Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
NOVEMBER 7-13
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 FIAWO 5-6
“Ame Siwo Le Mía Dzi La Sɔ Gbɔ Wu Ame Siwo Le Wo Dzi”
Elisa
Woɖe Israel Tso Siria Si Me. Esi Israel fia Yehoram nɔ dzi ɖuma, Siriatɔwo ɖoe be yewoadze Israel-viwo dzi le vo me. Enuenua, Elisa gblɔ nu sia nu si Siriatɔwo ɖo be yewoawɔa na Fia Yehoram, eye esia wɔe be Ben-Hadad ƒe nugbeɖoɖowo medze edzi o. Gbãa, Ben-Hadad susui be ye ŋutɔ ye ŋume aɖee nɔ go ʋum yeƒe nyawo. Gake esi wòva nya nu si tututu tae yeƒe nugbeɖoɖowo menɔ edzi dzem oa, ena eƒe asrafowo do sɔwo kple tasiaɖamwo vae ƒo xlã Dotan be yewoalé Elisa. Ŋɔdzi lé Elisa ƒe subɔvia, gake Elisa do gbe ɖa na Mawu be wòaʋu eƒe ŋkuwo, “eye kpɔ ɖa, dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo yɔ tonuto la me taŋtaŋ ƒo xlã Elisa.” Esi Siria srafoawo nɔ wo gogoma, Elisa do gbe ɖa be, “Meɖe kuku, na ameha sia ƒe ŋku nagbã.” Elisa gblɔ na wo be, “Midze yonyeme,” gake menye ɖe wòlé woƒe asi kplɔ wo o, si fia be woƒe ŋkuwo metsi ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ womeganɔ wo ɖokuiwo me o. Womegate ŋu kpɔ Elisa, ame si wova be yewoaléa dze si o, eye womenya afi si wòkplɔ wo yina hã o.—2Fi 6:8-19.
w13 8/15 30 ¶2
Elisa Kpɔ Dzotasiaɖamwo—Wò Hã Èle Wo Kpɔma?
Esi futɔwo va ƒo xlã Elisa le Dotan la, ŋɔdzi melée o. Nu ka tae? Elabena xɔse sẽŋu le esi si na wòka ɖe Yehowa dzi bliboe. Míawo hã míehiã xɔse sia ƒomevi. Eya ta mina míanɔ gbe dom ɖa anɔ Mawu biam be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí ne míate ŋu atu xɔse kple gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa bubuawo ɖo.—Luka 11:13; Gal. 5:22, 23.
Ŋkugbagbã
Edze ƒãa be esi Elisa bia be Siria srafoawo ƒe ŋku nagbãa, menye ɖe woƒe ŋkuwo gbã ŋutɔŋutɔ o. Ne ɖe woƒe ŋkuwo gbã ŋutɔŋutɔa, anye ne ahiã be woalé wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe asi hafi akplɔ wo. Le nuŋlɔɖia nua, ɖeko Elisa gblɔ na wo be: “Menye mɔ lae nye esia o, eye menye du la hãe nye esia o. Midze yonyeme.” William James gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Principles of Psychology (ƒe 1981, Babla 1, axa 59) me be: ‘Etea ŋu dzɔna be ahɔhɔ̃a ƒe akpa si nana míekpɔa nu dzea sii la mewɔa dɔ nyuie o. Le esia taa, ame aɖe ƒe ŋkuwo ate ŋu anɔ nu kpɔm pɛɛ ya gake eƒe ahɔhɔ̃ mana wòakpɔ nu si kpɔm wòlea adze si o. Nu si tae nye be kadodo si le nu si kpɔm ŋkua le kple ahɔhɔ̃a ƒe akpa si nana míekpɔa nu si nua nye dzea sii dome la gblẽ.’ Anɔ eme be nu sia tɔgbie Yehowa na wòdzɔ ɖe Siria srafoawo dzi, si wɔe be womenɔ naneke kpɔm dze si o va se ɖe esime woɖo Samaria. (2Fi 6:18-20) Nu sia tɔgbi kee anya dzɔ ɖe Sodom ŋutsuwo dzi, elabe naneke medze le nuŋlɔɖia me si ɖee fia be eɖe fu na wo be yewoƒe ŋkuwo tsi o, ke boŋ Lot ƒe aƒe ƒe ʋɔtrua didi dzi koe wonɔ.—1Mo 19:11.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w05 8/1 9 ¶2
Nya Vevi Siwo Tso Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia Me
5:15, 16—Nu ka tae Elisa mexɔ Naaman ƒe nunanawo o? Elisa gbe nunanaawo xɔxɔ elabena enyae be menye yeƒe ŋusẽe yetsɔ da dɔ na Naaman nukutɔe o, ke boŋ Yehowa ƒe ŋusẽe. Susu manɔ eme kura be wòazã ɖoƒe si Mawu dae ɖoa atsɔ adi viɖee o. Tadeagula vavã siwo li egbea metoa Yehowa subɔsubɔ dzi tsɔ dia nuwo na wo ɖokui o. Wowɔna ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be: “Faa miexɔe, faa minae.”—Mateo 10:8.
NOVEMBER 14-20
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 FIAWO 7-8
“Yehowa Na Nu Si Womenɔ Mɔ Kpɔm Na O La Dzɔ”
Elisa
Gake emegbea, Ben-Hadad II megaxa na Siriatɔwo ƒe adzohawo va dze Samaria dzi le vo me o, ke boŋ ekplɔ asrafowo ƒe ha gã aɖe vɛ wova ɖe to ɖe dua. Nɔnɔmeawo va sesẽ le dua me ale gbegbe be edzɔ ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã be nyɔnu aɖe ɖa eya ŋutɔ via ɖu, eye wova gblɔe na fia la. Fia Yehoram, si nye Ahab “amewula ƒe vi,” tsɔ dzitsitsi ka atam be yeawu Elisa. Gake esia meva eme o. Esi Yehoram kple eƒe asrafomegã va ɖo Elisa ƒe aƒe mea, egblɔ nya siwo fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke meganɔ esi be Yehowa axɔ na yewo o. Elisa ka ɖe edzi na fia la be nuɖuɖu abɔ le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Esi fia la ƒe asrafomegã ke ɖi nyagblɔɖia taa, Elisa gblɔ nɛ be: “Àkpɔe kple wò ŋkuwo, gake màɖu ɖeke o.” Yehowa na Siriatɔwo se hoowɔwɔ aɖe le woƒe asaɖaa me eye wosusui be dukɔ vovovo aɖewo ƒe asrafowoe ƒo ƒu ho ɖe yewo ŋu, eya ta wosi, eye wogblẽ woƒe nuɖuɖuwo katã ɖe asaɖaa me. Esi fia la se be Siriatɔwo si dzo hegblẽ woƒe nuwo ɖia, edɔ eƒe asrafomegã be wòavae dzɔ Samaria dugboa nu, eye esi Israel-viwo ƒe ha si dɔ wu ɖi tsi ɖe wo ŋua nɔ dzi tsim be yewoavae ha nuɖuɖu si tsi asaɖaa mea, wofanya asrafomegãa ɖe dugboa nu. Ekpɔ nuɖuɖua kple eƒe ŋkuwo gake meɖui o.—2Fi 6:24–7:20.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
Akaɖi
Fia Siwo Tso David Ƒe Ƒomea Me. Yehowa Mawu tsɔ David ɖo fia ɖe Israel nu, eye le Mawu ƒe mɔfiafia tea, David ɖee fia be yenye dukɔa kplɔla si dze aɖaŋu. Ema tae woyɔe be “Israel ƒe akaɖi la.” (2Sa 21:17) Yehowa do ŋugbe na David le fiaɖuƒe ƒe nubabla la me be: “Wò fiazikpui ali ke tegbee.” (2Sa 7:11-16) Le esia taa, David ƒe fiaƒomea si to via Salomo dzia, le abe “akaɖi” ene na Israel.—1Fi 11:36; 15:4; 2Fi 8:19; 2Kr 21:7.
NOVEMBER 21-27
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 FIAWO 9-10
“Dzi Nɔ Eƒo, Etsɔ Dzo Ðe Dɔ Ŋu Eye Wòɖoe Kplikpaa Be Yeawu Enu”
w11 11/15 3 ¶2
Yehu Do Tadedeagu Dzadzɛ Ðe Ŋgɔ
Wode dɔ asi na Yehu esime Israel dukɔa nɔ ɣeyiɣi sesẽ aɖe me tom. Izebel si zu ahosi le srɔ̃a Ahab ƒe ku megbe, si ganye Yehoram, ame si nye fia si nɔ dzi ɖum ɣemaɣi la dada, ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖia nɔ nu gblẽm le dukɔa ŋu. Eƒoe ɖe Israel viwo nu be woasubɔ Baal, ke menye Yehowa o; ewu Mawu ƒe nyagblɔɖilawo eye wòna be “ahasiwɔwɔ” kple “dzosasa” va xɔ aƒe ɖe dukɔa me. (2 Fia. 9:22; 1 Fia. 18:4, 13) Yehowa de se be woatsrɔ̃ Ahab ƒe aƒe blibo la, Yehoram kple Izebel hã le eme. Yehu ye wòle na be wòaxɔ ŋgɔ le dɔ sia wɔwɔ me.
w11 11/15 4 ¶2-3
Yehu Do Tadedeagu Dzadzɛ Ðe Ŋgɔ
Yehu meɖo nya aɖeke ŋu na dɔla eve siwo wodɔ ɖe egbɔ la o, eyi ɖado go Fia Yehoram kpakple Yuda Fia Ahaziya, si wɔ ɖeka kplii la; wo dometɔ ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe tasiaɖam me. Yehoram bia Yehu be: “Yehu, ŋutifafaea?” Eɖo eŋu nɛ dzikutɔe be: “Aleke ŋutifafa awɔ anɔ anyi, zi ale si dawò Izebel ƒe ahasiwɔwɔ kple eƒe dzosasa gbogboawo li?” Esi ŋuɖoɖoa na Yehoram nyɔ le eɖokui mea, etrɔ hesi dzo yina. Gake Yehu wɔ kaba! Evu eƒe da me, eye wòté megbe na Yehoram, eye aŋutrɔa ŋɔ eƒe dzi ɖi go, eye wòmu dze eƒe tasiaɖam me heku. Togbɔ be Ahaziya si hãa, Yehu ti eyome eye wòna wowu eya hã.—2 Fia. 9:22-24, 27.
Ahab ƒe aƒemetɔ evelia si wòle be woawue nye Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel. Esɔ ŋutɔ be Yehu yɔe be “fiƒodeme.” Esi Yehu va ɖo Yezreel la, ekpɔe wòdo mo ɖa to fiasã la ƒe fesre nu nɔ anyime kpɔm. Yehu mehe ɖe megbe kura o, eɖe gbe na fiaŋumewo be woatutu Izebel to fesrea nu aƒu anyi. Eyome Yehu na eƒe sɔwo fanya Izebel si gblẽ kɔ ɖo na Israel la. Le esia megbea, Yehu wu Ahab vɔ̃ɖi la ƒe aƒemetɔ gbogbo aɖewo.—2 Fia. 9:30-34; 10:1-14.
w11 11/15 5 ¶3-4
Yehu Do Tadedeagu Dzadzɛ Ðe Ŋgɔ
Enye nyateƒe be Yehu kɔ ʋu geɖe ɖi ya. Ke hã Ŋɔŋlɔawo gblɔ be enye dzinɔameƒotɔ si ɖe Israel tso Izebel kple eƒe ƒomea ƒe ŋutasẽdziɖuɖua te. Hafi Israel amegã aɖe nawɔ nu si Yehu wɔ la dzidzedzetɔea, ele be wòanye dzinɔameƒotɔ si ɖoa tame kplikpaa, si wɔa nu dzonɔamemetɔe. Biblia ŋuti numeɖegbalẽ aɖe ka nya ta be: “Enye dɔ sesẽ aɖe si wowɔ de goe tsitotsito afɔtsɔtsɔe. Ne ame aɖe be yeawɔ nu blewuu la, ado kpo nu, mate ŋu atsrɔ̃ Baal subɔlawo ɖa le Israel o.”
Ðikeke mele eme o be àte ŋu akpɔe be nɔnɔme siwo me tom Kristotɔwo le egbea la bia be Yehu ƒe nɔnɔme aɖewo nanɔ wo si. Le kpɔɖeŋu me, aleke wòle be míawɔ nui ne wote mí kpɔ be míakpɔ gome le nuwɔna aɖe si Yehowa lé fui la me? Ele be míawɔ nu kpata dzinɔameƒotɔe kple ŋkubiã agbe ewɔwɔ. Le tadedeagu na Mawu ƒe nyawo gomea, ele be míaʋã ŋu ɖe Yehowa nu.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w11 11/15 5 ¶6-7
Yehu Do Tadedeagu Dzadzɛ Ðe Ŋgɔ
Yehu anya susui be ne Israel fiaɖuƒea kple Yuda fiaɖuƒea ƒe subɔsubɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔa, awɔe be Israel fiaɖuƒea nanɔ eɖokui si. Eya ta abe Israel fia siwo do ŋgɔ nɛ ke enea, edze agbagba be yeana Israel fiaɖuƒea nakpɔtɔ anɔ eɖokui si esi wòyi edzi do nyivisubɔsubɔ ɖe ŋgɔ. Gake esia ɖee fia be meɖo ŋu ɖe Yehowa, ame si ɖoe fia la, ŋu o.
Yehowa kafu Yehu le esi ‘wòwɔ nu si dze Mawu ŋu pɛpɛpɛ’ ta. Ke hã Yehu “melé ŋku ɖe Yehowa ƒe seawo ŋu, ne wòazɔ ɖe wo nu kple eƒe dzi blibo o.” (2 Fia. 10:30, 31) Ne èbu nu bubu siwo katã Yehu wɔ do ŋgɔ ŋua, nya sia awɔ nuku na wò eye wòawɔ nublanui hã na wò. Ke hã nusɔsrɔ̃ aɖe le eme na mí. Míate ŋu abu ƒomedodo si le mía kple Yehowa domea nu tsɛe gbeɖe o. Ehiã be míanɔ Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m, anɔ ŋugble dem le eŋu ahanɔ gbe dom ɖa na mía Fofo si le dziƒo la gbe sia gbe be míate ŋu awɔ nuteƒe nɛ. Eya ta mina míawɔ míaƒe ŋutete katã be míalé ŋku ɖe Yehowa ƒe seawo ŋu, ne míazɔ ɖe wo nu tso míaƒe dzi blibo me.—1 Kor. 10:12.
NOVEMBER 28–DECEMBER 4
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 FIAWO 11-12
“Wohe To Na Nyɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe Si Dia Ðoƒe Gã”
Ataliya
Ataliya wɔ nu abe nɔa Izebel ene eye wòƒoe ɖe srɔ̃a Yehoram nu be wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume le ƒe enyi siwo katã wòtsɔ ɖu dzii la me. (1Fi 21:25; 2Kr 21:4-6) Eya hã ƒe tame sẽ abe nɔa ene, eye ekɔ ʋu maɖifɔ geɖe ɖi. Esi via vɔ̃ɖi Ahaziya si ɖu dzi ƒe ɖeka kua, ewu fiaƒomea me tɔ mamlɛawo katã, negbe Yehoas, vidzĩ la ko, elabe nunɔlagã la kple srɔ̃a si nye Yehoas tasi, tsɔe ɣla. Ema megbea, Ataliya ɖo eɖokui fianyɔnu, eye wòɖu dzi ƒe ade tso ƒe 905-899 D.Y. lɔƒo. (2Kr 22:11, 12) Viaŋutsuwo da adzo Yehowa ƒe gbedoxɔa me nu kɔkɔewo eye wozã wo le Baal subɔsubɔ me.—2Kr 24:7.
Ataliya
Esi Yehoas xɔ ƒe adrea, Nunɔlagã Yehoyada, si vɔ̃a Mawu la, ɖee ɖe go eye wòtsɔe ɖo fia elabe eyae dze anyi fiazikpuia dome. Esi Ataliya se hoowɔwɔa, eƒu du yi gbedoxɔa me, eye esi wòkpɔ nu si le edzi yima, edo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!” Nunɔlagã Yehoyada ɖe gbe be woakplɔe ado go le gbedoxɔa me ne woawui le sɔgbo si le fia ƒe aƒea me nu; anɔ eme be eyae nye Ahab ƒe aƒe vɔ̃ɖia me tɔ mamlɛtɔ. (2Fi 11:1-20; 2Kr 22:1–23:21) Enye nyateƒe be, “Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖe Ahab ƒe aƒe la ŋu la dometɔ aɖeke [medo] kpo emevava o”!—2Fi 10:10, 11; 1Fi 21:20-24.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
Yehoas
Le Nunɔlagã Yehoyada ƒe agbenɔɣia, ezu abe fofo ene na Yehoas eye wòɖoa aɖaŋu nɛ, si wɔe be eƒe fiaɖuɖua kpɔ dzidzedze. Kaka Yehoas naxɔ ƒe 21 la, srɔ̃ eve nɔ esi. Wo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Yehoadan, eye srɔ̃awo dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nɛ. Aleae wòdzɔe be David ƒe dzidzime si me Mesia ado tsoa gali ke sesĩe, togbɔ be enu yi keŋkeŋ kloe hã.—2Fi 12:1-3; 2Kr 24:1-3; 25:1.
DECEMBER 5-11
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 FIAWO 13-15
“Yehowa Yraa Mí Geɖe Ne Míesubɔe Tso Dzi Blibo Me”
w10 4/15 26 ¶11
Èle Kristo La Yome Dzem Bliboea?
11 Be míawɔ ale si wòle vevie be dzo nanɔ mía me ɖe subɔsubɔdɔ si Mawu de mía si ŋu ƒe kpɔɖeŋua, de ŋugble le nane si dzɔ ɖe Israel Fia Yehoas dzi ŋu kpɔ. Esi Yehoas nɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ Siriatɔwo ava ɖu Israel dzi taa, eva nɔ avi fam na Elisa. Nyagblɔɖilaa bia tso esi be wòada aŋutrɔ ɖeka ato fesre aɖo ɖe Siria gome, si anye dzesi be Yehowa ana woaɖu dukɔ ma dzi. Ðe wòle be nya sia nana dzo naɖo fia la me hafi. Eyome Elisa gblɔ na Yehoas be wòatsɔ eƒe aŋutrɔawo aƒo anyigbae. Yehoas tsɔ wo ƒo anyigba zi etɔ̃ pɛ ko. Esia na Elisa do dɔmedzoe, elabena ne ɖe wòtsɔ wo ƒo anyigbae zi atɔ̃ alo zi ade la, afia be ‘asi Siriatɔwo, va se ɖe esime woatsrɔ̃’ keŋkeŋ. Ke azɔa, zi etɔ̃ pɛ ko wòaɖu wo dzi va se ɖe afi aɖe. Esi wònye be Yehoas mewɔ nu dzonɔamemetɔe o taa, mete ŋu ɖu wo dzi keŋkeŋ o. (2 Fia. 13:14-19) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me? Nenye be míewɔ dɔ siwo Yehowa de mía si la tso dzi blibo me dzonɔamemetɔe ko hafi wòayra mí wòagba go.
w13 11/1 11 ¶5-6
Enye “Teƒeɖola Na Ame Siwo Dinɛ Vevie”
Ame kawoe Yehowa ɖoa eteƒe na? Paulo gblɔ be: “Ame siwo dinɛ vevie.” Biblia gɔmeɖelawo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe be “dinɛ vevie” la mefia be woanya Mawu ko evɔ o, ke boŋ efia be “woade ta agu” nɛ. Numekugbalẽ bubu aɖe hã gblɔ be Helagbe me nya ma si wozã la fia kutrikuku kple veviedodo. Ɛ̃, Yehowa ɖoa eteƒe na ame siwo ƒe xɔse ʋãa wo wosubɔnɛ dzonɔamemetɔe le esi wolɔ̃e kple dzi blibo ta.—Mateo 22:37.
Aleke Yehowa ɖoa eteƒe na esubɔla wɔnuteƒewo? Edo ŋugbe be yeatsɔ etsɔme nyui aɖe aɖo eteƒe na wo, si nye be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. Esia ɖe eƒe lɔlɔ̃ gã kple eƒe dɔmenyonyo fia. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Fifia gɔ̃ hãa, yayra geɖe sua ame siwo dia Yehowa vevie la si. Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpakple nunya si le eƒe Nya, Biblia, mea kpena ɖe wo ŋu wonɔa agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le.—Psalmo 144:15; Mateo 5:3.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w05 8/1 11 ¶3
Nya Vevi Siwo Tso Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia Me
13:20, 21—Ðe nukunu sia da asi ɖe ame kɔkɔe siwo ku la ƒe ƒuwo alo wo ŋuti nuzazãwo subɔsubɔ dzia? Ao, meda asi ɖe edzi o. Biblia megblɔ kpɔ be wosubɔ Elisa ƒe ƒuwo o. Mawu ƒe ŋusẽe wɔ nukunu sia, abe ale si ko wònɔ le nukunu siwo katã Elisa wɔ esime wònɔ agbea gome ene.
DECEMBER 12-18
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 FIAWO 16-17
“Seɖoƒe Li Na Yehowa Ƒe Dzigbɔɖi”
Salmaneser
Ete Israel Ðe Anyi. Le Israel fia Hosea ƒe dziɖuɣia (ƒe 758-740 D.Y. lɔƒo), Salmaneser V ho ɖe Palestina ŋu eye wòna Hosea va zu eƒe subɔvi si xea adzɔ nɛ ƒe sia ƒe. (2Fi 17:1-3) Gake emegbea, Hosea gbe adzɔa xexe, eye Salmaneser se be eya kple Egipte Fia So nɔ nugbe ɖom ɖe ye ŋu. Le esia taa, Salmaneser lé Hosea tu, eyome eva ɖe to ɖe Samaria ƒe etɔ̃ sɔŋ. Mlɔeba du sesẽ ma mu, eye wokplɔ Israel-viwo yi aboyo me.—2Fi 17:4-6; 18:9-12; tsɔe sɔ kple Ho 7:11; Eze 23:4-10.
Aboyomeyiyi
Nu ɖeka aɖe koŋ ye na wokplɔ Israel ƒe dziehe-to ewo fiaɖuƒea kple Yuda ƒe anyiehe-to eve fiaɖuƒea yi aboyo me: wodzudzɔ tadedeagu dzadzɛ tsɔtsɔ na Yehowa eye wova nɔ alakpamawuwo subɔm. (5Mo 28:15, 62-68; 2Fi 17:7-18; 21:10-15) Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖilawo enuenu be woaxlɔ̃ nu dukɔ evea siaa, gake wogbe toɖoɖo. (2Fi 17:13) Israel-to ewo fiaɖuƒea ƒe fiawo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe alakpasubɔsubɔ si woƒe fia gbãtɔ Yeroboam ɖo anyia ɖa keŋkeŋ o. Yuda fiaɖuƒea, si le anyiehea, mewɔ ɖe Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame si wòna wo tẽe la dzi o, eye womesrɔ̃ nu tso ale si wokplɔ wo nɔvi Israel-viwo yi aboyo mea hã me o. (Yer 3:6-10) Mlɔeba, wova kplɔ fiaɖuƒe evea me tɔwo yi aboyo me; le wo dometɔ ɖe sia ɖe gomea, wokplɔ ame aɖewo yi gbã, emegbe wova kplɔ ame mamlɛawo hã dzoe.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
Samariatɔwo
Zi gbãtɔ si nya “Samariatɔwo” dze le Ŋɔŋlɔawo mee nye esi woɖu Samaria-to ewo fiaɖuƒea dzi le ƒe 740 D.Y. me; wozã nya sia na ame siwo nɔ dziehe fiaɖuƒea me hafi wova ɖu wo dzi, ke menye na dukɔ bubu me tɔ siwo wokplɔ tso Asiria fiaɖuƒea ƒe teƒeteƒewo vɛ o. (2Fi 17:29) Edze be Asiriatɔwo mekplɔ Israel-viwo katã dzoe o, elabe nuŋlɔɖi si le 2 Kronika 34:6-9 (tsɔe sɔ kple 2Fi 23:19, 20) na míekpɔe be le Fia Yosiya ƒe dziɖuɣia, Israel-vi aɖewo gakpɔtɔ nɔ dukɔa me. Emegbea, wova yɔa ame siwo susɔ ɖe dukɔa mea ƒe dzidzimeviwo kple ame siwo Asiriatɔwo kplɔ vɛa siaa be “Samariatɔwo.” Ðikeke mele eme o be, Asiria fiaɖuƒea me tɔ aɖewo kple Israel vidzidzi aɖewo ɖe wo nɔewo eye wodzi viwo. Emegbe womegava nɔ ŋkɔa zãm na dukɔ alo ame ƒomevi aɖewo ale o, ke boŋ wozãnɛ geɖe wu na subɔsubɔha aɖe me tɔwo. Woyɔa ame siwo le subɔsubɔha si xɔ aƒe ɖe blema Sekem kple Samaria, si ƒe dzixɔsewo to vovo sãa na Yuda-subɔsubɔ tɔ la be “Samariatɔwo.”—Yoh 4:9.
DECEMBER 19-25
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 FIAWO 18-19
“Nu Siwo Tsitretsiɖeŋulawo Wɔna Be Yewoana Míaƒe Xɔse Nagbɔdzɔ”
w05 8/1 11 ¶5
Nya Vevi Siwo Tso Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia Me
18:19-21, 25—Ðe Hizkiya bla nu kple Egiptea? Ao. Aʋatsoe Rabsake ka ɖe esi, abe ale si ko wòka aʋatso be ‘Yehowae dɔ ye ɖa’ ene. Nuteƒewɔla Fia Hizkiya ɖo ŋu ɖe Yehowa ɖeɖe ko ŋu.
w10 7/15 13 ¶3
“Mègavɔ̃ O, Makpe Ðe Ŋuwò”
Rabsake to ameflunyawo dzi te kpɔ be yeaƒã ɖikeke ɖe dukɔa ƒe susu me. Egblɔ be: “Menye [Yehowa] ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo Hizkiya ɖe ɖa [oa]? . . . Yehowae gblɔ nam be: ‘Ho ɖe anyigba sia ŋu, eye nàgblẽe!’” (2 Fia. 18:22, 25) Eya ta Rabsake nɔ gbɔgblɔm be Yehowa mawɔ aʋa ɖe Eƒe amewo nu o, elabena mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Ke hã, aʋatso kam wònɔ. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Hizkiya kple Yuda dukɔa, si trɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu la ŋu.—2 Fia. 18:3-7.
w13 11/15 19 ¶14
Lãkplɔvi Adre Kple Amegã Enyi—Nu Kae Wòfia Egbea?
14 Asiria-fia ho va ƒu asaɖa anyi ɖe Lakis, le Yerusalem ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome. Edɔ ame etɔ̃ tso afi ma ɖo ɖe Yerusalemtɔwo be woana ta. Eƒe tsiami si ƒe dzesideŋkɔe nye Rabsake la zã ayemɔ vovovowo. Edo Hebrigbe gblɔ ɖe dukɔa ƒe to me be woatrɔ le woƒe fia yome ana ta Asiriatɔwo, eye wòble wo nu be yewoakplɔ wo ayi anyigba si dzi agbe adze edzi na wo le la dzi. (Mixlẽ 2 Fiawo 18:31, 32.) Rabsake ƒo adegbe be ale si ko dukɔwo ƒe mawuwo mete ŋu ɖe wo tso yewo Asiriatɔwo si me oa, nenema ke Yehowa hã mate ŋu aɖe Yudatɔwo tso yewo si me o. Dukɔa meɖo eƒe ameflunya mawo dometɔ aɖeke ŋu nɛ kura o, eye nunya le esia me. Nenema ke Yehowa subɔla siwo li egbea hã wɔna.—Mixlẽ 2 Fiawo 18:35, 36.
Akpa 2—Germany
Ewɔ nuku ŋutɔ be zi geɖea, ne adzamekpovitɔwo to woƒe ameflumɔnu vɔ̃ɖiwo dzi na ame aɖe de asi agbalẽ te be yemeganye Yehowa Ðasefo o vɔa, woawo ŋutɔwo gatrɔna ɖe amea ŋu eye wofiaa fui wu ale si wonɔ ewɔm tsã gɔ̃ hã. Karl Kirscht ɖi ɖase tso esia ŋu ale: “Le fuwɔamegakpɔwo mea, Yehowa Ðasefowo koŋue wodzea agbagba be yewoaflu to ayemɔnu siawo dzi. Wosusu be yewoate ŋu ato esia dzi able wo nu be woade asi agbalẽa te. Woƒonɛ ɖe mía nu enuenu be míade asi ete. Ame aɖewo de asi ete, gake zi geɖea, eva hiãna be woalala ƒe ɖeka kple edzivɔ hafi woaɖe asi le wo ŋu. Hafi ɣeyiɣia nade woaɖe asi le wo ŋua, adzamekpovitɔawo dzua wo zi geɖe le dutoƒo be wonye alakpanuwɔlawo kple vɔvɔ̃nɔtɔwo. Eye nu bubu aɖe si wogawɔna tsɔ doa ŋukpe woe nye be, hafi woaɖe mɔ na wo be woadzoa, wozia wo dzi be woazɔ aƒo xlã wo nɔvi siwo susɔ ɖe gakpɔa me.”
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
Tomenukuku
Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be Asiria fia Senakerib viŋutsu eve siwo nye Adramelek kple Sarezer wui, eye viaŋutsu bubu si nye Esar-Hadon zu fia ɖe eteƒe. (2Fi 19:36, 37) Gake Babilontɔwo ƒe nuŋlɔɖi aɖe gblɔ be Senakerib viŋutsu aɖe dze aglã ɖe eŋu eye wòwui le Tebet ƒe ŋkeke 20 lia dzi. Babilontɔwo ƒe nunɔla Berossus, si nɔ anyi le ƒe alafa etɔ̃lia D.Y. me kple Babilontɔwo ƒe fia Nabonido, si nɔ anyi le ƒe alafa adelia D.Y. me siaa gblɔ nya ma ke be Senakerib viŋutsuwo dometɔ ɖeka koe wui. Ke hã nyitsɔ laa, woke ɖe Esar-Hadon, si nye Senakerib viŋutsu si va ɖu fia ɖe eteƒe la ƒe nuŋlɔɖikpe aɖe ƒe kakɛ ŋu, eye egblɔ kɔtɛ le kpe ma dzi be ye nɔviŋutsuwo (si fia be menye ame ɖeka o) dze aglã ɖe yewo fofo ŋu hewui eye wosi dzo. Philip Biberfeld gblɔ tso nya sia ŋu le eƒe agbalẽ si nye Universal Jewish History (ƒe 1948, Babla I, axa 27) me be: “Babilontɔwo ƒe nuŋlɔɖia kple nya si Nabonido kple Berossus gblɔa mede o; nya si Biblia gblɔa koe le eteƒe. Le Babilontɔwo kple Asiriatɔwo ƒe ŋutinya sia mea, edze ƒãa be nya siwo katã Esarhadon gblɔ tso nudzɔdzɔ sia ŋu, si dze le eƒe nuŋlɔɖia mea ye nye dedietɔ kekeake ne wotsɔe sɔ kple Babilontɔwo ƒe nuŋlɔɖiwo. Esia nye nyateƒenya vevi aɖe si dzi wòle be míaɖo ŋku ne blema nuŋlɔɖiwo ka nya ta tso nudzɔdzɔ aɖe ŋu si to vovo na Biblia tɔ, eye míedi be míanya esi tututu nye nyateƒea.”
DECEMBER 26–JANUARY 1
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | 2 FIAWO 20-21
“Eƒe Gbedodoɖawo Wɔe Be Yehowa Xɔ Nɛ”
ip-1 394 ¶23
Woɖo Fia Aɖe Ƒe Xɔse Teƒe Nɛ
23 Le ɣeyiɣi si me Senakerib tso ɖe Yuda ŋu zi gbãtɔ me lɔƒoa, Hizkiya dze dɔ vevie. Yesaya gblɔ nɛ be ele kuku ge. (Yesaya 38:1) Fia sia si xɔ ƒe 39 la ƒe dzi gbã. Menye eya ɖeka ƒe nyonyo ko ŋu bumee wònɔ o, ke enɔ eƒe dukɔa ƒe etsɔme hã fam. Ate ŋu adzɔ be Asiriatɔwo nava dze Yerusalem kple Yuda dzi. Ne Hizkiya kua, ame kae anɔ ŋgɔ woawɔ aʋaa? Viŋutsu menɔ Hizkiya si ɣemaɣi si ava ɖu fia ɖe eteƒe o. Hizkiya do gbe ɖa vevie ɖe kuku na Yehowa be wòakpɔ nublanui na ye.—Yesaya 38:2, 3.
w17.03 21 ¶16
Subɔ Yehowa Kple Dzi Blibo!
16 Hizkiya va dze dɔ emegbe eye wòde kuku ge kloe. Eɖe kuku na Yehowa be wòaɖo ŋku ale si yezɔ le eŋkumea dzi. (Xlẽ 2 Fiawo 20:1-3.) Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe mía ŋu míenyae be mímate ŋu akpɔ mɔ be Mawu nato nukumɔwo dzi ada gbe le mía ŋu alo adzi míaƒe agbenɔƒe ɖe edzi egbea o. Ke hã, abe Hizkiya enea, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu agblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be: “Mezɔ le ŋkuwòme le nyateƒe kple dzi blibo me.” Ðe nèka ɖe edzi be ŋutetea le Yehowa si be wòalé wò ɖe te le dɔléɣiwo kple nɔnɔme ɖe sia ɖe me eye wònye eƒe didi hã be yeawɔea?—Ps. 41:3.
g01 8/8 23 ¶4
Aleke Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunyee?
Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo mea, xɔsetɔ aɖewo kpɔ ŋuɖoɖo na woƒe gbedodoɖawo tẽe—le nukumɔ nu gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, esime Fia Hizkiya kpɔ be yele dɔ lém ɖo kudo nua, eƒo koko na Mawu be wòaxɔ na ye. Mawu ɖo eŋu be: “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo, kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wò.” (2 Fiawo 20:1-6) Ŋutsu kple nyɔnu Mawu vɔ̃la bubuwo kpɔ Mawu ƒe xɔname teƒe le mɔ sia tɔgbi ke nu.—1 Samuel 1:1-20; Daniel 10:2-12; Dɔwɔwɔwo 4:24-31; 10:1-7.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
Sɔsɔmedzidzenu
Xɔtulawo zãa sɔsɔmedzidzenu tsɔ tua woƒe xɔwo nyuie, eye wozãnɛ tsɔ dzidzea gli si woɖoa kpɔ be edzɔ hã, alo ahiã be woamui aƒu anyi. Yehowa gblɔ ɖi be yeada “dzidzeka si woda ɖe Samaria ŋu kple sɔsɔmedzidzenu si wozã ɖe Ahab ƒe aƒe ŋu la” ɖe Yerusalem si dze aglã ŋu. Mawu dzidze Samaria kple Fia Ahab ƒe aƒea eye wòkpɔ be woglɔ alo vɔ̃ɖi, eya ta ena wotsrɔ̃ wo. Nenema kee, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu Yerusalem kple edziɖulawo, aklo nu le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo dzi, eye wòatsrɔ̃ dua. Nu siawo va eme le ƒe 607 D.Y. me. (2Fi 21:10-13; 10:11) Yesaya xlɔ̃ nu Yerusalem ƒe adegbeƒola vɔ̃ɖiwo kple edziɖulawo tso vɔ̃ si gbɔna wo dzia ŋu, eye egblɔ nya si Yehowa gblɔa hã na wo be: “Matsɔ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ awɔ dzidzeka kple dzɔdzɔenyenye awɔ glidzidzenu.” Ne Mawu nɔ te ɖe eƒe dzidzenuwo dzi drɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔa le dzɔdzɔenyenye mea, esia aɖe ame siwo subɔnɛ kple ame siwo mesubɔnɛ oa afia. Esia awɔe be woaxɔ ame aɖewo ɖe agbe, ke woatsrɔ̃ bubuwo ya.—Yes 28:14-19.