-
Yesu Zã Gboti Tsɔ Fia Nu Tso Xɔse ŊuYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 105
Yesu Zã Gboti Tsɔ Fia Nu Tso Xɔse Ŋu
MATEO 21:19-27 MARKO 11:19-33 LUKA 20:1-8
GBOTI SI YRƆ LA NYE NUFIAME TSO XƆSE ŊU
WOTƆ GBE YESU LE AFI SI WÒKPƆ ŊUSẼ TSOE ŊU
Yesu dzo le Yerusalem le Dzoɖagbe ŋdɔ me hetrɔ yi Betania, si le Amitoa ƒe ɣedzeƒekpa dzi. Anɔ eme be etsi exɔlɔ̃awo, siwo nye Lazaro, Maria kple Marta ƒe me dɔ.
Fifia Nisan 11 lia ƒe ŋdi me ɖo. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo gadze mɔ ake trɔ yina Yerusalem, eye emae anye zi mamlɛtɔ si wòayi gbedoxɔa me. Esiae nye eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa ƒe ŋkeke mamlɛtɔ hafi wòava ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia, aɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi, eye emegbe woadrɔ̃ ʋɔnui ahawui.
Esi wotso Betania hele Amitoa dzi zɔm yina Yerusalem la, Petro kpɔ ati si Yesu ƒo fi de le ŋkeke si va yi ƒe ŋdi me. Egblɔ be: “Rabi, kpɔ ɖa, gboti si nèƒo fi de la yrɔ!”—Marko 11:21.
Gake nu ka tae Yesu na atia yrɔ? Eɖe susu si tae la fia esi wògblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, menye nu si mewɔ gboti la ɖeɖe koe miawɔ o, ke boŋ ne miegblɔ na to sia be, ‘Ho nàyi aɖadze atsiaƒu me’ la, ava eme. Eye ne xɔse le mia si la, nu sia nu si miado gbe ɖa abia la, miaxɔe.” (Mateo 21:21, 22) Eƒe nya siawo nye gbetete ɖe nya si wògblɔ va yi be xɔse ate ŋu ana to naho la dzi.—Mateo 17:20.
Yesu to ale si wòna gbotia yrɔ dzi wɔ kpɔɖeŋu na ale si wòhiã be woaxɔ Mawu dzi ase. Egblɔ be: “Nu siwo katã miedoa gbe ɖa biana la, mixɔe se be miexɔ wo xoxo, ekema woasu mia si.” (Marko 11:24) Nufiame vevi kae nye esi wònye na Yesu yomedzelawo katã! Esia sɔ na eƒe apostoloawo koŋ le esi woava to dodokpɔ sesẽwo me kpuie ta. Gake ƒomedodo bubu hã le gbotia ƒe yɔyrɔ kpakple xɔse akuakua ƒe ame si nɔnɔ dome.
Israel dukɔa ɖi gboti sia si ƒe dzedzeme flua ame la. Dukɔ sia bla nu kple Mawu, eye le gotagome la, wodzena abe ame siwo léa eƒe Sea me ɖe asi ene. Gake dukɔa me tɔ akpa gãtɔ nye xɔsemanɔsitɔwo, eye wometsea ku nyuiwo o. Wogbe Mawu ƒe Vi la gɔ̃ hã! Eya ta esi Yesu na gboti matsekua yrɔ la, enɔ nu si ava do tso eme na dukɔ matseku sia si si xɔse mele o la ɖem fia.
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo Yerusalem. Abe ale si Yesu lɔ̃a wɔwɔ ene la, ege ɖe gbedoxɔa me, eye wòde asi nufiafia me. Anye be le nu si Yesu wɔ gaɖɔlilawo le ŋkeke si do ŋgɔ dzi ta la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo biae se be: “Ŋusẽ kae nètsɔ wɔa nu siawo? Alo ame kae na ŋusẽ sia wò nètsɔ wɔa nu siawoe?”—Marko 11:28.
Yesu ɖo eŋu be: “Mabia nya ɖeka mi. Miɖo eŋu nam, ekema magblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔa nu siawoe la na mi. Dziƒoe Yohanes ƒe amenyɔnyrɔ ɖe tsi me la tso loo alo amegbetɔwo gbɔe wòtso? Miɖo eŋu nam.” Fifia ele be eƒe tsitretsiɖeŋulawo naɖe wo ɖokui nu. Nunɔlawo kple dumegãawo de adaŋu le ale si woaɖo eŋu nɛ ŋu. Wogblɔ be: “Ne míegblɔ be, ‘Dziƒoe wòtso’ la, abia be, ‘Ekema nu ka tae miexɔ edzi se o?’ Evɔ atse meble mí míagblɔ be, ‘Amegbetɔwo gbɔe wòtso’ o.” Wonɔ nya sia dzakam le esi wonɔ vɔvɔ̃m na ameha la ta, “elabena wo katã wobua Yohanes be enye nyagblɔɖila ŋutɔŋutɔ.”—Marko 11:29-32.
Ame siwo nɔ tsitre tsim ɖe Yesu ŋu la mete ŋu kpɔ ŋuɖoɖo nyui aɖeke o. Eya ta woɖo eŋu be: “Míenya o.” Eye Yesu hã gblɔ na wo be: “Nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔa nu siawoe la na mi o.”—Marko 11:33.
-
-
Waingble Ŋuti Lododo EveYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 106
Waingble Ŋuti Lododo Eve
MATEO 21:28-46 MARKO 12:1-12 LUKA 20:9-19
EDO LO KU ÐE VIŊUTSU EVE ŊU
EDO LO KU ÐE WAINGBLEMEDƆWƆLAWO ŊU
Le gbedoxɔa me la, ɖeko Yesu na ŋu kpe nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegã siwo tɔ gbee ku ɖe ame si na ŋusẽe wòtsɔ le nuwo wɔm la ŋu vɔ koe nye esia. Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa wɔe be womegakpɔ nya aɖeke woagblɔ o. Azɔ edo lo aɖe tsɔ klo nu le ame si ƒomevi wonye la dzi.
Yesu gblɔ be: “Vi eve le ŋutsu aɖe si. Eye wòyi gbãtɔ gbɔ ɖagblɔ nɛ be, ‘Vinye, yi ɖawɔ dɔ le waingble la me egbe.’ Eɖo eŋu be, ‘Nyemayi o,’ ke emegbe la evee eye wòyi. Eye wòva evelia gbɔ gblɔ na eya hã nenema ke. Eya ɖo eŋu be, ‘Mayi,’ ke meyi o. Ame eve siawo dometɔ kae wɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu?” (Mateo 21:28-31) Ŋuɖoɖoa dze ƒãa—vi gbãtɔ lae wɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu mlɔeba.
Eya ta Yesu gblɔ na eƒe tsitretsiɖeŋulawo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, adzɔxɔlawo kple gbolowo atre Mawu Fiaɖuƒe la me yiyi na mi.” Le gɔmedzedzea la, adzɔxɔlawo kple gbolowoe menɔ Mawu subɔm o. Gake abe ale si vi gbãtɔa wɔe ene la, wova trɔ dzi me emegbe hele Mawu subɔm. Ke subɔsubɔhakplɔlawo ya le abe vi evelia ene, elabena wogblɔna be yewole Mawu subɔm, evɔ womesubɔnɛ hafi o. Yesu gblɔ be: “Yohanes [Amenyrɔɖetsimelaa] va mia gbɔ be yeafia dzɔdzɔenyenyemɔ la mi, ke miexɔ edzi se o. Gake adzɔxɔlawo kple gbolowo ya xɔ edzi se, eye togbɔ be miekpɔ esia hã la, mete ɖe mia dzi emegbe ne miaxɔ edzi ase o.”—Mateo 21:31, 32.
Yesu gado lo bubu ɖe ema yome. Le lo sia me la, Yesu ɖee fia be menye ɖeko subɔsubɔhakplɔlawo gbe be yewomasubɔ Mawu o. Ke boŋ ɖe wovɔ̃ɖi. Yesu gblɔ be: “Ame aɖe de waingble, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe, ewɔ wainfiãƒe ɖe eme, eye wòtu agbledzɔxɔ ɖe eme, etsɔe de asi na agbledelawo, eye wòzɔ mɔ yi duta. Ke esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe kluvi ɖeka ɖe agbledelawo gbɔ be wòaxɔ waingblea me kutsetse aɖewo tso wo gbɔ avɛ. Ke wolée heƒoe, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlui. Egadɔ kluvi bubu ɖe wo gbɔ, ke woxlã nu ɖe ta nɛ hedo vloe. Eye wògadɔ bubu ɖa, ke wowu eya hã, egadɔ bubu geɖewo ɖa, ke woƒo ɖewo, eye wowu ɖewo hã.”—Marko 12:1-5.
Ðe ame siwo nɔ to ɖom Yesu la ase eƒe lododoa gɔmea? Anɔ eme be woaɖo ŋku Yesaya ƒe fɔbuamenya siawo dzi be: “Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe waingble lae nye Israel ƒe aƒe; Yudatɔwoe nye agble si gbɔ melɔ̃a nu le o la. Ekpɔ mɔ na ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, ke kpɔ ɖa, sedzidadae li.” (Yesaya 5:7) Yesu ƒe lododoa me nyawo ɖi nya mawo. Agbletɔ lae nye Yehowa, eye waingble lae nye Israel dukɔa si Mawu ƒe Se la nye kpɔtɔtɔ kple takpɔkpɔ na. Yehowa dɔ nyagblɔɖilawo ɖe eƒe amewo be woafia nu wo ahakpe ɖe wo ŋu be woatse ku nyuiwo.
Ke hã ‘agbledelaawo’ wɔ fu “kluvi” siwo wodɔ ɖo ɖe wo la hewu wo. Yesu gblɔ be: “Azɔ viŋutsuvi ɖeka le [waingbletɔa si] si gbɔ melɔ̃a nu le o. Edɔ eya hã ɖe wo gbɔ gblɔ be, ‘Woasi vinye ŋkume ɖa.’ Ke agbledela mawo gblɔ le wo nɔewo dome be, ‘Ame siae nye domenyila la. Miva míawui, ne domenyinua nazu mía tɔ.’ Ale wolée hewui.”—Marko 12:6-8.
Azɔ Yesu bia be: “Nu kae waingbletɔa awɔ?” (Marko 12:9) Subɔsubɔhakplɔlawo ɖo eŋu be: “Esi wonye ame vɔ̃ɖiwo ta la, atsrɔ̃ wo ŋɔdzitɔe, eye wòatsɔ waingble la ade asi na agbledela bubu siwo atsɔ kutsetsewo anɛ le kutsetseawo ɖiɣi.”—Mateo 21:41.
Woƒe nyaŋuɖoɖo sia nye ʋɔnudɔdrɔ̃ wo ɖokuiwo le manyamanya me, elabena woawo hã wokpe ɖe ‘agbledela’ siwo le dɔ wɔm le Yehowa ƒe “waingble,” si le tsitre ɖi na Israel dukɔa me la ŋu. Yehowa tɔ dzɔ be wòadi kutsetsewo tso agbledela mawo si, eye kutsetse sia ƒe ɖee nye be woaxɔ Via si nye Mesia la dzi ase. Azɔ Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be: “Ðe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ, Yehowa gbɔe esia tso, eye wònye nu wɔnuku le mía ŋkume’ oa?” (Marko 12:10, 11) Yesu na eƒe nyaa me kɔ ƒãa azɔ esi wògblɔ be: “Esia tae mele egblɔm na mi be, woaxɔ Mawu Fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe kuwo.”—Mateo 21:43.
Agbalẽfialawo kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kpɔe dze sii be “yewo ŋue wòdo lo sia ɖo.” (Luka 20:19) Fifia ya wodi vevie wu tsã be yewoawu Yesu, si nye “domenyila” si dze la. Gake wovɔ̃ ameha la, elabena wobua Yesu nyagblɔɖilae, eya ta womedze agbagba be yewoawui ɣemaɣi o.
-
-
Fia Aɖe Yɔ Ame Siwo Wokpe Hena Srɔ̃ɖeŋkekenyuiYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 107
Fia Aɖe Yɔ Ame Siwo Wokpe Hena Srɔ̃ɖeŋkekenyui
SRƆ̃ÐEKPLƆ̃ÐOƑE ŊUTI LODODO
Esi Yesu ƒe subɔsubɔdɔa nɔ enu wum la, eyi edzi do lowo tsɔ klo nu le nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo ƒe nuwɔnawo dzi. Eya ta wodi be yewoawui. (Luka 20:19) Gake Yesu mewɔ vɔ haɖe o. Egado lo bubu ale:
“Dziƒofiaɖuƒe la le abe fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ na via ene. Eye wòdɔ eƒe kluviwo be woaɖayɔ ame siwo wokpe la ava srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu, gake womelɔ̃ be yewoava o.” (Mateo 22:2, 3) Yesu he susu yi “Dziƒofiaɖuƒe” la dzi le eƒe lododoa ƒe gɔmedzedze. Eya ta edze ƒãa be “fia” lae nye Yehowa Mawu. Ke fia la ƒe vi kple ame siwo wokpe va srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea ya ɖe? Le go sia hã me la, eme kɔ ƒãa be fia la ƒe vi lae nye Yehowa ƒe Vi, si le loa dom, eye ame siwo wokpe lae nye ame siwo anɔ Dziƒofiaɖuƒe la me kple Vi la.
Ame kawoe wokpe gbã? Enyo, ame kawoe Yesu kple apostoloawo nɔ gbeƒã ɖem na tso Fiaɖuƒea ŋu? Yudatɔwoe. (Mateo 10:6, 7; 15:24) Dukɔ sia lɔ̃ ɖe Se ƒe nubablaa dzi le ƒe 1513 D.Y. me, si wɔe be mɔnukpɔkpɔa su wo si gbã be woanye “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe.” (2 Mose 19:5-8) Gake ɣekaɣi koŋue woakpe wo ava ‘srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea’? Edze ƒãa be wodze wo kpekpe gɔme le ƒe 29 K.Ŋ. esime Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me tso Dziƒofiaɖuƒea ŋu.
Ke aleke Israel-vi akpa gãtɔ wɔ nui esi wokpe wo? Abe ale si Yesu gblɔe ene la, “womelɔ̃ be yewoava o.” Subɔsubɔhakplɔlawo kple dukɔa me tɔ akpa gãtɔ melɔ̃ ɖe edzi be Yesu ye nye Mesia la kple Fia si Mawu tia la o.
Ke hã Yesu ɖee fia be mɔnukpɔkpɔ bubu agasu Yudatɔwo si esi wògblɔ be: “[Fia la gadɔ] kluvi bubuwo ɖa gblɔ be, ‘Migblɔ na ame kpekpeawo be: “Kpɔ ɖa, ŋdɔnuɖuɖua sɔ gbe vɔ, wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nu sia nu sɔ gbe. Miva srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.”’ Ke wometsɔ ɖeke le eme o, eye wodzo, ame ɖeka yi eƒe agble me, bubu yi eƒe adzɔ do ge; ke mamlɛawo lé eƒe kluviawo, wɔ fu wo eye wowu wo.” (Mateo 22:4-6) Esia ɖe nu si adzɔ ne wova ɖo Kristo hamea anyi la fia. Ɣemaɣi la, mɔnukpɔkpɔa ganɔ ʋuʋu ɖi na Yudatɔwo be woanɔ Fiaɖuƒea me, gake ame akpa gãtɔ gbe amekpekpea eye wowɔ fu ‘fia la ƒe kluviwo’ gɔ̃ hã.—Dɔwɔwɔwo 4:13-18; 7:54, 58.
Nu kae va do tso eme na dukɔa? Yesu gblɔ be: “Fia la do dziku, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo ɖa woyi ɖawu amewula mawo eye wotɔ dzo woƒe du la.” (Mateo 22:7) Esia dzɔ ɖe Yudatɔwo dzi le ƒe 70 K.Ŋ. esi Romatɔwo va tsrɔ̃ “woƒe du la,” si nye Yerusalem.
Esi wogbe fia la ƒe amekpekpea la, ɖe wòfia be womagakpe ame bubu aɖeke oa? Yesu ƒe lododoa mefia nenema o. Eyi edzi be: “Eye [fia la gblɔ] na eƒe kluviawo be, ‘Nu sia nu sɔ gbe na srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuɖu, gake ame siwo wokpe la medze o. Eya ta miyi dua ƒe mɔ gãwo dzi ne miakpe ame sia ame si miakpɔ la va srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.’ Ale kluvi mawo do go yi mɔwo dzi, eye woƒo ame siwo katã wokpɔ la nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa; ale amewo yɔ srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu fũu le xɔ si me wole srɔ̃a ɖem le la me.”—Mateo 22:8-10.
Eɖe dzesi be emegbe apostolo Petro ava nɔ kpekpem ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o kple ame siwo trɔ dzi me va Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhaa me la ŋu be woazu Kristotɔ vavãwo. Le ƒe 36 K.Ŋ. la, wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa ɖe Roma-srafomegã Kornelio kple eƒe ƒomea dzi, si wɔe be mɔnukpɔkpɔa su wo si be woanyi Dziƒofiaɖuƒe si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la dome.—Dɔwɔwɔwo 10:1, 34-48.
Yesu ɖee fia be menye ame siwo katã va kplɔ̃ɖoƒea la ƒe nue adze “fia la” ŋu o. Egblɔ be: “Esi fia la va be yealé ŋku ɖe ame kpekpeawo ŋu la, ekpɔ ŋutsu aɖe si medo srɔ̃ɖewu o la le afi ma. Ebiae be, ‘Xɔ̃, aleke nèwɔ ge ɖe afi sia evɔ mèdo srɔ̃ɖewu o?’ Ke mete ŋu ke nu o. Eye fia la gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti la me le xexe. Afi mae wòafa avi ahaɖu aɖukli le.’ Elabena ame geɖewoe wokpe, ke ame ʋɛ aɖewo koe wotia.”—Mateo 22:11-14.
Ðewohĩ subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ to ɖom Yesu la mase nya siwo gblɔm wònɔ la gɔme bliboe ya o. Ke hã, eƒe nyawo ve dɔme na wo eye woɖoe kplikpaa wu tsã be yewoaɖe ame sia si le ŋukpe dom yewo alea la ɖa.
-
-
Yesu Gblẽ Mɔ̃ Si Wotre Nɛ La MeYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 108
Yesu Gblẽ Mɔ̃ Si Wotre Nɛ La Me
MATEO 22:15-40 MARKO 12:13-34 LUKA 20:20-40
MITSƆ KAISARO TƆ NA KAISARO
ÐE WOAÐE SRƆ̃ LE TSITRETSITSIA MEA?
SEDEDE GÃTƆWO
Subɔsubɔhakplɔla siwo nye Yesu ƒe futɔwo la do dziku. Edo lo siwo klo nu le woƒe vɔɖivɔ̃ɖi dzi vɔ koe nye ema. Azɔ Farisitɔwo ɖo nugbe be yewoatre mɔ̃ nɛ. Wodi be yewoana wòagblɔ nya aɖe si dzi yewoanɔ te ɖo atsɔe ade asi na Roma nutodziɖula la, eya ta wona ga woƒe nusrɔ̃la aɖewo be woayi aɖatre mɔ̃ nɛ.—Luka 6:7.
Ame siawo va gblɔ be: “Nufiala, míenyae be èƒoa nu hefia nu ɖe eteƒe, eye mèkpɔa ame ŋkume o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me: Ðe se ɖe mɔ be míaxe adzɔ na Kaisaro loo, alo se meɖe mɔ o?” (Luka 20:21, 22) Woƒe kesekukuɖɔɖɔnamea meflu Yesu o, elabena alakpanu kple ayemenu wɔmee wonɔ. Ne eɖo eŋu be, ‘Ao, mele be woaxe adzɔ o’ la, woate ŋu atsɔ nya ɖe eŋu be edze aglã ɖe Roma dziɖuɖua ŋu. Gake ne egblɔ be, ‘Ɛ̃, mixe adzɔ sia’ la, ekema dukɔa me tɔwo, siwo le tse ɖum le Romatɔwo ƒe dziɖuɖu ta la, ase eƒe nyaa gɔme bubui ahatso ɖe eŋu. Eya ta aleke wòɖo nyaa ŋui?
Yesu gblɔ be: “Nu ka tae miele mɔ̃ trem nam? Mitsɔ gaku si wotsɔna xea adzɔ la vɛ makpɔ.” Wotsɔ denario ɖeka vɛ nɛ. Eye wòbia wo be: “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia?” Wogblɔ be: “Kaisaro tɔe.” Eye wògblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu.”—Mateo 22:18-21.
Ale si Yesu ɖo nyaa ŋu aɖaŋutɔe la na woƒe nu ku, eye wotrɔ dzo. Gake ŋkekea mewu enu haɖe o, eye wogale agbagbadzedze dzi be yewoatre mɔ̃ nɛ. Le Farisitɔwo ƒe kpododo nu megbe la, kɔmama bubu ƒe kplɔlawo va Yesu gbɔ.
Zadukitɔ siwo gblɔna be tsitretsitsi meli o la va bia nya aɖe ku ɖe tsitretsitsi la kple ame nɔvi si ku srɔ̃ ɖeɖe ŋu. Wobia be: “Nufiala, Mose gblɔ be: ‘Ne ŋutsu aɖe ku, evɔ vi mele esi o la, nɔviaŋutsu naxɔ srɔ̃a aɖe ne wòado ƒome ɖi nɛ.’ Nɔviŋutsu adre nɔ mía dome. Gbãtɔa ɖe srɔ̃ eye wòku, gake esi medzi vi aɖeke o ta la, nɔvia xɔ nyɔnua ɖe. Nu ma kee dzɔ ɖe evelia kple etɔ̃lia dzi va se ɖe wo ame adrea katã dzi. Mlɔeba nyɔnua hã ku. Eya ta le tsitretsitsia me ɖe, ŋutsu adreawo dometɔ ka srɔ̃ wòanye? Elabena wo katã woɖee kpɔ.”—Mateo 22:24-28.
Yesu he susu yi Mose ƒe nuŋlɔɖia, si dzi Zadukitɔwo xɔ se la dzi tsɔ ɖo eŋu na wo be: “Ðe menye esia tae mieda ƒu le esi mienya Ŋɔŋlɔawo loo alo Mawu ƒe ŋusẽ la oa? Elabena ne wofɔ tso ame kukuwo dome la, ŋutsuwo maɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ nyɔnuwo ana be woaɖe o, ke boŋ woanɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, ɖe miexlẽ ŋuve ŋuti nuŋlɔɖi si le Mose ƒe agbalẽa me, ale si Mawu gblɔ nɛ be: ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu’ la oa? Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe. Mieda ƒu ŋutɔ.” (Marko 12:24-27; 2 Mose 3:1-6) Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa na amehawo ƒe nu ku.
Esi Yesu tsi nya ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nu alea ta la, tsitretsiɖeŋula siawo va wɔ ɖeka be yewoagadoe akpɔ. Agbalẽfiala aɖe biae be: “Nufiala, sedede kae nye gãtɔ le Se la me?”—Mateo 22:36.
Yesu ɖo eŋu be: “Gbãtɔe nye, ‘Oo Israel, see, Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe, eye nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.’ Eveliae nye esi, ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Se bubu aɖeke megali si lolo wu esiawo o.”—Marko 12:29-31.
Esi agbalẽfialaa se ŋuɖoɖo sia la, egblɔ be: “Nufiala, ègblɔe nyuie le nyateƒe la nu be, ‘Ðeka koe wònye, eye bubu aɖeke megali o, negbe eya ko,’ eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kpakple ŋusẽ blibo, eye woalɔ̃ ame havi abe ame ɖokui ene la xɔ asi sãsãsã wu numevɔsa blibowo kple vɔsawo katã.” Esi Yesu kpɔ be eɖo nyaa ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be: “Mèle adzɔge tso Mawu Fiaɖuƒe la gbɔ o.”—Marko 12:32-34.
Ŋkeke etɔ̃e nye esia (Nisan 9, 10, kple 11) Yesu le nu fiam le gbedoxɔa me. Ame aɖewo abe agbalẽfiala sia ene kpɔ dzidzɔ ɖe toɖoɖoe ŋu. Gake mele alea le subɔsubɔhakplɔla siwo ƒo dzi ‘megale be woabia nya aɖekee o’ la gome o.
-
-
Eka Mo Na Subɔsubɔhakplɔla Siwo Tsi Tre Ðe EŋuYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 109
Eka Mo Na Subɔsubɔhakplɔla Siwo Tsi Tre Ðe Eŋu
MATEO 22:41–23:24 MARKO 12:35-40 LUKA 20:41-47
AME KA ƑE VIE KRISTO LA NYE?
YESU ƲU GO TSITRETSIÐEŊULA ALAKPANUWƆLAWO ƑE NUWƆNA
Agbagba si subɔsubɔhakplɔla tsitretsiɖeŋulawo dze be yewoadi nya na Yesu alo atre mɔ̃ nɛ ale be yewoadee asi na Romatɔwo la medze edzi o. (Luka 20:20) Fifia esi wògale gbedoxɔa me le Nisan 11 lia dzi la, eya hã trɔ ɖe wo ŋu eye wòɖe ame si ŋutɔŋutɔ wònye la fia. Ebia wo be: “Nu kae miesusu le Kristo la ŋu? Ame ka vie wònye?” (Mateo 22:42) Ame geɖe nyae be Kristo, alo Mesia la, atso David ƒe ƒomea me. Eye woƒe nyaŋuɖoɖoa wɔ ɖeka kple nya sia.—Mateo 9:27; 12:23; Yohanes 7:42.
Yesu bia wo be: “Ekema aleke wɔ gbɔgbɔ ʋã David wòyɔe be ‘Aƒetɔ,’ esi wògblɔ be: ‘Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Bɔbɔ nɔ nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo ade wò afɔ te”’? Azɔ ne David yɔe be ‘Aƒetɔ’ ɖe, ke aleke wɔ wònye via?”—Mateo 22:43-45.
Farisitɔwo mete ŋu ɖo nya ma ŋu o, elabena wonɔ mɔ kpɔm na David ƒe dzidzimevi si nye amegbetɔ si ava ɖe wo tso Romatɔwo ƒe teteɖeanyi me. Gake Yesu he susu yi David ƒe nya si le Psalmo 110:1, 2 la dzi tsɔ ɖee fia be menye amegbetɔ dziɖula dzroe Mesia la anye o. Enye David ƒe Aƒetɔ, eye axɔ ŋusẽ ne eva nɔ Mawu ƒe ɖusime. Yesu ƒe nya sia tsi nya ɖe eƒe tsitretsiɖeŋulawo nu.
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kple ame bubuwo hã nɔ to ɖom. Yesu trɔ ɖe wo ŋu azɔ hexlɔ̃ nu wo tso agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋu. Ŋgɔnɔla siawo “bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi” be woafia Mawu ƒe Sea amewo. Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be: “Miwɔ nu siwo katã wogblɔna na mi la, eye milé wo me ɖe asi, ke migakpɔ woƒe nuwɔna miawɔ o, elabena wogblɔnɛ, gake womewɔa nu si wogblɔna la dzi o.”—Mateo 23:2, 3.
Azɔ Yesu ƒo nu tso alakpanu siwo wowɔna la dometɔ aɖewo ŋu esi wògblɔ be: “Wowɔa nugoe siwo me ŋɔŋlɔawo le la wòkekena eye woblaa wo ɖe ŋgonu kple abɔ be woakpɔ yewo ta.” Yudatɔ aɖewo hã blaa nugoe siawo siwo me Sea me nya kpuiwo nɔna la ɖe ŋgonu kple abɔ, gake wo tɔawo nɔa sue wu. Farisitɔwo wɔa wo tɔawo wòkekena be amewo nakpɔe be yewoléa fɔ ɖe Se la ŋu. “Wowɔa woƒe awu togawo wòdidina” hã. Wobia tso Israel-viwo si be woade gbowo woƒe awuwo to, ke hã Farisitɔwo kpɔa egbɔ be yewo tɔwo didi wu. (4 Mose 15:38-40) Wowɔa esiawo katã “be amewo nakpɔ” yewo.—Mateo 23:5.
Ame ŋkuta nyenye ƒe didia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã dzi, eya ta exlɔ̃ nu wo be: “Migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, ke mi katã la, nɔviwo mienye. Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi hã o, elabena ame ɖekae nye mia Fofo, Ame si le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo hã o, elabena ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, eyae nye Kristo la.” Ke aleke wòle be nusrɔ̃lawo nabu wo ɖokuiwoe, eye aleke wòle be woawɔ nui? Yesu gblɔ na wo be: “Ame si nye gãtɔ le mia dome la nanye miaƒe subɔla. Ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.”—Mateo 23:8-12.
Azɔ Yesu bu fɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔ alakpanuwɔlawo vevie esi wògblɔ be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mietua Dziƒofiaɖuƒe la ƒe ʋɔwo ɖe amewo nu; eye esi miawo ŋutɔwo mieyina ɖe eme o ta la, mieɖea mɔ na ame siwo le mɔ dzi yina ɖe eme la be woayi ɖe eme o.”—Mateo 23:13.
Yesu bu fɔ Farisitɔwo, elabena womedea asixɔxɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu o, eye esia dze le woƒe sedede ɖe nuwo ŋu madzemadzee la me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna be: “Ne ame aɖe tà gbedoxɔa la, mehiã be wòawɔ edzi o; ke ne ame aɖe tà sika si le gbedoxɔa me ya la, ele be wòawɔ eƒe atam la dzi godoo.” Esia ɖe ale si woƒe ŋkuwo gbãe la fia, elabena wodea asixɔxɔ sika si le gbedoxɔa me la ŋu wu tadedeagu si wotsɔna na Yehowa le gbedoxɔa me. Eye woŋea “aɖaba ƒua Se la me nu vevitɔwo, siwo nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ kpakple nuteƒewɔwɔ dzi.”—Mateo 23:16, 23; Luka 11:42.
Yesu yɔ Farisitɔ siawo be “mɔfiala ŋkuagbãtɔ siwo tsyɔa nu dzodzoe sue, gake mia kposɔ ya!” (Mateo 23:24) Wotsyɔa nu dzodzoe le woƒe wain me, elabena eŋu mekɔ le Se la nu o. Gake ale si woŋea aɖaba ƒua Se la me nu siwo le vevie wu dzi la le ko abe ɖe wole kposɔ mim ene. Kposɔ hã nye lã si ŋu mekɔ o, evɔ eya boŋ lolo sãa wu.—3 Mose 11:4, 21-24.
-
-
Ŋkeke Mamlɛtɔ Si Yesu Nɔ Gbedoxɔa MeYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 110
Ŋkeke Mamlɛtɔ Si Yesu Nɔ Gbedoxɔa Me
MATEO 23:25–24:2 MARKO 12:41–13:2 LUKA 21:1-6
YESU GABU FƆ SUBƆSUBƆHAKPLƆLAWO
WOAGBÃ GBEDOXƆA
AHOSI DAHE AÐE DZƆ GAKU SUE EVE
Le Yesu ƒe gbedoxɔa me yiyi zi mamlɛtɔ me la, eyi edzi klo nu le agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe alakpanuwɔwɔ dzi, eye wòyɔ wo be alakpanuwɔlawo le dutoƒo. Eƒo nu na wo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be: “Mieklɔa kplu kple agba ŋuti, gake wo me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kple nu gbɔme wɔwɔ. Farisitɔ ŋkuagbãtɔ, klɔ kplu kple agba la me gbã, ekema eŋu hã aɖi.” (Mateo 23:25, 26) Togbɔ be ame ɖokui ŋu kɔkɔ le Sea nu kple gotagomedzedzeme le vevie na Farisitɔwo hã la, woŋea aɖaba ƒua ame siwo wonye le ememe la dzi, eye womekɔa woƒe kpɔɖeŋudzia ya ŋu o.
Woƒe alakpanuwɔwɔa gadze ƒãa le ale si wolɔ̃na faa dzraa nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo ɖo heɖoa atsyɔ̃ na wo la me. Gake abe ale si Yesu ɖee fia ene la, woawoe nye “ame siwo wu nyagblɔɖilawo la ƒe viwo.” (Mateo 23:31) Agbagba si dzem wole be woawu Yesu la ɖo kpe esia dzi.—Yohanes 5:18; 7:1, 25.
Azɔ Yesu ƒo nu tso nu si adzɔ ɖe subɔsubɔhakplɔlawo dzi ne wogbe dzimetɔtrɔ la ŋu ale: “Mi dawo kple dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo, aleke miawɔ asi le Gehena ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu?” (Mateo 23:33) Wotɔa dzo gbeɖuɖɔ le Hinom Bali si mele adzɔge tso wo gbɔ o la me, eye esia ana nyaselawo nakpɔ tsɔtsrɔ̃ ɖikaa si ava agbalẽfialawo kple Farisitɔ vɔ̃ɖiawo dzi la le susu me nyuie.
Nusrɔ̃lawo ava nɔ Yesu teƒe anye “nyagblɔɖilawo kple nunyalawo kpakple nufialawo.” Aleke woawɔ nu ɖe wo ŋui? Yesu gblɔ na subɔsubɔhakplɔla mawo be: “Miawu [nye nusrɔ̃lawo] dometɔ aɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋu, miaƒo wo dometɔ aɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me, ale be ʋu dzɔdzɔe siwo katã wokɔ ɖe anyi le anyigba dzi la ƒe fɔɖiɖi nava mia dzi, tso ame dzɔdzɔe Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zakariya . . . ame si miewu . . . la ƒe ʋu dzi.” Exlɔ̃ nu wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, nu siawo katã ava dzidzime sia dzi.” (Mateo 23:34-36) Esia va eme le ƒe 70 K.Ŋ. esime Roma-srafowo va tsrɔ̃ Yerusalem eye Yudatɔ akpe geɖe tsrɔ̃.
Tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ ma si le ŋgɔ la ŋu bubu te ɖe Yesu dzi. Egblɔ kple vevesese be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe ame siwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ—zi nenie nyemehedi be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋalawo te ene o! Ke mielɔ̃ o. Kpɔ ɖa! Woagblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi.” (Mateo 23:37, 38) Ame siwo nɔ to ɖomee la anya nɔ nu si “aƒe” si ŋu wòƒo nu tsoe fia la ŋu bum. Ðe wòanye be gbedoxɔ gã dzeani si le Yerusalem, si wòdze abe Mawu nɔ eta kpɔm ene lae wòwɔnɛa?
Yesu gblɔ kpee be: “Mele egblɔm na mi be: Tso fifia dzi yina la, miegale kpɔ ye ge akpɔ o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me!’” (Mateo 23:39) Nyagblɔɖi si le Psalmo 118:26 la dzie wònɔ susu hem yi. Afi ma gblɔ be: “Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me; míeyra mi tso Yehowa ƒe aƒe la me.” Eme kɔ ƒãa be ne wova tsrɔ̃ anyigbadzigbedoxɔ sia la, ame aɖeke magava eme le Mawu ƒe ŋkɔ me o.
Fifia Yesu va gbedoxɔa ƒe afi si nudzɔɖaka siwo ƒe nugbɔ le biie eye wo gɔme keke la le. Amewo ate ŋu ade ga eme to eƒe nugbɔ si le biie la me. Yesu kpɔ Yudatɔ geɖewo wonɔ esia wɔm, hekpe ɖe kesinɔtɔ siwo ‘tsɔ gaku geɖe nɔ eme dem’ la ŋu. Azɔ Yesu kpɔ ahosi dahe aɖe si “tsɔ gaku sue eve siwo ƒe home le sue ŋutɔ la va de eme.” (Marko 12:41, 42) Ðikeke mele eme o be Yesu nya ale si ahosia ƒe nunanaa dze Mawu ŋui.
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo vɛ eye wògblɔ na wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu ame bubu siwo katã va de nu nudzɔɖakaawo me.” Le mɔ ka nu? Eɖe eme be: “Wo katã wotsɔ woƒe nu gbogboawo ƒe ɖe ko va de eme, ke eya tso eƒe ahedada me tsɔ nu siwo katã le esi, si nu wòanɔ agbe ɖo la, de eme.” (Marko 12:43, 44) Aleke gbegbe nyɔnu sia ƒe tamebubu kple nuwɔna to vovo na subɔsubɔhakplɔlawo tɔe nye esi!
Esi Nisan 11 lia ƒe ŋkekea nɔ enu wum la, Yesu dzo le gbedoxɔa me zi mamlɛtɔ. Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Nufiala, kpɔ kpe siawo kple xɔ siawo gbegbe ɖa!” (Marko 13:1) Nyateƒee, gbedoxɔa ƒe kpeawo dometɔ aɖewo lolo ŋutɔ, si nana wòdzena be enye xɔ sesẽ si li ke. Eya ta nusrɔ̃laa atsi yaa ŋutɔ esi Yesu gblɔ be: “Èle xɔ gãgã siawo kpɔma? Womele kpe aɖeke gblẽ ge ɖe kpe dzi le afi sia, si womamu aƒu anyi o.”—Marko 13:2.
Le nya siawo gbɔgblɔ megbe la, Yesu kple eƒe apostoloawo yi ɖato Kidron Bali la me heyi teƒe aɖe le Amitoa dzi. Emegbe eƒe apostoloawo dometɔ ene, siwo nye Petro, Andrea, Yakobo kple Yohanes va egbɔ. Le afi sia la, woate ŋu anɔ gbedoxɔ gã dzeani la kpɔm le aga me ɖaa.
-
-
Apostoloawo Bia DzesiYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 111
Apostoloawo Bia Dzesi
MATEO 24:3-51 MARKO 13:3-37 LUKA 21:7-38
NUSRƆ̃LA ENE BIA DZESI
EMEVAVA LE ƑE ALAFA GBÃTƆ ME KPLE EMEGBE
ELE BE MÍANƆ ŊUDZƆ
Braɖagbe ŋdɔ mee, eye Nisan 11 lia le enu wum. Ŋkeke siwo Yesu le dɔ dzi vevie le anyigba dzi afi sia la hã le enu wum. Le ŋkeke me la, efiaa nu le gbedoxɔa me, ke ne zã do la, edoa go le dua me ɖatsia teƒe aɖe dɔna. Ame geɖe dina be yewoase eƒe nyawo, eye wovaa “egbɔ ŋdi kanya le gbedoxɔa me va ɖoa toe.” (Luka 21:37, 38) Gake esia nu va yi. Azɔ Yesu bɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi eye eƒe apostolo ene siwo nye Petro, Andrea, Yakobo kple Yohanes le eŋu.
Ame ene siawo ɖeɖee va egbɔ. Wotsi dzi ɖe gbedoxɔa ŋu, elabena fifi laa koe Yesu gblɔe ɖi be womele eƒe kpe aɖeke gblẽ ge ɖe kpe dzi o. Ke hã woganɔ nya geɖewo hã ŋu bum. Do ŋgɔ la, Yesu xlɔ̃ nu wo be: “Minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo si miesusu o la dzi.” (Luka 12:40) Eƒo nu tso “gbe si gbe Amegbetɔvi la aɖe eɖokui afia” ŋu hã va yi. (Luka 17:30) Ðe nya mawo ku ɖe nya siwo wògblɔ fifi laa tso gbedoxɔa ŋu la ŋua? Apostoloawo di vevie be yewoanya. Wogblɔ be: “Gblɔe na mí, ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔɣi kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?”—Mateo 24:3.
Anɔ eme be gbedoxɔa si nɔ dzedzem le adzɔge ɖaa la ƒe nuwuwue nɔ susu me na wo. Woƒe biabia la ku ɖe Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi hã ŋu. Woanya ɖo ŋku lo si Yesu do ku ɖe “bubume aɖe” si ‘zɔ mɔ be woaɖo ye fia ne yeatrɔ agbɔ’ la dzi. (Luka 19:11, 12) Eye mlɔeba la, wodi be yewoanya nu siwo adzɔ le ‘nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.’
Le Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo si me wòɖe nu me tsitotsito le me la, egblɔ dzesi si ana woanya ɣeyiɣi si me Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia, si ƒe akpa aɖe gbedoxɔa hã nye la awu enu. Gake eƒe nyawo meku ɖe nuɖoanyi ma ko ŋu o. Le etsɔme la, dzesi sia akpe ɖe Kristotɔwo ŋu woanya ɣeyiɣi si me wole eƒe ‘anyinɔɣia’ me kple ɣeyiɣi si me anyigba dzi nuɖoanyi bliboa gogo eƒe nuwuwu.
Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, apostoloawo kpɔ Yesu ƒe nyagblɔɖia me vava. Ɛ̃, nu siwo wògblɔ ɖi la dometɔ geɖe te emevava le woƒe agbenɔɣi. Eya ta Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia kple woƒe gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ si nɔ aƒe tum la melili Kristotɔ siwo nɔ ŋudzɔ le ƒe 70 K.Ŋ., si nye ƒe 37 tso esime wogblɔ nyaa ɖi la o. Ke hã menye nu siwo katã Yesu gblɔ ɖi lae va eme le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 70 K.Ŋ. kple ƒe ma ŋutɔ me o. Ekema nu kawoe ade dzesi eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me? Yesu gblɔe na apostoloawo.
Yesu gblɔe ɖi be woase “aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo” eye “dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.” (Mateo 24:6, 7) Egblɔ hã be “anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe le teƒeteƒewo, eye dɔwuame kple dɔvɔ̃wo ava teƒeteƒewo.” (Luka 21:11) Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Amewo alé mi, [eye] woati mia yome.” (Luka 21:12) Aʋatsonyagblɔɖilawo ado eye woakplɔ ame geɖe atrae. Sedzimawɔmawɔ adzi ɖe edzi eye ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to. Egblɔ kpee hã be “woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.
Togbɔ be Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa aɖewo va eme hafi Romatɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem eye akpa aɖewo va eme le etsrɔ̃ɣia hã la, ɖe wòanye be Yesu ƒe nyawo agava eme emegbe le mɔ si lolo wu nua? Ðe nèkpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be Yesu ƒe nyagblɔɖi ɖedzesia le eme vam le mɔ si lolo wu nu le míaƒe ŋkekea mea?
Nu siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe anyinɔɣi ƒe dzesia me la dometɔ ɖekae nye “ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ.” (Mateo 24:15) Le ƒe 66 K.Ŋ. la, ŋunyɔnu sia va nye Romatɔwo ƒe ‘aʋakɔ siwo ɖe to’ ɖe Yerusalem kple woƒe trɔ̃subɔsubɔ ƒe aflagawo. Romatɔwo ɖe do ɖe dua ƒe gliwo te. (Luka 21:20) “Ŋunyɔnu” la va tsi tre ɖe afi si mele be wòanɔ o, si nye afi si Yudatɔwo buna be enye “kɔkɔeƒe.”
Yesu gayi eƒe nyagblɔɖia dzi be: “Ɣemaɣi la, xaxa gã si tɔgbi meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o la ava, eye etɔgbi megale vava ge ake o.” Le ƒe 70 K.Ŋ. la, Romatɔwo tsrɔ̃ Yerusalem. Yudatɔwo ƒe ‘du kɔkɔea’ kple eƒe gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ la nye xaxa gã vavã si me wowu ame akpe geɖe le. (Mateo 4:5; 24:21) Tsɔtsrɔ̃ ma dzi ŋɔ wu ɖe sia ɖe si va du ma kple Yudatɔwo dzi kpɔ, eye wòna tadedeagu ƒe ɖoɖo si me Yudatɔwo lé ɖe asi ƒe alafa geɖee nye ema la wu enu. Eya ta ɖikeke mele eme o be Yesu ƒe nyagblɔɖia me vava le etsɔme le mɔ si lolo wu nu la adzi ŋɔ ŋutɔ.
DZINƆAMEƑO LE NYAGBLƆÐIA ME VAVA ƑE ƔEYIƔIWO ME
Dze si ɖom Yesu kple eƒe apostoloawo nɔ ku ɖe eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ƒe dzesia ŋu la mewu enu kura haɖe o. Azɔ exlɔ̃ nu wo tso “aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo” yome dzedze ŋu. Egblɔ be ame mawo adze agbagba be “ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo gɔ̃ hã.” (Mateo 24:24) Gake womate ŋu aflu ame tiatia siawo o. Ŋku ate ŋu akpɔ aʋatsokristowo. Gake Yesu ƒe anyinɔnɔ ya madze ŋku nakpɔ o.
Yesu gblɔ tso xaxa gã aɖe si lolo wu si ava le nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi ŋu be: “Ɣe ado viviti, eye ɣleti magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo, eye woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.” (Mateo 24:29) Apostolo siwo nɔ nya dovoɖiname mawo sem la menya ale si tututu nya mawo ava emee o, gake wokpɔe be adzi ŋɔ ŋutɔ.
Ŋusẽ kae nudzɔdzɔ dziŋɔ mawo akpɔ ɖe ameƒomea dzi? Yesu gblɔ be: “Amewo aku ƒenyi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge le anyigba bliboa dzi la ta, elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.” (Luka 21:26) Ɣeyiɣi sesẽtɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe vavã.
Dzidzɔtɔe la, Yesu na eme kɔ na eƒe apostoloawo be menye amewo katãe afa konyi ne ‘Amegbetɔvi la va le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã’ me o. (Mateo 24:30) Egblɔe ɖi do ŋgɔ be Mawu ade asi nyaa me “le ame tiatiawo ta.” (Mateo 24:22) Aleke wòle be nusrɔ̃la wɔnuteƒewo nawɔ nui ne nudzɔdzɔ dziŋɔ siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe la de asi emevava me? Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be: “Ne nu siawo de asi dzɔdzɔ me la, mitsi tre miadzɔ kã, eye miafɔ ta dzi, elabena miaƒe ɖeɖe gogo.”—Luka 21:28.
Ke hã, aleke Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo le agbe le ɣeyiɣi sia si me nyagblɔɖiawo le eme vam me la awɔ anya be nuwuwua gogo? Yesu do lo aɖe ku ɖe gboti ŋu ale: “Ne edze alɔ fẽwo, eye wònya to aŋgbawo ko la, mienyana be dzomeŋɔli gogo. Nenema kee miawo hã, ne miekpɔ nu siawo katã la, minyae be Amegbetɔvi la gogo ʋɔtruawo nu. Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.”—Mateo 24:32-34.
Eya ta ne eƒe nusrɔ̃lawo kpɔe be dzesia ƒe akpa vovovoawo le eme vam la, ele be woanyae be nuwuwua gogo. Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃la siwo anɔ agbe le ɣeyiɣi ɖedzesi mawo me la be:
“Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko. Elabena ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la hã anɔ. Elabena ale si wowɔ le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ la me, wole nu ɖum, le nu nom, ŋutsuwo le srɔ̃ ɖem, eye wole nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe va se ɖe gbe si gbe Noa ge ɖe aɖakaʋua me, eye womede dzesii o, va se ɖe esime Tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã dzoe la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la hã anɔ.” (Mateo 24:36-39) Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔ ɖedzesi si Yesu tsɔ wɔ kpɔɖeŋui la va xexea katã dzi.
Ðikeke mele eme o be apostolo siwo nɔ to ɖom Yesu le Amitoa dzi la kpɔe dze sii be ŋudzɔnɔnɔ hiã. Yesu gblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono kpakple agbemedzimaɖitsitsiwo nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o, ne ŋkeke ma nagaɖi ɖe mi abe mɔ̃ ene o. Elabena ava ame siwo katã le anyigba bliboa dzi la dzi. Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye minɔ kokoƒoƒo dzi ɖaasi, be miate ŋu asi le nu siawo katã, siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la nu, eye miate ŋu atsi tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋkume.”—Luka 21:34-36.
Yesu gaɖee fia be menye teƒe ɖeka aɖe koe yeƒe nyagblɔɖia ava eme le o. Menye nu siwo adzɔ le ƒe aɖewo megbe ɖe Yudatɔwo ƒe dukɔa dzi alo le Yerusalem ko la ŋue eƒe nyagblɔɖia ku ɖo o. Ao, ke boŋ nu siwo adzɔ ɖe “ame siwo katã le anyigba bliboa dzi” la ŋue wònɔ nu ƒom tsoe.
Egblɔ be ele be yeƒe nusrɔ̃lawo nanɔ ŋudzɔ, woanɔ mo xexi, eye woanɔ dzadzraɖoɖi. Yesu gado lo bubu tsɔ te gbe ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi ale: “Minya esia be: Ne ɖe aƒea tɔ anya zã ƒe gaƒoƒo si dzi fiafitɔ ava la, anye ne anɔ ŋudzɔ, eye maɖe mɔ woadze kpɔ age ɖe eƒe me o. Esia ta miawo hã minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la gbɔna le gaƒoƒo si miesusu be eya dzie wòava o la dzi.”—Mateo 24:43, 44.
Yesu yi edzi gblɔ nu siwo ana mɔkpɔkpɔ eƒe nusrɔ̃lawo. Eka ɖe edzi na wo be ne yeƒe nyagblɔɖia le eme vam la, “kluvi” aɖe anɔ anyi si anɔ ŋudzɔ ahanɔ dɔ dzi vevie. Yesu he eƒe apostoloawo ƒe susu yi nɔnɔme aɖe si woate ŋu akpɔ le susu me bɔbɔe la dzi hegblɔ be: “Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela si eƒe aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi? Dzidzɔtɔe kluvi ma anye ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ va kpɔe wòle ewɔm nenema! Vavã mele egblɔm na mi be, atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu.” Gake ne “kluvi” la awɔ nu vɔ̃ɖi eye wòasẽ tame le amewo ŋu la, aƒetɔ la ahe “to nɛ vevie.”—Mateo 24:45-51; tsɔe sɔ kple Luka 12:45, 46.
Ke hã Yesu mele gbɔgblɔm be ye yomedzelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ava nye nu vɔ̃ɖi wɔlawo o. Ke nu kae Yesu di be yeafia yeƒe nusrɔ̃lawo? Edi be woanɔ ŋudzɔ ahanɔ dɔ dzi vevie, abe ale si wòna esia me kɔ le lododo bubu aɖe me ene.
-
-
Ŋudzɔnɔnɔ Ŋuti Nufiame—Ðetugbui LeaƒeawoYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 112
Ŋudzɔnɔnɔ Ŋuti Nufiame—Ðetugbui Leaƒeawo
YESU DO LO TSO ÐETUGBUI LEAƑE EWO ŊU
Yesu le nya si eƒe apostoloawo biae ku ɖe eƒe anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ƒe dzesia ŋu la ŋu ɖom na wo. Esi nya sia le susu me nɛ la, egado lo bubu tsɔ na nuxlɔ̃ame nyui aɖe wo. Ame siwo anɔ agbe le eƒe anyinɔɣi la akpɔ ale si lododo sia ava emee.
Edze lododoa gɔme ale: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ɖetugbui leaƒe ewo, siwo tsɔ woƒe akaɖiwo, eye wodo go be yewoaɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ ene. Wo dometɔ atɔ̃ nye bometsilawo, eye atɔ̃ nye aɖaŋudzelawo.”—Mateo 25:1, 2.
Yesu mele gbɔgblɔm be yeƒe nusrɔ̃la siwo anyi Dziƒofiaɖuƒea dome la ƒe afã anye bometsilawo, eye afã mamlɛa anye aɖaŋudzelawo o. Ke boŋ nya si gblɔm wòlee nye be, le Fiaɖuƒea me yiyi gome la, yeƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖe sia ɖee atiae nenye be yeanɔ ŋudzɔ ɖe eŋu loo alo be yemanɔ ŋudzɔ o. Gake Yesu ka ɖe edzi be yeƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ nuteƒe ale be ye Fofo nayrae.
Le lododoa me la, ɖetugbui ewoawo katã do go be yewoaɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ la ale be yewoakpɔ gome le eƒe srɔ̃ɖeɖea me. Ne eva ɖo la, ɖetugbuiawo asi woƒe akaɖiawo ale be wòaklẽ ɖe mɔa dzi, eye esia anye bubudede eŋu esime wòkplɔ eƒe ŋugbetɔ la yina aƒe si wodzra ɖo ɖi nɛ me. Gake aleke nuwo va yii?
Yesu gblɔ be: “Bometsilaawo tsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋu o, ke aɖaŋudzelaawo ya tsɔ ami ɖe goewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋu. Esi ŋugbetɔsrɔ̃ la meva ɖo kaba o ta la, alɔ̃ tsɔ wo katã eye wodɔ alɔ̃.” (Mateo 25:3-5) Ŋugbetɔsrɔ̃a meva le ɣeyiɣi si dzi wonɔ mɔ kpɔm nɛ la o. Edze abe eƒe vava he ɖe megbe ene, si wɔe be ɖetugbuiawo dɔ alɔ̃. Apostoloawo anya ɖo ŋku lo aɖe si Yesu do va yi ku ɖe bubume aɖe si zɔ mɔ eye “mlɔeba esi woɖoe fia la, wòtrɔ gbɔ” la dzi.—Luka 19:11-15.
Le ɖetugbui ewoawo ƒe lododoa me la, Yesu ƒo nu tso nu si dzɔ esi ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔ mlɔeba la ŋu. Egblɔ be: “Le zã titina la, ɣli ɖi be: ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo loo! Mido go yi ɖakpee!’” (Mateo 25:6) Ðe ɖetugbuiawo nɔ dzadzraɖoɖi henɔ ŋudzɔa?
Yesu yi edzi gblɔ be: “Eye ɖetugbuiawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo. Bometsilaawo gblɔ na aɖaŋudzelaawo be, ‘Mina miaƒe ami la ɖe mí, elabena míaƒe akaɖiwo le tsitsim.’ Aɖaŋudzelaawo ɖo eŋu na wo be: ‘Ðewohĩ masu na mía kpli miawo siaa o. Miheyi edzralawo gbɔ boŋ ne miadze ɖe na mia ɖokui.’”—Mateo 25:7-9.
Ðetugbui tsibome atɔ̃awo mele ŋudzɔ o, eye womedzra ɖo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe vava ŋu o. Ami mesɔ gbɔ ɖe woƒe akaɖiawo me o, eya ta ehiã be woayi aɖadi ɖe adze. Yesu gblɔ be: “Esi woyina edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo. Ðetugbui siwo le dzadzraɖoɖi la yi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea kplii; eye wotu ʋɔa. Emegbe ɖetugbui susɔeawo hã va gblɔ be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mí!’ Eɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi be, nyemenya mi o.’” (Mateo 25:10-12) Nublanuinya kae nye esi le esi womele dzadzraɖoɖi hele ŋudzɔ o ta!
Apostoloawo akpɔe adze sii be ŋugbetɔsrɔ̃ si Yesu wɔnɛ lae nye eya ŋutɔ. Do ŋgɔ la, etsɔ eɖokui sɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃. (Luka 5:34, 35) Ke ɖetugbui dzeaɖaŋuawo ya ɖe? Esi Yesu nɔ nu ƒom tso “alẽha sue” si woatsɔ Fiaɖuƒea ana ŋu la, egblɔ be: “Midzra ɖo, minɔ klalo, eye miaƒe akaɖiwo nenɔ bibim.” (Luka 12:32, 35) Eya ta le ɖetugbuiawo ŋuti lododo sia me la, apostoloawo ase egɔme be Yesu le nu ƒom tso yewo kple amesiamina bubuwo ŋu. Ke nu ka gɔmee Yesu di be woase to lododo sia dzi?
Yesu megblẽ nyaa ɖe yame nenema ko evɔ o. Eƒo eƒe lododoa ta be: “Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”—Mateo 25:13.
Eme kɔ be Yesu le nu xlɔ̃m eyomedzela wɔnuteƒewo be ele be ‘woanɔ ŋudzɔ’ hafi ate ŋu ade dzesi yeƒe anyinɔɣia. Ava, eya ta ele be woanɔ dzadzraɖoɖi ahanɔ ŋudzɔ—abe ɖetugbui atɔ̃ siwo dze aɖaŋu la ene—ale be woƒe susu nagadzo le mɔkpɔkpɔ xɔasi si le wo ŋgɔ la dzi, si awɔe be fetu si asu wo si la nato wo ŋu o.
-
-
Veviedodonu Ŋuti Nufiame—TalentoawoYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 113
Veviedodonu Ŋuti Nufiame—Talentoawo
YESU DO LO KU ÐE TALENTOAWO ŊU
Yesu gado lo bubu na eƒe apostolo eneawo esime wokpɔtɔ le Amitoa dzi. Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ esime wònɔ Yeriko la, edo lo ku ɖe minawo ŋu tsɔ ɖee fia be etsɔme ʋĩi kee Fiaɖuƒea ava. Lo si dom wòle fifia la me nya aɖewo ɖi esi wòdo ku ɖe minawo ŋu. Esi wònɔ nya si wobiae ku ɖe eƒe anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ŋu ɖom lae wòdo lo sia. Lododoa te gbe ɖe ale si wòle be eƒe nusrɔ̃lawo nado vevie nu le nu si wòade wo si la ŋu dɔ wɔwɔ me dzi.
Yesu dze lododoa gɔme be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ŋutsu aɖe si le mɔ zɔ ge ayi duta ene. Eyɔ eƒe kluviwo hetsɔ eƒe nunɔamesiwo de asi na wo.” (Mateo 25:14) Esi wònye be do ŋgɔ la, Yesu tsɔ eɖokui sɔ kple ŋutsu aɖe si zɔ mɔ yi duta “be woaɖo ye fia” ta la, anɔ bɔbɔe be apostoloawo nakpɔe be Yesu ŋutɔe nye “ŋutsu” si ŋu wòle nu ƒom tsoe fifia.—Luka 19:12.
Hafi ŋutsu si ŋu wòƒo nu tsoe le lododoa me nazɔ mɔ ayi duta la, etsɔ nu xɔasiwo de eƒe kluviwo si. Le ƒe etɔ̃ kple afã siwo Yesu wɔ subɔsubɔdɔa me la, gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋue wòlé fɔ ɖo, eye wòna hehe eƒe nusrɔ̃lawo ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu. Fifia esusɔ vie wòadzo, eye eka ɖe edzi be woayi dɔ si wòna hehe wo be woawɔ la dzi.—Mateo 10:7; Luka 10:1, 8, 9; tsɔe sɔ kple Yohanes 4:38; 14:12.
Le lododoa me la, aleke ŋutsua ma eƒe nunɔamesiawoe? Yesu gblɔ be: “Etsɔ talento atɔ̃ na ame gbãtɔ, etsɔ eve na ame evelia, eye wòtsɔ ɖeka na ame etɔ̃lia hã, ena wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe ŋutete nu, eye wòzɔ mɔ yi duta.” (Mateo 25:15) Nu kae kluvi siawo awɔ kple nu siwo wode wo si la? Ðe woazãe atsɔ ado aƒetɔa ƒe nuwo ɖe ŋgɔ veviedodotɔea? Yesu gblɔ na apostoloawo be:
“Enumake ame si xɔ talento atɔ̃ la yi ɖatsa asi kplii, eye wòkpɔ talento atɔ̃ bubu ɖe edzi. Nenema kee ame si xɔ talento eve hã kpɔ eve bubu ɖe edzi. Ke ame si xɔ talento ɖeka ya dzo yi ɖaɖe do, eye wòɖi eƒe aƒetɔ la ƒe ga la ɖe eme.” (Mateo 25:16-18) Nu kae adzɔ ne aƒetɔ la trɔ gbɔ?
Yesu yi edzi be: “Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, kluvi mawo ƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòwɔ akɔnta kpli wo.” (Mateo 25:19) Ame eve gbãtɔwo wɔ nu si woate ŋui kple talentoawo, “wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe ŋutete nu.” Kluvi siawo dometɔ ɖe sia ɖe do vevie nu, wɔ dɔ sesĩe eye wòdzi nu si wode esi la ɖe edzi. Ame si wotsɔ talento atɔ̃ na la kpɔ atɔ̃ bubu ɖe edzi, eye ame si wotsɔ eve na la hã kpɔ eve bubu ɖe edzi. (Ɣemaɣi la, ele be ame nawɔ dɔ abe ƒe 19 ene hafi akpɔ ga si ƒe home de talento ɖeka.) Nya ɖeka ma kee aƒetɔ la gblɔ tsɔ kafu wo ame evea. Egblɔ be: “Kluvi nyui kple nuteƒewɔla, wòe wɔ dɔ kakaka! Èwɔ nuteƒe le nu ʋɛwo me. Matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu. Ge ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me.”—Mateo 25:21.
Gake mele alea le kluvi si xɔ talento ɖeka la gome o. Egblɔ be: “Aƒetɔ, menya be wò nya me sẽ, èŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye nèlɔa nuku le afi mègbɔ nu le o. Eya ta mevɔ̃, eye meyi ɖaɖi wò talento la ɖe to me. Wò nu lae nye esi.” (Mateo 25:24, 25) Meda ga la ɖe gadzraɖoƒe ale be eƒe aƒetɔ nakpɔ viɖe aɖe ɖe edzi teti gɔ̃ hã o. Eƒe nuwɔna sia ɖee fia be egbe be yemadzi yeƒe aƒetɔ la ƒe nuwo ɖe edzi o.
Esɔ be aƒetɔ la yɔe be “kluvi vɔ̃ɖi kuviatɔ.” Woxɔ talentoa le esi hetsɔe na kluvi si lɔ̃ faa do vevie nu la. Aƒetɔ la ƒe dzidzenu si wòɖe gblɔe nye esi: “Ame si si nu le la, woatsɔ nu geɖe wu akpee nɛ, eye nu asɔ gbɔ ɖe esi fũu. Ke ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la gɔ̃ hã le esi.”—Mateo 25:26, 29.
Lododo sia ɖeɖe dzaa ana Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nabu nya geɖe ŋu, tsɔ kpe ɖe nya bubu siwo wògblɔ va yi la ŋu. Woate ŋu akpɔe be nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi, si nye dɔ si dem Yesu le asi na yewo la, nye nu si ŋu asixɔxɔ gã le. Eye ekpɔ mɔ be woado vevie nu le mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ wɔwɔ me. Yesu medi tso wo si be woawɔ dɔ sɔsɔe le gbeƒãɖeɖedɔ si wòde wo si la me o. Le eƒe lododoa nu la, ele be ame ɖe sia ɖe nawɔ nu si wòate ŋui “ɖe eƒe ŋutete nu.” Esia mefia be Yesu akpɔ ŋudzedze ɖe ame si nye “kuviatɔ” si mewɔa eƒe ŋutete katã tsɔ dzia eƒe Aƒetɔa ƒe nuwo ɖe edzi o la ŋu o.
Dzi anya dzɔ apostoloawo ŋutɔ esi Yesu ka ɖe edzi na wo be: “Ame si si nu le la, woatsɔ nu geɖe wu akpee nɛ”!
-
-
Kristo Si Le Zi Dzi Adrɔ̃ Ʋɔnu Alẽwo Kple Gbɔ̃woYesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
-
-
TA 114
Kristo Si Le Zi Dzi Adrɔ̃ Ʋɔnu Alẽwo Kple Gbɔ̃wo
YESU DO LO KU ÐE ALẼWO KPLE GBƆ̃WO ŊU
Ðeko Yesu do lowo ku ɖe ɖetugbui leaƒe ewoawo kple talentoawo ŋu le Amitoa dzi vɔ koe nye esia. Esi wònɔ nya si apostoloawo biae tso eƒe anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ƒe dzesia ŋu la ŋu ɖom la, aleke wòƒo eƒe nyaa tae? Edo eƒe lo mamlɛa na wo tso alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu tsɔ ƒo etae.
Yesu dze lo si wòdo na wo la gɔme ale: “Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã le eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi.” (Mateo 25:31) Yesu na eme kɔ ƒãa be yee nye ame si koŋ ŋu lododoa ku ɖo. Enuenu la, eyɔa eɖokui be “Amegbetɔvi la.”—Mateo 8:20; 9:6; 20:18, 28.
Ɣekaɣie lododo sia me nyawo ava eme? Ava eme ne Yesu “va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me” kple mawudɔlawo eye wòbɔbɔ nɔ “eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi.” Do ŋgɔ la, egblɔ be ‘Amegbetɔvi la ava le dziƒolilikpowo dzi kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã’ eye mawudɔlawo akpe ɖe eŋu. Ɣekaɣie esia adzɔ? ‘Le xaxa la megbe teti ko.’ (Mateo 24:29-31; Marko 13:26, 27; Luka 21:27) Eya ta lododo sia me nyawo ava eme le etsɔme ne Yesu va le ŋutikɔkɔe me. Nu kae wòava wɔ?
Yesu gblɔ be: “Ne Amegbetɔvi la va ɖo [la], woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔe ene. Eye wòatsɔ alẽawo aɖo eƒe ɖusime, ke atsɔ gbɔ̃awo ya aɖo eƒe miame.”—Mateo 25:31-33.
Yesu gblɔ tso alẽawo, siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo la ŋu be: “Ekema Fia la agblɔ na ame siwo le eƒe ɖusime la be: ‘Miva, mi ame siwo Fofonye yra, minyi Fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi la dome.’” (Mateo 25:34) Nu ka tae alẽawo ƒe nu adze Fia la ŋu?
Fia la ɖe eme be: “Dɔ wum, eye miena num meɖu; tsikɔ wum, eye miena tsim meno. Menye amedzro, eye miexɔm nyuie; menɔ amama, eye miena awum medo. Medze dɔ, eye miekpɔ dzinye. Menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa.” Esi alẽawo, siwo nye ‘ame dzɔdzɔeawo’ bia be mɔ ka nue yewowɔ nu siawo le hã la, eɖo eŋu be: “Zi ale si miewɔe na nɔvinye suetɔ siawo dometɔ ɖeka ko la, nyee miewɔe na.” (Mateo 25:35, 36, 40, 46) Menye dziƒoe wowɔ nyui siawo le o, elabena dɔnɔwo kple dɔwuitɔwo mele dziƒo o. Esiawo nye nyui siwo wowɔ na Kristo nɔvi siwo le anyigba dzi.
Ke gbɔ̃awo, siwo wòtsɔ ɖo eƒe miame ya ɖe? Yesu gblɔ be: “Eye Fia la agblɔ na ame siwo le eƒe miame hã be: ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de, miyi ɖe dzo mavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me. Elabena dɔ wum, ke miena num meɖu o; eye tsikɔ wum, ke miena tsim meno o. Menye amedzro, ke miexɔm nyuie o; menɔ amama, ke miena awum medo o; medze dɔ, eye menɔ gaxɔ me, ke mielé be nam o.’” (Mateo 25:41-43) Gbɔ̃awo dze na ʋɔnudɔdrɔ̃ sia, elabena womewɔ nu ɖe Kristo nɔvi siwo le anyigba dzi la ŋu nyuie o, evɔ ele be woawɔe hafi.
Apostoloawo kpɔe be ʋɔnu sia si woava drɔ̃ le etsɔme la me tsonuwo anɔ anyi tegbee. Yesu gblɔ na wo be: “Ekema [Fia la agblɔ] be: ‘Vavã mele egblɔm na mi be, zi ale si miewɔe na ame siawo dometɔ suetɔ ɖeka o ko la, miewɔe na nye hã o.’ Eye ame siawo ayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me, ke ame dzɔdzɔewo ya ayi ɖe agbe mavɔ me.”—Mateo 25:45, 46.
Nya siwo Yesu gblɔ tsɔ ɖo apostoloawo ƒe nyaa ŋu la ana eyomedzelawo nabu nya geɖe ŋu, eye wòakpe ɖe wo ŋu woalé ŋku ɖe woƒe nɔnɔmewo kple nuwɔnawo ŋu.
-