Ðe Yehowa Nya Wòa?
“Yehowa nya ame siwo nye [etɔwo].”—2 TIM. 2:19.
1, 2. (a) Nu kae nɔ vevie na Yesu? (b) Nyabiase kawo ŋue wòle be míade ŋugble le?
GBE ɖeka la, Farisitɔ aɖe te ɖe Yesu ŋu hebiae be: “Sedede kae nye gãtɔ le Se la me?” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.” (Mat. 22:35-37) Yesu lɔ̃ Fofoa si le dziƒo la vevie eye wònɔ agbe wòwɔ ɖeka kple nya mawo vavã. Yesu tsi dzi ɖe tenɔnɔ si nɔ esi le Yehowa ŋkume la hã ŋu eye wòɖe esia fia to ale si wònɔ agbe nuteƒewɔwɔtɔe me. Eya ta ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku la, ete ŋu gblɔ be Mawu nya ye be yewɔ Eƒe sededewo dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Yesu to esia wɔwɔ me kpɔtɔ nɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ la me.—Yoh. 15:10.
2 Ame geɖe gblɔna egbea be yewolɔ̃ Mawu. Ðikeke mele eme o be míawo hã míebua mía ɖokuiwo ɖe ame siawo dome. Ke hã nyabiase vevi aɖewo li siwo ŋu wòle be míabu: ‘Ðe Mawu nyama? Aleke Yehowa buamee? Ðe wonyam be menye etɔa?’ (2 Tim. 2:19) Aleke gbegbe wòdoa dzidzɔ na míe nye esi be míakpɔe be míate ŋu anɔ ƒomedodo sia tɔgbi me kple xexea me katã ƒe Dziɖulagã!
3. Nu ka tae ame aɖewo kea ɖi be yewoate ŋu anye Yehowa tɔ, eye nu kae akpe ɖe wo ŋu woaɖu seselelãme ma dzi?
3 Ke hã esesẽna na ame aɖewo siwo lɔ̃ Yehowa vevie la be woaxɔe ase be Mawu nya yewo abe exɔlɔ̃wo ene. Ame aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be viɖe aɖeke mele yewo ŋu o, eya ta womekana ɖe edzi be yewoate ŋu anye Yehowa tɔ o. Gake edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Mawu ya mebua mí nenema o! (1 Sam. 16:7, 8a) Apostolo Paulo gblɔ na ehati Kristotɔwo be: ‘Ne ame aɖe lɔ̃ Mawu la, ekema Mawu dze sii.’ (1 Kor. 8:3) Nudidi gbãtɔ si le vevie hafi Mawu nanya ame aɖee nye be wòalɔ̃ Mawu. Bu eŋu kpɔ: Nu ka tae nèle magazine sia xlẽm? Nu ka tae nèle agbagba dzem be nàsubɔ Yehowa kple wò dzi blibo, luʋɔ blibo, susu blibo, kple ŋusẽ blibo ɖo? Ne èɖe adzɔgbe na Mawu eye nèxɔ nyɔnyrɔ la, nu kae ʋã wò nèɖe afɔ mawo? Biblia ɖe eme be Yehowa, ame si dzroa dziwo me kpɔna lae hea amewo alo kpea wo be woanye ye xɔlɔ̃wo. (Mixlẽ Xagai 2:7; Yohanes 6:44.) Eya ta àte ŋu aƒo nya ta be esi Yehowa he wò ɖe eɖokui ŋu tae nèle esubɔm ɖo. Megblẽa ame siwo wòhe ɖe eɖokui ŋu, siwo wɔa nuteƒe nɛ, la ɖi gbeɖe o. Mawu dea asixɔxɔ wo ŋu ŋutɔ, eye wòlɔ̃a wo vevie.—Ps. 94:14.
4. Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ tenɔnɔ si le mía si le Mawu ŋkume la ŋu bum?
4 Esi Yehowa nya he mí ɖe eɖokui ŋu ko la, nu si ŋu wòle be míatsi dzi ɖoe nye be míakpɔtɔ anɔ eƒe lɔlɔ̃ la me. (Mixlẽ Yuda 20, 21.) Gake ɖo ŋku edzi be Biblia ɖee fia be ate ŋu adzɔ be míatra ɖa tso Mawu gbɔ. (Heb. 2:1; 3:12, 13) Le kpɔɖeŋu me, hafi apostolo Paulo nagblɔ nya si dze le 2 Timoteo 2:19 la, ɖeko wòƒo nu tso Himenayo kple Fileto ŋu teti koe nye ema. Edze ƒãa be ame eve mawo nye Yehowa tɔwo tsã, gake emegbe la, wova tra ɖa le nyateƒea me. (2 Tim. 2:16-18) Ðo ŋku edzi hã be ame aɖewo siwo Mawu nya tsã le hame siwo nɔ Galatia me la meyi edzi nɔ gbɔgbɔmekekeli si me wonɔ tsã la me o. (Gal. 4:9) Negadzɔ be míabu tenɔnɔ xɔasi si le mía si le Mawu ŋkume la nu tsɛ gbeɖe o.
5. (a) Nɔnɔme nyui siwo ŋu Mawu dea asixɔxɔe la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Kpɔɖeŋu kawo mee míadzro?
5 Nɔnɔme nyui aɖewo li siwo ŋu Yehowa dea asixɔxɔe etɔxɛ. (Ps. 15:1-5; 1 Pet. 3:4) Xɔse kple ɖokuibɔbɔ ɖe dzesi le ame aɖewo siwo Mawu nya la ŋu. Mina míadzro kpɔɖeŋu siwo ŋutsu eve aɖewo ɖo ɖi la me ne míakpɔ ale si nɔnɔme nyui siawo na Yehowa lɔ̃ wo vevie ɖa. Míalé ŋku ɖe ŋutsu aɖe hã si wɔ nu dadatɔe eye esia ta Yehowa gbee la ŋu. Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso kpɔɖeŋu siawo me.
Ame Siwo Si Xɔse Le La Fofo
6. (a) Esi Abraham xɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se ta la, nu kae wòwɔ? (b) Aleke Yehowa nya Abraham?
6 Abraham nye ame aɖe si “[xɔ] Yehowa dzi se.” Le nyateƒe me la, woyɔe be ‘ame siwo katã si xɔse le la fofo.’ (1 Mose 15:6; Rom. 4:11) Le xɔse me, Abraham gblẽ eƒe aƒe, exɔlɔ̃wo, kple eƒe nunɔamesiwo ɖi yi anyigba didi aɖe dzi. (1 Mose 12:1-4; Heb. 11:8-10) Le ƒe geɖe megbe la, xɔse sesẽ aɖe gakpɔtɔ nɔ Abraham si. Xɔse sia dze ƒãa esime ‘wòtsɔ via Isak na’ le toɖoɖo Yehowa ƒe gbe ta. (Heb. 11:17-19) Abraham ɖee fia be yexɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se, eya ta ezu ame tɔxɛ aɖe na Mawu, si fia be Mawu nya Abraham ŋutɔŋutɔ. (Mixlẽ 1 Mose 18:19.) Menye ɖeko Yehowa nya be Abraham li ko evɔ o, ke boŋ elɔ̃ Abraham abe xɔlɔ̃ vevi aɖe ene.—Yak. 2:22, 23.
7. Nu kae ɖe dzesi le Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu, eye aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe Abraham ƒe nuwɔna dzi?
7 Nukutɔe la, le Abraham ƒe agbenɔɣi katã la, anyigba si ŋugbe wodo nɛ be wòanye eƒe domenyinu la mesu esi o. Nenema kee mekpɔ eteƒe eƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ ‘abe ƒutake ene’ o. (1 Mose 22:17, 18) Togbɔ be ŋugbedodo siawo meva eme le Abraham ƒe agbenɔɣi o hã la, eƒe Yehowa dzi xɔxɔ se me gasẽ kokoko. Enya be, ne Mawu do ŋugbe be yeawɔ nane la, ɖeko wòle abe ɖe wòwɔe vɔ ene. Ɛ̃, Abraham nɔ agbe wòwɔ ɖeka kple eƒe xɔse. (Mixlẽ Hebritɔwo 11:13.) Ðe Yehowa nya mí be xɔse le mía si abe Abraham enea?
Yehowa Sinu Kpɔkpɔ Nye Xɔse Ƒe Dzesi
8. Didi siwo sɔ kawoe ame aɖewo adi vevie be woava eme na yewo?
8 Ðewohĩ míedi vevie be míaƒe didi aɖewo nava eme na mí. Ate ŋu anye srɔ̃ɖeɖe, vidzidzi, alo lãmesẽ nyui me nɔnɔ, eye didi siawo katã le dzɔdzɔme nu eye wosɔ. Gake le ame geɖe gome la, didi siawo dometɔ aɖewo meva eme na wo o. Ne nenemae wòle le mía gome la, ale si míewɔa nu le nɔnɔme sia me la aɖe xɔse si gbegbe le mía si la afia.
9, 10. (a) Mɔ kawo dzie ame aɖewo to be yewokpɔ nu si dim yewole la? (b) Aleke nèsena le ɖokuiwò me le Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava ŋu?
9 Aleke gbegbe nunya manɔ eme o enye esi be míaɖe afɔ siwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo ŋu be míaɖi kɔ na didi siawo. Esia agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo tia dɔdamɔnu siwo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu. Ame bubuwo lɔ̃ be yewoawɔ dɔ aɖe si ana womakpɔ vovo ɖe woƒe ƒomea kple kpekpewo dede ŋu o. Ke srɔ̃ɖeŋugbedodo me nɔnɔ kple ame aɖe si menye haxɔsetɔ o ya ɖe? Ne Kristotɔ aɖe ɖe afɔ siawo dometɔ aɖe la, ɖe wòle didim ŋutɔŋutɔ be Yehowa nanya yea? Aleke Yehowa ase le eɖokui me ne ɖe Abraham tsi dzimaɖi be Mawu ƒe ŋugbedodowo menɔ eme vam kaba o? Ke ne ɖe Abraham tso nya me be yeatso aƒe eye yeana yeƒe ŋkɔ nanyɔ tsɔ wu be yeakpɔ Yehowa sinu ɖe? (Tsɔe sɔ kple 1 Mose 11:4.) Ðe Yehowa ayi edzi abui be enye ye xɔlɔ̃a?
10 Nu kawoe nèdi vevie be woava eme na ye? Ðe wò xɔse me sẽ ale gbegbe be nàkpɔ Yehowa, ame si do ŋugbe be yeatsɔ wò nudidi siwo sɔ la aɖi ƒo na wò la, sinua? (Ps. 145:16) Abe ale si wònɔ le Abraham gome ene la, ɖewohĩ Mawu ƒe ŋugbedodo aɖewo mava eme kaba abe ale si míadii ene o. Ke hã ne míetu xɔse si nɔ Abraham si la tɔgbi ɖo eye míewɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple míaƒe xɔsea la, Yehowa maŋlɔ mí be o. Ne míewɔe alea la, aɖo eteƒe na mí godoo.—Heb. 11:6.
Ðokuibɔbɔ Kple Dada Ƒe Kpɔɖeŋuwo
11. Mɔnukpɔkpɔ kawoe anya su Kora si, eye nu kae esia ɖe fia tso nɔnɔme si nɔ esi ɖe Mawu ŋu la ŋuti?
11 Le bubudede Yehowa ƒe ɖoɖowo kple eƒe nyametsotsowo ŋu me la, nu si Mose wɔ la to vovo kura na nu si Kora wɔ. Woƒe nuwɔna kpɔ ŋusẽ ɖe ale si Yehowa bu woe dzi. Kora nye Lewi vi si tso Kehat ƒomea me, eye mɔnukpɔkpɔ geɖe siwo su esi la dometɔ aɖewoe nye be, ekpɔ eteƒe esi woɖe dukɔa tso Ƒu Dzĩa me, ewɔ akpa aɖe le to si Yehowa he na Israel vi sẽtowo le Sinai Toa gbɔ la me, eye ewɔa akpa aɖe le nubablaɖaka la kɔkɔ me. (2 Mose 32:26-29; 4 Mose 3:30, 31) Edze ƒãa be ewɔ nuteƒe na Yehowa ƒe geɖe eye ame geɖe dea bubu eŋu le Israel ƒe asaɖa me.
12. Abe ale si wòdze le nɔnɔmetata si le axa 28 lia me ene la, aleke dada gblẽ Kora kple Mawu dome ƒomedodoa me?
12 Ke hã esi Israel dukɔa nɔ mɔ dzi yina Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Kora susu be nane gblẽ le ale si Mawu nɔ dukɔa kplɔm la ŋu. Eyome ame 250 bubu, siwo hã nye ame ŋkutawo la wɔ ɖeka kple Kora eye wodze agbagba be yewoatrɔ nuwo. Ðewohĩ Kora kple ame siwo de edzi la ka ɖe edzi be ƒomedodo nyui aɖe le yewo kple Yehowa dome. Wogblɔ na Mose be: “Mia tɔ do ɖoɖo akpa! Ha blibo la le kɔkɔe, eye Yehowa le wo dome.” (4 Mose 16:1-3) Kakaɖeameɖokuidzi akpa kple nuwɔwɔ dadatɔe ka gbegbee nye esi! Mose gblɔ na wo be: ‘Yehowa aɖe ame si nye etɔ afia.’ (Mixlẽ 4 Mose 16:5.) Kaka ŋufɔke ƒe zã nado la, Kora kple ame siwo katã nɔ eƒe akpa dzi le aglãdzedzea me la ku.—4 Mose 16:31-35.
13, 14. Mɔ kawo nue Mose ɖe eƒe ɖokuibɔbɔ fia le?
13 To vovo na ema la, Mose ya “fa wu ame siwo katã le anyigba dzi.” (4 Mose 12:3) Eɖe eƒe tufafa kple ɖokuibɔbɔ fia le ale si wòɖoe kplikpaa wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafiawo dzi me. (2 Mose 7:6; 40:16) Naneke meɖee fia be Mose toa nyatoƒoe le ale si Yehowa kpɔa nyawo gbɔe ŋu loo alo be edo dziku le esi wòle nɛ be wòazɔ ɖe ɖoɖo si nu Yehowa di be woawɔ nuwo ɖo dzi ta o. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa na mɔfiame tsitotsito ku ɖe ale si woatu avɔgbadɔ lae ŋu yi nu suetɔ kekeake dzi, abe ka ƒe amadede kple ka kpukpui xexlẽme si woade avɔawo nu ene. (2 Mose 26:1-6) Ne amegbetɔ dzikpɔla aɖe si le Mawu ƒe habɔbɔa me naa mɔfiame aɖewo wò siwo dzena abe ɖe wosẽ akpa ene wò la, ɖewohĩ ate ɖe dziwò ɣeaɖewoɣi. Ke hã dzikpɔla madeblibowo zãm Yehowa le; elɔ̃na faa naa mɔnukpɔkpɔ esubɔlawo eye wòka ɖe wo dzi. Ne ele mɔfiame geɖewo nam tsitotsito la, susu nyui aɖe tae wòle ewɔm ɖo. Gake de dzesii be Mose medo dziku ɖe Yehowa ŋu le esi wòna numeɖeɖe tsitotsito eyama ta o, abe ɖe Yehowa na wòde vovo ge do kpoe alo le ablɔɖe xɔm le esi ene o. Ke boŋ Mose kpɔ egbɔ be dɔwɔlawo “wɔe pɛpɛpɛ” abe ale si Mawu gblɔe ene. (2 Mose 39:32) Ðokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme ka gbegbee nye esi! Mose kpɔe dze sii be Yehowa tɔe dɔa nye eye be dɔwɔnu koe yenye wòle zazãm tsɔ le eƒe dɔ wɔm.
14 Mose gawɔ nu ɖokuibɔbɔtɔe esime wòto nɔnɔme madeamedzi aɖe si ɖe fu na eya ŋutɔ vevie la me. Gbe ɖeka, esi Israel viwo nɔ nyatoƒoe tom la, Mose mete ŋu ɖu eɖokui dzi o eye wòdo kpo ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu. Esia wɔe be Yehowa gblɔ na Mose be makplɔ dukɔ la ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. (4 Mose 20:2-12) Woa kple foa, Aron, wodo dzi tsɔ Israel viwo ƒe liʋiliʋilili ƒe geɖe. Gake esi Mose wɔ vodada zi ɖeka sia ta la, nu si wònɔ mɔ kpɔm na ƒe geɖe la mesu esi o! Aleke Mose wɔ nui? Togbɔ be eme kɔ be ate ɖe edzi hã la, Mose lɔ̃ ɖe Yehowa ƒe nyametsotsoa dzi ɖokuibɔbɔtɔe. Enya be Mawu dzɔdzɔetɔ, ame si me madzɔmadzɔnyenye aɖeke mele o, ye Yehowa nye. (5 Mose 3:25-27; 32:4) Ne ède ŋugble le Mose ŋu la, ɖe mèkpɔe be enye ame si Yehowa nya oa?—Mixlẽ 2 Mose 33:12, 13.
Wɔwɔ Ðe Yehowa Ƒe Nudidiwo Dzi Biaa Ðokuibɔbɔ
15. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Kora ƒe nuwɔwɔ dadatɔe la me?
15 Ale si míewɔa nui ne wowɔ tɔtrɔwo le míaƒe xexea me katã ƒe Kristotɔwo ƒe hamea me kpakple nyametsotso siwo ame siwo le ŋgɔ xɔm la wɔna ŋu la kpɔa ŋusẽ ɖe ale si Yehowa bua míi dzi. Kora kple edzidelawo ŋutɔwo ɖe wo ɖokui ɖa le Mawu ŋu to kakaɖeameɖokuidzi akpa, dada, kple xɔsemanɔamesi nuwɔna me. Togbɔ be le Kora ya gbɔ la, Mose si ku amegã lae wɔa nyametsotsowo gbe sia gbe hã la, le nyateƒe me la, Yehowa ŋutɔe nɔ dukɔa kplɔm. Kora ŋlɔ nyateƒenya ma be, eye esia wɔe be wòdo kpo nuteƒewɔwɔ na ame siwo zãm Mawu nɔ la. Ðe nunya manɔ eme wu be Kora nakpɔ Yehowa sinu be wòakɔ nyawo me alo be wòawɔ tɔtrɔwo ne esiawo hiã vavã oa? Eya ta le nyaa ƒe nuwuwu la, Kora to nuwɔwɔ dadatɔe dzi gblẽ ŋkɔ nyui si nɔ esi abe subɔla wɔnuteƒe ene la keŋkeŋ.
16. Ne míesrɔ̃ Mose ƒe ɖokuibɔbɔa la, aleke Yehowa abu míi?
16 Ŋutinya sia nye nuxlɔ̃ame aɖe si nye ŋkubiãnya na hamemetsitsiwo kple hamea me tɔ bubuwo egbea. Yehowa sinu kpɔkpɔ kple wɔwɔ ɖe eƒe mɔfiame siwo ame siwo woɖo be woaxɔ ŋgɔ la nana dzi biaa ɖokuibɔbɔ. Ðe míeɖenɛ fiana be míenye ɖokuibɔbɔlawo hefa tu abe Mose enea? Ðe míalɔ̃ ɖe ɖoƒe si ame siwo le ŋgɔ xɔm le mía dome la le dzi ahabɔbɔ mía ɖokui awɔ ɖe woƒe mɔfiafiawo dzia? Ðe míetea ŋu ɖua míaƒe seselelãmewo dzi ne nuwo meyi abe ale si míekpɔ mɔ nɛ ene oa? Ne míewɔnɛ alea la, ekema Yehowa abu mí exɔlɔ̃woe. Míaƒe ɖokuibɔbɔ kple wɔwɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖowo dzi ana wòalɔ̃ mí vevie.
Yehowa Nya Ame Siwo Nye Etɔwo
17, 18. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anye Yehowa tɔwo?
17 Enyo ŋutɔ be míade ŋugble le ame siwo Yehowa lɔ̃, siwo wòhe ɖe eɖokui ŋu abe xɔlɔ̃wo ene la ŋu. Ame madeblibowoe Abraham kple Mose nye, eye gbɔdzɔgbɔdzɔwo le wo ŋu abe míawo ke ene. Ke hã Yehowa nya wo be wonye ye tɔwo. Gake Kora ƒe kpɔɖeŋua ya ɖee fia be ate ŋu adzɔ be míate ɖa le Yehowa ŋu eye magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o. Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Aleke Yehowa buamee? Nu kae mate ŋu asrɔ̃ tso Biblia me kpɔɖeŋu siawo me?’
18 Nyanya be Yehowa bua nuteƒewɔla siwo wòhe ɖe eɖokui ŋu be wonye ye tɔwo ate ŋu afa akɔ na wò geɖe ŋutɔ. Yi edzi nànɔ xɔse, ɖokuibɔbɔ, kple nɔnɔme nyui bubu siwo ana Mawu nalɔ̃ wò vevie la tum ɖo. Ðikekemanɔmee la, mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖee wònye be Yehowa nya mí, enana míekpɔa dzidzɔ fifia, eye ana yayra wɔnukuwo nasu mía si le etsɔme.—Ps. 37:18.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Nu kae wòfia be Yehowa nanya wò?
• Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Abraham ƒe xɔse?
• Nufiame kawoe le Kora kple Mose ƒe kpɔɖeŋuawo me na mí?
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Ðe xɔse le mía si abe Abraham ene be Yehowa awɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzia?
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Kora melɔ̃ be yeabɔbɔ ye ɖokui awɔ ɖe mɔfiamewo dzi o
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Ðe Yehowa nya wò be ènye ame si wɔna ɖe mɔfiafiawo dzi ɖokuibɔbɔtɔea?