INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • rr axa 47
  • “Menɔ Nu Gbagbeawo Kpɔm”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Menɔ Nu Gbagbeawo Kpɔm”
  • Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kawoe Nye “Nu Gbagbe Siawo Siwo Mo Ene Li Na” La?
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
  • “Ðɔ Ale Si Gbedoxɔa Le”
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
  • ‘Wò Dzi Neku Ðe’ Mawu Ƒe Gbedoxɔ ‘Ŋu!’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • “Mekpɔ Ŋutega Siwo Tso Mawu Gbɔ”
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
Kpɔ Bubuwo
Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
rr axa 47
Blema kpetata si nye nyitsu toaʋala si ƒe ta nye amegbetɔ.

NUFIAMEÐAKA 4A

“Menɔ Nu Gbagbeawo Kpɔm”

Ðikeke mele eme o be Ezekiel anya kpɔ nyitsu kple dzata toaʋala siwo ƒe tawo nye amegbetɔ ƒe ta ƒe kpetata gãwo le fiasãwo kple gbedoxɔwo ƒe mɔnu kpɔ. Kpetata siawo tɔgbi bɔ ɖe blema Asiria kple Babilonia. Anɔ eme be kpetata siawo siwo dometɔ aɖewo kɔ abe afɔ 20 ene la kpɔkpɔ wɔ nuku na Ezekiel abe ame bubuwo ke ene. Ke hã aleke kee kpetata siawo dze nu siwo ŋu ŋusẽ le o, agbe mele wo me o, kpetata koe wonye.

NYITSU TOAƲALA SI ƑE TA NYE AMEGBETƆ ƑE TA

Amegbetɔ ƒe kɔkɔme (anye afɔ 6 lɔƒo) si wotsɔ sɔ kple kpetata si nye nyitsu toaʋala si ƒe ta nye amegbetɔ la ƒe kɔkɔme (anye afɔ 14.5 lɔƒo).

Kpetata sia si nye nyitsu toaʋala si ƒe ta nye amegbetɔ ƒe ta la nye gli si le agbo si nu wotona gena ɖe blema Asiria du Khorsabad me la ƒe akpa aɖe. Wodae ɖe teƒe sia kple susu be wòaxe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo be woagage ɖe dua me o.

To vovo na kpetata siawo la, nu gbagbe ene siwo Ezekiel kpɔ le ŋutega me la nye “nu gbagbe” ŋutɔŋutɔwo. Vovototo gã kae nye esi le wo dome! Esi Ezekiel kpɔ wo la, wowɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòyɔ “nu gbagbe” zi 11 sɔŋ le eƒe nyagblɔɖia ƒe gɔmedzedze. (Eze. 1:5-22) Nu gbagbe ene siwo zɔna ɖe du si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me, siwo le anyime vie na Mawu ƒe fiazikpuia la anya na wòkpɔe kɔtɛ be Yehowa kpɔ ŋusẽ ɖe nuwɔwɔwo katã dzi. Egbea hã ŋutega ma nana míekpɔa Yehowa ƒe gãnyenye kple ŋusẽ kpakple ale si eƒe dziɖulagãnyenye keke tae la dzea sii.—1 Kron. 29:11.

Nu gbagbe ene siwo mo ene li na la le Ezekiel ƒe ŋutegaa me dometɔ ɖeka keke eƒe aʋala me.

Trɔ yi ta 4, memama 4

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe