INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • March 25 Ƒe Kwasiɖa
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013 | March
    • March 25 Ƒe Kwasiɖa

      MARCH 25 ƑE KWASIÐA

      Hadzidzi 39 Kple Gbedodoɖa

      □ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:

      jr ta 7 mm. 1-6 (30 min.)

      □ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:

      Biblia xexlẽ: Luka 4-6 (10 min.)

      No. 1: Luka 4:22-39 (4 min. alo made o)

      No. 2: Afi Kae Ameƒomevi Vovovoawo Dzɔ Tso?—rs-E axa 301 mm. 1-4; +w04 1/1 axa 31 mm. 4 (5 min.)

      No. 3: Kpeɖodzi Kawoe Li Be Wofɔ Yesu Ðe Tsitre?—1 Kor. 15:3-7 (5 min.)

      □ Subɔsubɔ Kpekpe:

      Hadzidzi 12

      5 min: Dze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi. Na woazã kpɔɖeŋudzeɖonya si le axa 8 lia atsɔ awɔ ale si míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme le Memleɖa gbãtɔ dzi le April me la ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na nɔviawo katã be woakpɔ gome le eme.

      25 min: “Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. Ne miele memama 6 lia me dzrom la, na woawɔ wɔwɔfia eve.

      Hadzidzi 17 Kple Gbedodoɖa

  • Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013 | March
    • 3. Aleke agbalẽ gbadza sia to vovo tso Biblia srɔ̃gbalẽ bubuwo gbɔe?

      3 Ale Si Wotrɔ Asi Le Eŋui: Woŋlɔ míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽ geɖewo be amewo nate ŋu axlẽe ase egɔme bɔbɔe nenye be ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu o gɔ̃ hã. Agbalẽ sia ya to vovo. Ðe wotae be nufiala aɖe natsɔe akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòasrɔ̃ Biblia. Eya ta ne míele enam la, anyo ŋutɔ be míadzro memama ɖeka alo eve me kple amea. Memamawo le kpuie, eya ta míate ŋu adzro eme kple amea le ʋɔtru nu alo le eƒe dɔwɔƒe gɔ̃ hã. Togbɔ be anyo be míadze egɔme tso nusɔsrɔ̃ 1 dzi hã la, míate ŋu azã agbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe si sɔ atsɔ adze egɔme faa.

      4. Aleke agbalẽ gbadza sia akpe ɖe mía ŋu be míafia nu tso Biblia me tẽe?

      4 Zi geɖe la, nyabiase siwo nɔa míaƒe agbalẽ geɖewo me la ƒe ŋuɖoɖowo nɔa memamawo me. Gake le agbalẽ sia gome la, Biblia me koŋue woakpɔ ŋuɖoɖoawo le. Ame geɖe dina be yewoasrɔ̃ nu tso Biblia la me ke menye tso míaƒe agbalẽwo me o. Eya ta womeŋlɔ mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ akpa gãtɔ me nyawo ɖe agbalẽa me o. Ele be míaxlẽ mawunyakpukpuiawo tso Biblia ŋutɔ me tẽe. Esia kpena ɖe nusrɔ̃viwo ŋu wokpɔnɛ be nu si srɔ̃m yewole la tso Mawu gbɔ.—Yes. 54:13.

      5. Nu ka tae wòle vevie be nufialaa nadzra ɖo nyuie ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu?

      5 Womeɖe mawunyakpukpuiawo katã me le agbalẽ gbadza sia me o. Nu ka tae? Wotae be wòade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòabia nya eye esia akpe ɖe nufialaa ŋu be wòazã eƒe nufiafiaŋutete. Eya ta ele vevie be míadzra ɖo nyuie ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu. Gake de dzesii: Mègaƒo nu fũu o. Ŋɔŋlɔawo me ɖeɖe doa dzidzɔ na mí. Gake eɖea vi geɖe wu ne míena nusrɔ̃via ɖe ale si wòse ŋɔŋlɔawo gɔmee la gblɔ. Ne míezã nyabiasewo ŋuɖɔɖotɔe la, míate ŋu akpe ɖe eŋu wòabu tame ake ɖe nu si fiam mawunyakpukpui ɖe sia ɖe le ŋu.—Dɔw. 17:2.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe