NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 PETRO 1-3
“Wò Susu Nenɔ Yehowa Ƒe Ŋkeke La Ƒe Vava Ŋu Vevie”
Eteƒe madidi o, Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le ɣeyiɣi si wòɖo ɖi la dzi. Ðe míaƒe nuwɔna ɖenɛ fiana be míele klalo na Yehowa ƒe ŋkeke ma?
Nu kae wòfia be míanɔ ‘agbe kɔkɔe eye míatsɔ mía ɖokuiwo ana Mawu’?
Ele be míanɔ agbe kɔkɔe eye míatɔ afɔ to aʋli míaƒe xɔse ta
Ele be míaƒo mía ɖokuiwo ɖe gbɔgbɔmedɔwo me ɣesiaɣi, ne amewo le mía kpɔm alo womele mía kpɔm o