INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Sanhedrin La Drɔ̃ Ʋɔnui, Eyome Wokplɔe Yi Pilato Gbɔ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu le tsitre ɖe Pontio Pilato ŋkume

      TA 127

      Sanhedrin La Drɔ̃ Ʋɔnui, Eyome Wokplɔe Yi Pilato Gbɔ

      MATEO 27:1-11 MARKO 15:1 LUKA 22:66–23:3 YOHANES 18:28-35

      • SANHEDRIN LA DRƆ̃ ƲƆNUI LE ŊDI ME

      • YUDA ISKARIOT YI ÐADE KA VE

      • WOKPLƆ YESU YI PILATO GBƆ BE WÒATSO KUFIA NƐ

      Esusɔ vie ŋu nake esime Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃lia. Sanhedrin la me tɔwo wu woƒe yeaɖiʋɔnudɔdrɔ̃a nu hekaka. Le Fiɖagbe ƒe fɔŋli la, wogakpe ta, ɖewohĩ kple susu be ʋɔnu manɔsenu si yewodrɔ̃ le zã si va yi me la nadze abe ɖe wòle se nu ene. Ale wokplɔ Yesu va Sanhedrin la ŋkume.

      Wogabia Yesu ake be: “Ne wòe nye Kristo la, ekema gblɔe na mí.” Yesu ɖo eŋu be: “Ne megblɔe na mi hã la, miele exɔ ge ase o. Eye ne mebia nya mi la, miele eŋu ɖo ge o.” Ke hã Yesu ƒo nu kple dzideƒo esi wòna wonya be ye ŋue wogblɔ nya ɖi le le Daniel 7:13. Egblɔ be: “Tso fifia dzi la, Amegbetɔvi la anɔ anyi ɖe Mawu ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime.”—Luka 22:67-69; Mateo 26:63.

      Wogabiae ake be: “Ekema wòe nye Mawu ƒe Vi la?” Yesu ɖo eŋu be: “Eyae nye ema gblɔm miawo ŋutɔwo miele.” Wobu Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo sia be enye busunya si ta wòdze na ku ɖo. Wogblɔ be: “Ðaseɖiɖi bubu kae gahiã mí?” (Luka 22:70, 71; Marko 14:64) Eya ta wobla Yesu hekplɔe yi Roma Nutodziɖula Pontio Pilato gbɔ.

      Anɔ eme be Yuda Iskariot kpɔe be wokplɔ Yesu yina Pilato gbɔ. Esi Yuda kpɔe be wotso kufia na Yesu la, evee eye mɔkpɔkpɔ bu ɖee. Gake le esi teƒe be wòatrɔ dzi me vavã ahatrɔ ɖe Mawu ŋu la, etrɔ klosalo 30 la yi na nunɔlawo ƒe tatɔwo. Yuda gblɔ na wo be: “Mewɔ nu vɔ̃ be mede ʋu maɖifɔ asi.” Gake woɖo eŋu nɛ vevemaseɖeamenutɔe be: “Afi kae nya ma ka na mí? Wò ŋutɔ wò nyae nye ema!”—Mateo 27:4.

      Yuda tsɔ klosalo 30 la ƒu gbe ɖe gbedoxɔa me, eye wògawɔ nu vɔ̃ bubu esi wòte kpɔ be yeawu ye ɖokui. Edze abe esime Yuda nɔ agbagba dzem be yeade ka ve la, atilɔ si ŋu wòsa kaa ɖo la ŋe ene. Ege va dze agakpe siwo le ete la dzi eye eƒe ƒodo wó too.—Dɔwɔwɔwo 1:17, 18.

      Le ŋdi kanya ma me la, wokplɔ Yesu yi Pontio Pilato ƒe fiasã me. Gake Yudatɔ siwo kplɔe yi la mege ɖe fiasãa me o. Elabena wosusu be hadede kple Dukɔwo me tɔwo alea ana yewoagblẽ kɔ ɖo na yewo ɖokui. Esia awɔe be womadze aɖu nua le Nisan 15 lia dzi, si nye Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyuia ƒe ŋkeke gbãtɔ, si hã woɖuna wònyea Ŋutitotoŋkekenyuia ƒe akpa aɖe la o.

      Pilato do va wo gbɔ hebia wo be: “Nya kae mietsɔ ɖe ame sia ŋu?” Woɖo eŋu be: “Ne menye nu gbegblẽ wɔlae ame sia nye o la, anye ne míedee asi na wò o.” Pilato anya se le eɖokui me be wole nya ƒom ɖe ye nu, eya ta egblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔwo mikplɔe yii, ne miadrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe se la nu.” Tame vɔ̃ si Yudatɔwo ɖo be yewoawui la dze ƒãa esi wogblɔ be: “Se meɖe mɔ na mí be míawu ame o.”—Yohanes 18:29-31.

      Anɔ eme be ne Yudatɔwo wu Yesu le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi la, zi atɔ. Ke hã ŋusẽ le Romatɔwo ya si be woawu ame le dunyahehe ƒe nutsotsowo ta. Eya ta ne wote ŋu na Romatɔwo wui la, ana wòadze abe eƒe kua ŋuti fɔɖiɖi mele Yudatɔ siawo dzi o ene.

      Subɔsubɔhakplɔlawo megblɔe na Pilato be yewobu fɔ Yesu ɖe busunyagbɔgblɔ ta o. Fifia wogatso enu kple alakpanya sia be: “Míekpɔ ame sia [1] wòle to gblẽm na míaƒe dukɔa me tɔwo eye [2] wògbe na amewo be womegadzɔ nu na Kaisaro o [3] hele gbɔgblɔm be ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.”—Luka 23:2.

      Esi Pilato nye Roma dziɖuɖua teƒe nɔla ta la, etsi dzi ɖe nutsotso si nye be Yesu gblɔ be yenye fia la ŋu. Eya ta Pilato gatrɔ yi fiasãa me, eye wòyɔ Yesu hebiae be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?” Eƒe biabiaa fia be, ‘Ðe nèda dziɖuɖua ƒe se dzi hewɔ ɖokuiwò fia tsɔ tsi tsitre ɖe Kaisaro ŋua?’ Ðewohĩ esi Yesu di be yeanya nu si Pilato se tso ye ŋu xoxo ta la, ebiae be: “Wò ŋutɔ ɖokuiwò sie nèle nya sia biam le loo alo ame bubuwoe gblɔ ŋutinye nya na wòa?”—Yohanes 18:33, 34.

      Esi Pilato menya nu boo aɖeke tso Yesu ŋu o, evɔ wòdi be yeadze sii nyuie wu ta la, eɖo eŋu be: “Yudatɔe menyea?” Eye wògblɔ kpee be: “Wò ŋutɔ wò dukɔ kple nunɔlawo ƒe tatɔwoe tsɔ wò de asi nam. Nu kae nèwɔ?”—Yohanes 18:35.

      Yesu medze agbagba be yeasi le nya vevi si le toa me, si ku ɖe fianyenye ŋu, la nu o. Ale si wòɖo nyaa ŋui la awɔ nuku na Nutodziɖula Pilato godoo.

      ƲUNYIGBA

      Yuda tsɔ klosalo 30 la ƒu gbe ɖe gbedoxɔa me

      Nunɔlawo ƒe tatɔwo menya nu si yewoawɔ kple klosaloga si Yuda tsɔ ƒu gbe ɖe gbedoxɔa me la o. Wogblɔ be: “Se meɖe mɔ be woatsɔe ade nudzɔɖaka kɔkɔeawo me o, elabena ʋugae.” Eya ta wotsɔ ga la ƒle zemela ƒe anyigba be wòanye amedzrowo ɖiƒe. Wova tsɔ ŋkɔ na teƒe ma be “Ʋunyigba.”—Mateo 27:6-8.

      • Nu ka tae Sanhedrin la gakpe ta ake le ŋdi ma me?

      • Mɔ ka dzie Yuda to ku, eye nu kae wowɔ kple klosalo 30 la?

      • Nya kawoe Yudatɔwo tsɔ ɖe Yesu ŋu kple susu be yewoana Pilato nawui?

  • Pilato Kple Herodes Kpɔe Be Yesu Meɖi Fɔ O
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Herodes kple eƒe asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu

      TA 128

      Pilato Kple Herodes Kpɔe Be Yesu Meɖi Fɔ O

      MATEO 27:12-14, 18, 19 MARKO 15:2-5 LUKA 23:4-16 YOHANES 18:36-38

      • PILATO KPLE HERODES SIAA BIA GBE YESU

      Yesu na Pilato nyae kɔtɛ be fiae yenye. Ke hã eƒe Fiaɖuƒea magblẽ naneke le Roma dziɖuɖua ŋu o. Eya ta Yesu gblɔ be: “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Ne ɖe nye Fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu be woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o. Ke abe ale si wòle ene la, nye Fiaɖuƒe metso afi sia o.” (Yohanes 18:36) Ɛ̃, Fiaɖuƒe le Yesu si, gake metso xexe sia me o.

      Pilato mese nyaa ɖe afi ma o. Ebia Yesu be: “Ekema, fiae nènyea?” Yesu na Pilato nya be eƒo nya ta nyuie esi wògblɔ nɛ be: “Eya tututue nye ema nègblɔ be fiae menye. Elabena esia tae wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase na nyateƒe la. Ame sia ame si le nyateƒea ƒe akpa dzi la ɖoa to nye gbe.”—Yohanes 18:37.

      Do ŋgɔ la, Yesu gblɔ na Toma be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.” Azɔ Pilato gɔ̃ hã le esem be taɖodzinu si tae Yesu va anyigba dzi ɖoe nye be wòaɖi ɖase tso “nyateƒe la” ŋu, vevietɔ nyateƒe si ku ɖe yeƒe Fiaɖuƒea ŋu. Yesu ɖoe kplikpaa be yeanɔ nyateƒea ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe ne esia abia be yeaku gɔ̃ hã. Pilato biae be: “Nu kae nye nyateƒe?” gake melala be Yesu naɖe eme na ye o. Etsɔe be nya siwo yese la su na ye be yeadrɔ̃ ʋɔnu ŋutsu sia.—Yohanes 14:6; 18:38.

      Pilato trɔ yi ameha si le lalam le fiasãa ŋkume la gbɔ. Edze ƒãa be Yesu nɔ eƒe axadzi esi wògblɔ na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple ame siwo le wo ŋu la be: “Nyemekpɔ vodada aɖeke le ame sia ŋu o.” Nyametsotso sia ve dɔme na amehawo, eye wote tɔ ɖe edzi be: “Ele zitɔtɔ dem dukɔa me kple eƒe nufiafia le Yudea godoo, eye wòdze egɔme tso keke Galilea va ɖo afi sia.”—Luka 23:4, 5.

      Yudatɔwo ƒe zazɛ̃nyahehe si gbɔ eme la anya wɔ nuku na Pilato. Esi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo nɔ ɣlidodo dzi la, Pilato bia Yesu be: “Mèle nya gbogbo siwo tsɔm wole ɖe ŋuwò la sem oa?” (Mateo 27:13) Yesu meke nu o. Nya gã siwo wotsɔ ɖe Yesu ŋu hafi wòzi kpi la wɔe be Pilato ƒe mo wɔ yaa.

      Yudatɔwo gblɔ le woƒe nutsotsoa me be Yesu ‘dze egɔme tso keke Galilea.’ Nya ma na Pilato kpɔe be Galileatɔe Yesu nye. Esia na Pilato kpɔ mɔ si dzi wòate ŋu ato aɖe ta le agba si nye be wòadrɔ̃ ʋɔnu Yesu la te. Herodes Antipa (Herodes Gã la ƒe vi) ye nye Galilea dzi ɖula, eye enɔ Yerusalem le Ŋutitotoŋkekenyui sia ɖuɣi. Eya ta Pilato ɖo Yesu ɖe Herodes gbɔ. Herodes Antipa ye na wotso ta le Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa nu. Esi Herodes se emegbe be Yesu le nukunuwo wɔm la, esusu be Yesu ye nye Yohanes si fɔ tso ame kukuwo dome.—Luka 9:7-9.

      Dzi nɔ Herodes dzɔm azɔ be yeakpɔ Yesu. Menye ɖe wòdi be yeakpe ɖe Yesu ŋu alo adze agbagba be yeanya nenye be nya siwo wotsɔ tso enu la le eme tae o. Ðeko Herodes di vevie be yeakpɔe, le esi “wòle mɔ kpɔm be awɔ nukunu aɖewo yeakpɔ” ta. (Luka 23:8) Gake Yesu mena Herodes kpɔ nu si dim wòle be yeakpɔ la o. Le nyateƒe me la, esi Herodes nɔ nya biam Yesu la, meke nu o. Esi esia ve Herodes kple eƒe asrafowo ta la, ‘wodo vlo’ Yesu. (Luka 23:11) Wodo awu nyui aɖe nɛ heɖu fewu le eŋu. Eyome Herodes gbugbɔ Yesu ɖo ɖe Pilato. Esia wɔe be Herodes kple Pilato siwo nye futɔwo tsã la va zu xɔlɔ̃ veviwo.

      Esi wokplɔ Yesu va Pilato gbɔe la, eyɔ nunɔlawo ƒe tatɔwo, Yudatɔwo ƒe amegãwo, kple dukɔ la ƒo ƒu hegblɔ be: “Medzro eƒe nya me le mia ŋkume, ke nyemekpɔ agɔdzedze aɖeke le ame sia ŋu le nya siwo mietsɔ ɖe eŋu la me o. Herodes hã mekpɔ naneke le eŋu o, elabena egbugbɔe ɖo ɖe mí, eye mikpɔ ɖa, mewɔ naneke si dze ku o. Eya ta mahe to nɛ, eye maɖe asi le eŋu.”—Luka 23:14-16.

      Pilato di vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu, elabena ekpɔe dze sii be ŋuʋaʋã ta koe nunɔlawo dee asi ɖo. Esi Pilato nɔ agbagba dzem be yeaɖe asi le Yesu ŋu la, egase nya aɖe si de dzi ƒo nɛ be wòawɔe nenema. Esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia dzi la, srɔ̃a ɖo ame ɖee be: “Mègawɔ naneke ame dzɔdzɔe ma o, elabena mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe egbea [anye be Mawu gbɔe esia tso] le eta.”—Mateo 27:19.

      Togbɔ be ele be Pilato naɖe asi le ame maɖifɔ sia ŋu hã la, aleke wòle ewɔ gee?

      • Aleke Yesu gblɔ “nyateƒe la” tso eƒe fianyenye ŋui?

      • Esi Pilato dzro Yesu ƒe nyaa me la, aleke wòƒo nya tae, aleke ameha la ɖo eŋu nɛ, eye nu kae Pilato wɔ?

      • Nu ka tae dzi dzɔ Herodes Antipa be yekpɔ Yesu, eye nu kae wòwɔ Yesu?

      • Nu ka tae Pilato di be yeaɖe asi le Yesu ŋu?

  • Pilato Gblɔ Be: “Mikpɔ Ða! Ŋutsu Lae Nye Esi!”
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Pilato na wokplɔ Yesu si woɖɔ ŋùkuku na eye avɔ dzĩ le eŋu la va gota

      TA 129

      Pilato Gblɔ Be: “Mikpɔ Ða! Ŋutsu Lae Nye Esi!”

      MATEO 27:15-17, 20-30 MARKO 15:6-19 LUKA 23:18-25 YOHANES 18:39–19:5

      • PILATO DZE AGBAGBA BE YEAÐE ASI LE YESU ŊU

      • YUDATƆWO BIA BE WOAÐE ASI LE BARABA ŊU

      • WOÐU FEWU LE YESU ŊU HEWƆ FUI

      Pilato gblɔ na ameha si le gbɔgblɔm be woawu Yesu la be: “Nyemekpɔ agɔdzedze aɖeke le ame sia ŋu le nya siwo mietsɔ ɖe eŋu la me o. Herodes hã mekpɔ naneke le eŋu o.” (Luka 23:14, 15) Fifia esi Pilato le agbagba dzem be yeaɖe asi le Yesu ŋu ta la, ete mɔnu bubu kpɔ esi wògblɔ na ameha la be: “Le miaƒe kɔa nu la, ele be maɖe asi le ame ɖeka ŋu na mi le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi. Eya ta miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?”—Yohanes 18:39.

      Pilato nya nu tso gamenɔla aɖe si ŋkɔe nye Baraba, si nye adzodala, ame si dze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu eye wònye amewula la ŋu. Eya ta Pilato bia be: “Ame ka ŋue miedi be maɖe asi le na mi, Baraba loo alo Yesu si woyɔna be Kristo la?” Esi nunɔlawo ƒe tatɔwo ƒlɔ dzo ɖe ameha la te ta la, wobia be wòaɖe asi le Baraba ŋu, ke menye Yesu o. Pilato gabia wo be: “Ame eve siawo dometɔ ka ŋue miedi be maɖe asi le na mi?” Ameha la do ɣli gblɔ be: “Baraba”!—Mateo 27:17, 21.

      Pilato tɔtɔ eye wòbia wo be: “Ekema nu kae mawɔ Yesu si woyɔna be Kristo la?” Ameha la do ɣli be: “Hee ɖe ati ŋu!” (Mateo 27:22) Mekpe ŋu na wo be woabia be woawu ame maɖifɔ o. Nyaa ɖe fu na Pilato wòbia wo be: “Nu ka ta? Nu vɔ̃ɖi kae ame sia wɔ? Nyemekpɔ naneke si dze ku le eŋu o; eya ta mahe to nɛ, eye maɖe asi le eŋu.”—Luka 23:22.

      Togbɔ be Pilato le agbagba dzem kpem hã la, ameha si do dziku la gblɔ kple nusɔsɔe be: “Hee ɖe ati ŋu!” (Mateo 27:23) Subɔsubɔhakplɔlawo na adã ɖo mo na ameha la ale gbegbe be wodi be woakɔ ʋu ɖi! Eye menye nu vlo wɔla alo amewula ƒe ʋue wodi be woakɔ ɖi o. Ame maɖifɔ ƒe ʋu dimee wole, evɔ ŋkeke atɔ̃ pɛ ko do ŋgɔ la, wodo dzaa na ame sia abe Fia ene esime wògbɔna Yerusalem. Ne Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le eteƒe hã la, woli kpoo eye amewo ƒe susu meyi wo dzi gɔ̃ hã o.

      Pilato kpɔe be yeƒe kokoƒoƒowo mele vi aɖeke ɖem o. Esi hoowɔwɔa le gã dom ɖe edzi ta la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ŋkume hegblɔ be: “Nye asi mele ame sia ƒe ʋu kɔkɔ ɖi me o. Miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ.” Gake ema gɔ̃ hã mena ameha la trɔ susu o. Ke boŋ wogblɔ be: “Eƒe ʋu neva míawo kple mía viwo dzi.”—Mateo 27:24, 25.

      Nutodziɖula la di be yeadze wo ŋu tsɔ wu be yeawɔ nu si wònya be eyae nye nyuitɔ. Eya ta le woƒe didia nu la, Pilato ɖe asi le Baraba ŋu na ameha si dze agbo la. Ena woɖe awu le Yesu ŋu heƒoe kple atam.

      Esi asrafoawo ƒoe kutɔkutɔe vɔ la, wokplɔ Yesu yi nutodziɖula la ƒe fiasãa me. Asrafoawo va ƒo ƒu ɖe eŋu eye wogado vloe ɖe edzi. Wotsɔ ŋù lɔ̃ fiakuku ɖɔ nɛ. Asrafoawo tsɔ aɖa de Yesu ƒe nuɖusi me eye wodo awu dzĩ si tɔgbi fiawo dona la nɛ. Azɔ wogblɔ fewuɖuɖutɔe be: “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe Fia!” (Mateo 27:28, 29) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖe ta ɖe Yesu ŋu henɔ tome ƒom nɛ. Woxɔ aɖa sesẽ la le esi tsɔ ƒo tame nɛ, si wɔe be gbɔɖiame ƒe “fiakuku” la ƒe ŋùwo tɔe yi eme.

      Ale si Yesu do dzi helé eɖokui kpoo le nu siawo katã me la wɔ dɔ ɖe Pilato dzi ale gbegbe be wògate kpɔ be yeaɖe ye ɖokui le nyaa me, eya ta egblɔ be: “Mikpɔ ɖa! Mekplɔe do goe vɛ na mi, be miadze sii be nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.” Ðe Pilato susui be Yesu si ŋu wode abii vevie eye ʋu le ɖuɖum le eŋu si yekplɔ do goe la ana ameha la natrɔ susua? Esi Yesu tɔ ɖe ameha maseveveɖeamenu ma ŋkume la, Pilato gblɔ na wo be: “Mikpɔ ɖa! Ŋutsu lae nye esi!”—Yohanes 19:4, 5.

      Togbɔ be woƒo Yesu vevie hede abi eŋu hã la, elé eɖokui kpoo hefa tu ale gbegbe be Pilato gɔ̃ hã de dzesi esia eye eƒe nyawo ɖee fia be ede bubu eŋu eye eƒe nu wɔ nublanui nɛ.

      AMEƑOƑO KPLE ATAM

      Atam si wotsɔna ƒoa amee

      Le atikeŋutinunyagbalẽ aɖe (The Journal of the American Medical Association) me la, Ðɔkta William D. Edwards ɖɔ Romatɔwo ƒe ameƒoƒo kple atam ale:

      “Nu si wozãna zi geɖee nye ameƒoka kpui aɖe si ŋu asiléƒe le (sɔba). Eƒe akpa si wotsɔ ƒoa amee la nye lãgbalẽ lɛlɛlɛ alo esiwo wogbi siwo ƒe didime le vovovo siwo nu wosa gavi nogoewo alo alẽ ƒe ƒu suesuesue siwo nu le tsutsuẽ la ɖo. . . . Ne Roma-srafoawo tsɔ ŋusẽ katã le amea ƒom ʋuu la, gavi nogoeawo agbã lãme na amea vevie, eye lãgbalẽ lɛlɛlɛawo kple alẽƒuawo avuvu amea ƒe ŋutigbalẽ kple lã si le ete la. Ne ƒoƒoa le edzi yim la, edea abi lãkusia hã ŋu eye wònana ŋutilã la vuvuna ʋayaʋaya henɔa ʋu ɖuɖum.”

      • Agbagba kae Pilato dze be yeaɖe asi le Yesu ŋu ale be yeaɖe ye ɖokui le nya me?

      • Aleke ameƒoƒo kple atam nɔna?

      • Esi woƒo Yesu kple atam vɔ la, aleke wogawɔ fui?

  • Pilato Tsɔ Yesu De Asi Wokplɔ Yina Wuwu Ge
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Mele bɔbɔe na Yesu be wòatsɔ fuwɔametia o eya ta asrafoawo dometɔ ɖeka zi Simon si tso Kirene dzi be wòatsɔe akpee

      TA 130

      Pilato Tsɔ Yesu De Asi Wokplɔ Yina Wuwu Ge

      MATEO 27:31, 32 MARKO 15:20, 21 LUKA 23:24-31 YOHANES 19:6-17

      • PILATO DZE AGBAGBA BE YEAÐE ASI LE YESU ŊU

      • WOBU FƆ YESU HEKPLƆE YINA WUWU GE

      Togbɔ be woƒo Yesu vevie heɖu fewu le eŋu hã la, agbagba siwo dzem Pilato le be yeaɖe asi le eŋu la meʋã dzi na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple wo dzi delawo o. Wodi kokoko be wòana woawu Yesu. Wonɔ ɣlidodo dzi be: “Hee ɖe ati ŋu! Hee ɖe ati ŋu!” Pilato ɖo eŋu na wo be: “Miawo ŋutɔ mikplɔe yi, ne miahee ɖe ati ŋu, elabena nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.”—Yohanes 19:6.

      Yudatɔwo mete ŋu na kpeɖodzi aɖeke Pilato le dunyahenyawo gome si afia be Yesu dze na ku o. Ke le subɔsubɔnyawo gome ɖe? Wogatrɔ ɖe nutsotso si wotsɔ ɖe eŋu le Sanhedrin la ŋkume, si nye be egblɔ busunya la ŋu ake. Wogblɔ be: “Se le mía si, eye le se sia nu la, edze be wòaku, elabena ewɔ eɖokui Mawu ƒe vii.” (Yohanes 19:7) Esia nye nutsotso yeye na Pilato.

      Etrɔ yi eƒe fiasãa me eye wògadi mɔ si dzi wòato aɖe asi le ame sia si do dzi le fuwɔame sesẽwo me, si ŋu Pilato ŋutɔ srɔ̃ ku drɔ̃e le la ŋu. (Mateo 27:19) Nu kae wòawɔ tso Yudatɔwo ƒe nutsotso yeye sia, si nye be ame sia si wolé la nye ‘Mawu ƒe vi’ la ŋu? Pilato nya be Galilea ye Yesu tso. (Luka 23:5-7) Ke hã ebia Yesu be: “Afi kae nètso?” (Yohanes 19:9) Ðe Pilato nɔ susum be Yesu anya nɔ agbe le afi aɖe kpɔ, si afia be Mawu gbɔe wòtsoa?

      Pilato ŋutɔ see Yesu gblɔ be fiae yenye, ke hã yeƒe Fiaɖuƒea menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Esi mehiã be Yesu nagaƒo nu tso nya si wògblɔ va yi la ŋu o ta la, ezi kpi. Esia na Pilato se le eɖokui me be Yesu mede bubu ye ŋu o, eya ta dɔme vee wògblɔ be: “Mèle nyaa ŋu ɖo ge nam oa? Mènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò, eye ŋusẽ le asinye be mahe wò ɖe ati ŋu oa?”—Yohanes 19:10.

      Yesu ɖo eŋu kpuie ko be: “Ŋusẽ aɖeke kura manɔ asiwò ɖe dzinye o, negbe ɖe wona wò tso dziƒo. Esia tae ame si tsɔm de asi na wò la ƒe nu vɔ̃ lolo wu.” (Yohanes 19:11) Edze ƒãa be menye ame ɖeka aɖe koŋ ƒe nue nɔ susu me na Yesu o. Ke boŋ nu si wòwɔnɛ ye nye be Kayafa, edzidelawo kple Yuda Iskariot ɖi fɔ wu Pilato.

      Nya siwo Yesu gblɔ kple ale si wòlé eɖokui, si wɔ dɔ ɖe Pilato dzi, hekpe ɖe ale si wònɔ vɔvɔ̃m be Mawu gbɔe Yesu anya tso ŋu la wɔe be wògadze agbagba be yeaɖe asi le eŋu. Ke hã Yudatɔwo he susu yi nu bubu aɖe si vɔ̃m Pilato nɔ la dzi. Wogblɔ be: “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si wɔa eɖokui fiae la ƒoa nu tsia tsitre ɖe Kaisaro ŋu.”—Yohanes 19:12.

      Nutodziɖula la kplɔ Yesu do goe ake, eye esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia dzi la, egblɔ na ameha la be: “Mikpɔ ɖa! Miaƒe fia lae nye esi!” Ke hã Yudatɔwo metrɔ susu o. Wodo ɣli be: “Bu mo nɛ! Bu mo nɛ! Hee ɖe ati ŋu!” Nya la te ɖe Pilato dzi wòbia wo be: “Mahe miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te nɔnɔ kua dzi na Yudatɔwo tso ɣeaɖeɣi ke, ke hã nunɔlawo ƒe tatɔwo gblɔ kã be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.”—Yohanes 19:14, 15.

      Pilato wɔ nu abe vɔvɔ̃nɔtɔ ene esi wòɖe mɔ Yudatɔwo ƒe tamanamana la kpɔ ŋusẽ ɖe edzi si wɔe be wòɖe asi le Yesu ŋu be woawu. Asrafoawo ɖe awu dzĩ la le Yesu ŋu hetsɔ eƒe awudziwui la do nɛ. Esi wokplɔ Yesu yinae la, wona wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe fuwɔameti la.

      Fiɖa, Nisan 14 lia ye, eye esusɔ vie ŋdɔ ga 12 naƒo. Yesu le ŋu tso keke Yawoɖagbe ŋdi me ke, eye wòto fukpekpe geɖewo me va de asi na fifia. Esi atia nɔ ekpem la, eva wui mlɔeba. Eya ta asrafoawo zi Simon, si tso Kirene si le Afrika, ame si tso eme va yina la dzi be wòatsɔ atia ayi afi si woawui le. Ame geɖewo dze wo yome, eye wo dometɔ aɖewo ƒo akɔta le nuxaxa ta henɔ konyi fam le nu si nɔ dzɔdzɔm la ta.

      Yesu gblɔ na nyɔnu siwo nɔ konyi fam la be: “Yerusalem-nyɔnuwo, midzudzɔ avifafa ɖe tanye. Ke boŋ mifa na mia ɖokuiwo kple mia viwo; elabena, ŋkekewo li gbɔna, esime woagblɔ be, ‘Dzidzɔtɔwoe nye konɔwo, dɔ siwo medzi vi o kpakple no siwo mena no vi kpɔ o!’ Ekema woagblɔ na towo be, ‘Mimu dze mía dzi!’ eye woagblɔ na togbɛwo be, ‘Mitsyɔ mía dzi!’ Ne wole nu siawo wɔm esime atia le mumu ɖe, nu kae adzɔ ne eƒu?”—Luka 23:28-31.

      Yuda dukɔ la ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. Ele abe ati si le kukum gake meƒu keŋkeŋ haɖe o la ene, elabena Yesu gale wo dome eye Yudatɔ siwo xɔ edzi se la hã le wo dome. Ne ame siawo megava le dukɔa me o la, dukɔa ava nɔ abe ati si ku ene le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Woafa avi vevie ne Mawu zã Romatɔwo tsɔ tsrɔ̃ dukɔ ma!

      • Nya kawoe subɔsubɔhakplɔlawo tsɔ tso Yesu nu?

      • Nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo Pilato ɖo?

      • Nu kae nunɔlawo ƒe tatɔwo wɔ si na Pilato de Yesu asi be woawu?

      • Ati “mumu” si ava ‘ƒu’ si ƒe nya Yesu gblɔ la gɔme ɖe?

  • Fia Si Meɖi Fɔ O La Kpe Fu Le Fuwɔameti Ŋu
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu do ŋugbe na nu vlo wɔla si wohe ɖe ati ŋu le exa be, “ànɔ Paradiso me kplim”

      TA 131

      Fia Si Meɖi Fɔ O La Kpe Fu Le Fuwɔameti Ŋu

      MATEO 27:33-44 MARKO 15:22-32 LUKA 23:32-43 YOHANES 19:17-24

      • WOKLÃ YESU ÐE FUWƆAMETI ŊU

      • NU SI WOŊLƆ KLÃ ÐE YESU TAME LA NA WOÐU FEWU LE EŊU

      • YESU DO PARADISO ME NƆNƆ LE ANYIGBA DZI ƑE ŊUGBE

      Wokplɔ Yesu yi teƒe aɖe si medidi boo tso du si me woawu eya kple adzodala eveawo le la o. Woyɔa teƒe sia be Golgata, alo Ametakoliƒe, eye wònye teƒe si woate ŋu anɔ “adzɔge” akpɔ ɖo ɖa.—Marko 15:40.

      Woɖe awu le gamenɔla etɔ̃ siawo siwo wotso kufia na la ŋu. Azɔ wotsɔ wain si wotsaka kple mire kpakple gbe veve la vɛ na wo. Anɔ eme be Yerusalem nyɔnuwoe tɔtɔ wain sia, eye Romatɔwo ɖe mɔ be woana aha sia si ɖea vevesese dzi kpɔtɔna la ame siwo wu ge woyina la. Ke hã esi Yesu ɖɔe kpɔ la, egbe enono. Nu ka tae? Edi be yeanɔ ŋute bliboe le susu me le dodokpɔ gã sia me; edi be yeanɔ ye ɖokui me ahawɔ nuteƒe va se ɖe ku me.

      Wohe Yesu ɖe fuwɔametia ŋu. (Marko 15:25) Asrafoawo ƒo gatagbadzɛwo to eƒe asiwo kple eƒe afɔwo ƒe lãkusiwo me mimi ɖe atia ŋu, si wɔe be wòse veve helĩhelĩ. Esi wofɔ atia ɖe tsitrenu la, vevesesea wu gbɔgblɔ, elabena Yesu ƒe ŋutilã ƒe kpekpe he abiawo me. Gake Yesu meƒo nu tsi tre ɖe asrafoawo ŋu o. Ke boŋ edo gbe ɖa be: “Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole o.”—Luka 23:34.

      Romatɔwo ŋlɔa agɔ si nu vlo wɔla si wotso kufia na dze la klãna ɖe fuwɔametia ŋu. Le go sia me la, Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu tame be: “Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe Fia la.” Eŋlɔe ɖe Hebrigbe, Latingbe kple Helagbe me, ale be ame sia ame kloe nate ŋu axlẽe. Pilato ƒe nuwɔna sia ɖee fia be ale si Yudatɔwo nɔ tɔ tem ɖe edzi be woawu Yesu la medzɔ dzi nɛ o. Nu si wòŋlɔ la ku dzi na nunɔlawo ƒe tatɔwo, eye wogblɔ be: “Mègaŋlɔ be, ‘Yudatɔwo ƒe Fia’ o, ke boŋ be egblɔ be, ‘Nyee nye Yudatɔwo ƒe Fia.’” Gake esi Pilato megadi be woaɖo nu na ye o ta la, egblɔ be: “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo.”—Yohanes 19:19-22.

      Nunɔla siawo siwo do dziku la gahe alakpanya si wogblɔ tsɔ tso enu va yi le Sanhedrin la ŋkume la ɖe go. Eya ta mewɔ nuku o be ame siwo tso eme va yina la ʋuʋu ta alɔmeɖeɖetɔe hedzui gblɔ be: “Hoo na wò! Wò ame si gblɔ be yeamu gbedoxɔa aƒu anyi ahagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ me, ɖe ɖokuiwò ne nàɖi tso fuwɔametia ŋu.” Nenema kee nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo hã gblɔ le wo nɔewo dome be: “Kristo, Israel ƒe Fia, neɖi tso fuwɔametia ŋu míakpɔ azɔ, ne míaxɔ edzi ase.” (Marko 15:29-32) Adzodala siwo wohe ɖe ati ŋu le Yesu ƒe ɖusime kple miame la gɔ̃ hã do vloe, evɔ wònye eya boŋue mewɔ nu gbegblẽ aɖeke hafi o.

      Roma-srafo eneawo hã ɖu fewu le Yesu ŋu. Ðewohĩ wono wain veve la ƒe ɖe hede asi alɔmeɖeɖe me le eŋu, eye anɔ eme be wodo ɖe ɖe Yesu gbɔ, evɔ woawo ŋutɔwo wonya be manya wɔ be wòaxɔe ano o. Romatɔawo he susu yi nu si woŋlɔ klã ɖe Yesu tame la dzi alɔmeɖeɖetɔe hegblɔ be: “Ne wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la, ekema xɔ na ɖokuiwò.” (Luka 23:36, 37) Bu eŋu kpɔ ko! Ame si nye mɔ la, nyateƒe la kple agbe lae nye ema ŋu wole alɔme ɖem le hele fu wɔmee madzemadzee. Ke hã edo dzi kpe fu mawo katã, eye mehe nya ɖe Yudatɔ siwo nɔ ekpɔm, Roma-srafo siwo nɔ alɔme ɖem le eŋu, alo nu vlo wɔla eve siwo woklã ɖe eƒe axawo dzi la ŋu o.

      Asrafoawo le nu dzidzem ɖe Yesu ƒe awudziwuiwo dzi

      Asrafo eneawo tsɔ Yesu ƒe awudziwuiwo eye woma wo ɖe akpa ene me. Wodzidze nu ɖe wo dzi hemae ɖe wo nɔewo dome. Ke Yesu ƒe awutewuia ya nyo ale gbegbe, “ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi.” Asrafoawo gblɔ na wo nɔewo be: “Migana míadzee o, ke boŋ mina míadzidze nu ɖe edzi ne míakpɔ ame si tɔ wòanye.” Ale wona ŋɔŋlɔ si gblɔ be, “Woma nye awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi” la va eme.—Yohanes 19:23, 24; Psalmo 22:18.

      Emegbe adzodalawo dometɔ ɖeka va kpɔe be fiae Yesu nye vavã. Eka mo na nɔvia be: “Alo wò hã, esi nèle fɔbubu ma ke me la, ɖe mèvɔ̃a Mawu oa? Míawo ya míedze na tohehe sia, elabena nu siwo míewɔ la ƒe fetu xɔm míele; ke ame sia ya mewɔ nu tovo aɖeke o.” Azɔ eƒo koko na Yesu be: “Ðo ŋku dzinye ne èva ɖo wò Fiaɖuƒe la me.”—Luka 23:40-42.

      Yesu do ŋugbe nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso me kplim.” Yesu megblɔ nɛ be anɔ Fiaɖuƒea me kpli ye o. (Luka 23:43) Ŋugbedodo sia to vovo na ŋugbe si Yesu do na apostoloawo do ŋgɔ, si nye be woanɔ fiazikpuiwo dzi kpli ye le Fiaɖuƒe la me. (Mateo 19:28; Luka 22:29, 30) Anɔ eme be Yudatɔ sia si nye nu vlo wɔla la nya nu tso anyigba dzi Paradiso si Yehowa wɔ na Adam, Xawa kple woƒe dzidzimeviwo le gɔmedzedzea me la ŋu. Azɔ mɔkpɔkpɔ sia su adzodala sia si hafi wòku.

      • Nu ka tae Yesu gbe be yemano wain si wotsɔ nɛ la o?

      • Nu kae woŋlɔ klã ɖe Yesu tame, eye nya kae Yudatɔwo gblɔ tso eŋu?

      • Aleke nu si wowɔ kple Yesu ƒe awuwo la na nyagblɔɖi aɖe va eme?

      • Nugbe kae Yesu do na adzodalawo dometɔ ɖeka?

  • “Mawu Ƒe Vie Ame Sia Nye Vavã”
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Esi Yesu ku le ati ŋu le adzodala eve dome la, asrafomegã la gblɔ be: “Mawu ƒe Vie ame sia nye vavã”

      TA 132

      “Mawu Ƒe Vie Ame Sia Nye Vavã”

      MATEO 27:45-56 MARKO 15:33-41 LUKA 23:44-49 YOHANES 19:25-30

      • YESU KU ÐE FUWƆAMETIA ŊU

      • NU ÐEDZESIWO DZƆ ESI YESU KU

      “Gaƒoƒo adelia,” si nye ŋdɔ ga 12, ɖo azɔ. Viviti wɔnuku aɖe do ɖe “anyigba ma katã dzi va se ɖe gaƒoƒo asiekelia dzi,” si nye ɣetrɔ ga etɔ̃ me. (Marko 15:33) Menye zãdokeli si dona le dzɔdzɔme nue viviti ma nye o. Zãdokeli dona ne dzinu yeye dze dzi, gake fifia ya dzinua sɔ tegblẽe, elabena Ŋutitoto ƒe ɣeyiɣia mee. Azɔ hã viviti sia nɔ anyi didi sãsãsã wu miniti ʋɛ siwo zãdokeli dona. Eya ta Mawue na viviti sia do!

      Bu ale si esia ana ame siwo nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu la ase le wo ɖokui me ŋu kpɔ. Esi vivitia do la, nyɔnu ene te ɖe fuwɔametia ŋu. Nyɔnu siawoe nye Salome, Maria Magdalatɔ, Maria si nye apostolo Yakobo Suetɔ dada kple Yesu dada.

      Apostolo Yohanes le Yesu dada, si le nu xam la gbɔ le “fuwɔameti la gbɔ.” Maria le vi si wòdzi henyi wòtsi la kpɔm esime wòle veve sem helĩhelĩ le atia ŋu. Le Maria gome la, ɖeko wòle abe ɖe woƒo “yi legbe” aɖe ɖee ene. (Yohanes 19:25; Luka 2:35) Togbɔ be Yesu le veve sem ŋutɔ hã la, dadaa ƒe dedienɔnɔ nɔ susu me nɛ. Edze agbagba bi ta do ɖe Yohanes gbɔ hegblɔ na dadaa be: “Nyɔnu, kpɔ ɖa! Viwòe nye esi!” Eyome ebi ta do ɖe Maria gbɔ hegblɔ na Yohanes be: “Kpɔ ɖa! Dawòe nye esi!”—Yohanes 19:26, 27.

      Anɔ eme be Yesu dada nye ahosi ɣemaɣi, eye Yesu le gbɔgblɔm na eƒe apostolo si wòlɔ̃na la be wòalé be na ye dada. Yesu nya be Maria viŋutsu bubuawo, siwo nye Yesu dadaviwo la mexɔ ye dzi se haɖe o. Eya ta enɔ ɖoɖo wɔm ɖe dadaa ƒe ŋutilãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo siaa gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi!

      Le ɣeyiɣi si vivitia dzo me lɔƒo la, Yesu gblɔ be: “Tsikɔ le wuyem.” Esia hã na ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi aɖe va eme. (Yohanes 19:28; Psalmo 22:15) Yesu se le eɖokui me be ye Fofo ɖe asi le ye, si nye Via ŋu be woado yeƒe nuteƒewɔwɔ akpɔ va se ɖe nuwuwu. Kristo gblɔ le Aramgbe ƒomevi aɖe si anɔ eme be wodona le Galilea la me be: “Eli, Eli, lama sabaktani?” si gɔmee nye, “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?” Ame siwo le tsitre ɖe afi ma la dometɔ aɖewo se nya si wògblɔ la gɔme bubui eye wogblɔ be: “Kpɔ ɖa! Ele Eliya yɔm.” Wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖatsɔ ƒumekutsa de wain tsitsi me eye wòtsɔe ɖo aɖa nu tsɔ na Yesu be wòano. Ke ame bubuwo gblɔ be: “Miɖe asi le eŋu! Mina míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋu hã.”—Marko 15:34-36.

      Yesu do ɣli gblɔ be: “Wowu enu!” (Yohanes 19:30) Ɛ̃, ewu nu siwo katã Fofoa dɔe ɖe anyigba dzi be wòava wɔ la nu. Mlɔeba Yesu gblɔ be: “Fofo, asiwò mee metsɔ nye gbɔgbɔ de.” (Luka 23:46) Ale Yesu tsɔ eƒe agbe de Yehowa si me, eye wòka ɖe edzi be Mawu agagbɔ agbe ye. Azɔ Kristo si ka ɖe Mawu dzi bliboe la de mo to heku.

      Kasia, anyigba ʋuʋu sesĩe eye agakpewo fe. Anyigbaʋuʋua nu sẽ ale gbegbe be yɔdo siwo nɔ Yerusalem godo la nu ʋu, eye ame kukuwo ho ɖe dzi. Ame siwo tso eme va yina siwo kpɔ be ame kukuwo ho ɖe dzi la yi ɖe “du kɔkɔe” la me ɖagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na amewo.—Mateo 12:11; 27:51-53.

      Esi Yesu ku la, xɔmetsovɔ legbe titri si nye dometsotso le Kɔkɔeƒe la kple Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea dome le Mawu ƒe gbedoxɔa me la dze ɖe eve, tso dzi va se ɖe anyi. Nudzɔdzɔ wɔnuku sia nye Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe ame siwo wu Via ŋu ɖeɖe fia, eye wònye dzesi be mɔ si yi Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe, si le tsitre ɖi na dziƒo ŋutɔŋutɔ la le ʋuʋu ɖi azɔ.—Hebritɔwo 9:2, 3; 10:19, 20.

      Mewɔ nuku o be vɔvɔ̃ ɖo ameawo ŋutɔ. Asrafomegã si le ŋgɔ na ameawo wuwu la gblɔ be: “Mawu ƒe Vie ame sia nye vavã.” (Marko 15:39) Anɔ eme be enɔ eteƒe esime Pilato nɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu eye Mawu ƒe Vi nyenye ƒe nyaa fɔ ɖe te. Fifia eka ɖe edzi be Yesu nye ame dzɔdzɔe eye wònye Mawu ƒe Vi vavã.

      Ame bubu siwo dzi nudzɔdzɔ wɔnuku siawo wɔ dɔ ɖo la trɔ ɖo ta aƒe me “hele akɔta ƒom” le nuxaxa vevie kple ŋukpe ta. (Luka 23:48) Nyɔnu nusrɔ̃la geɖe siwo zɔa mɔ kple Yesu ɣeaɖewoɣi la nɔ ame siwo nɔ nudzɔdzɔawo teƒe kpɔm tso adzɔge la dome. Nu siwo nɔ dzɔdzɔm la te ɖe woawo hã dzi ŋutɔ.

      “HEE ÐE ATI ŊU!”

      Yesu ƒe futɔwo do ɣli be: “Hee ɖe ati ŋu!” (Yohanes 19:15) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ati” le Nyanyuigbalẽawo me lae nye stauros. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso atitsoga ŋu gblɔ be: “Nu si stauros fia koe nye ‘ati tsrala si wotu anyi,’ alo ati sesẽ si dzɔ, abe esiwo agbledelawo tuna ne wole kpɔ tɔm ene.”—History of the Cross.

      • Nu ka tae mate ŋu anye be zãdokelie viviti si do gaƒoƒo etɔ̃ la nye o?

      • Beléle na dzila tsitsiwo ŋuti kpɔɖeŋu nyui kae Yesu ɖo?

      • Dɔ kae anyigbaʋuʋua wɔ, eye gɔmesese kae le gbedoxɔmetsovɔ si dze ɖe eve la ŋu?

      • Dɔ kae Yesu ƒe ku kple nu siwo dzɔ le eƒe kuɣi la wɔ ɖe eteƒekpɔlawo dzi?

  • Wodzra Yesu Ƒe Kukua Ðo Heɖii
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Wole Yesu ƒe kukua dzram ɖo na ɖiɖi

      TA 133

      Wodzra Yesu Ƒe Kukua Ðo Heɖii

      MATEO 27:57–28:2 MARKO 15:42–16:4 LUKA 23:50–24:3 YOHANES 19:31–20:1

      • WOÐE YESU ƑE KUKUA LE ATIA ŊU

      • WODZRA YESU ƑE KUKUA ÐO HENA ÐIÐI

      • NYƆNUAWO VA KE ÐE YƆDO ƑUƑLU ŊU

      Fiẽsi le ɖoɖom le Fiɖa, Nisan 14 lia dzi. Nisan 15 lia, si nye Sabat, adze egɔme le ɣeɖoto. Yesu ku xoxo, ke adzodala eve siwo le eƒe axawo dzi ya gale agbe. Le Sea nu la, mele be ame kuku natsi ati ŋu “ŋu nake ɖe edzi o,” ke boŋ ele be woaɖii “gbe ma gbe ke.”—5 Mose 21:22, 23.

      Azɔ hã, woyɔa Fiɖagbe be Dzadzraɖoŋkeke, elabena ɣeyiɣi sia mee amewo ɖaa nu eye wowua dɔ bubu siwo womate ŋu agblẽ ɖi va se ɖe Sabat la megbe o la nu. Le ɣeɖoto la, Sabat eve ƒokpli, alo Sabat ‘gã,’ adze egɔme. (Yohanes 19:31) Ele alea elabena Nisan 15 lia anye Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui si xɔa ŋkeke adre la ƒe ŋkeke gbãtɔ, eye godoo la ŋkeke gbãtɔ ma nyea Sabat. (3 Mose 23:5, 6) Le go sia me la, ŋkeke gbãtɔ ma dze kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat la dzi.

      Eya ta Yudatɔwo bia tso Pilato si be wòado tsɔtsɔe Yesu kple adzodala eve siwo le eƒe axawo dzi la ƒe ku. To mɔ ka dzi? To woƒe afɔwo ŋeŋe dzi. Esia awɔe be womate ŋu até woƒe afɔwo ɖe anyi akɔ wo ɖokui ɖe dzi agbɔ o. Asrafoawo va ŋe afɔ na adzodala eveawo. Gake edze abe Yesu ku ene, eya ta womeŋe eƒe afɔwo o. Esia na Psalmo 34:20 va eme. Afi ma gblɔ be: “Ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta; womeŋe wo dometɔ ɖeka pɛ hã o.”

      Be woaka ɖe edzi be Yesu ku vavã la, asrafoawo dometɔ ɖeka tɔ akplɔ eƒe axadame, le eƒe dzi gbɔ lɔƒo. “Enumake ʋu kple tsi do go.” (Yohanes 19:34) Esia hã na ŋɔŋlɔ bubu va eme be: “Woafɔ ŋku ɖe ame si woƒo nu ɖo la dzi.”—Zakariya 12:10.

      Yosef si tso Arimatia, si nye “kesinɔtɔ” kple Sanhedrin la me tɔ si ŋu wodea bubui la hã nɔ eteƒe esi wowu Yesu. (Mateo 27:57) Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso eŋu be enye “ame nyui kple ame dzɔdzɔe” si le “Mawu Fiaɖuƒe la lalam.” Le nyateƒe me la, enye “Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta,” eye meda asi ɖe ʋɔnu si wodrɔ̃ Yesu la dzi o. (Luka 23:50; Marko 15:43; Yohanes 19:38) Yosef do dzi yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. Pilato dɔ asrafomegã aɖe ɖa wòyi gbɔ va gblɔ be Yesu ku vavã. Eyome Pilato wɔ Yosef ƒe biabia la dzi nɛ.

      Yosef ƒle aklala biɖibiɖi dzadzɛ eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atia ŋu. Exatsa aklala la ɖe eƒe kukua ŋu hena ɖiɖi. Nikodemo, “ame si va [Yesu gbɔ] va yi le zã me” la hã kpe asi ɖe Yesu ƒe kukua dzadzraɖo ŋu. (Yohanes 19:39) Etsɔ mire kple aloe si wotsaka, si ade Romatɔwo ƒe pounde alafa ɖeka (kilogram 33) sɔŋ la vɛ. Woxatsa avɔ siwo me atike ʋeʋĩ siawo le la ɖe Yesu ƒe kukua ŋu, abe ale si Yudatɔwo dzraa ame kuku ɖo hafi ɖina ene.

      Yɔdo si me wometsɔ ame aɖeke mlɔ kpɔ o si woɖe ɖe agakpe me la le Yosef si, eye wotsɔ Yesu ƒe kukua mlɔ eme. Azɔ womli kpe gã aɖe ɖo yɔdoa nu. Wowɔ esia kabakaba hafi Sabat la nadze egɔme. Anye be Maria Magdalatɔ kple Maria si nye Yakobo Suetɔ dada nɔ asi kpem ɖe Yesu ƒe kukua dzadzraɖo ŋu. Azɔ wowɔ kaba yi aƒe me “be yewoaɖadzra atike ʋeʋĩwo kple ami ʋeʋĩwo ɖo” be yewoagava si na Yesu ƒe kukua le Sabat la megbe.—Luka 23:56.

      Le ŋufɔke, si nye Sabat dzi la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo yi Pilato gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Míeɖo ŋku edzi be, esime ameblela ma nɔ agbe la, egblɔ be, ‘Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woafɔm ɖe tsitre.’ Eya ta de se be woadzɔ yɔdo la ŋu nyuie va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe, ne eƒe nusrɔ̃lawo magava fii adzoe ahagblɔ na amewo be, ‘Wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome o!’ Ne edzɔ alea la, amebeble mamlɛtɔ sia avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.” Pilato ɖo eŋu na wo be: “Dzɔlawo neyi kpli mi. Ne miadzɔ eŋu ale si miate ŋui.”—Mateo 27:63-65.

      Le Kwasiɖagbe ŋdi kanya la, Maria Magdalatɔ, Maria si nye Yakobo dada kple nyɔnu bubuwo tsɔ atike ʋeʋĩwo yi yɔdoa to be yewoasi na Yesu ƒe kukua. Wobia wo nɔewo be: “Ame kae amli kpea ɖa le yɔdoa nu na mí?” (Marko 16:3) Gake do ŋgɔ la, anyigba ʋuʋu. Azɔ hã, mawudɔla aɖe mli kpe la ɖa, dzɔlawo dzo, eye edze abe yɔdoa tsi ƒuƒlu ene!

      • Nu ka tae woyɔa Fiɖagbe be Dzadzraɖoŋkeke ɖo, eye nu ka tae Sabat sia nye Sabat ‘gã’?

      • Nu kae Yosef kple Nikodemo wɔ tsɔ kpe asi ɖe Yesu ɖiɖi ŋu, eye kadodo kae le woawo kple Yesu dome?

      • Nu kae nunɔlawo di be woawɔ, gake nu kae dzɔ le Kwasiɖagbe ŋdi kanya?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe