INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Egakɔ Gbedoxɔa Ŋu Ake
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu mu gagbalawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi

      TA 103

      Egakɔ Gbedoxɔa Ŋu Ake

      MATEO 21:12, 13, 18, 19 MARKO 11:12-18 LUKA 19:45-48 YOHANES 12:20-27

      • YESU ƑO FI DE GBOTI AÐE EYE WÒKƆ GBEDOXƆA HÃ ŊU

      • ELE BE YESU NAKU HAFI ATE ŊU ANA AGBE AME GEÐE

      Zi etɔ̃liae nye esia Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo tsi Betania dɔ tso esime wotso Yeriko va. Azɔ le Dzoɖa Nisan 10 lia ƒe ŋdi kanya la, wodze mɔ ɖo ta Yerusalem. Dɔ nɔ Yesu wum. Eya ta esi wòkpɔ gboti aɖe la, ete ɖe eŋu. Ðe gbotsetsewo le edzia?

      Ɣleti si nye March ƒe nuwuwu lɔƒo mee wonɔ, eye June me kee gbowo tsena. Ke hã atia to aŋgba kaba. Eya ta Yesu susu be atse ku hã kaba. Gake mekpɔ kutsetse aɖeke le edzi o. Aŋgbaawo na wòdze abe ɖe tsetse le atia dzi ene. Eya ta Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke magaɖu wò tsetse azɔ gbeɖegbeɖe o.” (Marko 11:14) Enumake atia de asi yɔyrɔ me, eye gɔmesese si le esia ŋu ava dze le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi.

      Le esia megbe kpuie la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Yerusalem. Eyi gbedoxɔa, si me wòyi ɖalé ŋku ɖo le ŋkeke si do ŋgɔ ƒe ŋdɔ me la me. Gake egbea ya menye nuwo ŋu koe wòva lé ŋku ɖo o; egawɔ nu si tɔgbi wòwɔ ƒe etɔ̃ do ŋgɔ le ƒe 30 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi la ake. (Yohanes 2:14-16) Fifia Yesu nya “nudzrala kple nuƒlela siwo le gbedoxɔa me.” Azɔ hã, “emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo kple ahɔnɛdzralawo ƒe zikpuiwo ƒu anyi.” (Marko 11:15) Meɖe mɔ na ame siwo tso dua ƒe akpa aɖe yina eƒe akpa bubu la gɔ̃ hã be woato gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu be wòanye mɔ kpuitɔ na wo o.

      Nu ka tae Yesu tso ɖe ame siwo le ga gbam kple ame siwo le lãwo dzram le gbedoxɔa me la ŋu nenema? Egblɔ be: “Menye ɖe woŋlɔe ɖi be, ‘Woayɔ nye aƒe la be dukɔwo katã ƒe gbedoɖaƒe’ oa? Ke miawo mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe doe.” (Marko 11:17) Nu si tae wòyɔ ame mawo be adzodalawo ɖoe nye be, wodoa asi gã ɖe lã siwo wòhiã be amewo naƒle atsɔ asa vɔe la ŋu. Yesu bu woƒe nuwɔnaa be enye adzodada, alo fififi.

      Nunɔlawo ƒe tatɔwo, agbalẽfialawo, kple dumegãwo se nu si Yesu wɔ, eye esia wɔe be wogadze agbagba vevie wu be yewoana woawui. Gake kuxi aɖe dze ŋgɔ wo. Womenya ale si woawɔ abu mo na Yesu o, elabena ame geɖewo ku ɖe eŋu be yewoaɖo toe.

      Menye Yudatɔwo ɖeɖe koe va Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe o, ame siwo trɔ dzi me va zu Yuda subɔsubɔhaa me tɔwo hã le eme. Wo dometɔ aɖewo nye Helatɔ siwo va ta de ge agu le azãa ɖuɣi. Ame siawo te ɖe Filipo ŋu, ɖewohĩ le esi wòtɔ Helatɔwo ƒe ŋkɔ ta, eye wogblɔ nɛ be yewodi be yewoakpɔ Yesu. Anɔ eme be Filipo meka ɖe edzi tututu nenye be esia asɔ o, eya ta eyi ɖaɖe susu kple Andrea. Wo ame evea va gblɔ nyaa na Yesu, ame si anɔ eme be ekpɔtɔ nɔ gbedoxɔa me ɣemaɣi.

      Yesu nya be yeaku le ŋkeke ʋɛ aɖewo ko megbe, eya ta menye fifiae wòadi ŋkɔxɔxɔ alo atsi dzi ɖe nu si amewo adi be yewoakpɔ la ŋu o. Edo lo aɖe tsɔ ɖo nya ŋu na apostolo eveawo ale: “Gaƒoƒo la de be woado Amegbetɔvi la ɖe dzi. Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ne lu ƒe ku mege ɖe anyigba heku o la, ku ɖeka ko wònyena; ke ne eku la, ekema etsea ku geɖe.”—Yohanes 12:23, 24.

      Lu ƒe ku ɖeka medzena abe nu si ŋu asixɔxɔ boo le ene o. Gake ne woƒãe eye ‘wòku’ la, amie eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ava zu luti si tsea ku geɖe. Nenema kee Yesu hã nye ame deblibo ɖeka ko. Ke hã ne ewɔ nuteƒe na Mawu va se ɖe ku me la, azu ame si dzi woato ana agbe mavɔ ame geɖe siwo si ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nɔnɔme ma ke le. Eya ta Yesu gblɔ be: “Ame si lɔ̃a eƒe agbe vevie la tsrɔ̃nɛ, ke ame si léa fu eƒe agbe le xexe sia me la akpɔ eta hena agbe mavɔ.”—Yohanes 12:25.

      Yesu menɔ eɖokui ɖeɖe ko ŋu bum o, elabena egblɔ be: “Ne ame aɖe di be yeanye nye subɔla la, nedze yonyeme, eye afi si mele la, afi mae nye subɔla hã anɔ. Ne ame aɖe di be yeasubɔm la, Fofo la ade bubu eŋu.” (Yohanes 12:26) Fetu nyui ka gbegbee nye esi! Ame siwo ŋu Fofo la ade bubui la ava zu domenyilawo kple Kristo le Fiaɖuƒea me.

      Esi Yesu nɔ fukpekpe kple vevesese helĩhelĩ ƒe ku si nɔ elalam la ŋu bum la, egblɔ be: “Fifia metɔtɔ, eye nya kae magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me.” Gake Yesu medi be yeagbe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ o. Eya ta egblɔ kpee be: “Gake gaƒoƒo sia tae meva ɖo.” (Yohanes 12:27) Yesu lɔ̃ ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo katã, siwo dome eƒe vɔsakua le, la hã dzi.

      • Nu ka tae Yesu kpɔ mɔ be yeakpɔ gbotsetsewo le atia dzi togbɔ be menye etseɣie nye ema o hã?

      • Nu ka tae wòsɔ be Yesu yɔ ame siwo nɔ nu dzram le gbedoxɔa me be “adzodalawo”?

      • Gɔmesese ka nue woate ŋu atsɔ Yesu asɔ kple lu ƒe ku ɖeka le, eye aleke wòse le eɖokui me tso fukpekpe kple ku si wòava ku la ŋu?

  • Yudatɔwo Se Mawu Ƒe Gbe—Ðe Woaɖe Xɔse Afia?
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu gblɔ be: “Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi,” eye Yudatɔ siwo le tsitre ɖe afi ma se Mawu ƒe gbe

      TA 104

      Yudatɔwo Se Mawu Ƒe Gbe—Ðe Woaɖe Xɔse Afia?

      YOHANES 12:28-50

      • AME GEÐE SE MAWU ƑE GBE

      • NU SI DZI WOANƆ TE ÐO ADRƆ̃ ƲƆNU

      Le Dzoɖa, Nisan 10 lia dzi la, Yesu le gbedoxɔa me le nu ƒom tso eƒe ku si nɔ aƒe tum la ŋu. Esi Yesu tsi dzi ɖe vlododo si esia ahe ava Mawu ƒe ŋkɔ dzi ŋu ta la, egblɔ be: “Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi.” Gbe gã aɖe ɖi tso dziƒo ɖo eŋu be: “Medoe ɖe dzi, eye magadoe ɖe dzi ake.”—Yohanes 12:27, 28.

      Ame siwo nɔ eteƒe la tɔtɔ. Wo dometɔ aɖewo susu be dzie ɖe gbe. Ame bubuwo gblɔ be: “Mawudɔla aɖee ƒo nu kplii.” (Yohanes 12:29) Ke hã, Yehowa ye ƒo nu wose! Gake menye esiae nye zi gbãtɔ si Mawu ƒo nu le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi amewo se o.

      Ƒe etɔ̃ kple afã do ŋgɔ, le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa see Mawu gblɔ tso Yesu ŋu be: “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” Azɔ hã, ɣeaɖeɣi le ƒe 32 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia megbe la, Yakobo, Yohanes kple Petro kpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ la teƒe. Ame etɔ̃ mawo se Mawu gblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye. Miɖo toe.” (Mateo 3:17; 17:5) Gake zi etɔ̃lia si Yehowa ƒo nu ya la, ame geɖewo see!

      Yesu gblɔ be: “Menye tanyee gbe sia ɖi ɖo o, ke boŋ mia tae.” (Yohanes 12:30) Enye kpeɖodzi be eyae nye Mawu ƒe Vi la kple Mesia si ŋu nya wogblɔ ɖi la vavã.

      Gawu la, Yesu ƒe agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe la nye kpɔɖeŋu na ale si wòle be amegbetɔwo nanɔ agbee, eye wònye kpeɖodzi be Satana Abosam, si nye xexea dziɖula la, dze na tsɔtsrɔ̃. Yesu gblɔ be: “Azɔ wole ʋɔnu drɔ̃m xexe sia; azɔ woaɖe xexe sia dzi ɖula la ɖa.” Ku si le Yesu ŋgɔ la mefia be woɖu edzi o, ke boŋ eyae ɖu dzi. Le mɔ ka nu? Eɖe eme be: “Nye la, ne wohem ɖe ati ŋu la, mahe amewo katã ƒomevi ɖe ɖokuinye ŋu.” (Yohanes 12:31, 32) To Yesu ƒe ku le atia ŋu dzi la, ahe amewo ava eɖokui gbɔe ale be woakpɔ agbe mavɔ.

      Nya si Yesu gblɔ be ‘woahem ɖe ati ŋu’ la na ameha la gblɔ be: “Míesee le Se la me be Kristo la anɔ anyi tegbee. Ekema nu ka tae nèle gbɔgblɔm be woahe Amegbetɔvi la ɖe ati ŋu? Ame kae nye Amegbetɔvi sia?” (Yohanes 12:34) Togbɔ be ɖaseɖiɖiawo katã dze, eye wose Mawu ŋutɔ ƒe gbe hã la, ame akpa gãtɔ mexɔe se be Yesu ye nye Amegbetɔvi la vavã eye wònye Mesia si ŋugbe wodo la o.

      Yesu gagblɔ tso eɖokui ŋu be yenye “kekeli,” abe ale si wògblɔe kpɔ va yi ene. (Yohanes 8:12; 9:5) Egblɔ na ameha la be: “Kekeli la aganɔ mia dome vie. Mizɔ esime kekeli la gale mia gbɔ, ne viviti la nagakpɔ ŋusẽ ɖe mia dzi o . . . Esi kekeli la gakpɔtɔ le mia gbɔ la, mixɔ kekeli la dzi se, ne miazu kekeli viwo.” (Yohanes 12:35, 36) Azɔ Yesu yi ɖaɣla eɖokui, elabena menye Nisan 10 lia dzie wòle be wòaku o. Nisan 14 lia ƒe Ŋutitotoŋkekea dzie wòle be woahee “ɖe ati ŋu.”—Galatiatɔwo 3:13.

      Nu siwo dzɔ le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la ɖee fia kɔtɛ be ale si Yudatɔwo mexɔ edzi se o la nye nyagblɔɖi me vava. Yesaya gblɔe ɖi be ameawo ƒe ŋku atre eye woƒe dziwo aku atri ale gbegbe be womatrɔ ne woada gbe le wo ŋu o. (Yesaya 6:10; Yohanes 12:40) Ɛ̃, Yudatɔ akpa gãtɔ tsɔ dzimesesẽ gbe kpeɖodzi siwo ɖee fia be Yesu ye nye woƒe Ðela si ŋugbe wodo si dzi woato akpɔ agbe la.

      Le nyateƒe me la, Nikodemo, Yosef si tso Arimatia kple dziɖula bubu geɖewo ‘xɔ Yesu dzi se’ hafi. Gake ɖe woawɔ nu le xɔse mea, alo woahe ɖe megbe le esi wole vɔvɔ̃m be woanya yewo le ƒuƒoƒea loo alo le esi “wolɔ̃ amewo ƒe kafukafu” ta?—Yohanes 12:42, 43.

      Yesu ŋutɔ gblɔ nu si ye dzi xɔxɔ se fia esi wògblɔ be: “Ame si xɔa dzinye sena la, menye nye ɖeɖe ko dzie wòxɔna sena o, ke exɔa ame si dɔm ɖa la hã dzi sena; eye ame si kpɔm la, ekpɔ Ame si dɔm ɖa la hã.” Nyateƒenya siwo Mawu gblɔ na Yesu be wòafia eye Yesu hã le wo fiafia dzi la le vevie ale gbegbe be egblɔ be: “Ame si gbeam, eye mexɔa nye nyawo o la, ame si adrɔ̃ ʋɔnui la li. Nya si megblɔ lae adrɔ̃ ʋɔnui le ŋkeke mamlɛa dzi.”—Yohanes 12:44, 45, 48.

      Azɔ Yesu ƒo nyaa ta be: “Nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la ŋutɔe na nya si magblɔ kple ale si maƒo nui ƒe sem. Eye menyae hã be eƒe sedede la naa agbe mavɔ.” (Yohanes 12:49, 50) Yesu nyae be eteƒe madidi o, yeava kɔ ye ŋutɔ yeƒe ʋu ɖi wòanye vɔsasa ɖe ame siwo xɔa ye dzi sena la ta.—Romatɔwo 5:8, 9.

      • Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, nudzɔdzɔ etɔ̃ kawo mee amewo se Mawu ƒe gbe le?

      • Dziɖula kawoe xɔ Yesu dzi se, gake anye be nu ka tae womeʋu eme le dutoƒo o?

      • Nu ka dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu amewo “le ŋkeke mamlɛa dzi”?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe