INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Vi Kawoe Míaƒe Kpekpewo Dede Aɖe Na Wò?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
    • NUSƆSRƆ̃ 5

      Vi Kawoe Míaƒe Kpekpewo Dede Aɖe Na Wò?

      Yehowa Ðasefowo le Fiaɖuƒe Akpata me le Argentina

      Argentina

      Yehowa Ðasefowo le kpekpe me le Sierra Leone

      Sierra Leone

      Yehowa Ðasefowo le kpekpe me le Belgium

      Belgium

      Yehowa Ðasefowo le kpekpe me le Malaysia

      Malaysia

      Ame geɖe megadea sɔleme egbea o le esi womekpɔa ŋuɖoɖo na agbe me nyabiase veviwo loo alo kpɔa akɔfaname aɖeke o ta. Ke nu ka tae wòle be nàde Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo ya? Vi kae Kristotɔ siawo ƒe kpekpewo dede aɖe na wò?

      Àkpɔ dzidzɔ be yele ame siwo lɔ̃a ame hetsɔa ɖe le eme na ame la dome. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔwo kpena dea ta agu na Mawu le hame vovovowo me, eye wosrɔ̃a Ŋɔŋlɔawo hedea dzi ƒo na wo nɔewo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Esi lɔlɔ̃ le wo dome ta la, wosena le wo ɖokuiwo me be yewole xɔlɔ̃ vavã siwo nye yewo nɔvi Kristotɔwo dome. (2 Tesalonikatɔwo 1:3; 3 Yohanes 14) Míawo hã míezɔna ɖe ɖoɖo sia ke nu eye dzi dzɔa mí abe woawo ke ene.

      Àkpɔ viɖe tso Biblia ƒe mɔfiamewo sɔsrɔ̃ kple wo dzi wɔwɔ me. Abe ale si wònɔ le Biblia ŋlɔɣi ene la, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa kpea ta ɖekae. Nufiala bibiwo zãa Biblia tsɔ fiaa ale si míawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le míaƒe agbe mee la mí. (5 Mose 31:12; Nexemiya 8:8) Ame sia ame ate ŋu akpɔ gome le nyaŋuɖoɖo kple hadzidzi me, eye míewɔa esia tsɔ ʋua míaƒe xɔse me.—Hebritɔwo 10:23.

      Wò Mawu dzi xɔxɔ se me agasẽ ɖe edzi. Apostolo Paulo gblɔ na hame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dometɔ ɖeka be: ‘Ele dzroyem vevie be makpɔ mi, be míade dzi ƒo na mía nɔewo; ame sia ame ƒe xɔse nado ŋusẽ nɔvia tɔ, mia tɔ kple tɔnye siaa.’ (Romatɔwo 1:11, 12) Hadede kple mía nɔvi xɔsetɔwo edziedzi le kpekpeawo me doa ŋusẽ míaƒe xɔse be míayi edzi anɔ agbe nɔm ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu.

      Nu ka tae màva míaƒe kpekpeawoenumake be wò ŋutɔ nàva kpɔ nu siawo teƒe o? Míaxɔ wò alɔ evee. Womexɔa ga aɖeke ɖe kpekpeawo vava ta o.

      • Ame kawo ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃mee míele le ale si míewɔa míaƒe kpekpewoe me?

      • Vi kawoe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede aɖe na mí?

      ANYO BE NÀWƆ ESIA

      Ne èdi be yeakpɔ ale si míaƒe Fiaɖuƒe Akpata si le miaƒe nutoa me la me le hafi ava kpekpeawo la, bia Yehowa Ðasefo aɖe wòakplɔ wò ayi, miaɖi tsa ele eme, ne wòaɖe nuwo me na wò.

  • Vi Kae Hadede Kple Mía Nɔvi Kristotɔwo Ðena Na Mí?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
    • NUSƆSRƆ̃ 6

      Vi Kae Hadede Kple Mía Nɔvi Kristotɔwo Ðena Na Mí?

      Yehowa Ðasefowo le ha dem kple wo nɔewo

      Madagascar

      Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka le kpekpem ɖe nɔvia Kristotɔ ŋu

      Norway

      Kristotɔ hamemetsitsiwo le wo nɔvi haxɔsetɔ srãm kpɔ

      Lebanon

      Yehowa Ðasefowo le ha dem kple wo nɔewo ɖekae

      Italy

      Ne ehiã be míazɔ to avetsu dodowo me, alo ne yame ƒe nɔnɔmewo mede ame dzi o hã, míedzea agbagba dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi. Togbɔ be agbemekuxiwo ɖea fu na Yehowa Ðasefowo eye ɖeɖi tea wo ŋu vevie le ŋkekea ƒe dɔwɔɖui wɔwɔ vɔ megbe abe ame bubuwo ke ene hã, nu ka tae wodzea agbagba ƒoa ƒu kple wo nɔvi Kristotɔwo?

      Enana míeléa nɔvisi. Esi Paulo nɔ nu ƒom tso ame siwo míedea ha kplii le kpekpeawo me ŋu la, egblɔ na mí be “míanɔ mía nɔewo ŋu bum.” (Hebritɔwo 10:24) Nya sia fia be “míaƒe susu nanɔ mía nɔewo ŋu,” alo be míanya mía nɔewo nyuie. Eya ta apostolo Paulo ƒe nya siawo de dzi ƒo na mí be míatsɔ ɖe le eme na mía nɔewo. Ne míeva nya mía nɔvi Kristotɔwo nyuie la, míeva kpɔnɛ be wo dometɔ aɖewo do dzi to nɔnɔme sesẽ siwo me tom míawo hã míele la me, eye woate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míado dzi.

      Enana míedzea xɔlɔ̃ vavãwo. Menye ame nyanyɛwo koe ame siwo míeƒoa ƒu kple le míaƒe kpekpewo me la nye o, ke boŋ xɔlɔ̃ veviwoe wonye na mí. Ɣeaɖewoɣi hã, mía kple mía xɔlɔ̃ siawo míeɖea modzaka siwo da sɔ. Vi kawoe hadede siawo ɖena na mí? Wonana míegakpɔa ŋudzedze ɖe mía nɔewo ŋu geɖe wu, eye esia nana lɔlɔ̃ si le mía dome la me gasẽna ɖe edzi. Eye ne mía nɔviwo le kuxiwo me tom la, míekpena ɖe wo ŋu enumake tso dzi me faa, elabena wonye mía xɔlɔ̃wo. (Lododowo 17:17) Esi míedea ha kple hamea me tɔwo katã ta la, míeɖenɛ fiana be míedea vovototo amewo me o, ke boŋ ‘míeléa be na mía nɔewo sɔsɔe.’—1 Korintotɔwo 12:25, 26.

      Míele dzi dem ƒo na wò be nàtia ame siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la be woanye xɔ̃wòwo. Àkpɔ xɔlɔ̃ vavã siawo le Yehowa Ðasefowo dome. Mègana naneke naxe mɔ na wò nàgbe hadede kpli mí o.

      • Vi kae hadede kple mía nɔewo le kpekpewo me ɖena na mí?

      • Ɣekaɣie nàdi be yeava srã mí kpɔ le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me?

  • Aleke Míaƒe Kpekpewo Nɔna?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
    • NUSƆSRƆ̃ 7

      Aleke Míaƒe Kpekpewo Nɔna?

      Yehowa Ðasefowo le kpekpe me le New Zealand

      New Zealand

      Yehowa Ðasefowo le kpekpe me le Japan

      Japan

      Yehowa Ðasefowo le kpekpe me le Uganda

      Uganda

      Ðasefo eve le Biblia sɔsrɔ̃ ƒe wɔwɔfia wɔm le Lithuania

      Lithuania

      Nu si Kristotɔ gbãtɔwo wɔna le woƒe kpekpewo mee nye be, wodzia ha, doa gbe ɖa, eye woxlẽa Ŋɔŋlɔawo hedzroa wo me—womewɔa kɔnu nyanyɛ aɖeke o. (1 Korintotɔwo 14:26) Aleae míawo hã míewɔa míaƒe kpekpewoe.

      Biblia dzie míetua míaƒe nufiafiawo ɖo, eye wosɔ na agbenɔnɔ. Hame ɖe sia ɖe kpena le kwasiɖanuwuwuwo hesea miniti 30 ƒe Biblia me nuƒo, si fiaa ale si míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyawo dzii le agbe me kple ale si emenyawo le eme vam le míaƒe ŋkekea mee la mí. Kpekpea valawo kea woƒe Bibliawo nɔa edzi kpɔm ne nuƒolaa yɔ mawunyakpukpui aɖe hele exlẽm. Le dutoƒonuƒoa megbe la, míewɔa “Gbetakpɔxɔ” Nusɔsrɔ̃ gaƒoƒo ɖeka, eye wonaa mɔnukpɔkpɔ kpekpea valawo be woakpɔ gome le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na la ƒe biabiawo ŋu ɖoɖo me. Numedzodzro siawo kpena ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le agbe me. Nyati ɖeka ma kee míesrɔ̃na le míaƒe hame siwo wu 110,000 siwo le xexea me godoo la me.

      Ekpena ɖe mía ŋu be míanye nufiala nyuiwo. Míegakpena fiẽ aɖe le kwasiɖaa me hena kpekpe si woma ɖe akpa etɔ̃ me, si míeyɔna be Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ. Agbalẽ si wotana ɣleti sia ɣleti si ƒe tanyae nye Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ ye míezãna le kpekpea me. Kpekpea ƒe akpa gbãtɔ, si nye Nu Xɔasi Siwo Le Mawu Ƒe Nya La Me, kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia ƒe akpa aɖe si hamea xlẽ do ŋgɔ hafi va la gɔme ɖe edzi. Esi kplɔnɛ ɖoe nye Na Wò Subɔsubɔdɔa Nanyo Ðe Edzi; enye ale si míadzro Biblia me kple amewo la ƒe wɔwɔfiawo. Aɖaŋuɖola aɖe gblɔa nu siwo wòle be míawɔ be míagabi ɖe edzi le nuxexlẽ kple nufiafia me la na mí. (1 Timoteo 4:13) Akpa mamlɛtɔ, si nye Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ, la kuna ɖe ale si míawɔ Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me gbe sia gbe ŋu. Eƒe akpa aɖe nyea biabiawo kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro si kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia gɔme nyuie.

      Ne ède míaƒe kpekpeawo la, nu nyui siwo nàsrɔ̃ tso Biblia me la alé dzi na wò godoo.—Yesaya 54:13.

      • Nu kawoe nàkpɔ mɔ be yeasrɔ̃ ne ède Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo?

      • Kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la dometɔ kae nàdi be yeade fifia?

      ANYO BE NÀWƆ ESIA

      Dze agbagba nàto nu siwo me míadzro le míaƒe kpekpe siwo gbɔna me la dometɔ aɖewo me do ŋgɔ. De dzesi nu siwo gbegbe nàte ŋu asrɔ̃ tso Biblia me le kpekpeawo me si aɖe vi na wò le wò agbe me.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe