INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Aleke Wowɔ Va Ke Ðe Biblia Me Nyateƒea Ŋu?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
    • NUSƆSRƆ̃ 3

      Aleke Wowɔ Va Ke Ðe Biblia Me Nyateƒea Ŋu?

      Ŋutsu aɖewo ƒo ƒu le Biblia srɔ̃m le ƒe 1870-awo me

      Biblia Nusrɔ̃viwo, ƒe 1870-awo me

      Ŋutsu aɖe le Gbetakpɔxɔ ƒe tata gbãtɔ xlẽm

      Gbetakpɔxɔ ƒe tata gbãtɔ, ƒe 1879

      Nyɔnu aɖe lé Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ɖe asi

      Gbetakpɔxɔ ƒe tata egbea

      Biblia gblɔe ɖi be le Kristo ƒe ku megbe la, aʋatsonufialawo aɖo Kristotɔ gbãtɔwo dome eye woatɔ tsi Biblia me nyateƒea. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Ema tututue dzɔ esi ƒeawo va nɔ yiyim. Amewo tsɔ trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔsewo va tsaka kple Yesu ƒe nufiafiawo, eye esia na alakpasubɔsubɔha siwo be Kristotɔwoe yewonye la va do. (2 Timoteo 4:3, 4) Aleke míawɔ aka ɖe edzi be nu si tututu Biblia fia la ƒe gɔmesese vavãtɔ ye su mía si egbea?

      Ɣeyiɣia de be Yehowa naɖe nyateƒea ɖe go. Mawu gblɔe ɖi be le ‘nuwuɣia la, sidzedze vavãtɔ adzi ɖe edzi.’ (Daniel 12:4) Le ƒe 1870 me la, ame ʋɛ aɖewo siwo ƒo ƒu nɔ nyateƒea dim la va kpɔe dze sii be sɔlemehawo ƒe nufiafia geɖe mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o. Eya ta wodze Biblia me nyateƒea ƒe gɔmesese vavãtɔ didi gɔme, eye Yehowa yra wo wova se Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie.

      Dzianukwaretɔwo dzro Biblia me tsitotsito. Biblia Nusrɔ̃vi veviedonula mawo siwo do ŋgɔ na mí la zã nusɔsrɔ̃mɔnu aɖe si zãm míegale va se ɖe egbe. Wodzro Biblia me nyati vovovoawo me ɖekaɖeka. Ne wova ɖo Biblia ƒe akpa aɖe si gɔmesese sesẽ na wo dzi la, wodia mawunyakpukpui bubu siwo kɔ nya ma tututu me. Ne wova kpɔ gɔmesese si wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubuawo la, woŋlɔa ale si woƒo nya tae ɖi. Esi wona Biblia la ŋutɔ ƒe kpukpuiwo kɔ eƒe kpukpui bubuawo me alea la, wogava ke ɖe Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe Fiaɖuƒe la, tame si wòɖo ɖe ameƒomea kple anyigbaa ŋu, nɔnɔme si me ame kukuwo le, kple tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋuti nyateƒea ŋu. Biblia me nyateƒe siwo ŋu woke ɖo la na wova ɖe asi le aʋatsodzixɔse kple nuwɔna geɖewo ŋu.​—Yohanes 8:31, 32.

      Le ƒe 1879 me la, Biblia Nusrɔ̃viwo kpɔe be ɣeyiɣia de be yewoana amewo nanya nyateƒenya siawo. Eya ta tso ƒe ma me la, wodze Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe magazine la tata gɔme ɖe Eŋlisigbe me, eye míegale etam va se ɖe egbe. Fifia míele Biblia me nyateƒea gblɔm le dukɔ 240 me le gbegbɔgblɔ 750 kple edzivɔ me. Sidzedze vavãtɔ medzi ɖe edzi alea gbegbe kpɔ le xexea me o!

      • Nu kae va dzɔ ɖe Biblia me nyateƒea dzi le Kristo ƒe ku megbe?

      • Nu kae kpe ɖe mía ŋu míegava ke ɖe nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me ŋu?

  • Nu Ka Tae Míeta Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia La?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
    • NUSƆSRƆ̃ 4

      Nu Ka Tae Míeta Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia La?

      Agbalẽtamɔ̃ xoxo aɖe
      Woɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe tata gbãtɔ ɖe go
      Amewo le ŋku lém ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ŋu le Congo (Kinshasa)

      Congo (Kinshasa)

      Wole Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ɖem ɖe go le Rwanda

      Rwanda

      Symmachus ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ si me Mawu ƒe ŋkɔ dze le

      Symmachus ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ si me Mawu ƒe ŋkɔ dze le le Psalmo 69:32, le ƒe alafa etɔ̃lia alo enelia Kristotɔwo Ŋɔli

      Le ƒe geɖe siwo va yi me la, Yehowa Ðasefowo zã Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo, wota wo hema wo na amewo. Gake míeva kpɔe be ehiã be míata Biblia gɔmeɖeɖe si akpe ɖe amewo katã ŋu be woasrɔ̃ “nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la,” abe ale si Mawu dii ene. (1 Timoteo 2:3, 4) Eya ta tso ƒe 1950 me la, míedze Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si xexlẽ le bɔbɔe la tata gɔme. Míeɖe Biblia sia gɔme nuteƒewɔwɔtɔe wòsɔ pɛpɛpɛ hetae ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 130 me fifia.

      Biblia aɖe si gɔmesese le bɔbɔe hiã. Gbegbɔgblɔwo trɔna ne ɣeyiɣiawo va le yiyim, eye nya siwo wozã le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me la me mekɔ o alo womegazãa nya mawo le nuƒoƒo me egbea o, si wɔe be wo gɔmesese sesẽna. Azɔ hã, wova ke ɖe ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔ xoxotɔ aɖewo ŋu, siwo de pɛpɛpɛ eye wo ŋlɔɣi gogo gbãtɔawo, eye esia kpe ɖe amewo ŋu wova se Hebrigbe, Aramgbe, kple Helagbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo gbã la gɔme ɖe edzi wu.

      Biblia gɔmeɖeɖe aɖe si metɔ tsi Mawu ƒe nya la o hiã. Ele vevie be Biblia gɔmeɖelawo naɖe nyawo gɔme wòasɔ pɛpɛpɛ ɖe ŋɔŋlɔ gbãtɔawo nu, ke menye be woatrɔ Mawu ƒe nya si tso gbɔgbɔ me la ale si wodii o. Gake nu si dzɔe nye be, le gɔmeɖeɖe geɖe me la, woɖe Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ɖa le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me.

      Biblia aɖe si akɔ Eŋlɔla ƒe ŋkɔ ŋu la hiã. (2 Samuel 23:2) Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me la, míenɔ te ɖe Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo, abe esi ƒe foto dze le ete le afi sia ene, dzi gbugbɔ Yehowa ƒe ŋkɔ de teƒe siwo wu 7,000 siwo wòdze le la katã. (Psalmo 83:19) Numekuku siwo míewɔ ƒe geɖe kutrikukutɔe la na míete ŋu ta Biblia sia si xexlẽ doa dzidzɔ na ame le esi wòɖe Mawu ƒe susuwo ɖe go pɛpɛpɛ ta. Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la ɖale mia degbe me loo alo meli o, míele dzi dem ƒo na wò be nàna Yehowa ƒe Nya la xexlẽ gbe sia gbe nazu numame na wò.—Yosua 1:8; Psalmo 1:2, 3.

      • Nu ka tae míekpɔe be Biblia gɔmeɖeɖe yeye aɖe hiã?

      • Nu kae wòle be ame sia ame si di be yeasrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nanɔ wɔwɔm gbe sia gbe?

      ANYO BE NÀWƆ ESIA

      Xlẽ Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la ƒe ŋgɔdonya, eye nàɖo biabia si gbɔna ŋu: “Agba kae kɔmiti si ɖe Biblia sia gɔme la de dzesii be ele yewo dzi?” Eyome tsɔ ale si woɖe mawunyakpukpui siwo gbɔna gɔme la sɔ kple ale si woɖe wo gɔmee le Biblia bubu siwo le asiwò la me: Mateo 5:3; 11:12; Filipitɔwo 1:8; Kolosetɔwo 3:9.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe