‘Zɔ Le Xɔse Me, Ke Menye Le Nukpɔkpɔ Me O’
Do ŋgɔ teti na aʋakɔwo ƒe toɖeɖe ɖe Yerusalem kple etsɔtsrɔ̃ la, apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔwo be, abe Kristo ƒe asrafo nyuiwo ene la, ele be woakpɔ mɔ be yewoato nɔnɔme sesẽwo me, eye mele be woana woƒe dedienɔnɔ kple nu siwo ana woakpɔ dzidzɔ naxɔ nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me o. (2 Tim. 2:3, 4) Esi eteƒe madidi o tsɔtsrɔ̃ ava xexe mavɔ̃mawu sia dzi ta la, ele be xɔse sẽŋu nanɔ mía si, eye míana míaƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu. (2 Kor. 4:18; 5:7) Ne èle video si nye ‘Zɔ Le Xɔse Me, Ke Menye Le Nukpɔkpɔ Me O’ kpɔm la, de dzesi ale si dzitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu zu mɔ̃ ɖe Naham kple Abital si na wobu woƒe agbe (Yi jw.org/ee, eye nàʋu afi si nye AGBALẼWO > VIDEOWO). Le ema megbe la, dzro nyabiase siwo gbɔna la me.
(1) Nu kae nye ‘ŋunyɔnu si . . . va tsi tre ɖe kɔkɔeƒe la’ le ƒe alafa gbãtɔ me, eye afɔ kae wòle be Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem la naɖe enumake? (Mat. 24:15, 16) (2) Nu ka tae sisi le Yerusalem dua me bia xɔse? (3) Nu kawoe wòle be woatsɔ asa vɔe hafi asi? (4) Nu ka tae Naham kple Abital mesi le dua me enumake o? (Mat. 24:17, 18) (5) Xɔse ƒe dodokpɔ bubu kae dze ŋgɔ Rahel esime wònɔ sisim le Yerusalem? (Mat. 10:34-37; Marko 10:29, 30) (6) Aleke Etan ɖo xɔse kple kaka ɖe Yehowa dzi ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi? (7) Nɔnɔme sesẽ kawo mee Kristotɔwo to le Pella? (8) Aleke Naham kple Abital ƒe xɔse gbɔdzɔ vivivi? (9) Aleke Yehowa kpɔ Kristotɔ siwo nɔ Pella la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woe? (Mat. 6:33; 1 Tim. 6:6-8) (10) Esi míedze ŋgɔ nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu la, aleke míate ŋu asrɔ̃ Abraham kple Sara ƒe kpɔɖeŋu? (Heb. 11:8-10) (11) Nu kae na Naham kple Abital ka ɖe edzi be yewoate ŋu atrɔ ayi Yerusalem, eye nu ka tae woƒe nuŋububu sia mesɔ o? (Luka 21:21) (12) Aleke tututue nɔnɔmea nɔ le Yerusalem esi Naham kple Abital trɔ yi? (13) Nu ka tae wòle be míana xɔse sẽŋu nanɔ mía si fifia hafi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu nava?—Luka 17:31, 32; 21:34-36.
Be míazɔ le xɔse me fia be (1) míaka ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi, (2) míazɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi, eye (3) míaɖee afia be gbɔgbɔmenuwo le vevie na mí wu ŋutilãmenuwo. Neva eme be míaɖoe kplikpaa azɔ le xɔse me, ahaka ɖe edzi be “xexea kple eƒe nudzodzrowo nu va yina, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—1 Yoh. 2:17.