INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr18 February axa 1-3
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo (2018)
  • Tanya Suewo
  • February 5-11
  • February 12-18
  • February 19-25
  • February 26–March 4
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo (2018)
mwbr18 February axa 1-3

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

February 5-11

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 12-13

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 12:20

ɖovu bibi si le tsitsim: Anyie wotsɔ wɔ akaɖi sue si wozãna le aƒe me eye wokɔa amiti ƒe ami ɖe eme. Wodea ɖovu eme be wòalɔ amia ava dzi be dzoa nanɔ bibim. Helagbe me nya si nye “ɖovu bibi si le tsitsim,” ate ŋu afia ɖovu si le dzudzɔ tum elabe ele tsitsim loo alo ne wotsii teti. Nyagblɔɖi si le Yes 42:3 gblɔ tso Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu be, matsi mɔkpɔkpɔ ƒe dzo sue si kpɔtɔ ɖe ame tsɛ siwo wote ɖe to la me o.

February 12-18

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 14-15

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 14:21

womexlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo ya o: Mateo ɖeɖe koe yɔ nyɔnuwo kple ɖeviwo esi wònɔ nukunu sia ŋu nya gblɔm. Anye be ame siwo katã ɖu nu si wona nukutɔe la ƒe xexlẽme wu akpe wuiatɔ̃.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 15:7

alakpanuwɔlawo: Gɔmesese si le Helagbe me nya hy·po·kri·tesʹ ŋu koŋ fia Helatɔwo (eye emegbe Romatɔwo) ƒe fefewɔla siwo ɖɔa amemo gãwo be wòana yewoƒe gbe naɖi sesĩe la. Wova zãa nya sia le kpɔɖeŋumɔ nu na ame sia ame si ɣlaa susu si le esi alo ame si wònye tsɔ nɔa alakpanu wɔm. Yesu yɔ Yuda subɔsubɔhakplɔlawo be “alakpanuwɔlawo.”—Mt 6:5, 16.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 15:26

ɖeviwo . . . avuviwo: Esi Mose ƒe Sea gblɔ be avuwo nye lã makɔmakɔwo ta la, zi geɖe la, Ŋɔŋlɔawo zãa nya sia wònyea gbɔɖiɖi ame. (3Mo 11:27; Mt 7:6; Flp 3:2; Nyɖ 22:15) Ke hã, le Marko (7:27) kple Mateo ƒe nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe dzeɖoɖo sia ŋu me la, ezã nya “avuviwo” alo “aƒemevu” si na nyaa medze dzugbe o tsɔ ɖe vovototoa fia. Zi geɖe la, avuwo nɔa ame siwo menye Yudatɔwo o la si le aƒe me. Ðewohĩ Yesu zã nya sia tsɔ ɖe ale si ame siwo menye Yudatɔwo o la lɔ̃a avuviwo la fia. Esi Yesu tsɔ Israel-viwo sɔ kple “ɖeviwo” eye wòtsɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la sɔ kple “avuviwo” la, edze ƒã be Yesu di be yeana woanya be ɖeviwo xɔ asi wu avuviwo. Ne ɖeviwo kple avuwo le aƒe aɖe me la, woana nuɖuɖu ɖeviawo gbã hafi anɛ avuawo.

February 19-25

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 16-17

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 16:18

Wòe nye Petro, eye agakpe sia dzie: Helagbe me nya peʹtros fia “agakpe; alo kpe.” Le afi sia la wozãe wònye ame ƒe ŋkɔ (Petro), si nye Helaŋkɔ si Yesu tsɔ na Simon. (Yh 1:42) Peʹtra si nye nya bubu si ɖii la gɔmee nye “agakpe,” eye efia agakpe gbadzaa, agakpeto, alo agakpe gã. Helagbe me nya sia hã dze le Mt 7:24, 25; 27:60; Lk 6:48; 8:6; Ro 9:33; 1Ko 10:4; 1Pe 2:8. Petro ŋutɔ mebu eɖokui be yee nye agakpe si dzi Yesu atu eƒe hamea ɖo o, elabena eŋlɔ le 1Pe 2:4-8 be Yesue nye “gɔmeɖoanyi ƒe dzogoedzikpe” si Mawu ŋutɔ tia, si ŋu wogblɔ nya ɖi le tso gbe aɖe gbe ke. Nenema kee apostolo Paulo hã yɔ Yesu be “gɔmeɖoanyi” kple “gbɔgbɔ me agakpe.” (1Ko 3:11; 10:4) Edze ƒãa be ɖe Yesu nɔ susu hem yi nya si wògblɔ va yi dzi tsɔ nɔ fiafiam be: ‘Wò ame si meyɔ be Petro si gɔmee nye Agakpe lae kpɔ ame si tututu Kristo, si nye “agakpe sia,” si anye gɔmeɖoanyi na Kristo hamea la dze sii.’

hame: Esiae nye zi gbãtɔ si wozã Helagbe me nya ek·kle·siʹa. Woɖee tso Helagbe me nya eve siwo nye ek, si gɔmee nye “tso,” kple ka·leʹo, si gɔmee nye “woayɔ” me. Efia amewo ƒe ƒuƒoƒo si woyɔ ɖe taɖodzinu alo dɔ aɖe ta. (Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe.) Le afi sia la, Yesu gblɔ ale si woaɖo Kristo hame si me tɔwo nye Kristotɔ amesiamina, siwo nye “kpe gbagbe” siwo “wotsɔ le gbɔgbɔmexɔ tum” lae. (1Pe 2:4, 5) Zi geɖe la, wozã Helagbe me nya sia le Septuagint la me wòsɔna kple Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “hame,” eye zi geɖe la, efiaa Mawu ƒe dukɔ bliboa. (5Mo 23:3; 31:30) Le Dw 7:38 la, woƒo nu tso Israel-vi siwo woyɔ tso Egipte la ŋu be wonye “hame.” Nenema kee Kristotɔ siwo ‘woyɔ tso viviti me’ eye ‘wotia wo tso xexea me’ la va zu “Mawu ƒe hame.”—1Pe 2:9; Yh 15:19; 1Ko 1:2.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 16:19

dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo: Le Biblia me la, ne wotsɔ safui ŋutɔŋutɔwo alo kpɔɖeŋusafuiwo na ame aɖe la, efia be wona ŋusẽ aɖe amea. (1Kr 9:26, 27; Yes 22:20-22) Eya ta nya “safui” fiana ŋusẽ kple agbanɔamedzi. Petro zã “safui” siwo wotsɔ nɛ la tsɔ ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na Yudatɔwo (Dw 2:22-41), Samariatɔwo (Dw 8:14-17) kple ame siwo menye Yudatɔwo o (Dw 10:34-38) be woaxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa, ale be woate ŋu ayi ɖe Dziƒofiaɖuƒea me.

February 26–March 4

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 18-19

nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Mt 18:6, 7

té, si tedziwo trona: Alo “Té gã.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “tedzi ƒe té.” Té sia tɔgbi si ƒe kekeme anye meta 1.2-1.5 (afɔ 4-5) la kpena ale gbegbe be tedzi koe tea ŋu tronɛ.

nukikli (etenuŋɔŋlɔ): Wobui be gɔmesese si le Helagbe me nya skanʹda·lon, si gɔme woɖe be “nukikli” ŋui nye mɔ̃; ame aɖewo gblɔ be enye ati si ŋu woti mɔ̃gbɔɖonu ɖo. Ne wokeke nya sia ɖe enu la, ke efiaa mɔxenu si ate ŋu ana ame nakli nu alo adze anyi. Le kpɔɖeŋumɔ nu la, efia nuwɔna alo nɔnɔme si ana ame naɖe afɔ gbegblẽ, akli nu alo adzudzɔ agbe nyui nɔnɔ alo adze nu vɔ̃ me. Le Mt 18:8, 9 la, woate ŋu aɖe dɔwɔnya si sɔ kplii si nye skan·da·liʹzo, si gɔme woɖe be “ana woakli nu,” la gɔme hã be “azu mɔ̃; ana woawɔ nu vɔ̃.”

nwtsty media

Té

Wozãa téwo tsɔ tua nukuwo eye wozãa wo tsɔ fiã ami le amiti ƒe tsetsewo me. Ðewo melolo o, eya ta wotea ŋu tsɔa asi troa wo, gake ɖewo lolo ale gbegbe be lãwo koe tea ŋu troa wo. Anye be lolotɔ mawo ƒe ɖee Filistitɔwo zi Samson dzi wòtrona na wo. (Ʋɔn 16:21) Menye Israel koe té siwo lãwo trona la nɔ o, wonɔ Roma Fiaɖuƒea ƒe teƒe geɖewo hã.

Té Kple Tévi

Té gã abe esi dze le afi sia ene la, nye esi aƒemelawo abe tedzi ene trona tsɔ tua nukuwo alo amiti ƒe tsetsewo. Tévi si nɔa etame la ƒe kekeme ate ŋu ade meta 1.5 (afɔ 5) eye zi geɖea enɔa kpe si lolowu la dzi hafi wotronɛ.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 18:9

Gehena: Woɖe nya sia tso Hebrigbe me nya geh hin·nomʹ me, egɔmee nye “Hinom vi ƒe bali,” eye ele blema Yerusalem ƒe Ɣetoɖoƒe kple Anyiehekpa dzi. (Kpɔ Megbenyawo B12, anyigbatata “Yerusalem Kple Teƒe Siwo Ƒo Xlãe.”) Le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, balia va zu teƒe si wotɔa dzo gbeɖuɖɔwo le, eya ta “Gehena” nye kpɔɖeŋunya si sɔ nyuie na tsɔtsrɔ̃ ɖikaa.

nwtsty ƒe Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe

Gehena

Enye Helagbe me nya si fia, Hinom Vi Ƒe Bali, si nɔ blema Yerusalem ƒe anyieheɣetoɖoƒe. (Yr 7:31) Woƒo nu tso eŋu le nyagblɔɖi me be azu teƒe si wotsɔa nu kukuwo ƒua gbe ɖo. (Yr 7:32; 19:6) Kpeɖodzi aɖeke meli be wotsɔ lãwo alo amegbetɔwo ƒu gbe ɖe afi ma agbagbee kple susu be woatɔ dzo wo alo awɔ fu wo o. Eya ta mate ŋu anye teƒe makpɔmakpɔ aɖe si wowɔa fu amegbetɔwo ƒe luʋɔwo le le dzo ŋutɔŋutɔ me tegbee o. Ke boŋ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zã Gehena wòle tsitre ɖi na “ku evelia” ƒe tohehe mavɔ, si fia, tsɔtsrɔ̃ mavɔ, tsɔtsrɔ̃ ɖikaa.—Nyɖ 20:14; Mt 5:22; 10:28.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 18:10

kpɔa Fofonye si le dziƒo ƒe mo: Alo “te ŋu dona ɖe Fofonye ŋkume.” Esi wònye wote ŋu dona ɖe Mawu ŋutɔ ŋkume ta la, gbɔgbɔmenuwɔwɔwo koe ate ŋu akpɔ Mawu ƒe mo.—2Mo 33:20.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 18:22

zi blaadre vɔ adre: Egɔmeɖeɖe tẽe, “zi blaadre adre.” Woate ŋu ase Helagbe me nya sia gɔme be efia “70 kple 7” (si nye zi 77) alo “70 teƒe 7” (si nye zi 490). Nya mawo ke si dze le Septuagint la me le 1Mo 4:24 ɖe Hebrigbe me nya la gɔme be “zi 77,” si wɔ ɖeka kple ale si woɖe egɔme le afi sia be “zi 77.” Aleke kee woɖase nya mawo gɔmee o, adre si wogbugbɔgayɔ la fia nu si woawɔ “ɖaa” alo nu si “seɖoƒe meli na o.” Esi Yesu trɔ Petro ƒe zi 7 la wòzu zi 77 la fia be enɔ gbɔgblɔm na eyomedzelawo be mele be woaɖo seɖoƒe aɖe koŋ ɖe tsɔtsɔke ŋu o. To vovo na ema la, Babilontɔwo ƒe Talmud (Yoma 86b) ya gblɔ be: “Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi gbãtɔ, zi evelia kple etɔ̃lia la woatsɔe akee, gake ne ewɔe zi enelia la womatsɔe akee o.”

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 19:7

srɔ̃gbegbalẽ: Esi wobia tso ŋutsu si di be yeagbe ye srɔ̃ la si be wòaŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ si le se nu, eye wòabia aɖaŋuɖoɖo tso ame tsitsiwo gbɔ ta la, Sea na mɔnukpɔkpɔe be woagbugbɔ abu nu si wòdi be yeawɔ la ŋu nyuie. Taɖodzinu si le Sea ŋu koŋ ye nye be wòakpe ɖe amewo ŋu be woagatsɔ dzitsitsi agbe wo srɔ̃wo o, eye be Sea nakpɔ nyɔnuwo ta. (5Mo 24:1) Gake le Yesu ŋɔli la, subɔsubɔhakplɔlawo na wòle bɔbɔe be woagbe srɔ̃. Ƒe alafa gbãtɔ me ŋutinyaŋlɔla Josephus, si nye Farisitɔ si gbe srɔ̃a, gblɔ be mɔɖeɖe li be ame nagbe srɔ̃a “ɖe nya sia nya ta (eye ŋutsuwo nɔa te ɖe nu sia nu kloe dzi gbea wo srɔ̃wo).”

nwtsty media

Srɔ̃gbegbalẽ

Woŋlɔ Srɔ̃gbegbalẽ sia, le ƒe 71 alo 72 K.Ŋ., woŋlɔe ɖe Aramgbe me. Woke ɖe eŋu le Murabbaat-tɔʋua ƒe dziehe, tsi megale tɔʋu sia si le Yudea-gbedzi la me o. Woŋlɔ ɖe eme be, esi Yudatɔwo dze aglã le ƒe adelia me la, Joseph, si nye Naqsan vi, gbe Miriam, Jonathan vinyɔnu si nɔ Masada dugã me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe