INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr20 August axa 1-3
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo —2020
  • Tanya Suewo
  • AUGUST 3-9
  • AUGUST 10-16
  • AUGUST 17-23
  • AUGUST 24-30
  • AUGUST 31–SEPTEMBER 6
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo —2020
mwbr20 August axa 1-3

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

AUGUST 3-9

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 13-14

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

Tso blema ke la, mɔdodo gãwo kple asitsamɔ geɖe nɔ Palestina nutoa me. Mɔ mawo yi du kple fiaɖuƒe siwo le nutoa me la me. (4Mo 20:17-19; 21:21, 22; 22:5, 21-23; Yos 2:22; Ʋɔn 21:19; 1Sa 6:9, 12; 13:17, 18.) Mɔ si wobuna be yenye mɔ gãtɔ kekeake la tso le Egipte yi ɖe Filisti du siwo nye Gaza kple Askalon me eye mlɔeba egɔdɔ̃ to dziehe kple ɣedzeƒe dome ɖo ta Megido. Etso le afi ma yi Hazor, si le Galilea-ƒua ƒe dziehe kpa dzi eye wòva do ɖe Damasko. Mɔ sia si to Filisti lae nye kpuitɔ kekeake si tso Egipte yi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi. Gake Yehowa bu Israel-viwo ŋu esi wòkplɔ wo to mɔ bubu elabe medi be dzi naɖe le wo ƒo ne Filistitɔwo kpe aʋa kpli wo o.—2Mo 13:17.

Esi Israel-viwo zɔ mɔ va ɖo Etam “le gbegbe la nu” la, Mawu gblɔ na Mose be “woatrɔ ava ƒu asaɖa anyi ɖe Pihahirot ŋgɔ le . . . atsiaƒu la nu.” Woƒe tɔtrɔ alea ana Farao nasusui be Israel-viawo ‘tɔtɔ eye wole tsaglãla tsam.’ (2Mo 13:20; 14:1-3) Agbalẽnyala siwo xɔe se be anɔ eme be el Haj mɔa ye Israel-viawo to la gblɔna be Hebri dɔwɔnya si nye “trɔ va” fia be wotrɔ ŋutɔŋutɔ ke menye ɖeko “wodze to” mɔ bubu o. Woƒe nyaa fia be ɖe wogbugbɔ alo gɔdɔ̃ mɔ ɖo ta afi si wotso. Wogblɔ be, esi Israel-viwo va ɖo Ƒudzĩa ƒe alɔdze si le eƒe ɣetoɖoƒe (si nye Suez Ƒukɔme) ƒe dziehe kpa dzi la, wotrɔ va to Jebel ʽAtaqah ƒe ɣedzeƒe, si nye tonuto aɖe si dze ŋgɔ ƒua ƒe ɣetoɖoƒe. Le Israel-viwo ƒe agbɔsɔsɔ ta, ne edzɔ be futɔwo lũ ɖe wo dzi tso dzigbe gome la, manɔ bɔbɔe be woasi le wo nu kaba o elabe atsiaƒua axe mɔ na wo.

Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo hã tua xo nenema tɔgbi. Gake vevietɔ wu la, ale si woɖɔ mɔzɔzɔ bliboae la ɖi esi Biblia ŋutɔ gblɔ. Gake agbalẽnyala geɖe ƒe susu mewɔ ɖeka kple esia o. (2Mo 14:22, 23) Edze ƒãa be esi Israel-viawo ho tso Suez Ƒukɔmea (si nye Ƒudzĩa ƒe alɔdze si le eƒe ɣetoɖoƒe) ƒe dzigbe la, woɖiɖi va eƒe anyime kura hafi tsoe. Esia ta manya wɔ be Farao ƒe aʋakɔa naƒo xlã Ƒukɔmea ƒe dzigbe kple susu be yewoava dze Israel-viwo dzi le go kemɛa dzi o.—2Mo 14:22, 23.

AUGUST 10-16

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 15-16

Zi geɖe ne hadzihawo le ha dzim le blema Israel la, hadziha ɖeka doa haa ɖa eye evelia xenɛ, alo ame ɖeka doa haa ɖa eye hadziha aɖe xenɛ. Woyɔa hadzidzi alea le Ŋɔŋlɔawo me be “haxexe.” (2Mo 15:21; 1Sa 18:6, 7) Hadzidzi mɔnu sia tɔgbie wozã tsɔ ŋlɔ Psalmowo akpa gãtɔ, eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Psalmo 136 lia. Ale si woɖɔ akpedahadziha gã eve siwo nɔ anyi le Nehemiya ŋɔli kple ale si wodzi ha le Yerusalem gliawo ŋu kɔɣi la ɖee fia be mɔ sia tɔgbi nue wodzi haa le.—Neh 12:31, 38, 40-42.

Miriam yenye nyɔnunyagblɔɖila gbãtɔ si Mawu ɖo le Biblia me. Edze ƒãa be Mawu gblɔ gbedeasi aɖewo to edzi, ɖewohĩ gbedeasi mawo nye ha siwo gbɔgbɔ ʋãe wòdzi. (2Mo 15:20, 21) Ema tae eya kple Aron te ŋu gblɔ na Mose be: “Ðe [Yehowa] meƒoa nu toa míawo hã dzi oa?” (4Mo 12:2) Yehowa ŋutɔ gblɔ to nyagblɔɖila Mika dzi be yedɔ “Mose, Aron kple Miriam” wodze ŋgɔ na Israel-viwo esime yekplɔ wo do goe tso Egipte. (Mik 6:4) Togbɔ be Mawu ƒoa nu to Miriam dzi hã la, ƒomedodo ma si nɔ eya kple Mawu dome la mede esi nɔ nɔvia Mose kple Mawu dome ŋu o. Esi wòwɔ nu ame mabumabutɔe ɖe Mose ŋu la, Mawu he to nɛ vevie.—4Mo 12:1-15.

AUGUST 17-23

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 17-18

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

Ðikeke mele eme o be, esi wolé ŋku ɖe Mose ƒe nuŋlɔɖiwo ŋu la, edze ƒãa be wonye nuŋlɔɖi siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, woda asi ɖe wo dzi be wonye nuŋlɔɖi siwo kpe ɖe Biblia-gbalẽwo ŋu eye wonye mɔfiame nyui siwo dzi woazɔ ɖo le tadedeagu dzadzɛ me. Menye Mose ŋutɔe ɖo eɖokui Israel-viwo ƒe kplɔla kple ŋgɔnɔla o; gbãa ehe ɖe megbe esi Mawu de dɔ ma asi nɛ. (2Mo 3:10, 11; 4:10-14) Mawu ŋutɔe tia Mose eye wòna ŋusẽe wòwɔ nukunu gãwo ale gbegbe be Farao ƒe madzikiwɔlawo gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be Mawue na wòwɔ nukunu mawo. (2Mo 4:1-9; 8:16-19) Eya ta menye Mose ŋutɔe ɖoe be yeagblɔ nya siwo yegblɔ kple nu siwo yeŋlɔ ɖi la o. Ke boŋ Mose ɖo to se siwo Mawu de nɛ eye gbɔgbɔ kɔkɔea ʋãe be gbãa, wòƒo nu, eye emegbe wòŋlɔ nu siwo dzi woda asi ɖo be wokpe ɖe Biblia-gbalẽwo ŋu.—2Mo 17:14.

AUGUST 24-30

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 19-20

Se ene gbãtɔawo na míekpɔ nu siwo Yehowa di tso mía si. (Gbãtɔ) Mawu di be míasubɔ ye ɖeka ko. (Mateo 4:10) (Evelia) Medi be ye subɔla aɖeke nazã nɔnɔmewɔwɔwo le ye subɔsubɔ me o. (1 Yohanes 5:21) (Etɔ̃lia) Edi be míazã yeƒe ŋkɔa nyuie le bubumɔ nu eye míagado vloe gbeɖe o. (Yohanes 17:26; Romatɔwo 10:13) (Enelia) Edi be yeƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanɔ vevie na mí le nu sia nu si míewɔna me. Esia awɔe be míaɖi ɖe eme alo ‘adzudzɔ le sabat’ dzi tso míawo ŋutɔwo míaƒe dɔwɔwɔwo me.—Hebritɔwo 4:9, 10.

(Atɔ̃lia) Ne ɖeviwo ɖo to wo dzilawo la, ɖekawɔwɔ nɔa ƒomea me eye Yehowa yraa wo. Eye ‘sedede gbãtɔ sia si ŋu ŋugbedodo kpe ɖo’ la na mɔkpɔkpɔ nyui aɖe hã ɖeviwo! Menye ɖeko ‘eme anyo na wo’ o, ke boŋ ‘woanɔ anyigba la dzi eteƒe nadidi.’ (Efesotɔwo 6:1-3) Esi wònye be míele xexe vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me ta la, ɖevi siwo awɔ ɖe se sia si Mawu de dzi la, maku akpɔ o; mɔnukpɔkpɔa asu wo si be woanɔ agbe tegbee.—2 Timoteo 3:1; Yohanes 11:26.

Ne míelɔ̃ mía haviwo la, esia awɔe be mímawɔ nu vɔ̃ɖi siawo atsɔ agblẽ nu le wo ŋu o: (Adelia) míawu ame o, (Adrelia) míawɔ ahasi o, (Enyilia) míafi fi o, eye (Asiekelia) míada alakpa ɖe amewo si o. (1 Yohanes 3:10-12; Hebritɔwo 13:4; Efesotɔwo 4:28; Mateo 5:37; Lododowo 6:16-19) Ke nu siwo ŋu míebuna ya ɖe? Sedede (Ewolia) si ƒo nu tsi tre ɖe ŋukeklẽ ŋu la, na míekpɔe be Yehowa di be nu siwo ŋu míebuna nanɔ dzadzɛ le ye ŋkume ɣesiaɣi.—Lododowo 21:2.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

Kristotɔ Siwo Nye Nunɔlawo. Yehowa do ŋugbe na Israel-viwo be ne wolé yeƒe nubabla me ɖe asi la, woazu “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe” na ye. (2Mo 19:6) Gake Aron ƒe dzidzimevi siwo zua nunɔlawo ƒe ɖoɖo ma ya ayi edzi va se ɖe esime gãtɔ si wònye vɔvɔ̃li na nava. (Heb 8:4, 5) Ðoɖo ma ayi edzi va se ɖe esime Se ƒe nubablaa wu enu eye nubabla yeyea dze dɔ wɔwɔ gɔme. (Heb 7:11-14; 8:6, 7, 13) Israel-viwo koŋ ye mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi na gbã be woava zu Yehowa ƒe nunɔlawo asubɔ le Fiaɖuƒe si ŋugbe Mawu do la me; emegbe la, mɔnukpɔkpɔ ma va ʋu ɖi na dukɔ bubu me tɔwo hã.—Dw 10:34, 35; 15:14; Ro 10:21.

Yudatɔ ʋɛ aɖewo koe xɔ Kristo dzi se, si wɔe be dukɔa mete ŋu va nye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe si va va ŋutɔŋutɔ la me tɔwo o. (Ro 11:7, 20) Esi Israel-viwo menɔ nuteƒe wɔm o ta, Mawu xlɔ̃ nu wo ƒe alafa geɖe do ŋgɔ to eƒe nyagblɔɖila Hosea dzi be: “Esi miegbe nu le sidzedze gbɔ ta la, nye hã magbe mi, be miagawɔ nunɔladɔ nam o; eye esi mieŋlɔ mia Mawu ƒe se la be ta la, nye hã maŋlɔ mia viwo be.” (Ho 4:6) Nenema kee Yesu hã gblɔ na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo be: “Woaxɔ Mawu Fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe kuwo.” (Mt 21:43) Ke hã, esi Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, enɔ Sea te, eya ta ede bubu Aron ƒe dzidzimevi siwo zua nunɔlawo ƒe ɖoɖo ma si nɔ dɔ wɔ ɣemaɣi la ŋu, eye egblɔ na ame siwo ŋu wòda anyidɔ le la be woayi ɖe nunɔla gbɔ avae na nu si Sea bia.—Mt 8:4; Mr 1:44; Lk 17:14.

AUGUST 31–SEPTEMBER 6

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 21-22

Woɖe mɔ na Hebritɔ siwo si kluviwo le la be ne kluvi aɖe gbe toɖoɖo alo dze aglã la, eƒe aƒetɔ ate ŋu aƒoe kple ati. Gake ne kluvia ku ɖe esi me la, ke ele be woabia hlɔ̃e. Gake ne ŋkeke ɖeka alo eve tso eme hafi kluvia va ku la, ema aɖo kpe edzi be menye ɖe eƒe aƒetɔa ɖoe be yeawui hafi o. Ekpɔ mɔ ahe to na kluvia elabena ‘eƒe gae’ wòtsɔ ƒlee. Ame aɖeke madi be ye ŋutɔ yeagblẽ yeƒe nunɔamesi vevi dome o, elabena esia ana nu nabu nɛ. Azɔ hã, ne ŋkeke ɖeka alo esi wu nenema tso eme hafi kluvia ku la, womate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be ƒoƒoa gbɔe kua tso loo alo nu bubu aɖe gbɔe wòtso o. Eya ta ne edzɔ be kluvia ganɔ agbe ŋkeke ɖeka alo eve hafi ku la, ke womabia hlɔ̃ eƒe aƒetɔa o.—2Mo 21:20, 21.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

Míate ŋu ase nya si le 2 Mose 21:14 la gɔme be ele be woawu nunɔla gɔ̃ hã nenye be eɖoe wu ame, alo be ne ame aɖe si ɖoe wu ame si vae lé vɔsamlekpuia ƒe dzowo gɔ̃ hã, ele be woawui godoo.—Tsɔe sɔ kple 1 Fiawo 2:28-34.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe