-
Nyabiase 13: Nu kae Biblia gblɔ tso dɔwɔwɔ ŋu?Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
NYABIASE 13
Nu kae Biblia gblɔ tso dɔwɔwɔ ŋu?
“Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ ŋua? Fiawo ŋkumee wòado ɖo; mado ɖe ame tsɛwo ŋkume o.”
“Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o; ke boŋ newɔ dɔ sesẽ, netsɔ eƒe asi wɔ dɔ nyui, ale be wòakpɔ nane ana ame si hiã tu.”
“Ame sia ame naɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔ sesẽ wɔwɔwo katã me. Mawu ƒe nunanae wònye.”
-
-
Nyabiase 14: Aleke nàte ŋu awɔ ɖoɖo ɖe wò nuwo ŋu nyuie?Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
NYABIASE 14
Aleke nàte ŋu awɔ ɖoɖo ɖe wò nuwo ŋu nyuie?
“Ame si lɔ̃a agbeɖuɖu la, hiã atui; ame si lɔ̃a wain kple ami la makpɔ ho o.”
“Ame si doa nu le ame si la zua kluvi na ame si si wòdo nua le.”
“Mia dometɔ kae li ne edi be yeatu xɔ la, manɔ anyi abu eŋu kɔnta gbã ahakpɔ ɖa be nu sɔ gbɔ ɖe ye si yeate ŋu awu enu o mahã? Ne menye nenema o la, aɖo egɔme anyi, gake mate ŋu awu enu o, eye ame siwo katã kpɔe la aɖu fewu le eŋu agblɔ be: ‘Ame sia dze xɔtutu gɔme, gake mete ŋu wu enu o.’”
“Esi ameawo ɖi ƒo vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Miƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, ne naneke dome nagagblẽ o.’”
-
-
Nyabiase 15: Aleke nàwɔ akpɔ dzidzɔ?Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
NYABIASE 15
Aleke nàwɔ akpɔ dzidzɔ?
“Ama agba ɖeka si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu nyitsu dami si ŋu fuléle kpe ɖo.”
“Nye Yehowae nye wò Mawu, nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò, ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto.”
“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la.”
“Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”
“Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.”
“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”
“Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.”
“Eya ta ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.”
“Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”
-
-
Nyabiase 16: Aleke nàwɔ anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu?Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
NYABIASE 16
Aleke nàwɔ anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu?
“Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te. Mana ame dzɔdzɔe nadze anyi akpɔ o.”
“Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ, ke ame sia ame si tsia klokloklo la, hiã atui.”
“Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu. Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò, matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi alé wò ɖe te.”
“Mia dometɔ kae li, si ne ele dzimaɖi tsim la, wòate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu?”
“Esia ta migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.”
“[Mikpɔ] nu siwo le vevie wu la [dze] sii.”
“Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.”
-
-
Nyabiase 17: Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe wò ƒomea ŋui?Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
NYABIASE 17
Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe wò ƒomea ŋui?
SRƆ̃ŊUTSUWO/VIFOFOWO
“Nenema kee wòle be srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã ene. Ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a la lɔ̃a eɖokui, elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie . . . Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene.”
“Mi fofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.”
SRƆ̃NYƆNUWO
“Srɔ̃nyɔnu . . . nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”
“Mi srɔ̃nyɔnuwo, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe ale si wòdze le Aƒetɔ la me ene.”
ÐEVIWO
“Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. ‘Bu fofowò kple dawò,’ esia nye sedede gbãtɔ si ŋu ŋugbedodo kpe ɖo: ‘Ne eme nanyo na wò, eye nànɔ anyigba la dzi eteƒe nadidi.’”
“Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le nu sia nu me, elabena esia dzea Aƒetɔ la ŋu nyuie.”
-