-
September 28 Ƒe KwasiɖaFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015 | September
-
-
September 28 Ƒe Kwasiɖa
SEPTEMBER 28 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 73 Kple Gbedodoɖa
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
cl ta 31 mm. 1-12 (30 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: 2 Fiawo 23-25 (8 min.)
No. 1: 2 Fiawo 23:8-15 (3 min. alo esi made o)
No. 2: Mawudɔlawo—Akpa Kawoe Wowɔna Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me?—Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe, nwt axa 1708 (5 min.)
No. 3: Yehowa Na Eƒe Sewo—my ŋutinya 35 (5 min.)
Subɔsubɔ Kpekpe:
Ɣletia Ƒe Nyati: ‘Ði ɖase le nya nyui la ŋu tsitotsito.’—Dɔw. 20:24.
10 min: Paulo Kple Eƒe Zɔhɛwo Ði Ðase Tsitotsito Le Filipi. Numedzodzro. Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 16:11-15. Midzro ale si ŋutinya sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.
20 min: “Ale Si Nàzã Nya Nyui Gbalẽ Gbadzaa Atsɔ Afia Nui.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. Ne míedzro memama 3 lia me vɔ la, na woawɔ wɔwɔfia aɖe si me gbeƒãɖela aɖe le Nya Nyui gbalẽ gbadzaa nam eye wòdzro memama ɖeka me kple amea.
Hadzidzi 114 Kple Gbedodoɖa
-
-
Ale Si Nàzã Nya Nyui Gbalẽ Gbadzaa Atsɔ Afia NuiFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015 | September
-
-
1. Aleke wotrɔ asi le Nya Nyui gbalẽ gbadzaa la ŋui?
1 Abe ale si July Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa ɖe eme ene la, míaƒe dɔwɔnu vevitɔwo dometɔ ɖekae nye Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! ƒe agbalẽ gbadzaa. Womeŋlɔ mawunyakpukpui siwo woyɔ la me nyawo o kple susu be aƒemenɔlaa nate ŋu asrɔ̃ nu tso Biblia ŋutɔ me tẽe. Woŋlɔ míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽ geɖewo be amewo nate ŋu axlẽe ase egɔme bɔbɔe nenye be ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu o gɔ̃ hã. Gake agbalẽ sia ya to vovo. Ðe wotae be nufialaa natsɔe akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòasrɔ̃ Biblia. Eya ta ne míele enam la, anyo be míawɔ ale si míesrɔ̃nɛ kple amewo afia aƒemenɔlaa ale be wòakpɔ dzidzɔ si wònye be wòasrɔ̃ nya nyui si tso Biblia me.—Mat. 13:44.
-