Tatatɔ
Hadzidzi 94
Kpɔ Ŋudzedze Ðe Mawu Ƒe Nunanawo Ŋu
1. Nunana nyuitɔ ɖe sia ɖe,
Nu siwo doa dzidzɔ,
Kple nu siwo ŋu viɖe le
Katã tso Mawu gbɔ.
Ame si nye dedienɔƒe,
Metrɔna gbeɖe o.
Yehowae nye nunala Gãtɔ.
Eyae na agbe mí.
2. Mele be nàtsi dzi fũu ɖe
Nuhiahiãwo ŋu o.
Ma’u alé be na wò godoo;
Eyae nyia xeviwo.
Mègati xexea yome o,
’Labe meɖea vi o.
Nu si’o Ma’u na wò nadze ŋuwò
Ne nànɔ agbe tsɛ.
3. Amewo ƒe nu gãwo nye
Nu maɖinu na Ma’u.
Míazã míaƒe agbe fifia
Na nu si’o ɖea vi ɖaa.
Míaƒe nu xɔasiwo anɔ
Dedie le Mawu gbɔ.
Ɛ̃, míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme
Ne míenɔ agbe tsɛ.
(Kpɔ Yer. 45:5; Mat. 6:25-34; 1 Tim. 6:8; Heb. 13:5 hã.)