INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Kpekpeɖeŋu Kae Dzikpɔla Mɔzɔlawo Nana Mí?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
    • NUSƆSRƆ̃ 17

      Kpekpeɖeŋu Kae Nutome Sue Dzikpɔlawo Nana Mí?

      Dzikpɔla mɔzɔla aɖe kple srɔ̃a

      Malawi

      Dzikpɔla mɔzɔla aɖe si le kpekpe hena gbeadziyiyi dzi kpɔm

      Gbeadziƒuƒoƒo

      Dzikpɔla mɔzɔla si le gbeƒã ɖem

      Gbeadzisubɔsubɔdɔa

      Dzikpɔla mɔzɔla aɖe kpe kple hamemetsitsiwo

      Hamemetsitsiwo ƒe kpekpe

      Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso apostolo Paulo kple Barnaba ŋu zi geɖe. Ame siawo nye dzikpɔla mɔzɔla siwo yina ɖasrãa hame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la kpɔna. Nu ka tae? Elabena wotsɔ ɖe le eme na woƒe haxɔsetɔwo vevie. Paulo gblɔ be yedi be ‘yeatrɔ ayi aɖasrã nɔviawo kpɔ’ be yeanya ale si wole. Elɔ̃ faa be yeazɔ mɔ kilometa alafa geɖe be yeayi aɖado ŋusẽ nɔviawo. (Dɔwɔwɔwo 15:36) Didi ma kee le míaƒe dzikpɔla mɔzɔlawo hã me egbea.

      Wova dea dzi ƒo na mí. Nutome sue dzikpɔla ɖe sia ɖe srãa hame siwo ade 20 kpɔna zi eve le ƒe ɖeka me eye wònɔa wo gbɔ kwasiɖa ɖeka. Nuteƒekpɔkpɔ siwo su nɔviŋutsu siawo kple wo dometɔ siwo ɖe srɔ̃ ƒe srɔ̃wo si la ɖea vi na mí geɖe. Wodzea agbagba be yewoadze si ɖeviwo kple tsitsiawo siaa eye wodina vevie be yewoazɔ kpli mí le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ahade dzi ƒo na míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo. Dzikpɔla siawo kple hamemetsitsiwo wɔa alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo, wodoa ŋusẽ mí, eye woƒoa nuƒo tuameɖowo le kpekpewo kple takpekpewo me.—Dɔwɔwɔwo 15:35.

      Wotsɔa ɖe le eme na mí katã. Nutome sue dzikpɔlawo tsɔa ɖe le ale si hameawo le vevie dom nu le mawusɔbɔsubɔ me la me. Wokpena kple hamemetsitsiwo kpakple subɔsubɔdɔwɔlawo, wodzroa ŋgɔyiyi siwo hamea wɔ la me kpli wo, eye wonaa mɔfiame siwo sɔ la wo le woƒe agbanɔamedziawo tsɔtsɔ me. Wokpena ɖe mɔɖelawo ŋu be woakpɔ dzidzedze le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, eye wòdzɔa dzi na wo hã be yewoanya ame yeye siwo le ha dem kpli mí ahase nu tso ŋgɔyiyi siwo wɔm wole ŋu. Nɔviŋutsu siawo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa eɖokui nana faa be yeanye míaƒe ‘hadɔwɔla le míaƒe nyonyo ta.’ (2 Korintotɔwo 8:23) Ele be míasrɔ̃ woƒe xɔse kple ale si wodoa vevie mawusubɔsubɔe.—Hebritɔwo 13:7.

      • Susu kawo tae nutome sue dzikpɔlawo srãa hamewo kpɔna?

      • Nu kawoe nàwɔ be woƒe sasrãkpɔa naɖe vi na wò?

      ANYO BE NÀWƆ ESIA

      De dzesi ŋkeke si nutome sue dzikpɔlaa ava srã miaƒe hamea kpɔ la ɖe wò kalɛnda dzi ale be nuƒo siwo wòaƒo le Fiaɖuƒe Akpataa me ƒe ɖeke nagato ŋuwò o. Ne èdi be eya ŋutɔ alo srɔ̃a nakpe ɖe ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò ŋu ava gbɔwò kwasiɖa ma le wò nusrɔ̃ɣi ale be nànyae nyuie la, ekema gblɔe na ame si le nu srɔ̃m kpli wò.

  • Kpekpeɖeŋu Kae Míenana Mía Nɔvi Siwo Dzi Afɔku Dzɔ Ðo?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
    • NUSƆSRƆ̃ 18

      Kpekpeɖeŋu Kae Míenana Mía Nɔvi Siwo Dzi Afɔku Dzɔ Ðo?

      Yehowa Ðasefowo le kpekpeɖeŋu nam ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo le Dominican Republic

      Dominican Republic

      Kpekpeɖeŋunadɔwɔla siwo gbugbɔ le Fiaɖuƒe Akpata tum le Japan

      Japan

      Yehowa Ðasefo si le akɔ fam na ame aɖe si dzi afɔku dzɔ ɖo le Haiti

      Haiti

      Ne afɔku aɖe dzɔ la, Yehowa Ðasefowo wɔa ɖoɖo enumake ɖe kpekpeɖeŋunana wo nɔvi siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la ŋu. Kpekpeɖeŋunana siawo ɖoa kpe lɔlɔ̃ vavã si le mía si na mía nɔewo la dzi. (Yohanes 13:34, 35; 1 Yohanes 3:17, 18) Kpekpeɖeŋu kawoe míenana?

      Míenaa gakpekpeɖeŋu wo. Esi dɔ gã aɖe to le Yudea la, Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Antioxia la ɖo gakpekpeɖeŋu ɖe wo nɔvi Kristotɔ siwo ɖo xaxa me. (Dɔwɔwɔwo 11:27-30) Nenema kee ne míese be mía nɔvi siwo le dukɔ bubuwo me ɖo xaxa me la, míeɖoa gakpekpeɖeŋu ɖe wo to míaƒe hamea dzi be woatsɔ akpɔ woƒe hiahiãwo gbɔ na wo.—2 Korintotɔwo 8:13-15.

      Míenaa kpekpeɖeŋu wo le mɔ vovovowo nu. Hamemetsitsi siwo le nuto si me afɔkua dzɔ le la dia hamea me tɔ ɖe sia ɖe yome mɔ be woakpɔ be ame sia ame le dedie hã. Woɖoa kpekpeɖeŋunakɔmiti be woakpɔ woƒe nuɖuɖu, tsinono, awudodo, mlɔƒe, kple atikewɔnyawo gbɔ na wo. Ðasefo geɖe siwo nya aɖaŋudɔ aɖe si hiã le afi si afɔkua dzɔ le la zãa woƒe kotokumega tsɔ zɔa mɔ yia afi ma ɖanaa kpekpeɖeŋu, eye wodzraa aƒe kple Fiaɖuƒe Akpata siwo gbã la ɖo. Ðekawɔwɔ si le habɔbɔa me kple nuteƒekpɔkpɔ si su mía si le dɔwɔwɔ kple mía nɔviwo ɖekae me la kpena ɖe mía ŋu míetsona kpla ɖe kpekpeɖeŋunana ŋu ne afɔku aɖe dzɔ. Togbɔ be “ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me” ŋu koŋue míekpena ɖo hã la, míelɔ̃na faa kpena ɖe ame bubuwo hã ŋu ne anya wɔ, subɔsubɔha ka ke mee woɖale o.—Galatiatɔwo 6:10.

      Míetsɔa Biblia me nyawo dea dzi ƒo na wo. Nu vevi si ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo la hiãnae nye akɔfafa. Le ɣeyiɣi mawo me la, Yehowa, ‘akɔfafawo katã ƒe Mawu,’ la gbɔe míekpɔa ŋusẽdoame tsona. (2 Korintotɔwo 1:3, 4) Míegblɔa nu nyui siwo ƒe ŋugbe Biblia do la na ame siwo ƒo dzi ɖe le, eye míenana wokpɔa kakaɖedzi be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava ɖe afɔku siwo katã doa vevesese kple nuxaxa na mí la ɖa kpuie.—Nyaɖeɖefia 21:4.

      • Nu ka tae Ðasefowo te ŋu tsona kpla ɖe kpekpeɖeŋunana ŋu ne afɔku dzɔ?

      • Biblia me nya kawoe míate ŋu atsɔ afa akɔ na ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo?

  • Ame Kae Nye Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela La?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
    • NUSƆSRƆ̃ 19

      Ame Kae Nye Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela La?

      Yesu le nu ƒom na eƒe nusrɔ̃lawo
      Yehowa Ðasefo si le Biblia-srɔ̃gbalẽ me dzrom

      Biblia ƒe nufiamewo le vi ɖem na mí katã

      Yehowa Ðasefowo ƒe dɔdzikpɔhaa me tɔ eve

      Hafi Yesu naku la, egblɔ nya vevi aɖe na eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ene, siwo nye Petro, Yakobo, Yohanes, kple Andrea. Esi Yesu nɔ dzesi siwo aɖo kpe eƒe anyinɔnɔ le nuwuɣia me dzi gblɔm ɖi la, ebia nya vevi sia be: ‘Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe Aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu, be wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?’ (Mateo 24:3, 45; Marko 13:3, 4) Yesu to nya siawo dzi na kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawo be ye, si nye woƒe “aƒetɔ,” yeatia ame siwo ayi edzi anɔ Ŋɔŋlɔawo me nufiame nam ye yomedzelawo le nuwuɣia me. Ame kawoe ava nye kluvi sia?

      Wonye Yesu yomedzela vavã siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na. “Kluvi” la naa Ŋɔŋlɔawo me nufiame, alo gbɔgbɔmenuɖuɖu, wo hati tadeagulawo ɖe ɣeyiɣi dzi. Kluvi nuteƒewɔla sia ko sinue míekpɔna be wòanɔ ‘nuɖuɖu si asu na mí la nam mí ɣesiaɣi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.’—Luka 12:42.

      Wokpɔa Mawu ƒe aƒemetɔwo dzi. (1 Timoteo 3:15) Yesu de dɔ gã aɖe asi na kluvi la, be wòakpɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ƒe dɔwo dzi. Dɔ siawo ƒe ɖewoe nye eƒe nunɔamesiwo dzi kpɔkpɔ, mɔfiafia le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me, kple nufiafia mí to hamea dzi. Eya ta ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la toa agbalẽ vovovo siwo wotana be míazã le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me, kpakple nufiame siwo wonana le míaƒe kpekpewo kple takpekpewo me dzi naa gbɔgbɔmenuɖuɖu si tututu míehiã la mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.

      Kluvi la nye nuteƒewɔla le esi metɔa tsi Biblia me nyateƒea o, eye wòwɔa gbeƒãɖeɖedɔ si wode esi la pɛpɛpɛ ta. Enye aɖaŋudzela hã elabena ekpɔa Kristo ƒe nunɔamesi siwo le anyigba dzi la dzi le mɔ nyuitɔ nu. (Dɔwɔwɔwo 10:42) Ame gbogbo siwo le habɔbɔa me vam kple nufiame gbogbo siwo xɔm míele tso Ŋɔŋlɔawo me la nye kpeɖodzi be Yehowa le kluvia ƒe dɔa yram geɖe.—Yesaya 60:22; 65:13.

      • Ame kae Yesu tia be wòanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam yeƒe nusrɔ̃lawo?

      • Mɔ kawo nue kluvi la nye nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela le?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe