-
Dɔ Kawoe Dɔdzikpɔha Si Li Egbea Wɔna?Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
-
-
NUSƆSRƆ̃ 20
Dɔ Kawoe Dɔdzikpɔha Si Li Egbea Wɔna?
Ƒe alafa gbãtɔ me dɔdzikpɔha la
Woxlẽ dɔdzikpɔha la ƒe lɛtawo
Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ƒuƒoƒo sue aɖe, si nye ‘apostolo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem’ lae nye dɔdzikpɔha la, eye woawoe nɔa Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame bliboa teƒe wɔa nyametsotso veviwo. (Dɔwɔwɔwo 15:2) Hafi wo katã woada asi ɖe nyametsotso aɖe dzi la, wodzroa Ŋɔŋlɔawo me nyuie eye wonana Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔ wo. (Dɔwɔwɔwo 15:25) Aleae dɔdzikpɔha si li egbea hã wɔa nui.
Mawu le wo zãm be yeana yeƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Amesiaminawo dometɔ siwo nye Dɔdzikpɔha la me tɔwo tsɔa ɖe le Mawu ƒe Nya la me vevie, eye nuteƒekpɔkpɔ geɖe su nɔviŋutsu siawo si le hakplɔɖoɖowo kple Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo nana me. Wokpena kwasiɖa sia kwasiɖa dzroa nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me katã la ƒe hiahiãwo me. Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, egbea hã dɔdzikpɔha la toa lɛtawo, dzikpɔla mɔzɔlawo kple mɔ bubuwo dzi naa Biblia me mɔfiame hameawo. Ðoɖo siawo nana nuwɔwɔ aduadu kple ɖekawɔwɔ nɔa Mawu ƒe amewo dome. (Dɔwɔwɔwo 16:4, 5) Dɔdzikpɔha la kpɔa Ŋɔŋlɔawo me nufiamewo nana dzi, wodoa ŋusẽ mí na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ, eye wodaa asi ɖe nɔviŋutsu siwo wotia na agbanɔamedzinɔƒewo dzi.
Wonana Mawu ƒe gbɔgbɔ fiaa mɔ wo le woƒe dɔwo wɔwɔ me. Yehowa, si nye Xexea Me Katã ƒe Dziɖulagã, kple Yesu, si nye hamea ƒe Ta la gbɔe Dɔdzikpɔha la xɔa mɔfiamewo tsonae. (1 Korintotɔwo 11:3; Efesotɔwo 5:23) Nɔviŋutsu siwo nye dɔdzikpɔha la me tɔwo mebua wo ɖokuiwo be yewoe nye Mawu ƒe amewo kplɔlawo o. Woawo kple Kristotɔ amesiamina bubuawo katã “dzea Alẽvi la [si nye Yesu] yome, afi ka kee wòɖayi o.” (Nyaɖeɖefia 14:4) Dɔdzikpɔha la kpɔa ŋudzedze ɖe gbe siwo míedona ɖa ɖe wo ta la ŋu vevie.
Ame kawoe ƒo ƒu wɔ dɔdzikpɔha la le ƒe alafa gbãtɔ me?
Mɔ kawo dzie Dɔdzikpɔha si li egbea tona xɔa Mawu ƒe mɔfiamewo?
-
-
Teƒe Kae Nye Betel?Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
-
-
NUSƆSRƆ̃ 21
Teƒe Kae Nye Betel?
Nutata Dɔwɔƒe, U.S.A.
Germany
Kenya
Colombia
Betel nye Hebrigbe me nya si gɔmee nye “Mawu ƒe aƒe.” (1 Mose 28:17, 19) Ŋkɔ sia sɔ na dɔwɔƒe siwo Yehowa Ðasefowo ɖo ɖe dukɔ vovovowo me le xexea me katã, eye teƒe mawoe wofiaa mɔ gbeƒãɖeɖedɔa hekpɔa edzi le. Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha la le míaƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒegã si le New York State, U.S.A., eye afi mae wokpɔa dɔ si wowɔna le alɔdzedɔwɔƒe siwo le dukɔ vovovowo me la dzi le. Woyɔa ame siwo le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒeawo be Betel-ƒomea me tɔwo. Wowɔa nu sia nu ɖekae abe ƒome ene—wole teƒe ɖeka, wowɔa dɔ aduadu, woɖua nu ɖekae, eye wosrɔ̃a Biblia ɖekae.—Psalmo 133:1.
Enye teƒe tɔxɛ aɖe, afi si ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la wɔa dɔ le. Le Betel-ƒe ɖe sia ɖe me la, míakpɔ Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖo anyi na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, eye wotsɔ woƒe ɣeyiɣiwo katã ɖo anyi be yewoatsɔ ado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. (Mateo 6:33) Wo dometɔ aɖeke mexɔa fetu o, ke boŋ wonaa xɔdɔme, nuɖuɖu, kple gakpekpeɖeŋu sue aɖe wo be woatsɔ akpɔ woƒe hiahiã aɖewo gbɔe. Wodea dɔ aɖe koŋ asi na Betel ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe, abe ɔfisdɔ, nuɖaɖa, kple kplɔ̃ɖoɖo ene. Wo dometɔ aɖewo nye xɔmedzraɖolawo, eye bubuwo hã wɔa dɔ le agbalẽtaƒe, nunyaƒe, nuwo dzraɖoƒe, kple dɔwɔƒe bubuawo.
Enye teƒe si wowɔa dɔ veviedodotɔe le tsɔ doa alɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa. Susu si koŋ ta woɖoa Betel-ƒewoe nye be, woakpɔ egbɔ be Biblia me nyateƒea ɖo ame geɖe alesinu woate ŋui gbɔ. Agbalẽ sia si wota wòsu asiwò la nye esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Woŋlɔe le Dɔdzikpɔha la ƒe mɔfiafia te, woɖoe ɖe míaƒe gbegɔmeɖela alafa geɖe siwo le xexea me godoo to kɔmpiuta dzi be woaɖe egɔme, wotae le míaƒe agbalẽtaƒe gã siwo le Betel, eye woɖoe ɖe hame siwo wu 110,000 sɔŋ le xexea me godoo. Le agbalẽtatadɔ sia ƒe akpa sia akpa la, Betel-ƒomea wɔa akpa vevi aɖe le asikpekpe ɖe nya nyui gbeƒãɖeɖedɔa ŋu me, eye gbeƒãɖeɖedɔ siae nye dɔ vevitɔ kekeake si hiã kpata.—Marko 13:10.
Ame kawoe subɔna le Betel, eye ɖoɖo kawoe wowɔ na wo?
Dɔ kae nye dɔ si hiã kpata, eye aleke dɔ siwo wowɔna le Betel la doa alɔ dɔ siae?
-
-
Dɔ Kawoe Wowɔna Le AlɔdzedɔwɔƒewoAme Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
-
-
NUSƆSRƆ̃ 22
Dɔ Kawoe Wowɔna Le Alɔdzedɔwɔƒewo?
Solomon Islands
Canada
South Africa
Betel-ƒomea me tɔwo wɔa dɔ vovovo le alɔdzedɔwɔƒewo tsɔ doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔa le dukɔ si me wole kpakple ɖewohĩ dukɔ bubuwo hã me. Dɔ siwo wowɔna ƒe ɖewoe nye gbegɔmeɖeɖe, agbalẽ kple magazinewo tata, agbalẽwo dzi kpɔkpɔ, nyawo léle ɖe mɔ̃ dzi kple videowo wɔwɔ, kpakple hiahiã bubuwo gbɔ kpɔkpɔ.
Alɔdzekɔmiti ye kpɔa dɔa dzi. Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha la tsɔ alɔdzedɔwɔƒewo dzi kpɔkpɔ de asi na Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo nye hamemetsitsi bibi siwo dze la dometɔ etɔ̃ alo esiwo wu nenema. Alɔdzekɔmitia nana Dɔdzikpɔha la nyana ŋgɔyiyi siwo wɔm wole kple ɖewohĩ kuxi siwo wodoa goe le woƒe anyigbamamawo me. Nyatakaka mawo nana Dɔdzikpɔha la nyana nyati siwo woata ɖe míaƒe agbalẽwo me alo esiwo me woadzro le míaƒe kpekpewo kple takpekpewo me. Dɔdzikpɔha la ɖoa amedɔdɔwo ɖa woyina ɖasrãa alɔdzedɔwɔƒewo kpɔna edziedzi be woana mɔfiame Alɔdzekɔmitia le woƒe dɔwo wɔwɔ me. (Lododowo 11:14) Wowɔa ɖoɖo tɔxɛ le dɔwɔƒegã ƒe amedɔdɔ la ƒe sasrãkpɔɣi, si ƒe ɖee nye be wòaƒo nuƒo na ame siwo wokpe tso hame siwo gogo afi si alɔdzedɔwɔƒea le la me.
Wonaa mɔfiame hame siwo le woƒe anyigbamamaa me. Nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le alɔdzedɔwɔƒea daa asi ɖe hame yeyewo ɖoɖo dzi. Wonaa mɔfiame mɔɖelawo, dutanyanyuigblɔlawo, kple nutome sue dzikpɔlawo hã. Wowɔa ɖoɖo ɖe takpekpe suewo kple gãwo ŋu, wokpɔa Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tutu dzi, eye wokpɔa agbalẽwo ɖoɖo ɖe hamewo me hã dzi. Dɔ sia dɔ si wowɔna le alɔdzedɔwɔƒea la doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔa, be woate ŋu awɔe ɖe ɖoɖo nyui nu.—1 Korintotɔwo 14:33, 40.
Aleke Alɔdzekɔmitiwo kpena ɖe Dɔdzikpɔha la ŋui?
Dɔ kawoe wowɔna le alɔdzedɔwɔƒewo?
-