Hame aɖe me tɔwo le to dzi le dɔdzikpɔhaa ƒe nyametsotsoa sem
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | DƆWƆWƆWO 15-16
Wonɔ Te Ðe Mawu Ƒe Nyaa Dzi Tsɔ Nusɔsɔe Tso Nya Me
Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si wokpɔ nya sia gbɔe me?
15:1, 2—Bɔbɔ ɖokuiwò eye nàgbɔ dzi ɖi. Le esi Paulo kple Barnaba ŋutɔ nanɔ agbagba dzem be yewoakpɔ nyaa gbɔ teƒe la, wodi mɔfiame tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ boŋ.
15:28, 29—Ka ɖe Mawu ƒe habɔbɔa dzi. Hamea ka ɖe edzi be Yehowa ato gbɔgbɔ kɔkɔea kple Kristo Yesu dzi afia mɔ yewo le nya sia me.
16:4, 5—Ðo to. Hameawo dzi ɖe edzi esi wowɔ ɖe dɔdzikpɔhaa ƒe mɔfiamea dzi.