INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr21 September axa 1-7
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo—2021
  • Tanya Suewo
  • SEPTEMBER 6-12
  • SEPTEMBER 13-19
  • SEPTEMBER 20-26
  • SEPTEMBER 27–OCTOBER 3
  • OCTOBER 4-10
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • OCTOBER 11-17
  • OCTOBER 18-24
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo—2021
mwbr21 September axa 1-7

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

SEPTEMBER 6-12

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 5 MOSE 33-34

rr 120, aɖaka

Nu Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míagatso Ðe Míaƒe Afɔwo Dzi

Ele be míaɖo ŋku edzi be ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Ezekiel ŋɔli la, nyagblɔɖila Mose gblɔ be menye ɖeko ŋusẽ le Yehowa si o, ke edi vevie hã be yeazã yeƒe ŋusẽa atsɔ akpe ɖe yeƒe amewo ŋu. Mose ŋlɔ bena: “Sitsoƒee Mawu nye tso blema ke, eƒe alɔ mavɔwo le tewò.” (5 Mose 33:27) Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi be ne míetrɔ ɖe Mawu ŋu le xaxaɣiwo la, Yehowa atsɔ eƒe alɔwo ade mía te lɔlɔ̃tɔe, akɔ mí ɖɔɖɔɖɔ, eye wòakpe ɖe mía ŋu míagatso ɖe míaƒe afɔwo dzi.—Eze. 37:10.

w11 9/15 19 ¶16

Do Dzi Le Agbedua Ƒuƒu Me

Abe Abraham ke ene la, Mose menɔ agbe kpɔ Mawu ƒe ŋugbedodo la me vava teƒe o. Esi woa kple Israel viwo va ɖo Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzi la, Yehowa gblɔ na Mose be: “Ànɔ adzɔge akpɔ anyigba la ɖa, ke màde anyigba, si mele Israel viwo na ge la dzi o.” Nu si tae nye be, do ŋgɔ la, Israel vi kɔlialiatɔwo wɔ nu wòve woa kple Aron, eye “[womeɖi] anukware [na Mawu] le Israel viwo dome le dzrewɔtsi la gbɔ . . . o.” (5 Mose 32:51, 52) Ðe esia na Mose do dziku alo dzi ɖe le eƒoa? Ao. Eyra dukɔ la eye wòwu enu kple nya siawo: “Woayra wò Israel! Ame ka de nuwò? Dukɔ, si Yehowa ɖe, ame si nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi!”—5 Mose 33:29.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w15 2/15 4 ¶6

Srɔ̃ Yesu Ƒe Ðokuibɔbɔ Kple Dɔmetɔtrɔ

Eƒe nɔnɔme. Biblia-gbalẽ si nye Yuda ƒo nu tso nane si dzɔ do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigbadzivava ŋu. (Xlẽ Yuda 9.) “Nya aɖe ɖo” mawudɔlawo ƒe tatɔ Mixael, si nye Yesu, “kple Abosam dome,” eye “wònɔ nya hem” kple vɔ̃ɖitɔ ma “le Mose ƒe ŋutilã ŋu.” Esi Mose ku la, Yehowa ɖii ɖe afi si ame aɖeke mate ŋu akpɔ o. (5 Mose 34:5, 6) Ðewohĩ Abosam di be yeazã Mose ƒe kukua atsɔ ate Israel-viwo kpɔ be woaƒo wo ɖokui ɖe alakpasubɔsubɔ me. Nu ka kee Abosam ɖo be yeawɔ hafi o, Mikael xe mɔ nɛ dzideƒotɔe. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, nya siwo nye “nya aɖe ɖo” wo dome kple “wònɔ nya hem” la kuna ɖe “nyahehe le ʋɔnu” hã ŋu, eye esia ate ŋu afia be “Mikael ‘tɔ gbe Abosam be medze’ atsɔ Mose ƒe ŋutilã o.” Ke hã mawudɔlawo ƒe tatɔ la nyae be seɖoƒe li na yeƒe ŋusẽ. Eya ta egblẽ nyaa ɖe Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la Gãtɔ, ame si ko si gome le be wòadrɔ̃ ʋɔnu Satana la si me. Yesu ƒe ɖokuibɔbɔa ɖe dzesi vavã!

SEPTEMBER 13-19

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | YOSUA 1-2

“Ale Si Nàwɔ Wò Mɔwo Nadze Edzi”

w13 1/15 8 ¶7

Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Li Kpli Wò!

Hafi dzideƒo si míehiã be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nasu mía si la, ele be míasrɔ̃ eƒe Nya la eye míawɔ ɖe emenyawo dzi. Nya siae wogblɔ na Yosua esime wòva xɔ ɖe Mose teƒe be: “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu vevie ko; lé se, siwo katã nye dɔla Mose de na wò la me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi. . . . Mègaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nàbu eŋu zã kple keli, ne nàlé nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi; elabena eya ko hafi [wò mɔwo adze edzi na wò, eye àwɔ nu le nunya me, NW].” (Yos. 1:7, 8) Yosua wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi, eye ‘eƒe mɔwo dze edzi nɛ.’ Ne míawo hã míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi la, dzi anɔ mía ƒo geɖe wu eye míakpɔ dzidzedze le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me.

w13 1/15 11 ¶20

Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Li Kpli Wò!

Mele bɔbɔe be míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm esime míele dodokpɔwo me tom le xexe vɔ̃ɖi sia si me xaxawo bɔ ɖo la me o. Ke hã womegblẽ mí ɖi o. Mawu li kpli mí. Via, si nye hamea ƒe Ta la, hã li kpli mí. Eye Yehowa ƒe Ðasefo 7,000,000 kple edzivɔ siwo le xexea me godoo la hã li kpli mí. Mina mía kpli wo siaa míayi edzi axɔ Mawu dzi se eye míaɖe gbeƒã nya nyui la. Ƒe 2013 ƒe mawunyakpukpuia si nye, “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu. . . . Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò” la, akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia.—Yos. 1:9.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w04 12/1 9 ¶1

Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me

2:4, 5—Nu ka tae Rahab ble fia la ƒe ame siwo le ŋkutsalawo dim? Rahab de eƒe agbe afɔku me tsɔ kpɔ ŋkutsalawo tae elabena eva xɔ Yehowa dzi se. Eya ta, egbe be yemagblɔ afi si ŋkutsalawo le la na ame siwo le didim be yewoawɔ nu vevi Mawu ƒe amewo la o. (Mateo 7:6; 21:23-27; Yohanes 7:3-10) Le nyateƒe me la, ‘wotso dzɔdzɔenyenye ƒe afia’ na Rahab ɖe eƒe ‘dɔwɔwɔwo,’ si me fia la ƒe dɔgbedelawo beble hã le, ta.—Yakobo 2:24-26.

SEPTEMBER 20-26

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | YOSUA 3-5

“Yehowa Yraa Mí Ne Míewɔ Nu Le Xɔse Me”

w13 9/15 16 ¶17

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Ŋu

Mɔ kawo nue nu siwo xɔse ʋãa mí míewɔna la nana míegakana ɖe Yehowa dzi geɖe wu le? De ŋugble le Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖi si ku ɖe Israel viwo ƒe Ŋugbedodonyigbaa dzi yiyi ŋu la ŋuti kpɔ. Yehowa gblɔ be nunɔla siwo tsɔ nubablaɖaka la nazɔ ayi Yordan Tɔsisia me tẽe. Gake esi dukɔa nɔ tɔsisia gogom la, wode dzesii be tsidzadza na tɔsisia ɖɔ gbagba. Nu kae Israel viwo awɔ fifia? Ðe woaƒu asaɖa anyi le tɔsisia nu alala kwasiɖa geɖe be tsia namie vie hafi yewoatsoea? Kpao, ke boŋ woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe eye wowɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Nu kae do tso eme? Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Esi nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, ƒe afɔwo ka tsia me la, tete [tsia] mie ƒiaƒiaƒia. Eye nunɔlawo tɔ ɖe tsitre sesĩe le ƒuƒuiƒe le Yordan titina, va se ɖe esime dukɔ blibo la va Yordan godo.’ (Yos. 3:12-17) Kpɔ ale si Israel viwo akpɔ dzidzɔe esi tsi si nɔ sisim sesĩe la tɔ ɖa le susu me! Vavãe, Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ na wogaxɔ eyama dzi se geɖe wu.

w13 9/15 16 ¶18

Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Ŋu

Enye nyateƒe be Yehowa mewɔa nukunu mawo na eƒe amewo egbea o, gake eyrana ɖe nu siwo xɔse ʋãa mí míewɔna dzi. Mawu ƒe dɔwɔŋusẽa doa ŋusẽ mí míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia le xexea me godoo. Eye Yehowa ƒe Ðasefo vevitɔ, si nye Kristo Yesu si wofɔ ɖe tsitre la, ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be yele megbe na wo le dɔ vevi sia wɔwɔ me esime wògblɔ be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo . . . Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:19, 20) Ðasefo geɖe siwo ŋu kpena eye wovɔ̃na tsã la aɖi ɖase be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea naa dzideƒo yewo yewotea ŋu ɖea gbeƒã na ame siwo yewomedze si o la le gbeadzi.—Mixlẽ Psalmo 119:46; 2 Korintotɔwo 4:7.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w04 12/1 9 ¶2

Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me

5:14, 15—Ame kae nye “Yehowa ƒe aʋafia”? Aʋafia si va do ŋusẽ Yosua esime wote Ŋugbedodonyigba la dzi dzedze la mate ŋu anye ame bubu aɖeke wu “Nya la”—si nye Yesu Kristo do ŋgɔ na eƒe amegbetɔ zuzu—o. (Yohanes 1:1; Daniel 10:13) Aleke wòdoa ŋusẽ ame enye si be kakaɖedzi nanɔ ame si be Yesu Kristo si wotsɔ ŋutikɔkɔe na la li kple Mawu ƒe amewo egbea esi wole gbɔgbɔmeʋa wɔm!

SEPTEMBER 27–OCTOBER 3

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | YOSUA 6-7

“Gbe Nu Le Nu Ƒuƒluwo Gbɔ”

w10 4/15 20 ¶5

Ðe Wò Ŋku Ða Le Nu Dzodzrowo Kpɔkpɔ Ŋu!

Ƒe alafa geɖewo megbe esi Israel viwo ɖu Yerixo dua dzi la, Akan ƒe ŋkuwo blee wòfi aboyonuawo ƒe ɖe. Mawu de se be woatsrɔ̃ nu siwo katã le du ma me, negbe nu siwo Yehowa gblɔ be woadzra ɖo ɖe yeƒe nudzraɖoƒe la ko. Wode se na Israel viawo be: “Mikpɔ nyuie le busunuawo ŋu, ne [woagadzro mi]” ne miagatsɔ dua me nuwo dometɔ aɖeke o. Akan ƒe tomaɖomaɖoa wɔe be Aitɔwo ɖu Israel viwo dzi, eye wowu wo dometɔ aɖewo. Akan meʋu eme be yefi fi o, va se ɖe esime nyaa dze go. Akan gblɔ be, esi “mekpɔ” nuawo la, “wobiã ŋu nam, eye metsɔ wo.” Eƒe ŋku ƒe nudzodzro he tsɔtsrɔ̃ va eya ŋutɔ kple ‘nu siwo katã le esi la’ dzi. (Yos. 6:18, 19; 7:1-26) Akan na nu siwo ŋu wode se ɖo la dzroe.

w97 8/15 28 ¶2

Nu ka ta Nàɖe Nu Gbegblẽ Wɔwɔ Agblɔ?

Nu siwo ta woaɖe nu gbegblẽ wɔwɔ agblɔ dometɔ ɖekae nye be ekpɔa hamea ƒe dzadzɛnyenye ta. Mawu si le dzadzɛ ye Yehowa nye, enye Mawu kɔkɔe. Edi be ame siwo katã dea ta agu nɛ nanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me kple ŋutilã gome. Eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me xlɔ̃ nu mí be: “Abe vi ɖotowo ene migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi tsãtɔ, si me mienɔ le miaƒe nudzodzrowo me, le numanyamanya me la o, ke boŋ abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me; elabena woŋlɔ bena: ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.’” (1 Petro 1:14-16) Ame siwo tsɔ nu makɔmakɔ alo nu gbegblẽ wɔwɔ ɖo dɔe ate ŋu ahe ɖiƒoƒo kple Yehowa ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ va hame bliboa katã dzi negbe ɖe woɖɔ wo ɖo alo woɖe wo ɖa.—Tsɔe sɔ kple Yosua, ta 7.

w10 4/15 21 ¶8

Ðe Wò Ŋku Ða Le Nu Dzodzrowo Kpɔkpɔ Ŋu!

Ŋku ƒe nudzodzrowo kple ŋutilã ƒe nudzodzrowo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ vavãwo hã dzi. Eya ta Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be míaɖu mía ɖokuiwo dzi le nu siwo míekpɔna kple nu siwo dzroa mí la gome. (1 Kor. 9:25, 27; mixlẽ 1 Yohanes 2:15-17.) Ame dzɔdzɔe Hiob kpɔ kadodo sẽŋu si le nukpɔkpɔ kple nudzroame dome la dze sii. Egblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?” (Hiob 31:1) Menye ɖeko Hiob ɖoe kplikpaa be yemaka asi nyɔnu ŋu le mɔ gbegblẽ nu ko o, ke eɖoe be yemanɔ susu ma ŋu bum gɔ̃ hã o. Yesu te gbe ɖe edzi be ele be míaƒo asa na gbɔdɔnuwɔna gbegblẽwo ŋu bubu esi wògblɔ be: “Ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.”—Mat. 5:28.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w15 11/15 15 ¶2-3

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le blema la, ne woɖe to ɖe du aɖe la, efia be aʋawɔlawo ƒo xlãe hele klalo be yewoadze edzi. Ekema ne woɖe to ɖee ɣeyiɣi didi la, dua me tɔwo ɖua nuɖuɖu siwo wodzra ɖo la ƒe akpa gãtɔ wòvɔna. Mlɔeba la, ne aʋawɔlaawo xɔ dua la, wohaa nu sia nu si wodi, eye ɣeaɖewoɣi womegblẽa nuɖuɖu aɖeke ɖi o. Esia tae le Palestina du siwo dzi wodze le mɔ sia nu me la, nuɖuɖu ʋɛ aɖe ko ŋue blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖo, alo womeke ɖe ɖeke kura ŋu o. Gake Yeriko dudowo ya to vovo. Biblia Duwo Nɔƒe Kulawo Ƒe Nyatakakagbalẽ (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be: “Nu si koŋ tsi anyi le dua tsɔtsrɔ̃ megbe, ne míeɖe anyinuwo le emee nye agblemenukuwo.” Agbalẽa gblɔ kpee be: “Mebɔ kura be woake ɖe nuɖuɖu gbogbowo ŋu alea o.”

Biblia na míenya be Israel-viwo meha nuɖuɖu aɖeke le Yeriko dua me o, elabe Yehowa de se ɖe esia nu. (Yosua 6:17, 18) Biblia gblɔ kpee be adamee Israel-viwo dze Yeriko dzi, le nuŋeɣi megbe tututu, esi woƒo agblemenuku gbogbo aɖewo nu ƒu ɖe dua me. (Yosua 3:15-17; 5:10) Eya ta esi wotsrɔ̃ Yeriko vɔ megbe la, agblemenuku gbogbo siwo tsi anyi la ɖo kpe edzi be ɣeyiɣi kpui aɖe koe woɖe to ɖe dua, abe ale si Biblia gblɔe ene.

OCTOBER 4-10

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | YOSUA 8-9

“Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Gibeontɔwo Ƒe Ŋutinyaa Me”

w03 6/15 12 ¶5

Srɔ̃ Yehowa, Mía Mawu Si Mekpɔa Ame Ŋkume O

Emegbe Israel ʋu tso tɔʋua ƒe baliawo me lia yi nutoa ƒe tonyigbawo dzi. Le wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi me la, Yosua zã xadede ƒe aɖaŋu aɖe ɖe Ai-dugã la ŋu. (Yosua, ta 8) Aʋadziɖuɖua ŋutinya ƒoe ɖe Kanaan-fia geɖe nu be woakpe ta hena aʋawɔwɔ. (Yosua 9:1, 2) Gibeon, si nye Xiwitɔwo ƒe du si tsɔ afi ma gbɔ la, me nɔlawo wɔ nusi to vovo. Yosua 9:4 gblɔ be, ‘woawo hã wɔ nu le aɖaŋudzedze me.’ Abe Rahab ene la, wose nu tso ale si Yehowa ɖe eƒe amewoe le Mɔzɔzɔa me kpakple le Sixon kple Og dzi ɖuɖu me ŋu. (Yosua 9:6-10) Gibeontɔwo kpɔe dze sii be aʋahoho ɖe wo ŋu made yewo dzi o. Eyata Gibeon kple du etɔ̃—Kefira, Berot, kple Kiryat-Yearim—siwo te ɖe wo ŋu la dɔ ame aɖewo siwo dzra ɖo abe didiƒee wotso ene la ɖo ɖe Yosua le Gilgal. Ayedzedze sia dze edzi. Yosua bla nu kpli wo si ana be woakpɔ wo ta. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yosua kple Israel-viawo va kpɔe be ɖee woble yewo. Ke hã, woyɔ Yehowa tsɔ ka atam na wo eye le ema ta wowɔ ɖe edzi. (Yosua 9:16-19) Ðe Yehowa lɔ̃ ɖe edzia?

w11 11/15 8 ¶14

“Mègaɖo Dzi Ðe Wò Gɔmesese Ŋu O”

Esi míenye ame madeblibowo ta la, ehiã be mí katã míanɔ ŋudzɔ be míagado kpo Yehowa ƒe mɔfiafia biabia ne míele nyametsotsowo wɔm o—esia lɔ hamemetsitsi kpɔnuteƒewo gɔ̃ hã ɖe eme. Bu ale si Yosua, si va xɔ ɖe Mose teƒe la, kple Israel ame tsitsiwo wɔ nui esime Gibeontɔ aɖaŋudzela siwo do nu xoxowo hebua wɔ wo ɖokuiwo abe ame siwo tso anyigba didi aɖe dzi ene la, va wo gbɔ la ŋu kpɔ. Yosua kple ame tsitsi bubuawo mebia gbe Yehowa hafi wɔ ŋutifafa kple Gibeontɔwo hebla nu kpli wo o. Togbɔ be Yehowa da asi ɖe ɖoɖo si wowɔ kpli wo la dzi mlɔeba hã la, ekpɔ egbɔ be woŋlɔ nudzɔdzɔ sia si ɖee fia be womebia yeƒe mɔfiafia o la ŋuti nya ɖe Ŋɔŋlɔawo me na mí be wòaɖe vi na mí.—Yos. 9:3-6, 14, 15.

w04 10/15 18 ¶14

‘Ði Tsa Le Anyigba La Dzi’

Ame dɔdɔawo gblɔ be: “Wò dɔlawo tso anyigba didi boo aɖe dzi va le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ la ta.” (Yosua 9:3-9) Ðeko wòwɔ abe woƒe awuwo kple nuɖuɖu ɖo kpe edzi be didiƒee wotso ene, gake le nyateƒe me la, Gibeon kple Gilgal dome le abe kilometa 30 ko ene. Esi Yosua kple eƒe amegãwo ka ɖe edzi ta la, wowɔ xɔlɔ̃wɔwɔ nubabla kple Gibeon kple du siwo gogo Gibeon siwo le ƒomedodo me kplii. Ðe Gibeontɔwo ƒe ayemenuwɔnaa nye nu si ana womatsrɔ̃ wo o koa? Kpao, ke boŋ eɖe didi si le wo me be Israel ƒe Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la fia. Yehowa lɔ̃ be Gibeontɔwo nazu “nakefɔlawo kple tɔmedelawo na ameha la kple Yehowa ƒe vɔsamlekpui la,” si wɔe be wofɔa nake vanɛ hena vɔsasa le vɔsamlekpuia dzi. (Yosua 9:11-27) Gibeontɔwo yi edzi ɖee fia be yewolɔ̃ faa be yewoawɔ dɔ tsɛwo le Yehowa subɔsubɔ me. Anɔ eme be wo dometɔ aɖewo nɔ Netinim siwo trɔ gbɔ tso Babilon heva subɔ le gbedoxɔ si wogbugbɔ tu me. (Ezra 2:1, 2, 43-54; 8:20) Míate ŋu asrɔ̃ woƒe nɔnɔme to agbagba dzedze be ŋutifafa nanɔ mía kple Mawu dome eye míalɔ̃ faa awɔ dɔdeasi tsɛ ɖesiaɖe le eƒe subɔsubɔdɔa me.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w13 5/15 13 ¶5

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Biblia gblɔ le 5 Mose 21:23 be, “Mawu ƒo fi de ame si wode kae ɖe ati ŋu la.” Eya ta ale si wohea nu vlo wɔla si “Mawu ƒo fi de” la ƒe kukua ɖe ati ŋu be ame sia ame nakpɔ la anya wɔ dɔ ɖe Israel viwo dzi godoo. Le nyateƒe me la, ame siwo wotso kufia na eye wohe wo ɖe ati ŋu la anye nuxlɔ̃ame na amewo katã.

OCTOBER 11-17

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | YOSUA 10-11

“Yehowa Wɔ Aʋa Na Israel”

w04 12/1 11 ¶1

Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me

10:13—Aleke nu ɖe dzesi sia wɔ dzɔ? “Ðe nane sesẽ na Yehowa,” dziƒo kple anyigba wɔla la? (1 Mose 18:14) Ne Yehowa lɔ̃ la, ate ŋu atrɔ asi le anyigbaa ƒe zɔzɔme ŋu ale be wòadze na anyigba dzi tɔwo abe ɖee ɣea kple ɣletia megale zɔzɔm o ene. Alo ate ŋu ana anyigba kple ɣletia nayi edzi anɔ zɔzɔm gake wòatrɔ keklẽ si tso ɣea kple ɣletia gbɔ bene kekeli si tso nukeklẽ eve siawo gbɔ la nayi edzi aklẽ ɖe anyigba dzi. Aleke kee wòɖadzɔe o, “ŋkeke aɖeke medo ŋgɔ nɛ alo va le emegbe de esia nu” le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me o.—Yosua 10:14.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w09 3/15 32 ¶5

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Mele be ale si Biblia ƒo nu tso agbalẽ aɖewo ŋu, eye wote ŋu wɔ numekuku le wo me nana míaƒo nya ta be Mawu ƒe gbɔgbɔ ye ʋã amewo hafi woŋlɔ wo o. Ke hã, Yehowa Mawu kpɔ nuŋlɔɖi siwo katã me “mía Mawu ƒe nya” le la ta, eye nuŋlɔɖi mawo “anɔ anyi tegbee.” (Yes. 40:8) Ɛ̃, nya siwo Yehowa tia be woanɔ Biblia gbalẽ 66 siwo le mía si la me koe nye nu si tututu míehiã bene ‘míadze bliboe, eye míanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’—2 Tim. 3:16, 17.

OCTOBER 18-24

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | YOSUA 12-14

“Dze Yehowa Yome Kple Dzi Blibo”

w04 12/1 12 ¶2

Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me

14:10-13. Togbɔ be Kaleb xɔ ƒe 85 hã la, ebia be yeaxɔ dɔ sesẽ si nye be yeanya ame siwo le Hebron nutoa me ɖa. Enakitɔwo—siwo dzɔatsu ŋutɔ—lae nɔ afi ma. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, aʋawɔla bibi sia ɖu dzi, eye Hebron va zu sitsoƒedu. (Yosua 15:13-19; 21:11-13) Kaleb ƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na mí be míagasi le teokrasidɔ sesẽwo nu o.

w06 10/1 18 ¶11

Xɔse Kple Mawuvɔvɔ̃ Nana Dzi Nɔa Ame Ƒo

Xɔse sia tɔgbe mekua te o. Ke boŋ etsina ɖe edzi ne míenɔ agbe ɖe nyateƒea nu, ne ‘míeɖɔ’ viɖe siwo dona tsoa eme kpɔna, ne ‘míekpɔ’ míaƒe gbedodoɖawo ŋuti ŋuɖoɖowo, alo kpuie ko la, xɔse la tsina ne míesena le mía ɖokui me be Yehowae fiaa mɔ mí le agbe me. (Psalmo 34:8; 1 Yohanes 5:14, 15) Míate ŋu aka ɖe edzi be xɔse si nɔ Yosua kple Kaleb si la deto ɖe edzi esi woɖɔ Mawu ƒe dɔmenyonyo kpɔ. (Yosua 23:14) De ŋugble le nya siawo ŋu kpɔ: Womeku le gbea dzi le ƒe 40 siwo wotsɔ zɔ mɔae me o, abe ale si Yehowa do ŋugbe na woe ene. (4 Mose 14:27-30; 32:11, 12) Wowɔ akpa vevi aɖe le ƒe ade si dukɔa tsɔ wɔ aʋa kple Kanaantɔwo heɖu wo dzi la me. Mlɔeba la, wonɔ agbe wòdidi le lãmesẽ me, eye woxɔ woa ŋutɔwo ƒe gome hã. Nyateƒe troloo ye wònye be Yehowa ɖoa eteƒe na ame siwo tsɔa dzinɔameƒo subɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe la.—Yosua 14:6, 9-14; 19:49, 50; 24:29.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe