Hadzidzi 128
Xexe Sia Ƒe Nɔnɔme Le Tɔtrɔm
Tatatɔ
1. Mawu tsɔ eƒe Tenuvi
Na ɖe mía ta be yeaɖe mí
Tso nu vɔ̃ kple ku siaa si me;
Nunana gãtɔe wònye.
(HAXE)
Xexe sia ƒe nɔnɔme
le tɔtrɔm,
Gake Mawu le asi trɔm
’Tsɔme yayra’o ŋu na mí.
2. Nu ti kɔ na ameƒomea.
Nuɖoanyi sia le kudɔ ƒom.
Míele mɔ kpɔm na Fiaɖuƒea;
Woɖoe anyi le dziƒo.
(HAXE)
Xexe sia ƒe nɔnɔme
le tɔtrɔm,
Gake Mawu le asi trɔm
’Tsɔme yayra’o ŋu na mí.
(Kpɔ Ps. 115:15, 16; Rom. 5:15-17; 7:25; Nyaɖ. 12:5 hã.)