INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr22 September axa 1-axa 10
  • “Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ” Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ” Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo—2022
  • Tanya Suewo
  • SEPTEMBER 5-11
  • SEPTEMBER 12-18
  • SEPTEMBER 19-25
  • SEPTEMBER 26–OCTOBER 2
  • OCTOBER 3-9
  • OCTOBER 10-16
  • OCTOBER 17-23
  • OCTOBER 24-30
  • OCTOBER 31–NOVEMBER 6
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo—2022
mwbr22 September axa 1-axa 10

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

SEPTEMBER 5-11

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 1 FIAWO 9-10

“Kafu Yehowa Ðe Eƒe Nunya Ta”

w99 7/1 30 ¶6

Sasrãkpɔ Aɖe Si Me Woxɔ Teƒeɖoɖo Geɖe Le

Esi fianyɔnua do go Salomo la, edze edodokpɔ gɔme kple “adzototowo.” (1 Fiawo 10:1) Hebrigbe me nya si wozã le afi sia ate ŋu afia ‘nyabiabia siwo tɔtɔa ame’ hã. Gake mefia be fianyɔnua bia nyamaɖinyawo Salomo o. Enye nu si ɖe dzesi be wozã Hebrigbe me nya ma ke le Psalmo 49:4 na nyabiabia vevi siwo ku ɖe nu vɔ̃, ku, kple ɖeɖe ŋu. Eya ta anɔ eme be anye nya deto siwo do Salomo ƒe nunya ƒe goglome kpɔ mee Seba-fianyɔnua dzro kple Salomo. Biblia gblɔ be fianyɔnua ‘gblɔ nya siwo katã le eƒe dzi me la nɛ.’ Salomo hã “ɖo eƒe biabiawo katã ŋu nɛ; biabia aɖeke meli, si Salomo do kpo eŋu ɖoɖo nɛ o.”—1 Fiawo 10:2b, 3.

w99 11/1 20 ¶6

Ne Dɔmenyowɔwɔ Bɔ

Esi nya siwo fianyɔnua se kple nu siwo wòkpɔ wɔ nuku nɛ ta la, eɖo eŋu ɖokuibɔbɔtɔe be: “Woayra wò dɔla, siwo le tsitre ɖe ŋkuwò me ɖaa, eye wosea wò nunya.” (1 Fiawo 10:4-8) Megblɔ be Salomo ƒe dɔlawo nye yayramewo le esi kesinɔnuwo ƒo xlã wo ta o—togbɔ be nu siawo ƒo xlã wo hã. Ke boŋ Salomo ƒe dɔlawo nye yayramewo le esi wote ŋu sea Salomo ƒe nunya si Mawu nae la ta. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si Seba-fianyɔnua nye na Yehowa ƒe amewo egbea, ame siwo sea Wɔla la ŋutɔ kple Via, Yesu Kristo ƒe nunya!

w99 7/1 30-31

Sasrãkpɔ Aɖe Si Me Woxɔ Teƒeɖoɖo Geɖe Le

Salomo ƒe nunya kple eƒe fiaɖuƒea ƒe kesinɔnuwo ƒe agbɔsɔsɔme si Seba-fianyɔnua kpɔ la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be “gbɔgblɔ bu ɖee.” (1 Fiawo 10:4, 5) Ame aɖewo bui be nyagbe sia fia be “gbɔgbɔtsixe tsi” fianyɔnua “ƒo.” Agbalẽnyala aɖe do susua ɖa gɔ̃ hã be eku ƒenyi! Nu ka ke ɖadzɔ o, nu si fianyɔnua kpɔ kple nu si wòse la wɔ nuku nɛ. Egblɔ le Salomo ƒe dɔlawo ŋu be wonye dzidzɔtɔwo be mɔnukpɔkpɔ su wo si wosea eƒe nunya, eye ekafu Yehowa le esi wòtsɔ Salomo ɖo fiazikpui dzi ta. Eye etsɔ nunana xɔasi geɖewo na fia la, ne míabu sika ɖeɖe dzaa ƒe agbɔsɔsɔme si wòtsɔ na fia Salomo ɖe egbegbe ƒe nuwo ƒe asixɔxɔ nu la, ade $40,000,000. Salomo hã na nu fianyɔnua, “nu siwo katã Seba-fianyɔnu la bia.”—1 Fiawo 10:6-13.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w08 11/1 22 ¶4-6

Ènyaa?

Sika agbɔsɔsɔme ka gbegbee nɔ Fia Salomo si?

Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Hiram, Tiro fia, ɖo sika tɔn ene (ade simiti kotoku 80 ƒe kpekpeme) ɖe Salomo, Seba fianyɔnu la hã nae agbɔsɔsɔme ma tɔgbi, eye Salomo ƒe tɔdziʋuwo he sika tɔn 15 (ade simiti kotoku 300 ƒe kpekpeme) tso Ofir gbɔ va nɛ. Nuŋlɔɖia gblɔ be, “Sika, si vana na Salomo le ƒe ɖeka me la ƒe dadame le sika talento alafa ade kple blaade vɔ ade” alo sika si awu tɔn 25 (ade simiti kotoku 500 ƒe kpekpeme). (1 Fiawo 9:14, 28; 10:10, 14) Ðe esia ate ŋu anye nyateƒea? Sika ƒe agbɔsɔsɔme ka gbegbee tea ŋu nɔa fiawo si le blema?

Blemanuŋlɔɖi aɖe si nuŋlɔɖiwo ŋuti nunyalawo buna be kakaɖedzi le eŋu la gblɔ be, Egipte fia Farao Tutmose III, si ɖu dzi anɔ abe ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi ene la tsɔ sika tɔn 13.5 (ade simiti kotoku 270 ƒe kpekpeme) wɔ nunanae na Amun-Ra ƒe gbedoxɔ si le Karnak. Anɔ abe ƒe 2,800 ye nye esi va yi ene la, Tirotɔwo tsɔ sika ƒe agbɔsɔsɔme si wu tɔn 4 xe adzɔ na Asiria Fia Tiglath-pileser III, eye Sargon II hã tsɔ agbɔsɔsɔme ma ke wɔ nunanae na Babilon mawuwo. Wogblɔ be Makedonia Fia Philip II (ƒe 359-336 Do Ŋgɔ Na Yesu) kua sika tɔn 28 kple edzivɔwo (ade simiti kotoku 560 ƒe kpekpeme) ƒe sia ƒe le Pangaeum sikakuƒe si nɔ Thrace.

Wogblɔ be esime Aleksanda Gãtɔ, (ƒe 336-323 Do Ŋgɔ Na Yesu) si nye Fia Philip II ƒe viŋutsu, xɔ Persia du Susa la, elɔ sika tɔn 1,180 dzoe (ade simiti kotoku 23,600 ƒe kpekpeme), eye wòlɔ sika agbɔsɔsɔme si ade tɔn 7,000 (ade simiti kotoku 140,000 ƒe kpekpeme) kloe dzoe le Persia fiaɖuƒea katã me. Eya ta ne míetsɔ sika agbɔsɔsɔme si nɔ Fia Salomo si sɔ kple fia mawo tɔ la, míakpɔe be sika agbɔsɔsɔme si Biblia gblɔ be enɔ Fia Salomo si la menye amiɖeɖe ɖe nya o.

SEPTEMBER 12-18

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 1 FIAWO 11-12

“Ðɔ Ŋu Ðo Ne Èle Ame Si Nàɖe Tiam”

w18.07 18 ¶7

“Ame Kae Le Yehowa Ƒe Akpa Dzi?”

7 Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Fia Salomo ƒe ŋutinya me. Esime Salomo nye ɖekakpui la, ekpɔa Yehowa sinu be wòafia mɔ ye. Mawu na wòdze nunya eteƒe mekɔ o, eye ede dɔ asi nɛ be wòatu gbedoxɔ gã nyadri aɖe ɖe Yerusalem. Gake Yehowa megava kpɔ ŋudzedze ɖe Salomo ŋu o. (1 Fia. 3:12; 11:1, 2) Mawu gblɔ tẽe le eƒe Se la me be Israel fia aɖeke ‘megaɖe srɔ̃ geɖe o, ne eƒe dzi nagatra mɔ o.’ (5 Mose 17:17) Salomo mewɔ se sia dzi o. Nyɔnu siwo katã wòɖe la le 700, eye eƒe ahiãwo le 300. (1 Fia. 11:3) Srɔ̃awo dometɔ geɖe menye Israel-viwo o, eye wosubɔa alakpamawuwo. Eya ta, Salomo da le Mawu ƒe se si nye be woagaɖe dutanyɔnuwo o la hã dzi.—5 Mose 7:3, 4.

w19.01 15 ¶6

Aleke Nàwɔ Adzɔ Wò Dzi Ŋu?

6 Satana di be míanye aglãdzela siwo ŋea aɖaba ƒua Yehowa ƒe sewo dzi kple ame siwo dia wo ɖokuiwo tɔ abe ye ke ene. Satana mate ŋu azi mía dzi be míabu nuwo ŋu ahawɔ nu abe ye ene o. Eya ta, etoa mɔ bubuwo dzi dzea agbagba be yeaɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo dome míele la le eƒe ŋusẽ te xoxo. (1 Yoh. 5:19) Enɔa mɔ kpɔm be míawo ŋutɔwo míatiae be míade ha kpli wo, togbɔ be míenyae be hadede vɔ̃wo akpɔ ŋusẽ ‘gbegblẽ’ ɖe míaƒe tamesusu kple nuwɔna dzi gɔ̃ hã. (1 Kor. 15:33) Mɔ̃ sia ɖe Fia Salomo. Eɖe nyɔnu trɔ̃subɔla geɖewo, eye mlɔeba, “srɔ̃awo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi,” eye “ʋɛʋɛʋɛ la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi” ɖa le Yehowa ŋu.—1 Fia. 11:3; etenuŋɔŋlɔ.

w18.07 19 ¶9

“Ame Kae Le Yehowa Ƒe Akpa Dzi?”

9 Gake Yehowa meŋea aɖaba ƒua nu vɔ̃ dzi gbeɖe o. Biblia gblɔ be: “Dzi ku Yehowa ɖe Salomo ŋu, elabena eƒe dzi trɔ le Yehowa . . . , ame si ɖe eɖokui fiae zi eve la yome, evɔ wònye ede se nɛ le nu siawo ŋu, be wòagadze mawu bubuwo yome o hafi. Gake mewɔ nu si ƒe se Yehowa de la o.” Esia wɔe be eƒe nu megava dze Mawu ŋu o, eye wògbee. Le esia ta, Salomo ƒe dzidzimeviwo mete ŋu va ɖu Israel dukɔ bliboa dzi o, eye wokpe fu geɖe tso dzidzime yi dzidzime.—1 Fia. 11:9-13.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w18.06 14 ¶1-4

Anye Ne Eƒe Nu Adze Mawu Ŋu Hafi

Esi dukɔa dze aglã alea la, Rehabeam ƒo eƒe aʋawɔla bibiwo nu ƒu. Gake Yehowa dɔ nyagblɔɖila Semaya be wòagblɔ na wo be: “Migaho yi ɖawɔ aʋa kple mia nɔvi Israel-viwo o. Mia dometɔ ɖe sia ɖe negbugbɔ yi aƒe me, elabena gbɔnye wòtso be nu sia dzɔ.”—1 Fia. 12:21-24.

Ðe wòfia be mele be wòawɔ aʋa kpli wo oa? Wò ya bu ale si nya sia anya ɖe fu na Rehabeam ŋu kpɔ! Aleke amewo abu tso fia si do ŋɔdzi na eteviwo be yeatsɔ “atam si ŋu nu tɔamewo le la” aƒo wo evɔ mete ŋu wɔ naneke le aglãdzedze vɔ̃ɖi sia ŋu o la ŋu? (Tsɔe sɔ kple 2 Kronika 13:7.) Ke hã, fia la kple eƒe asrafowo “[wɔ] ɖe Yehowa ƒe nya la dzi, eye wogbugbɔ yi woƒe aƒewo me abe ale si Yehowa gblɔ na wo ene.”

Nufiame kae le eme na mí? Nunya le eme be míaɖo to Mawu ne esia wɔwɔ awɔe be amewo naɖu fewu le mía ŋu gɔ̃ hã. Ne míeɖo to Mawu la, míaƒe nu adze eŋu eye wòayra mí.—5 Mose 28:2.

Aleke nuwo va yi na Rehabeam? Esi wòɖo to Mawu heɖe asi le tame si wòɖo be yeawɔ aʋa kple dukɔ yeyea ŋu la, etrɔ susu ɖe du sesẽwo tsotso ŋu le Yuda kple Benyamin siwo gakpɔtɔ nɔ eƒe ŋusẽ te la ƒe anyigbamamawo me. Ena ŋusẽ gaɖo du sesẽ aɖewo ŋu “geɖe ŋutɔ.” (2 Kron. 11:5-12) Eye vevietɔ wu la, ewɔ Yehowa ƒe sewo dzi va de asi na ɣeyiɣi aɖe. Esime Israel-to ewo fiaɖuƒea si nɔ Yeroboam te la va ƒo eɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ me vĩi la, ame siwo nɔ afi ma la dometɔ geɖe ‘va nɔ megbe na Rehabeam’ esi wozɔ mɔ yi Yerusalem ɖanɔ subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa dzi. (2 Kron. 11:16, 17) Aleae wòdzɔe be Rehabeam ƒe toɖoɖo na ŋusẽ ɖo eƒe fiaɖuƒea ŋu.

SEPTEMBER 19-25

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 1 FIAWO 13-14

“Nu Si Le Asiwò Nedze Ŋuwò Eye Nàbɔbɔ Ðokuiwò”

w08 8/15 8 ¶4

Lé Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi Tso Dzi Blibo Me

4 Emegbe Yeroboam gblɔ na Mawu ƒe ame la be: “Va míyi aƒenye me, eye nade nane nu me, ne madi nane ana wò.” (1 Fia. 13:7) Nu kae nyagblɔɖilaa awɔ azɔ? Ðe wòalɔ̃ fia la nawɔ amedzro nɛ le fɔbugbedeasi gbɔgblɔ nɛ megbea? (Ps. 119:113) Alo ɖe wòagbe fia la ƒe amekpekpea, togbɔ be edze abe fia la se veve ɖe nu si wòwɔ ta ene hã? Kakaɖedzitɔe la, ŋutete le Yeroboam si be wòana nu exɔlɔ̃wo fũu. Ne ŋutilãmenudidi ƒe dzodzro vi aɖe be ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖilaa ƒe dzi me la, ke anɔ eme be nu si fia la di be yeawɔ nɛ la anya nye dodokpɔ gã aɖe nɛ. Ke hã, Yehowa de se na nyagblɔɖilaa be: “Mègaɖu abolo o, mègano tsi o, eye mègagbugbɔ to mɔ, si nèto yi o.” Eya ta nyagblɔɖilaa ɖo eŋu na fia la kã be: “Ne ètsɔ aƒewò me nuwo ƒe afã nam hã la, nyemayi kpli wò aɖu abolo, eye nyemano tsi le teƒe sia o.” Eye nyagblɔɖilaa gbugbɔ to mɔ bubu dzo le Betel. (1 Fia. 13:8-10) Nu kae míesrɔ̃ tso nyametsotso si nyagblɔɖilaa wɔ me ku ɖe nuteƒewɔwɔ tso dzi blibo me ŋu?—Rom. 15:4.

w08 8/15 11 ¶15

Lé Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi Tso Dzi Blibo Me

15 Nu bubu kae míagate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖila si tso Yuda ƒe vodadaa me? Lododowo 3:5 gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.” Le esi wòle be nyagblɔɖila si tso Yuda nayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu abe ale si wòɖo ŋu ɖe eŋu va yi ene teƒe la, le go sia me ya la, nyagblɔɖilaa ka ɖe eya ŋutɔ ƒe nyametsotso dzi. Vodada sia si wòwɔ la he ku va nɛ eye wògblẽ ŋkɔ nyui si le esi le Mawu gbɔ. Aleke gbegbee nudzɔdzɔ sia gaɖo kpe Yehowa subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe le nuteƒewɔwɔ me ƒe vevienyenye dzi enye esi!

w08 8/15 9 ¶10

Lé Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi Tso Dzi Blibo Me

10 Ðe wòle be nyagblɔɖila si tso Yuda va la nade dzesi nyagblɔɖila tsitsia ƒe ameflunuwɔnaa hafi. Ðe wòle be wòabia eɖokui be, ‘Nu ka ta wòle be Yehowa natsɔ gbedeasi bubu ato ame bubu dzi nam?’ Nyagblɔɖilaa ate ŋu abia numekɔkɔ tso Yehowa gbɔ hafi, gake Ŋɔŋlɔawo megblɔ be ewɔe nenema o. Ke boŋ ‘egbugbɔ kplɔ ame tsitsia ɖo, eye wòɖu abolo, eye wòno tsi le eƒe me.’ Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nuwɔnaa ŋu o. Mlɔeba, esime nyagblɔɖilaa gbugbɔ dze mɔ yina Yuda la, dzata aɖe va do goe le mɔa dzi hewui. Alekee eƒe nyagbɔgblɔɖidɔa wu enu nublanuitɔe enye esi!—1 Fia. 13:19-25.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w10 7/1 29 ¶5

Ekpɔa Nyuiƒe Si Le Mía Ŋu

Vevietɔ wua, 1 Fiawo 14:13 me nyawo fia nu vevi aɖe mí tso Yehowa kple nu si wòkpɔna le mía me ŋu. Ðo ŋkui be ‘ekpɔ’ nu nyui aɖe le Abiya ŋu. Edze ƒãa be ɖe Yehowa dzro Abiya ƒe dzi me ʋuu va se ɖe esime wòkpɔ nu nyui sue aɖe le eme. Abe ale si agbalẽnyala aɖe gblɔe ene la, ɖeko Abiya nɔ abe dzonu ɖeka le “kpewo dome” ene, alo abe seƒoƒo ɖeka le dzogbe ene. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe nyuiƒe ma si le eŋu la ŋuti heɖo eteƒe nɛ esi wòkpɔ nublanui na eya ɖeka pɛ le ƒome vɔ̃ɖi ma me.

SEPTEMBER 26–OCTOBER 2

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 1 FIAWO 15-16

“Ðe Nèwɔa Nu Dzinɔameƒotɔe Abe Asa Enea?”

w12 8/15 8 ¶4

“Fetu Li Na Miaƒe Dɔwɔwɔ La!”

Esi Israel ƒe fiaɖuƒea ma ɖe eve ƒe 20 megbea, Yudatɔwo tsɔ trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo ƒo ɖi woƒe subɔsubɔ. Esi Asa zu fia le ƒe 977 D.Y. mea, fiaŋumewo gɔ̃ hã nɔ ta dem agu na Kanaantɔwo ƒe vidzidzimawuwo. Ŋutinya si tso gbɔgbɔ me si ƒo nu tso Asa ƒe dziɖuɖu ŋu la gblɔ be, ewɔ “nu si nyo, eye wòdze Yehowa, eƒe Mawu la ŋu.” Asa “[ɖe] vɔsamlekpui tutɔwo kple nuxeƒewo ɖa, egbã aƒeliwo, eye wòlã Aserawo.” (2 Kron. 14:1, 2) Asa nya “ŋutsu siwo gbɔ ŋutsuwo dɔna le gbedoxɔ me,” wònye woƒe trɔ̃subɔsubɔ ƒe akpa aɖe la ɖa le Yuda fiaɖuƒea me. Asa wɔ nu wòyi ŋgɔ wu nu siawo ɖeɖe ɖa ko. Ede dzi ƒo na dukɔ la hã be “woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la” eye “woawɔ eƒe nufiamewo kple eƒe sewo dzi.”—1 Fia. 15:12, 13; 2 Kron. 14:3.

w17.03 19 ¶7

Subɔ Yehowa Kple Dzi Blibo!

7 Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu adzro eɖokui me akpɔ be yeƒe dzi ku ɖe Mawu ŋu bliboe hã. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe meɖoe kplikpaa be madze Yehowa ŋu, maʋli subɔsubɔ vavãtɔ ta ahakpɔ eƒe amewo ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ ɖe sia ɖe mea?’ Bu dzinɔameƒo si gbegbe wòle be wòanɔ Asa si hafi wòate ŋu atsi tsitre ɖe Maaka, si nye “nyɔnufia” le dukɔa me ŋu kpɔ! Ðewohĩ mènya ame aɖeke si wɔa nu abe Maaka ene pɛpɛpɛ ya o, ke hã, nɔnɔme aɖewo ate ŋu ado mo ɖa si abia be nàwɔ nu dzonɔamemetɔe abe Asa ene. Le kpɔɖeŋu me, ne edzɔ be wò ƒomea me tɔ alo xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe wɔ nu vɔ̃ eye metrɔ dzi me o, eye wòva hiã be woaɖee le haa me ɖe? Ðe nàwɔ nu dzinɔameƒotɔe ahadzudzɔ hadede kpliia? Nu kae wò dzi aʋã wò be nàwɔ?

Asa

Togbɔ be le go aɖewo me Asa mebu nuwo ŋu nyuie o eye mewɔ nu le xɔse me o hãa, eƒe nɔnɔme nyuiwo kple ale si wòdo tadedeagu dzadzɛa ɖe ŋgɔ wɔe be Yehowa bui nuteƒewɔlae, eye woyɔe kpe ɖe Yuda fia siwo wɔ nuteƒea ŋu. (2Kr 15:17) Asa ɖu fia ƒe 41 le Yuda, eye fia enyi siwo ɖu dzi le Israel le ƒe mawo mee nye Yeroboam, Nadab, Baasa, Ela, Zimri, Omri, Tibni (Tibni ɖu Israel ƒe akpa aɖe dzi esime Omri kpɔtɔ nɔ fia ɖum), kple Ahab. (1Fi 15:9, 25, 33; 16:8, 15, 16, 21, 23, 29) Esi Asa kua, via Yehosafat va zu fia.—1Fi 15:24.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w98 9/15 21-22

Ðe Nèbua Mawu Ame Ŋutɔŋutɔea?

Le kpɔɖeŋu me, xlẽ nyagblɔɖi si ƒo nu tso to si woahe na ame si adi be yeagbugbɔ Yeriko atu ŋu, eye nàkpɔ emevava ɖa. Yosua 6:26 gblɔ be: “Ɣemaɣi Yosua ka atam be: ‘Ŋutsu, si atso, be yeagbugbɔ Yeriko du sia tso la, aɖi eŋu le Yehowa ŋku me. Via ŋgɔgbea ƒe ku wòatsɔ aɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea ƒe ku wòatsɔ ade agbo enu!’” Eva eme anɔ ƒe 500 megbe, elabena míexlẽ le 1 Fiawo 16:34 be: “[Le Fia Ahab ŋɔli la,] Beteltɔ Hiel tso Yeriko; eƒe ŋgɔgbevi Abiram ƒe ku wòtsɔ ɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea Segub ƒe ku wòtsɔ de agbowo enu, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yosua, Nun vi la dzi la nu.” Mawu si li ŋutɔŋutɔ koe ate ŋu ana woagblɔ nya ma tɔgbi ɖi eye wòakpɔ egbɔ be wova eme.

OCTOBER 3-9

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 1 FIAWO 17-18

“Ɣekaɣi Miatsi Evedomesi Ase Ðo?”

w17.03 14 ¶6

Xɔ Mawu Dzi Se—Tso Nya Me Le Nunya Me!

6 Esi Israel-viwo va nɔ Ŋugbedodonyigbaa dzi ko la, ehiã be woawɔ nyametsotso vevi aɖe: Woasubɔ Yehowa loo alo woasubɔ mawu bubuwo. (Xlẽ Yosua 24:15.) Esia adze nyametsotso bɔbɔe aɖe. Ke hã, woƒe nyametsotsoa ate ŋu anye agbe alo ku na wo. Le Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ɣeyiɣia mea, Israel-viwo wɔ nyametsotso gbegblẽ enuenu. Wotrɔ le Yehowa yome hesubɔ alakpamawuwo. (Ʋɔn. 2:3, 11-23) Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nane si dzɔ emegbe le Mawu ƒe amewo ƒe ŋutinya me esime wòva hiã be woawɔ nyametsotso aɖe ŋu kpɔ. Nyagblɔɖila Eliya tsɔ nu eve ɖo wo ŋkume be woatia ɖeka: Woasubɔ Yehowa loo alo woasubɔ alakpamawu Baal. (1 Fia. 18:21) Eliya ka mo na dukɔa le esi wotsi evedomesi ta. Ðewohĩ awɔ na wò be nyametsotso bɔbɔe ye wònye, elabe Yehowa subɔsubɔe nye nu si me nunya le, si ɖea vi ɣesiaɣi. Le nyateƒe mea, ne ame aɖe bua nuwo ŋu nyuie la, Baal ƒe nu madzroe ʋuu keke wòahayi esubɔla nye ge o. Ke hã, Israel-vi mawo ‘tsi evedomesi.’ Nunyatɔe la, Eliya de dzi ƒo na wo be woatia subɔsubɔ nyuitɔ, si nye Yehowa subɔsubɔ.

ia 88 ¶15

Eʋli Tadedeagu Dzadzɛa Ta

15 Esia na dzo gaɖo Baal ƒe nunɔlawo me ɖe edzi, eye ‘wodo ɣli sesĩe, eye wotsɔ yi kple akplɔ de abi wo ɖokuiwo ŋu le woƒe kɔnu la nu, va se ɖe esime ʋu do le wo ŋu.’ Gake gbeɖegbeɖea koe! ‘Gbe aɖeke meɖi o, ame aɖeke metɔ o, eye ame aɖeke meɖo to o.’ (1 Fia. 18:28, 29) Nyateƒee, Baal meli ŋutɔ gɔ̃ hã o. Nane ko wònye Satana to vɛ be yeatsɔ ahe amewo ɖa le Yehowa ŋu. Nyateƒeae nye be aƒetɔ bubu tiatia tsɔ wu Yehowa nana ame ɖua ŋukpe.—Xlẽ Psalmo 25:3; 115:4-8.

ia 90 ¶18

Eʋli Tadedeagu Dzadzɛa Ta

18 Hafi Eliya nado gbea ɖa la, ɖewohĩ ameha si nɔ afi ma la nɔ wo ɖokuiwo biam be ɖe Yehowa hã ado kpo nu ahazu alakpatɔ, abe ale si wònɔ le Baal gome ene hã. Gake kasia wòawu gbedodoɖaa nu ko la, wokpɔ ŋuɖoɖo na biabia ma. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigba, eye wòɖuɖɔ tsi, si le ʋea me hã keŋkeŋ.” (1 Fia. 18:38) Gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖo wɔdɔɖeamedzi kae nye esi! Aleke ameawo wɔ nui?

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w08 4/1 19, aɖaka

Ekpɔ Mɔ, Eye Wòlala

Ɣeyiɣi Didi Kae Eliya Ƒe Ŋkekea Me Kuɖiɖia Xɔ?

Yehowa ƒe nyagblɔɖila Eliya gblɔ na Fia Ahab be kuɖiɖi si nɔ anyi ɣeyiɣi didi la awu enu kpuie. Esia va eme “le ƒe etɔ̃lia me”—edze ƒãa be gbe si gbe Eliya ɖe gbeƒã kuɖiɖia la dzie wobui tso. (1 Fiawo 18:1) Esime Eliya gblɔ be Yehowa ana tsi nadza la, eteƒe megadidi hafi Yehowa na wòva eme o. Eya ta ame aɖewo aƒo nya ta be kuɖiɖia wu enu le ƒe etɔ̃lia me, eye be menɔ anyi wòde ƒe etɔ̃ o. Gake Yesu kple Yakobo siaa gblɔ na mí be kuɖiɖia nɔ anyi “ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade.” (Luka 4:25; Yakobo 5:17) Ðe nya siawo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋua?

Kuraa o. Ènyaa, le Israel nyigbaa dzi la, kuɖiɣi didina vie, ete ŋu xɔa ɣleti ade. Ðikeke mele eme o be, esime kuɖiɣia didi wu ale si wokpɔ mɔ nɛ eye enu nɔ sesẽm megbee Eliya yi ɖagblɔ kuɖiɖia ŋu nya na Ahab. Ne míagblɔea, kuɖiɖia dze egɔme abe ɣleti ade ene do ŋgɔ. Eya ta esime Eliya ɖe gbeƒã kuɖiɖia ƒe nuwuwu “le ƒe etɔ̃lia me” tso esime wòɖe gbeƒã eƒe vava la, kuɖiɖia nɔ anyi ade ƒe etɔ̃ kple afã kloe xoxo. “Ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade” ŋutɔŋutɔ de va yi hafi dukɔ bliboa va ƒo ƒu ɖe Karmel To la dzi hena dzotɔtɔ vɔsa ƒe dodokpɔ gã la teƒe kpɔkpɔ.

De ŋugble tso ɣeyiɣi si me Eliya yi Ahab gbɔ zi gbãtɔ la ŋu kpɔ. Ɣemaɣia, dukɔa xɔe se be Baal nye “alilikpowo dola,” mawu si ana tsi nadza bene kuɖiɖia nu natso. Esi kuɖiɣia va nɔ didim wu ale si wònɔna ɖaa la, anɔ eme be amewo nɔ biabiam be: ‘Afi kae Baal yi? Ɣekaɣie wòana tsi nadza?’ Gbeƒã si Eliya ɖe be zãmu kple tsi madza o va se ɖe esime yegblɔe hafi la, anya ku dzi na Baal subɔlawo vevie ŋutɔ.—1 Fiawo 17:1.

OCTOBER 10-16

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 1 FIAWO 19-20

“Na Yehowa Nafa Akɔ Na Wò”

w19.06 15 ¶5

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ne Èle Nɔnɔme Sesẽwo Me Tom

5 Xlẽ 1 Fiawo 19:1-4. Esi Fiasrɔ̃ Izebel ƒu asi akɔ be yeawu Eliya la, Eliya va nɔ vɔvɔ̃m. Eya ta, esi yi Beer-Seba ƒe nutowo me. Dzi ɖe le eƒo ale gbegbe be egblɔ be Yehowa ‘neɖe yeƒe agbe ɖa.’ Nu kae na wòse le eɖokui me nenema? Eliya nye amegbetɔ madeblibo “si ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.” (Yak. 5:17) Ðewohĩ, xaxawo, nuteɖeamedzi kple ɖeɖiteameŋue na wòse le eɖokui me nenema. Edze abe Eliya susui be agbagba siwo katã yedze le subɔsubɔ dzadzɛa dodo ɖe ŋgɔ me la zu dzodzro, nuwo mele kakam ɖe eme le Israel o, eye ye ɖeka koe gakpɔtɔ le Yehowa subɔm ene. (1 Fia. 18:3, 4, 13; 19:10, 14) Ðewohĩ, ale si nyagblɔɖila wɔnuteƒe sia wɔ nui la anya wɔ nuku na mí. Gake Yehowa se Eliya ƒe seselelãmewo gɔme.

ia 103 ¶13

Eƒe Mawu Fa Akɔ Nɛ

13 Aleke nèsusu be Yehowa se le eɖokui me esi wòle dziƒo kpɔ eƒe nyagblɔɖila lɔlɔ̃a wòmlɔ anyi ɖe atia te le gbe dzi hele kuku ɖem nɛ be wòana yeaku? Biblia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖoa. Esi Eliya yi alɔ̃ mea, Yehowa dɔ mawudɔla aɖe ɖe egbɔ. Mawudɔlaa ka asi Eliya ŋu wònyɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Fɔ nàɖu nu!” Eliya fɔ heɖu nu, elabena mawudɔlaa tsɔ abolo dzodzoe kple tsi nɛ. Ðe wòda akpe na mawudɔlaa gɔ̃ hã ya? Ðeko nuŋlɔɖia gblɔ be eɖu nu no nu, eye wògamlɔ anyi. Ðe dzi ɖe le eƒo ale gbegbe be menya nya si wòagblɔ oa? Aleke kee wòɖale o, mawudɔlaa gava nyɔe ake, ɖewohĩ le fɔŋli. Egagblɔ na Eliya be, “Fɔ nàɖu nu,” eye wògblɔ nya wɔdɔɖeamedzi sia kpee be, “elabena wò mɔ didi akpa!”—1 Fia. 19:5-7.

ia 106 ¶21

Eƒe Mawu Fa Akɔ Nɛ

21 Le nukunuawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, nuŋlɔɖia ɖo ŋku edzi na mí be Yehowa menɔ yaƒoƒoa, anyigbaʋuʋua, alo dzo la me o. Eliya nyae be Yehowa menye mawu siwo ŋu woƒoa nu tsoe le xotutuwo me be wonye dzɔdzɔmeŋusẽwo ƒe mawuwo abe Baal, si Baal subɔlawo kafuna be enye “alilikpowo dola,” alo mawu si naa tsidzadza la ene o. Yehowa gbɔe dzɔdzɔmeŋusẽ triakɔwo tso, ke hã, elolo akpa be wòanɔ nu si eya ŋutɔ wɔ me. Dziƒo gbahoo si míekpɔna la gɔ̃ hã melolo nɛ o! (1 Fia. 8:27) Aleke nukunu siawo teƒe kpɔkpɔ kpe ɖe Eliya ŋui? Ðo ŋku edzi be enɔ vɔvɔ̃m. Esi wònye be Yehowa Mawu ŋutɔ li kplii eye ŋusẽ triakɔ sia gbegbe le esi ta la, mehiã be Eliya navɔ̃ Ahab kple Izebel kura o!—Xlẽ Psalmo 118:6.

ia 106 ¶22

Eƒe Mawu Fa Akɔ Nɛ

22 Le dzobibia yomea, ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ, eye Eliya se “gbe bɔbɔe aɖe ɖi blewu.” Ame si nɔ nua ƒom la gabia nya Eliya ake. Ale wògaƒo nu tso nu siwo ŋu wòtsi dzi ɖo la ŋu zi evelia. Ðewohĩ esia na eƒe dzi gadze eme wu. Gake ɖikeke mele eme o be ‘gbe bɔbɔe si ɖi blewu’ la ƒe nya si kplɔe ɖo lae fa akɔ na Eliya wu. Yehowa ka ɖe edzi na Eliya be yedea asixɔxɔ eŋu ŋutɔ. Aleke wòwɔe? Mawu ɖe nu geɖe fiae ku ɖe tame si wòɖo be yeaɖe Baal subɔsubɔ ɖa le Israel mlɔeba la ŋu. Edze ƒãa be Eliya mewɔ dɔ vlo o, elabena Mawu ƒe tameɖoɖoa le eme vam, eye naneke mate ŋu axe mɔ nɛ o. Gawu la, Eliya awɔ akpa aɖe le tameɖoɖo ma me vava me, elabena Yehowa na wòyi eƒe nyagblɔɖidɔa dzi, eye wòna mɔfiame siwo dzi wòazɔ ɖo lae.—1 Fia. 19:12-17.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w97 11/1 31 ¶2

Ðokuitsɔtsɔsavɔ Kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Kpɔɖeŋu Aɖe

Mawu ƒe egbegbe subɔla geɖe ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ma fiana. Wo dometɔ aɖewo gblẽ “agblewo,” si nye agbenɔnɔ si mã wo ɖi, bene woaɖe gbeƒã nya nyuia le didiƒenyigbawo dzi alo anye Betel-ƒomea me tɔwo. Ame bubuwo zɔ mɔ yi dzronyigbawo dzi be woawɔ dɔ le Habɔbɔa ƒe xɔtudɔwo ŋu. Wo dometɔ geɖe le dɔ si ɖewohĩ amewo abu dɔ tsɛe la wɔm. Gake ame siwo le kluvidɔ wɔm na Yehowa dometɔ aɖeke mele dɔ maɖinu wɔm o. Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo katã lɔ̃ faa le esubɔm la ŋu, eye ayra woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔa.—Marko 10:29, 30.

OCTOBER 17-23

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 1 FIAWO 21-22

“Srɔ̃ Ale Si Yehowa Wɔa Ŋusẽ Ŋu Dɔ”

Aʋakɔwo Ƒe Yehowa

Yosua kpɔ mawudɔla aɖe le afi si gogo Yeriko eye wòbiae be Israel dzie wòle loo alo futɔwo dzie wòle hã. Eɖo eŋu be, “Ao, ke boŋ Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe amegã menye va.” (Yos 5:13-15) Nyagblɔɖila Mikaya gblɔ na Fia Ahab kple Fia Yehosafat be, “Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la katã tɔ ɖe egbɔ, le eƒe ɖusime kple eƒe miame.” Eme kɔ ƒãa be mawudɔlawoe wòwɔnɛ. (1Fi 22:19-21) Esɔ be wozãa nyaa ƒe agbɔgbɔsɔsɔfiatɔ si nye “aʋakɔwo ƒe Yehowa,” elabe dziƒodɔlawo le hatsotso vovovowo me: kerubiwo, serafiwo kple mawudɔlawo. (Yes 6:2, 3; 1Mo 3:24; Nyɖ 5:11) Gake menye ema ɖeɖe koe o, wogale ƒuƒoƒo tɔxɛwo hã me. Esia tae Yesu Kristo gblɔ be yeate ŋu aɖe kuku na ye Fofo be wòaɖo “mawudɔlawo ƒe aʋakɔ siwo wu wuieve” ɖe ye. (Mt 26:53) Esi Hizkiya nɔ koko ƒom na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋua, eyɔe be “aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si bɔbɔ nɔ kerubiwo tame.” Edze ƒãa be nubablaɖakaa, si le tsitre ɖi na Yehowa ƒe dziƒofiazikpuia, kple kerubi siwo le aɖaka ƒe nutunua tame dzie wònɔ susu hem yi. (Yes 37:16; tsɔe sɔ kple 1Sa 4:4; 2Sa 6:2) Esi futɔwo ɖe to ɖe du si me Elisa nɔ si na vɔvɔ̃ ɖo eƒe subɔvia, dzi ɖo eƒo esi wòkpɔ le ŋutega aɖe me be tonuto si ƒo xlã dua ‘yɔ fũu kple dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo’; wonye Yehowa ƒe aʋakɔ gã la ƒe akpa aɖe.—2Fi 6:15-17.

w21.02 4 ¶9

“Ŋutsu Sia Ŋutsu Ƒe Tae Nye Kristo”

9 Ðokuibɔbɔ. Yehowae nye nunyala gãtɔ kekeake, ke hã, eléa to ɖe esubɔlawo ƒe susuwo ŋu. (1 Mose 18:23, 24, 32) Eɖea mɔ na ame siwo le eƒe ŋusẽ te be woado woƒe susuwo ɖa. (1 Fia. 22:19-22) Yehowa de blibo, gake mekpɔa mɔ be míawɔ nu abe ame deblibowo ene o. Ke boŋ ekpena ɖe ame madeblibo siwo subɔnɛ la ŋu be woakpɔ dzidzedze. (Ps. 113:6, 7) Le nyateƒe mea, Biblia ɖɔ Yehowa be enye “kpeɖeŋutɔ.” (Ps. 27:9; Heb. 13:6) Fia David lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔe kpe ɖe ye ŋu yete ŋu wɔ dɔ gã si wòde asi na ye la.—2 Sam. 22:36.

Aʋatso

Yehowa Mawu ɖea mɔ “vodada ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi” vaa ame siwo lɔ̃a alakpanyawo sesea dzi “ale be woaxɔ aʋatsokaka dzi ase” le esi teƒe be woaxɔ Yesu Kristo ŋuti nya nyuia dzi ase. (2Te 2:9-12) Nu si dzɔ ɖe Israel Fia Ahab dzi ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ ɖo kpe gɔmeɖose sia dzi. Aʋatsonyagblɔɖilawo ka ɖe edzi na Ahab be akpɔ dzidzedze ne ewɔ aʋa kple Ramot-Gilead, gake Yehowa ƒe nyagblɔɖila Mikaya gblɔ nɛ be afɔku boŋue ado tso eme nɛ. Abe ale si woɖee fia Mikaya le ŋutega me enea, Yehowa ɖe mɔ mawudɔla aɖe zu “beblegbɔgbɔ” le Ahab ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nu me. Esia fia be mawudɔlaa kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi ale be wometo nyateƒe o, ke boŋ wogblɔ nu si woawo ŋutɔwo di be yewoagblɔ kple nu si Ahab di be yease le wo nu. Togbɔ be woxlɔ̃ nu Ahab do ŋgɔ hãa, etiae be yeaxɔ woƒe alakpanyawo dzi ase eye esia he ku vɛ nɛ.—1Fi 22:1-38; 2Kr 18:1-34.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w21.10 3 ¶4-6

Nu Kae Dzimetɔtrɔ Ŋutɔŋutɔ Fia?

4 Mlɔebaa, Yehowa tso be yeaɖe afɔ. Edɔ Eliya be wòagblɔ nu si ava dzɔ ɖe Ahab kple Izebel dzi la na wo. Atsrɔ̃ woƒe ƒome bliboa katã. Eliya ƒe nyawo te ɖe Ahab dzi vevie. Nukutɔea, fia dadala sia “bɔbɔ eɖokui.”—1 Fia. 21:19-29.

5 Togbɔ be Ahab bɔbɔ eɖokui le nɔnɔme ma me hã, ale si wòwɔ nu emegbe fia be metrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ o. Meɖe Baal subɔsubɔ ɖa le eƒe fiaɖuƒea me o, eye medo Yehowa subɔsubɔ hã ɖe ŋgɔ o. Ahab gaɖee fia le mɔ bubuwo nu be yemetrɔ dzi me o.

6 Emegbe esi wòho aʋa ɖe Siria ŋu eye wòkpe Yuda-fia nyui Yehosafat be wòava kplɔ ye ayi aʋaa, Yehosafat doe ɖa be yewoabia gbe Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe gbã. Gake gbãa, Ahab melɔ̃ ɖe edzi o, eye wògblɔ be: “Ame ɖeka gali si gbɔ míabia gbe Yehowa le; ke melé fui, elabena megblɔa nya nyui aɖeke ɖi le ŋunye o, negbe nya vɔ̃wo ko.” Togbɔ be ele alea hã, wobia gbe nyagblɔɖila Mikaya. Eye nya siwo wògblɔa nye vɔ̃ siwo ava Ahab dzi vavã! Le esi Ahab natrɔ dzi me be Yehowa natsɔe akee teƒea, elé nyagblɔɖilaa de gaxɔ me. (1 Fia. 22:7-9, 23, 27) Togbɔ be ena wolé Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa de gaxɔ me hã, mete ŋu xe mɔ na nyagblɔɖia be wòagava eme o. Le aʋaa mea, wowu Ahab.—1 Fia. 22:34-38.

OCTOBER 24-30

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 FIAWO 1-2

“Elisa Xɔ Hehe Nyuie Tso Eliya Gbɔ”

w15 4/15 13 ¶15

Ale Si Hamemetsitsiwo Naa Hehe Nɔviwo Be Woadze Asubɔ

15 Elisa ŋuti nuŋlɔɖia ɖee fia hã be ele vevie be nɔviwo nade bubu hamemetsitsi kpɔnuteƒewo ŋu. Esi Eliya kple Elisa yi ɖakpɔ nyagblɔɖilawo ƒe viwo ɖa le Yeriko vɔ la, wo ame evea wova ɖo Yordan-tɔsisia nu. Eye “Eliya ɖe nyagblɔɖila ƒe awu si wòdo la heŋlɔe tsɔ ƒo tsi la dzi, eye wòma ɖe akpa eve.” Ale wo ame evea woto ƒuƒuiƒe tso Yordan-tɔsisia, eye “wole dze ɖom le yiyim.” Elisa nɔ to lém ɖe nya sia nya si gblɔm eƒe nufialaa le ŋu nyuie henɔ nu geɖe srɔ̃m tso egbɔ. Elisa mese le eɖokui me be yenya nu sia nu xoxo o. Eyome wokɔ Eliya to ahom me dzoe, eye Elisa trɔ yi Yordan nu. Etsɔ nyagblɔɖila Eliya ƒe awua ƒo tsia dzi hegblɔ be: “Afi kae Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le?” Ale tsia ma ɖe eve ake.—2 Fiawo 2:8-14.

w15 4/15 13 ¶16

Ale Si Hamemetsitsiwo Naa Hehe Nɔviwo Be Woadze Asubɔ

16 Ède dzesii be nukunu gbãtɔ si Elisa wɔ la sɔ kple nukunu mamlɛtɔ si Eliya wɔa? Nu kae esia fia mí? Elisa mese le eɖokui me be, esi wònye yee wotsɔ ɖoƒea na ta la, azɔ yeate ŋu awɔ nuwo wòato vovo na ale si Eliya wɔe o. Ke boŋ Elisa wɔ nu si tututu wòsrɔ̃ tso Eliya gbɔ tsɔ ɖee fia be yedea bubu yeƒe nufialaa ŋu, eye esia na nyagblɔɖila bubuwo ka ɖe Elisa dzi. (2 Fiawo 2:15) Elisa wɔ nyagblɔɖidɔ ƒe 60 sɔŋ, eye Yehowa na ŋusẽe wòwɔ nukunu geɖe wu esiwo Eliya wɔ. Nu kae hehexɔlawo ate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w05 8/1 9 ¶1

Nya Vevi Siwo Tso Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia Me

2:11—Afi kae nye “dziƒo” si “Eliya to ahom me yi”? Menye yamenutome si ŋku te ŋu kpɔna ye loo alo gbɔgbɔ me teƒe si Mawu kple eƒe gbɔgbɔmeviwo le lae o. (5 Mose 4:19; Psalmo 11:4; Mateo 6:9; 18:10) “Dziƒo” si Eliya yi la nye dziŋgɔli si míekpɔna la. (Psalmo 78:26; Mateo 6:26) Edze ƒã be dzotasiaɖam siwo to dziŋgɔli me va yi la kɔ Eliya yi ɖada ɖe anyigba ƒe akpa bubu, afi si wòyi edzi nɔ agbe le va se ɖe ɣeaɖeɣi. Le nyateƒe me la, Eliya ŋlɔ lɛta ɖo ɖe Yuda-fia Yehoram le ƒe aɖewo megbe.—2 Kronika 21:1, 12-15.

OCTOBER 31–NOVEMBER 6

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 FIAWO 3-4

“Kɔ Viwòa”

w17.12 4 ¶7

“Menya Be Afɔ”

7 Nyagblɔɖila Elisa, si va xɔ ɖe Eliya teƒe, hã fɔ ame ɖe tsitre. Emae nye tsitretsitsi evelia si ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me. Israel nyɔnu bubume aɖe si nɔ Sunem la wɔ amedzro na Elisa etɔxɛe. Mawu to nyagblɔɖilaa dzi ɖo eteƒe na nyɔnu sia si tsi ko la kple srɔ̃a tsitsi la esi wòna nyɔnua dzi ŋutsuvi. Ƒe aɖewo megbea, ɖevia ku. Bu ale si gbegbe esia anya gbã dzi na nɔae ŋu kpɔ. Esi wòbia mɔ le srɔ̃a gbɔa, ezɔ mɔ si didi abe kilometa 30 ene yi Elisa gbɔ le Karmel Toa dzi. Nyagblɔɖilaa dɔ eƒe subɔvi Gehazi ɖo ɖe eŋgɔ ɖe Sunem. Gehazi mete ŋu fɔ ɖevia ɖe tsitre o. Emegbe vidada si nɔ nu xam la kpakple Elisa hã va ɖo.—2 Fia. 4:8-31.

w17.12 5 ¶8

“Menya Be Afɔ”

8 Elisa te ɖe ŋutsuvi si ku la ŋu le aƒea me, eye wòdo gbe ɖa. Nukutɔea, ɖevia gbɔ agbe eye dzi dzɔ dadaa eteƒe mekɔ o! (Xlẽ 2 Fiawo 4:32-37.) Anya ɖo ŋku nya si Hana si tsi ko tsãa gblɔ le gbedodoɖa me esi wòkplɔ Samuel va avɔgbadɔa me be wòasubɔ le afi ma la dzi. Hana gblɔ be: ‘Yehowa dea ame Tsiẽƒe, eye wòfɔa ame ɖe tsitre.’ (1 Sam. 2:6) To tsitretsitsi sia si dzɔ le Sunem dzi la, Mawu na eme kɔ ƒãa be yeate ŋu afɔ kukuawo ɖe tsitre.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

Nyagblɔɖila

“Nyagblɔɖilawo Ƒe Viwo.” Numekugbalẽ si nye Gesenius’ Hebrew Grammar (Oxford, 1952, axa 418) ɖe eme be Hebrigbe me nya ben (ƒe vi) alo benehʹ (ƒe viwo) ate ŋu afia “ame si nye habɔbɔ aɖe me tɔ (alo ame si tso to alo ƒuƒoƒo aɖe me).” (Tsɔe sɔ kple Ne 3:8. Le kpukpui ma mea, nyagbe “ame si nye atike ʋeʋĩ wɔlawo dometɔ ɖeka” ƒe gɔmeɖeɖe tẽe ye nye “atike ʋeʋĩ wɔlawo ƒe vi.”) Eya ta “nyagblɔɖilawo ƒe viwo” ate ŋu afia ame siwo wonaa hehe na dɔ sia wɔwɔ la ƒe ƒuƒoƒo aɖe alo anye nyagblɔɖilawo ƒe habɔbɔ aɖe ko. Ŋɔŋlɔawo na míenya be nyagblɔɖilawo ƒe ƒuƒoƒo mawo ƒe ɖewo nɔ Betel, Yeriko kple Gilgal. (2Fi 2:3, 5; 4:38; tsɔe sɔ kple 1Sa 10:5, 10.) Samuel nɔ ƒuƒoƒo mawo dometɔ ɖeka nu le Rama (1Sa 19:19, 20), eye anɔ eme be ɖoƒe ma tɔgbi nɔ Elisa hã si le eƒe ŋkekea me. (2Fi 4:38; 6:1-3; tsɔe sɔ kple 1Fi 18:13.) Nuŋlɔɖia gblɔ be woawo ŋutɔe tu woƒe nɔƒe eye wozã dɔwɔnu aɖe si woɣe; esia ate ŋu afia be wonɔ agbe tsɛ. Togbɔ be teƒe ɖekae wole eye woɖua nu ɖekae hãa, wote ŋu dɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòavae wɔ eƒe nyagblɔɖidɔ.—1Fi 20:35-42; 2Fi 4:1, 2, 39; 6:1-7; 9:1, 2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe