be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Anɔ eme be woafɔ “ame dzɔdzɔewo” ɖe tsitre do ŋgɔ bene woakpe asi ɖe Paradisoa keke ɖe nu ŋuti. Aleke gbegbe wòadzɔ dzi na amesiwo atsi agbe le Harmagedon me enye si be woase nuteƒewɔla mawo siwo ku gbaɖegbe ke la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo esi wogatrɔ va agbe me!—Yohanes 5:28, 29.
15. Ƒo nu tso nɔnɔme siwo anɔ xexe yeyea me dometɔ aɖewo ŋu.
15 Ɣemaɣi la, nya si hakpala la gblɔ le Yehowa ŋu ava eme na amesiwo katã le agbe: “Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.” (Psalmo 145:16) Dɔwuame maganɔ anyi o: Nuwo kple yame ƒe nɔnɔme ada asɔ nyuie le anyigba dzi eye wòawɔ nu kpaŋkpaŋ. (Psalmo 72:16) Aƒemanɔamesi ƒe nya aɖeke maganɔ anyi o: “Woatu xɔ anɔ eme,” eye amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe “eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.” (Yesaya 65:21, 22; Mixa 4:4) Vɔvɔ̃ maganɔ anyi o: Aʋawɔwɔ, ŋutasesẽ, alo nuvlowɔwɔ maganɔ anyi o. (Psalmo 46:9, 10; Lododowo 2:22) “Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, wode asi aseyetsotso me.”—Yesaya 14:7.
16. Nukata dzɔdzɔenyenye axɔ xexe yeyea me katã?
16 Le xexe yeyea me la, woaɖe mɔ siwo dzi Satana tona doa eƒe didiwo ɖe ŋgɔ la ɖa. ‘Dzɔdzɔenyenye ye amesiwo le anyigba wɔnu la dzi asrɔ̃’ ɖe eteƒe. (Yesaya 26:9; 54:13) Esi woaxɔ gbɔgbɔ me nufiame nyuiwo ƒe sia ƒe ta la, “sidzedze Yehowa [axɔ] anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:9) Ameƒomea katã ƒe tamesusu kple nuwɔna anyo. (Filipitɔwo 4:8) Kpɔe ɖa ko, amewo ƒe habɔbɔ si le xexeame katã—esi nye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ si me amewo katã tsea Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kuwo le avo tso hlɔ̃dodo, ɖokuitɔdidi, kple ŋuʋaʋã me. Le nyateƒe me la, ameha gã la le nɔnɔme mawo tum ɖo fifia gɔ̃ hã.—Galatiatɔwo 5:22, 23.
Nukatae Eteƒe Didi Alea?
17. Nukata Yehowa lala ɣeyiɣi didi sia gbegbe hafi wòava ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa?
17 Gake nukatae Yehowa lala eteƒe didi alea gbegbe metsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo heɖe eƒe amewo yi xexe yeyea me kpɔ o? De ŋugble le nusi wòle be woawɔ ŋu kpɔ. Vevitɔe nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye, gome si le esi be wòaɖu dzi la taʋiʋli. Esi wòɖe mɔ ɣeyiɣi geɖe va yi la, eɖee fia ɖikekemanɔŋui be amegbetɔ ƒe dziɖuɖu yeƒe dziɖulanyenye manɔmee do kpo nu ŋutɔ. (Yeremya 10:23) Eyata Yehowa tɔ dzɔ keŋkeŋ fifia be wòaɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ɖa ahatsɔ eƒe Dziƒofiaɖuƒe dziɖuɖu si le Kristo te aɖo eteƒe.—Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10.
18. Ɣekaɣie Abraham ƒe dzidzimeviwo nyi Kanaan-nyigba la dome?
18 Nusiwo dzɔ le ƒe alafa siawo katã me la ɖi esi dzɔ le Abraham ƒe ɣeyiɣia me. Yehowa gblɔ na Abraham be eƒe dzidzimeviwo anyi Kanaan-nyigba la dome—gake ƒe alafa ene megbe hafi wòva eme “elabena Amoritɔwo ƒe vodada mesɔ gbɔ vɔ haɖe o.” (Mose I, 12:1-5; 15:13-16) Ŋkɔ “Amoritɔwo” (si nye to sesẽ aɖe) anya tsi tre ɖi na Kanaanitɔwo katã. Eyata ƒe siwo ade alafa ene ava yi hafi Yehowa ana eƒe dukɔa naxɔ Kanaan. Do ŋgɔ la, Yehowa ɖe mɔ Kanaan-dukɔwo nɔ nusi dze woa ŋutɔwo ŋu wɔm. Nukae do tso eme?
19, 20. Nukawo tɔgbee Kanaanitɔwo wɔ?
19 Bible Handbook si Henry H. Halley ta la gblɔ be tomenukulawo kpɔ mawunɔ Astarte si nye Baal srɔ̃ ƒe gbedoxɔ aɖe ƒe glikpowo le Megido. Eŋlɔe be: “Ameɖiƒe aɖe nɔ adzɔge vie tso gbedoxɔ sia gbɔ afisi wokpɔ ze gbogbo aɖewo siwo me vidzĩ siwo wotsɔ sa vɔe le gbedoxɔ sia me ƒe ƒuwo le. . . . Baal kple Astarte ƒe nyagblɔɖilawoe woɖo wonɔ ɖeviwo wum.” “Nuwɔna dziŋɔ bubue nye [nusi] woyɔ be ‘gɔmeɖoanyivɔsawo.’ Ne wobe woatu xɔ la, wotsɔa ɖevi aɖe saa vɔe eye wotsɔa eƒe ametia dea glia me.”
20 Halley gblɔ be: “Baal, Astarte, kple Kanaan-mawu bubuwo subɔsubɔ nye ɖokuidzimaɖumaɖu ƒe aglotutu siwo gbɔ eme ŋutɔ; woƒe gbedoxɔwo nye nu gbegblẽ wɔƒewo. . . . Enye Kanaanitɔwo ƒe subɔsubɔkɔnu be woanyrɔ wo ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me . . . eye azɔ hã wowua woƒe ŋgɔgbeviwo tsɔna saa vɔe na mawu siawo ke. Edze abe le nu geɖe gome la, Kanaan-nyigba la va zu dukɔ blibo ƒe Sodom kple Gomora tɔgbe aɖe ene. . . . Ðe dukɔ ma si ƒe fewɔwɔ kple ŋutasesẽ nyɔ ŋu nenema gbegbe gadze be wòanɔ anyia? . . . Ewɔa nuku na blematomenukula siwo kua Kanaan ƒe dudowo la be Mawu metsrɔ̃ wo kaba do ŋgɔ na ema o.”—Tsɔe sɔ kple Fiawo I, 21:25, 26.
21. Go ka mee nɔnɔme si me Kanaanitɔwo nɔ kple míaƒe ŋkekea me tɔ sɔ le?
21 Amoritɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va ‘sɔ gbɔ azɔ.’ Eyata Yehowa tɔ dzɔ keŋkeŋ ɣemaɣi be wòatsrɔ̃ wo. Nenema ke wòle egbea hã. Ŋutasesẽ, agbegbegblẽnɔnɔ, kple vlododo Mawu ƒe sewo bɔ ɖe xexe sia me. Esɔ be ɖevi siwo wotsɔ sa vɔe le blema Kanaan tamesesẽtɔe si míese la dzi ŋɔ na mí, ke ɖevi miliɔn gbogbo siwo wotsɔ sa vɔe le xexeame ƒe aʋawɔwɔwo me, si vɔ̃ɖi wu nusianu si wowɔ le Kanaan ya ɖe? Nyateƒee, Yehowa tɔ dzɔ keŋkeŋ azɔ be wòahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ava nuwuwui.
Ele Nu Bubu aɖe hã Wɔm
22. Nukae Yehowa ƒe dzigbɔgbɔɖi le wɔwɔm le míaƒe ɣeyiɣia me?
22 Yehowa ƒe dzigbɔgbɔɖi le ŋkeke mamlɛ siawo me le nu bubu aɖe hã wɔm. Ele ɣeyiɣi nam be woatsɔ aƒo ameha gã si ƒe xexlẽme wu miliɔn atɔ̃ xoxo la nu ƒu ahafia nu wo. Yehowa fia mɔ wo be wozu habɔbɔ si le ŋgɔ yim. Wonaa hehe ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo be woafia Biblia me nyateƒea ame bubuwo. Wosrɔ̃a Mawu ƒe lɔlɔ̃mɔwo le woƒe kpekpewo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo me. (Yohanes 13:34, 35; Kolosetɔwo 3:14; Hebritɔwo 10:24, 25) Hekpe ɖe eŋu la, wole xɔtutu, elektrikmɔ̃ɖaŋu, agbalẽtata, kple aɖaŋudɔ bubuwo srɔ̃m bene woatsɔ ado gbeƒãɖeɖe “nyanyui” la ɖe ŋgɔ. (Mateo 24:14) Anɔ eme be woawɔ nufiafia kple xɔtuɖaŋu mawo ŋudɔ geɖe le xexe yeyea me.
23. Nukata wònye mɔnukpɔkpɔ be míele agbe le ɣeyiɣi sia me?
23 Ẽ, Yehowa le eƒe amewo dzram ɖo egbea bene woato “xaxa gã” la me ayi dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me. Ekema Satana kple eƒe xexeme vɔ̃ɖi la maganɔ anyi woate kame kple o, dɔléle, konyifafa, kple ku maganɔ anyi o. Mawu ƒe amewo atsɔ dzonɔameme kple aseyetsotso geɖe ayi dzidzɔdɔ si nye paradiso ɖoɖoanyi la dzi, afisi ŋkeke ɖesiaɖe anye “dzidzɔ” sɔŋ le. Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye be míanɔ agbe le nuwuɣi sia me, be míanya Yehowa ahasubɔe eye míakpɔe be eteƒe madidi kura o la ‘míakɔ míaƒe tawo ɖe dzi, elabena míaƒe ɖeɖe la gogo!’—Luka 21:28; Psalmo 146:5.
Numetotobiabiawo
◻ Nukae nye “xaxa gã” la, eye aleke wòadze egɔmee?
◻ Nukata Gog ƒe Yehowa subɔlawo dzi dzedzea madze edzi o?
◻ Aleke “xaxa gã” la awu nui?
◻ Nu nyui kawoe anɔ xexe yeyea me?
◻ Nukata Yehowa lala ɣeyiɣi didi sia gbegbe hafi atsrɔ̃ nuɖoanyi sia?
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Woatrɔ anyigba la katã wòazu paradiso