INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt axa 8-axa 9
  • Nyabiase 2: Aleke nàwɔ asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiase 2: Aleke nàwɔ asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu?
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Nyabiase 2: Aleke nàwɔ asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu?

NYABIASE 2

Aleke nàwɔ asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu?

“Mègaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, ke boŋ xlẽe kple gbe blewu zã kple keli, be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi pɛpɛpɛ; ekema wò mɔwo adze edzi na wò, eye àwɔ nu le nunya me.”

Yosua 1:8

“Wokɔ gbe dzi xlẽ agbalẽ si nye Mawu vavã la ƒe Se la, woɖe eme tsitotsito, wona gɔmesese si le eŋu la dze, ale wona ameawo se nu si xlẽm wole la gɔme.”

Nehemiya 8:8

“Dzidzɔtɔe nye ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o . . ., ke boŋ ekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòxlẽa eƒe se la kple gbe blewu zã kple keli. . . . Nu sia nu si wòwɔna la adze edzi.”

Psalmo 1:1-3

“Filipo ƒu du yi egbɔ, eye wòsee ŋutsua nɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa xlẽm sesĩe, eye wòbiae be: ‘Èle nu si xlẽm nèle la gɔme sem ŋutɔŋutɔa?’ Egblɔ be: ‘Aleke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke mefiam o?’”

Dɔwɔwɔwo 8:30, 31

“Elabena eƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi, elabe wodze ƒãa le nu siwo wòwɔ la me, ɛ̃, eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple Mawunyenye la dzena, ale be womate ŋu ado taflatsɛ o.”

Romatɔwo 1:20

“De ŋugble le nu siawo ŋu; lé fɔ ɖe wo ŋu, ale be wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.”

1 Timoteo 4:15

“Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi  . . . o.”

Hebritɔwo 10:24, 25

“Ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, medoa ŋukpe ame o, eye anɛ.”

Yakobo 1:5

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe