INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Aleke Míate Ŋu Akpe Asi Ðe Beléle Na Fiaɖuƒe Akpataa Ŋui?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
    • NUSƆSRƆ̃ 26

      Aleke Míate Ŋu Akpe Asi Ðe Beléle Na Fiaɖuƒe Akpataa Ŋui?

      Yehowa Ðasefo siwo le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me dzram ɖo le Estonia

      Estonia

      Yehowa Ðasefo siwo le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me dzram ɖo le Zimbabwe

      Zimbabwe

      Yehowa Ðasefo si le nane dzram ɖo le Fiaɖuƒe Akpata me le Mongolia

      Mongolia

      Yehowa Ðasefo si le aŋɔ sim na Fiaɖuƒe Akpata le Puerto Rico

      Puerto Rico

      Woyɔa Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la tɔna ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata ɖe sia ɖe ŋu. Eya ta míesena le mía ɖokui me be asikpekpe ɖe akpataa me dzadzraɖo ŋu be wòanɔ dzadzɛ ahanɔ nɔnɔme nyui me la nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kple míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea ƒe akpa vevi aɖe. Ame sia ame ate ŋu awɔ akpa aɖe.

      Kpɔ gome le akpataa me dzadzraɖo me le kpakpã megbe. Le kpekpe ɖe sia ɖe megbe la, edzɔa dzi na nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo be yewoakplɔ Fiaɖuƒe Akpataa me, adzra nugododeƒea kple aɖuɖɔɖɔƒea ɖo. Azɔ hã, wogadzraa akpata bliboa me ɖo nyuie kwasiɖa sia kwasiɖa alo ɣleti sia ɣleti. Hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla aɖee kpɔa dɔ siawo wɔwɔ dzi, eye zi geɖe la, wozɔna ɖe mɔfiame aɖewo koŋ dzi. Le ale si hiahiãa le nu la, ame aɖewo kplɔa nu, tutua anyigba, tutua ɖi le nuwo ŋu, ɖea yiyiɖɔwo, dzɔa zikpuiawo, klɔa aɖuɖɔɖɔƒeawo kple nugododeƒeawo hewua atike ɖe teƒea, tutua fesreawo kple ahuhɔ̃eawo ŋu, tsɔa gbeɖuɖɔawo ƒua gbe alo dzraa gota ɖo. Ƒe sia ƒe la, woɖoa ŋkeke aɖe koŋ ɖi na dɔwɔwɔ tsitotsito le xɔ bliboa me kple egodo siaa ŋu. Ne míenana mía viwo hã kpea asi ɖe dɔ siawo wɔwɔ ŋu la, ekema míele kpekpem ɖe wo ŋu be woade bubu míaƒe tadeaguƒewo ŋu.—Nyagblɔla 4:17.

      Kpe asi ɖe dɔ sia dɔ si hiã la wɔwɔ ŋu. Wowɔ ɖoɖo be woalé ŋku ɖe Fiaɖuƒe Akpata bliboa me kple egodo siaa ƒe nɔnɔme ŋu tsitotsito ƒe sia ƒe. Esia nana wowɔa dzadzraɖodɔ ɖe sia ɖe si wokpɔ be ehiã la bene akpataa nanɔ nɔnɔme nyui me ɣesiaɣi, ale be woagava zã ga gbogbowo ɖe dzadzraɖodɔ gãwo ŋu emegbe o. (2 Kronika 24:13; 34:10) Fiaɖuƒe Akpata si le dzadzɛ la nye teƒe si sɔ be míade ta agu na mía Mawu la le. Ne míekpɔa gome le dɔ siawo wɔwɔ me la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa eye míedea asixɔxɔ míaƒe tadeaguƒewo ŋu. (Psalmo 122:1) Esiawo katã nana nutoa me tɔwo hã ƒoa nu nyui le mía ŋu.—2 Korintotɔwo 6:3.

      • Nu ka tae wòle be míalé be na míaƒe tadeaguƒewo nyuie?

      • Ðoɖo kawoe wowɔ be Fiaɖuƒe Akpataa nanɔ dzadzɛ ɣesiaɣi?

  • Vi Kae Fiaɖuƒe Akpataa Ƒe Agbalẽdzraɖoƒe Ate Ŋu Aɖe Na Mí?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
    • NUSƆSRƆ̃ 27

      Vi Kae Fiaɖuƒe Akpataa Ƒe Agbalẽdzraɖoƒe Ate Ŋu Aɖe Na Mí?

      Ŋutsu aɖe si le Fiaɖuƒe Akpataa ƒe agbalẽdzraɖoƒe zãm

      Israel

      Yehowa Ðasefo si le kpekpem ɖe ɖekakpui aɖe ŋu be wòawɔ numekuku

      Czech Republic

      Nyɔnuvi dzaa aɖe si le ŋkɔ ŋlɔm ɖe eƒe hadzigbalẽ me

      Benin

      Ŋutsu si le Watchtower Library zãm tsɔ le numekuku wɔm

      Cayman Islands

      Ðe wòadzɔ dzi na wò be nàwɔ numekuku be Biblia me sidzedze geɖe nasu asiwòa? Ðe nèdi vevie be yease mawunyakpukpui aɖe gɔme alo anya Bibliameme aɖe, nyati aɖe, alo teƒe aɖe si woyɔ le Biblia me nyuie wua? Alo èbua ale si Mawu ƒe Nya la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ wò ŋutɔ wò kuxi aɖe gbɔe ŋua? Ekema àte ŋu ayi Fiaɖuƒe Akpataa ƒe agbalẽdzraɖoƒe ava wɔ numekuku.

      Àkpɔ agbalẽ vovovo siwo me nàwɔ numekuku le. Anɔ eme be Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe siwo Yehowa Ðasefowo ta la ƒe akpa gãtɔ mele asiwò le mia degbe me o. Gake àkpɔ míaƒe agbalẽ siwo do nyitsɔ laa la dometɔ geɖe le agbalẽdzraɖoƒe si le Fiaɖuƒe Akpataa me. Anɔ eme be àkpɔ Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo, nyagɔmeɖegbalẽ, kple numekugbalẽ bubuwo hã le afi ma. Àte ŋu awɔ numekuku le agbalẽdzraɖoƒea do ŋgɔ na kpekpea alo le kpakpã megbe. Ne woda kɔmpiuta ɖe agbalẽdzraɖoƒea la, ke àkpɔ Watchtower Library le edzi. Esia nye kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo si ana nàkpɔ míaƒe agbalẽwo ƒe akpa gãtɔ, eye ele bɔbɔe be nàdi nyatiwo, nya vovovowo, alo mawunyakpukpuiwo le edzi.

      Ezazã ɖea vi na ame siwo wɔa dɔdeasiwo le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea me. Àte ŋu awɔ numekuku le Fiaɖuƒe Akpataa ƒe agbalẽdzraɖoƒe atsɔ adzra ɖo ɖe wò dɔdeasiwo ŋu. Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea dzi kpɔla lae kpɔa agbalẽdzraɖoƒea dzi. Ekpɔa egbɔ be míaƒe agbalẽ yeyewo katã le afi ma eye woɖo wo ɖe ɖoɖo nyui nu. Eya alo ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàwɔ ake ɖe nyati si dim nèle ŋu. Gake mɔɖeɖe meli be woatsɔ agbalẽ siwo le agbalẽdzraɖoƒea adzoe le Fiaɖuƒe Akpataa me o. Anyo hã be míalé be na agbalẽawo nyuie, eye míagaŋlɔ nu alo ade dzesi nuwo ɖe wo me o.

      Biblia gblɔ be, hafi wò asi natu “sidzedze Mawu” la, ele be nàlɔ̃ ‘adi eyome mɔ abe kesinɔnu si le to me ene.’ (Lododowo 2:1-5) Fiaɖuƒe Akpataa ƒe agbalẽdzraɖoƒe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze esia wɔwɔ gɔme.

      • Nu kawoe le Fiaɖuƒe Akpataa ƒe agbalẽdzraɖoƒe si nàte ŋu azã atsɔ awɔ numekuku?

      • Ame kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàwɔ numekuku le agbalẽdzraɖoƒea?

      ANYO BE NÀWƆ ESIA

      Ne èdi be yeaɖo agbalẽdzraɖoƒe sue aɖe na ɖokuiwò la, ekema kpɔe ɖa be agbalẽ kawoe le agbalẽxɔƒea si nàte ŋu atsɔ adze egɔmee hã. Ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò afia agbalẽ siwo nàhiã fifia si nàte ŋu axɔ la wò.

  • Nu Kawoe Le Míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒe?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
    • NUSƆSRƆ̃ 28

      Nu Kawoe Le Míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒe?

      Nyɔnu aɖe si le numekuku wɔm le eƒe kɔmpiuta dzi

      France

      Ƒome aɖe si le kɔmpiuta zãm

      Poland

      Nyɔnu aɖe si le tokunɔgbe me video kpɔm le Internet dzi

      Russia

      Yesu Kristo gblɔ na eyomedzelawo be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume, bene woakpɔ miaƒe dɔwɔwɔ nyuiwo, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana mia Fofo si le dziƒowo.” (Mateo 5:16) Míeto egbegbe mɔ̃ɖaŋununya, abe Internet ene, dzi na kekelia le keklẽm ɖe edzi. Yehowa Ðasefowo ƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee lae nye afi si míawo ŋutɔwo míeda nyatakaka vavãwo ɖo ku ɖe míaƒe habɔbɔa kple míaƒe dzixɔsewo ŋu. Nu kawoe le afi ma?

      Àkpɔ ale si Biblia ɖo nya vevi siwo amewo biana zi geɖe la ŋui. Nya vevitɔ siwo amewo biana la dometɔ geɖe ƒe ŋuɖoɖowo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ trakt siwo nye Ðe fukpekpewo nu ava yia? kple Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea? siwo le gbegbɔgblɔ siwo wu 600 me le Internet dzi. Àkpɔ Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia hã le afi ma le gbegbɔgblɔ 130 kple edzivɔ me hekpe ɖe míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo abe Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? kpakple Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata yeyewo hã ŋu. Àte ŋu axlẽ míaƒe agbalẽwo dometɔ geɖe le Internet dzi, ase esiwo woxlẽ helé ɖi alo awɔ woƒe akpa aɖewo ƒe kɔpi wòanye MP3, PDF, alo EPUB. Àte ŋu ata woƒe axa ʋɛ aɖewo gɔ̃ hã na ame siwo dii le woawo ŋutɔwo degbe me! Míeɖe míaƒe agbalẽwo gɔme ɖe tokunɔgbe vovovowo hã me le videowo dzi. Azɔ hã, àte ŋu awɔ Biblia xexlẽ ƒe dramawo, Biblia me ŋutinyawo ƒe dramawo, kple míaƒe hadzidzi lédzinamewo ƒe kɔpiwo hã le afi ma anɔ sesem.

      Àkpɔ nyatakaka siwo de pɛpɛpɛ tso Yehowa Ðasefowo ŋu. Míeda video kple nya yeye siwo ku ɖe míaƒe xexea me katã ƒe dɔa ŋu, nudzɔdzɔ siwo ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu, kple kpekpeɖeŋunana ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo ŋuti nyatakakawo hã ɖe míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Àte ŋu akpɔ takpekpe siwo gbɔna ŋuti nyatakakawo kple míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo ƒe adrɛswo hã le afi ma.

      Míeto mɔnu siawo dzi na nyateƒea ƒe kekeli klẽ ɖo xexea ƒe akpa siwo sa ɖe aga boo hã. Esia le vi ɖem na ame siwo le anyigba la ƒe akpa sia akpa—le keke Antartica-nyigbawo dzi ke hã. Míele gbe dom ɖa be “Yehowa ƒe nya la nayi edzi aɖe zɔ kabakaba” le xexea ƒe akpa sia akpa hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe.—2 Tesalonikatɔwo 3:1.

      • Aleke míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye is jw.org/ee le kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia me nyateƒea?

      • Nu kae nàdi be yeadi le míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea?

      ÐƆ ŊU ÐO:

      Tsitretsiɖeŋula aɖewo ɖo Internet nyatakakadzraɖoƒewo heda alakpanya geɖe ɖe afi ma be yewoatsɔ agblẽ míaƒe habɔbɔa ŋu. Woƒe taɖodzinue nye be yewoatrɔ amewo ƒe susu ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu. Ele be míakpɔ nyuie be míagaʋu teƒe mawo o.—Psalmo 1:1; 26:4; Romatɔwo 16:17.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe