INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 2/1 axa 32
  • Aleke Yehowa Aɖo Ŋku Dziwòe?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Yehowa Aɖo Ŋku Dziwòe?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 2/1 axa 32

Aleke Yehowa Aɖo Ŋku Dziwòe?

‘NYE Mawu, ɖo ŋku dzinye.’ Nexemya tsɔ nya mawo tɔgbe ɖe kuku na Mawu zi geɖe. (Nexemya 5:19; 13:14, 31) Ele dzɔdzɔme nu be ne amewo ɖo xaxa sesẽwo me la, wotrɔna ɖe Mawu ŋu gblɔa nya mawo tɔgbe tsɔ ƒoa koko nɛ.

Gake nukae nɔa susu me na amewo ne wole Mawu biam be wòaɖo ŋku yewo dzi? Edze ƒã be wokpɔa mɔ be Mawu nawɔ nusi yi ŋgɔ wu ŋkuɖoɖo yewoƒe ŋkɔwo dzaa ko dzi. Ðikeke mele eme o be wokpɔa mɔ na nusi tɔgbe adzodala siwo woklã ɖe Yesu xa la dometɔ ɖeka kpɔ mɔ na. Amesia mewɔ nu abe ame evelia ene o, ke boŋ eɖe kuku na Yesu be: “Ðo ŋku dzinye, ne èva ɖo wò fiaɖuƒe la me.” Menye ɖe wòdi be Yesu naɖo ŋku amesi yenye dzi ko o ke be wòawɔ nane hã na ye—be wòafɔ ye ɖe tsitre.—Luka 23:42.

Enuenu la, Biblia ɖenɛ fiana be le Mawu gome la, “ŋkuɖoɖo ame dzi” bia nane wɔwɔ ŋutɔŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi tsiɖɔɖɔ yɔ anyigba la dzi ŋkeke 150 sɔŋ megbe la, “Mawu ɖo ŋku Noa . . . dzi, eye Mawu na ya ƒo ɖe anyigba dzi, ale bena tsia de asi miemie me.” (Mose I, 8:1) Ƒe alafa geɖe megbe la, Simson, amesi Filistitɔwo gbã ŋku na hede kɔsɔkɔsɔe la, do gbe ɖa be: “Yehowa, ɖo ŋku dzinye, eye do ŋusẽm fifia ko.” Yehowa ɖo ŋku Simson dzi ale be wòna ŋusẽ si gbɔ amegbetɔ tɔ ŋui be wòbia hlɔ̃ Mawu ƒe futɔwo na eɖokui. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:28-30) Le Nexemya gome la, Yehowa yra ɖe eƒe agbagbadzedzewo dzi, eye wogbugbɔ ɖo tadedeagu vavãtɔ te le Yerusalem.

Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ [Ŋɔŋlɔawo] ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.” (Romatɔwo 15:4) Ne míeɖoa ŋku Yehowa dzi to agbagbadzedze be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu abe alesi esubɔla nuteƒewɔlawo wɔe le blema ene dzi la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be Yehowa aɖo ŋku mía dzi akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ míaƒe gbesiagbenuhiahiãwo, akpe ɖe mía ŋu le míaƒe dodokpɔwo me, eye wòaxɔ na mí ne wòva drɔ̃ ʋɔnu ame mavɔ̃mawuwo.—Mateo 6:33; Petro II, 2:9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe