INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt axa 30-axa 31
  • Nyabiase 17: Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe wò ƒomea ŋui?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiase 17: Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe wò ƒomea ŋui?
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Nyabiase 17: Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe wò ƒomea ŋui?

NYABIASE 17

Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe wò ƒomea ŋui?

SRƆ̃ŊUTSUWO/VIFOFOWO

“Nenema kee wòle be srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã ene. Ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a la lɔ̃a eɖokui, elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie . . . Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene.”

Efesotɔwo 5:28, 29, 33

“Mi fofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.”

Efesotɔwo 6:4

SRƆ̃NYƆNUWO

“Srɔ̃nyɔnu . . . nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”

Efesotɔwo 5:33

“Mi srɔ̃nyɔnuwo, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe ale si wòdze le Aƒetɔ la me ene.”

Kolosetɔwo 3:18

ÐEVIWO

“Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. ‘Bu fofowò kple dawò,’ esia nye sedede gbãtɔ si ŋu ŋugbedodo kpe ɖo: ‘Ne eme nanyo na wò, eye nànɔ anyigba la dzi eteƒe nadidi.’”

Efesotɔwo 6:1-3

“Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le nu sia nu me, elabena esia dzea Aƒetɔ la ŋu nyuie.”

Kolosetɔwo 3:20

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe