Ŋgɔdonya
Mawu le abe vifofo lɔ̃ame ene. 1 Petro 5:6, 7
Mawue nye mía Wɔla, eya ta eléa be na mí. Abe ale si ko vifofo lɔ̃ame fiaa nu viawoe ene la, Mawu le nu fiam amewo le afi sia afi be woanya mɔ nyuitɔ si nu woanɔ agbe ɖo.
Mawu fiaa nyateƒenya vevi geɖewo mí, siwo naa dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ mí.
Ne èɖo to Mawu la, afia mɔ wò, akpɔ ta wò, eye wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ wò kuxiwo gbɔ.
Gawu la, ana nànɔ agbe tegbee!