INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr23 September axa 1-axa 11
  • “Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ” Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ” Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo—2023
  • Tanya Suewo
  • SEPTEMBER 4-10
  • SEPTEMBER 11-17
  • SEPTEMBER 18-24
  • SEPTEMBER 25–OCTOBER 1
  • OCTOBER 2-8
  • OCTOBER 9-15
  • OCTOBER 16-22
  • OCTOBER 23-29
  • OCTOBER 30–NOVEMBER 5
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo—2023
mwbr23 September axa 1-axa 11

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

© 2023 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

SEPTEMBER 4-10

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | ESTA 1-2

“Dze Agbagba Nàbɔbɔ Ðokuiwò Abe Esta Ene”

w17.01 25 ¶11

Àte Ŋu Abɔbɔ Ðokuiwò Le Dodokpɔwo Gɔ̃ Hã Me

11 Ne woɖɔ kesekuku na mí alo kafu mí wògbɔ emea, esia hã ate ŋu ado míaƒe ɖokuibɔbɔ kpɔ. Bu ale si Esta bɔbɔ eɖokui esi nuwo va trɔ le eƒe agbe me gbe ɖeka kple eƒe zãdodo ŋu kpɔ. Edze tugbe eteƒe mekɔ o, eye wosi ami ʋeʋĩwo nɛ hewɔ leke nɛ ƒe ɖeka blibo. Enɔ ɖetugbui gbogbo siwo tso Persia Fiaɖuƒea ƒe nuto vovovoawo me siwo katã di be yewoazu fiasrɔ̃a dome gbe sia gbe. Ke hã, ebua ame eye wòléa eɖokui nyuie. Esi fiaa tia Esta wòzu fiasrɔ̃ gɔ̃ hãa, meva zu dadala alo ɖokuiŋudzela o.—Esta 2:​9, 12, 15, 17.

ia 130 ¶15

Eʋli Mawu Ƒe Amewo Ta

15 Esi ɣeyiɣia de be woakplɔ Esta ayi fia ŋkumea, woɖe mɔ nɛ be wòabia nu sia nu si wòsusu be ahiã ye, ɖewohĩ be wòatsɔ awɔ leke na eɖokui geɖe wu. Ke hã ebɔbɔ eɖokui, mebia nu bubu aɖeke tsɔ wu nu si Hegai ɖo nɛ o. (Esta 2:15) Anya de dzesii be tugbedzedze ɖeɖe dzaa mana yeƒe nu nanyo fiaa ŋu o; enyae be ɖokuibɔbɔ kple tamebɔbɔɖeanyi nye nɔnɔme nyoameŋu siwo mele ame geɖe si le fiasã ma me o. Nyateƒeea?

w17.01 25 ¶12

Àte Ŋu Abɔbɔ Ðokuiwò Le Dodokpɔwo Gɔ̃ Hã Me

12 Ðokuibɔbɔ kpena ɖe mía ŋu be míaƒe awudodo, dzadzraɖo kple ale si míewɔa nu le ame dome dzea ame ŋu ɣesiaɣi. Míekpɔe be menye adegbeƒoƒo kple amewo ƒe susu hehe va mía ɖokui dzi dzodzro ye nana míaƒe nu dzea ame ŋu o, ke boŋ míaƒe “gbɔgbɔ fatu si nɔa anyi kpoo” lae. (Xlẽ 1 Petro 3:​3, 4; Yer. 9:​23, 24) Ne dada le mía mea, ava dze le míaƒe nuwɔna me mlɔeba. Adze le nu suesuesuewo me; le kpɔɖeŋu me, míanɔ nu wɔm wòadze ƒãa be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo su mía si, be míenya nya siwo ame bubuwo menya o, alo be míedea ha kple nɔvi siwo le agbanɔamedzinɔƒewo. Alo ale si míeƒoa nu tso nuwo ŋua ana míawo ɖeɖe míaxɔ kafukafua ɖe nu si ŋu ame bubuwo hã kpe asi ɖo hafi wòdze edzia ta. Le afi sia hãa, Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui na mí. Nya siwo Yesu gblɔ ƒe akpa gãtɔ nye nya siwo wòyɔ tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me alo wo me nya aɖe si dzi wòhe susu yi. Eƒo nu ɖokuibɔbɔtɔe alea kple susu be yeƒe nyaselawo nanyae be Yehowa gbɔe nya siwo gblɔm yelea tso, ke menye ye ŋutɔ yeƒe nunya alo aɖaŋudzedze me o.—Yoh. 8:28.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w22.11 31 ¶3-6

Ènyaa?

Numekulawo ke ɖe anyikpe aɖe si dzi Persiatɔwo ŋlɔ nu ɖo ŋu. Ŋkɔ Marduka (Eʋegbe Mordekai) dze le edzi; enye dɔdzikpɔla, alo gadzikpɔla, le Susan. Arthur Ungnad, si nya nu tso Asia Ɣedzeƒetɔwo ƒe ŋutinya ŋu, gblɔ be “tsɔ kpe ɖe Biblia ŋua” anyikpe ma “dzi koe wogakpɔ ŋkɔ Mordekai le” ɣemaɣi.

Tso esi Ungnad gblɔ nya maa, agbalẽnyalawo va ɖe Persiatɔwo ƒe anyikpedzinuŋɔŋlɔ akpe geɖe gɔme ɖe gbe bubuwo me. Esiwo ŋu woke ɖo le Persepolis dudoa ƒe akpa si nye Kesinɔnudzraɖoƒe, si te ɖe dua ƒe gliwo ŋu, hã le wo dome. Xerxes Gbãtɔ ƒe fiaɖuɣi kee woŋlɔ wo. Woŋlɔ wo ɖe Elamgbe me, eye ŋkɔ siwo woyɔ le Esta ƒe agbalẽa me dometɔ geɖe dze le woawo hã me.

Ŋkɔ Marduka dze le Persepolis nuŋlɔɖiawo dometɔ geɖe me, eye wogblɔ be enye agbalẽŋlɔla siwo nɔ Susan fiasãa me le Xerxes Gbãtɔ ƒe fiaɖuɣia dometɔ ɖeka. Nuŋlɔɖi ɖeka gblɔ be Marduka nye gbegɔmeɖela. Esia wɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ tso Mordekai ŋu. Enye fiaŋume si subɔ le Fia Ahasweros (Xerxes Gbãtɔ) ƒe fiasãa me, eye wòse gbe eve ya teti. Mordekai nɔa anyi ɖe fia ƒe agbo nu le Susan fiasãa me. (Esta 2:​19, 21; 3:3) Agboa nye xɔ gã nyadri aɖe, eye afi mae fiaŋumewo wɔa dɔ le.

Nu geɖe ɖi wo nɔewo le Marduka si ŋu nya wogblɔ le nuŋlɔɖiawo me kple Mordekai si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu. Wonɔ agbe le ɣeyiɣi ɖeka me le teƒe ɖeka, eye wo ame evea siaa nye fiaŋumewo wɔ dɔ le teƒe ɖeka. Esiawo katã na wòdze ƒãa be Mordekai si ŋu Esta ƒe agbalẽa ƒo nu tsoe ŋue tomenukulawo anya ke ɖo.

SEPTEMBER 11-17

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | ESTA 3-5

“Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woawɔ Geɖe Na Yehowa”

Mordekai

Egbe Be Yemabɔbɔ Na Haman O. Do ŋgɔa, Ahasweros ɖo Haman si nye Agagitɔ amegã le fiaɖuƒea me, eye wòde se be ame siwo katã le fia ƒe agbo nua nabɔbɔ atsyɔ mo anyi ɖe eŋkume. Gake Mordekai gbe be yemawɔ esia o le esi yenye Yudatɔ ta. (Es 3:​1-4) Esia ɖee fia be ƒomedodo si nɔ eya kple eƒe Mawu Yehowa domea nɔ vevie nɛ ŋutɔ. Ele eme be Israel-viwo bɔbɔ tsyɔ mo anyi ɖe bubume aɖewo ŋkume va yi, gake le go sia mea, Mordekai de dzesii be ne yebɔbɔ tsyɔ mo anyi ɖe Haman ŋkumea, afia nu geɖe wu bubudede eŋu dzro ko. (2Sa 14:4; 18:28; 1Fi 1:16) Anɔ eme be Amalektɔe Haman nye, eye Yehowa gblɔ tso Amalektɔwo ŋu be yeawɔ aʋa kpli wo “tso dzidzime yi dzidzime.” (2Mo 17:16) Esia taa, esɔ ŋutɔ be Mordekai gbe be yemabɔbɔ na Haman o. Ekpɔe be nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe nyae nya sia nye, ke menye bubudede amegã aɖe ŋu ko o.

Mordekai

Woto Edzi Ðe Israel. Esi wode se be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã ɖa le fiaɖuƒea mea, Mordekai gblɔ na Esta be yexɔe se be nu si ta fianyɔnu ƒe ɖoƒea su esi le ɣeyiɣi sia mee nye be woato edzi aɖe Yudatɔwo. Ena Esta kpɔe be agba gã aɖe le edzi eye wòbia tso esi be wòayi aɖe kuku na fiaa be wòakpɔ nublanui na yewo. Togbɔ be esia ana Esta ƒe agbe naɖo afɔku me hãa, elɔ̃ faa wɔ nu si Mordekai bia tso esi.—Es 4:7–5:2.

ia 133 ¶22-23

Eʋli Mawu Ƒe Amewo Ta

22 Dzidzi anya ƒo Esta esi wòse nya ma. Esiae nye eƒe xɔse ƒe dodokpɔ gãtɔ. Vɔvɔ̃ ɖoe, eye esia dze kɔtɛ le ŋuɖoɖo si wòna Mordekai me. Eɖo ŋku fiaa ƒe sededea dzi na Mordekai. Eyae nye be ne womeyɔ ame aɖe hafi wòva fia ŋkume oa, woawui, negbe ɖe fiaa do eƒe sikafiatikplɔ ɖe amea ko hafi wòatsi agbe. Ne Esta bu nu si dzɔ ɖe Wasti dzi le esi wògbe fiaa ŋkume vava esime wòyɔe ŋua, ɖe susu aɖe li si ta wòasusu be woakpɔ nublanui na yea? Esta gblɔ na Mordekai be ŋkeke 30 sɔŋue nye ema fiaa meyɔ ye o! Esi ŋkeke geɖee nye ema womegayɔe kpɔ o taa, etɔ dzɔ be wòasusui be ɖewohĩ yeƒe nu meganyo fia sia, si ƒe susu tea ŋu trɔna kpataa, ŋu o.—Esta 4:​9-11.

23 Mordekai ɖo nya ŋu na Esta ŋkubiãtɔe tsɔ do ŋusẽ eƒe xɔse. Eka ɖe edzi nɛ be ne meɖe afɔ oa, ɖeɖe atso afi bubu ava na Yudatɔwo. Ke ɖe Esta ya akpɔ mɔ be yeado le eme ne yometitia va? Le afi sia, Mordekai ɖee fia be yexɔ Yehowa, ame si maɖe mɔ gbeɖe be woatsrɔ̃ yeƒe amewo ɖa ne yeƒe ŋugbedodowo nado kpo emevava o, la dzi se bliboe. (Yos. 23:14) Mordekai gblɔ na Esta be: “Ðewohĩ ɣeyiɣi sia tae fianyenye la su asiwò ɖo.” (Esta 4:​12-14) Ðe mele be míasrɔ̃ Mordekai ƒe kpɔɖeŋua oa? Eka ɖe eƒe Mawu, Yehowa, dzi bliboe. Ke míawo ya ɖe?—Lod. 3:​5, 6.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

kr 160 ¶14

Míaƒe Subɔsubɔblɔɖe Taʋiʋli

14 Abe ale si Esta kple Mordekai wowɔe le blema enea, Yehowa ƒe ame siwo li egbea hã ʋlia woƒe subɔsubɔblɔɖe ta ale be woate ŋu asubɔ Yehowa le mɔ si wòdi nu. (Esta 4:​13-16) Ðe wò hã àte ŋu awɔ akpa aɖe le esia mea? Ɛ̃. Àte ŋu anɔ gbe dom ɖa ɖe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ŋu setɔwo le nu madzɔmadzɔ wɔm ɖo egbea la ta edziedzi. Gbedodoɖa siawo nye mɔ nyui aɖe si dzi míato akpe ɖe mía nɔvi siwo le yometiti kple nɔnɔme sesẽ bubuwo me tom la ŋu. (Xlẽ Yakobo 5:16.) Ðe Yehowa sea gbedodoɖa siawoa? Ʋɔnudrɔ̃nya siwo gbegbe me míeɖu dzi lea ɖo kpe edzi be esea wo!—Heb. 13:​18, 19.

SEPTEMBER 18-24

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | ESTA 6-8

“Nufiame Siwo Le Ale Si Esta Ƒo Nui Me”

ia 140 ¶15-16

Edze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O

15 Esi Esta gbɔ dzi ɖi be yeagalala ŋkeke bubu hafi atsɔ yeƒe biabiaa aɖo fiaa ŋkume taa, esia na ɣeyiɣi Haman wòwɔ nu si ahe eya ŋutɔ ƒe anyidzedze vɛ. Eye ɖe manye Yehowa Mawu gbɔe wòtso be fiaa tsi zãdomadɔlɔ̃e oa? (Lod. 21:1) Mewɔ nuku o be Mawu ƒe Nyaa de dzi ƒo na mí be ‘míakpɔ Mawu sinu’! (Xlẽ Mika 7:7.) Ne míekpɔa Mawu sinua, míava kpɔe be ale si eya kpɔa kuxiwo gbɔa ƒo susu ɖe sia ɖe si ate ŋu ava ta me na mía ta sãsãsã.

Eƒo Nu Dzinɔameƒotɔe

16 Esta kpɔe be mesɔ be yeagaɖo nyazã fiaa azɔ o; ele be wòagblɔ nya si le esi la le kplɔ̃ɖoɖo evelia sia me. Gake aleke wòle egblɔ gee? Eva dzɔ be fiaa gana mɔnukpɔkpɔe ake be wòabia nu si dim wòle. (Esta 7:2) Esta ƒe “nuƒoɣi” ɖo azɔ.

ia 140 ¶17

Edze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O

17 Anɔ eme be Esta do gbe kpui aɖe ɖa le susu me na eƒe Mawu hafi gblɔ be: “Ne edze fia ŋu la, ekema woatsɔ nye agbe kem le nye biabia nu, eye woatsɔ nye dukɔ nam le nye didi nu!” (Esta 7:3) De dzesii be ena fiaa kpɔe be yedea asixɔxɔ nyametsotso si dze fiaa ŋutɔ ŋua ŋu. Kpɔ ale si gbegbe Esta to vovo na Wasti, fiasrɔ̃ tsãtɔa, si ɖoe koŋ de ŋukpe mo na srɔ̃ae ɖa! (Esta 1:​10-12) Azɔ hã, Esta mehe nya ɖe fiaa ŋu ɖe ale si wòka ɖe Haman dzi akpa ta o. Nu si wòwɔ boŋue nye be, eɖe kuku na fiaa be wòaxɔ na ye le esi yeƒe agbe ɖo afɔku me ta.

ia 141 ¶18-19

Edze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O

18 Biabia sia awɔ dɔ ɖe fiaa dzi ahawɔ nuku nɛ godoo. Ame kae ake atse be yeagblẽ nu le fianyɔnua ŋu? Esta gblɔ yi edzi be: “Wotsɔ mía kple nye dukɔ dzra, be woatsrɔ̃ mí, awu mí, eye woagblẽ mía dome. Ðe wònye ɖe wotsɔ mí dzra míenye kluviwo kple kosiviwo la, anye ne mezi kpi, elabena anye ne ketɔ la mana gbegblẽ nava fia dzi o.” (Esta 7:4) De dzesii be Esta ɖe kuxia gblɔ anukwaretɔe, gake egblɔ kpee be ne ɖe kluviwo koe wobe woawɔ yewoa, anye ne yezi kpi. Gake esi wònye woa kple wo detɔwo tsɔtsrɔ̃ ɖa alea agblẽ nu le fia ŋutɔ ŋu tae wòkpɔe be ele be yeaƒo nu ɖo.

19 Esta ƒe kpɔɖeŋu sia fia nu geɖe mí tso ale si wòle be míaƒo nui be amewo nalɔ̃ ɖe míaƒe nya dzi ŋu. Ne eva hiã be nàɖe kuxi gã aɖe dzi na wò ame vevi aɖe alo ŋusẽtɔ aɖea, dzigbɔɖi, bubudedeameŋu kple nuƒoƒo anukwaretɔe ate ŋu aɖe vi geɖe.—Lod. 16:​21, 23.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w06 3/1 11 ¶1

Nya Vevi Siwo Tso Esta Ƒe Agbalẽ Me

7:4—Mɔ ka nue Yudatɔawo tsɔtsrɔ̃ ɖa ‘ana gbegblẽ nava fia dzi’ le? Esi Esta to ayemɔ aɖe nu ɖee gblɔ be woate ŋu adzra Yudatɔawo ne woazu kluviwoa, eɖee fia be nu agblẽ le fiaa ŋu ne etsrɔ̃ wo. Klosalo 10,000 si ƒe ŋugbe Haman doa mahe viɖe gobii aɖeke vɛ na fiaa ne wotsɔe sɔ kple kesinɔnu si fiaa akpɔ nenye be ɖee Haman ɖoe be yeadzra Yudatɔawo ne woanye kluviwo o. Ne ɖe nugbeɖoɖoa dze edzia, anye ne fianyɔnua hã ku.

SEPTEMBER 25–OCTOBER 1

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | ESTA 9-10

“Ezã Ðoƒe Si Su Esi Tsɔ Kpe Ðe Eƒe Amewo Ŋu”

Mordekai

Mordekai va zu amegã ɖe Haman teƒe, eye fiaa tsɔ eƒe ŋkɔsigɛ si wotsɔ trea agbalẽwo nua nɛ. Esta tsɔ Mordekai ɖo Haman ƒe aƒe si fiaa tsɔ nɛa nu. Esi fiaa na ŋusẽ Mordekai taa, ete ŋu de se bubu si ɖe mɔ na Yudatɔwo be woaʋli wo ɖokui ta. Esia na dzi dzɔ Yudatɔwo wu gbɔgblɔ. Ame geɖe siwo nɔ Persia Fiaɖuƒea mea va wɔ ɖeka kple Yudatɔwo, eye kaka dzinu Adar ƒe ŋkeke 13 lia, si nye gbe si gbe sea ate dɔ wɔwɔ naɖoa, Yudatɔawo nɔ dzadzraɖoɖi ɖe aʋaa wɔwɔ ŋu. Dziɖuɖumegãwo katã nɔ megbe na wo, elabe Mordekai zu amegã le fiaɖuƒea me. Aʋaa yi edzi le Susan va de asi na ŋkeke si kplɔe ɖo. Yudatɔwo wu woƒe futɔ 75,000 kple edzivɔ le Persia Fiaɖuƒea me, eye Haman viŋutsu ewoawo hã nɔ eme. (Es 8:1–9:18) Esta kple Mordekai ɖo kpe edzi be ƒe sia ƒe le dzinu Adar ƒe ŋkeke 14 kple 15 lia dzia, woaɖu azã akpɔ dzidzɔ, ana nu wo nɔewo kple ame dahewo, eye wona ŋkɔ ŋkeke mawo be “Purim.” Yudatɔwo lɔ̃ ɖe edzi eye woɖoe wo ɖokui kple woƒe dzidzimeviwo kpakple ame siwo katã va wɔ ɖeka kpli wo dzi be yewoanɔ azã sia ɖum. Mordekai va zu ame evelia kplɔ fiaa ɖo le fiaɖuƒea me, Mawu ƒe amewo dea bubu eŋu eye eya hã yi edzi wɔ nu siwo aɖe vi na wo.—Es 9:​19-22, 27-32; 10:​2, 3.

Purim

Eƒe Taɖodzinu. Biblia ŋuti numeɖela aɖewo gblɔna be menye mawusubɔsubɔ ƒe susue le Yudatɔ siwo li egbea si wotsɔ le azã si nye Purim ɖum o, eye wowɔa nu wògbɔa eme ɣeaɖewoɣi le azãa ɖuɣi. Gake menye aleae woɖua azã sia esi woɖoe anyi zi gbãtɔ o. Mordekai kple Esta siaa nye Mawu vavã, Yehowa subɔlawo, eye ɖe woɖo azã sia anyi be woatsɔ akafui. Míate ŋu agblɔ be Yehowae na woxɔ na Yudatɔwo ɣemaɣi, elabe ale si Mordekai ɖoe kplikpaa be Yehowa ɖeka koe yeabɔbɔ ade ta agu na tae woɖoe be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã. Anɔ eme be Haman nye Amalektɔ, evɔ Yehowa ƒo fi de dukɔ ma eye wògblɔ be woatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ. Mordekai nya esia, eya tae wògbe be yemabɔbɔ atsyɔ mo anyi ɖe Haman ŋkume o. (Es 3:​2, 5; 2Mo 17:​14-16) Azɔ hã, nya siwo Mordekai gblɔ na Esta (Es 4:14) ɖee fia be enɔ mɔ kpɔm be Mawu axɔ na Yudatɔwo, eye ale si Esta tsi nu dɔ hafi yi fiaa ŋkume be yeakpee na kplɔɖoɖoa ɖee fia be eya hã nɔ koko ƒom na Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu.—Es 4:16.

cl 101-102 ¶12-13

‘Mizu Mawu Srɔ̃lawo’ Le Ŋusẽ Zazã Me

12 Yehowa ɖo dzikpɔlawo be woaxɔ ŋgɔ le Kristo hamea me. (Hebritɔwo 13:17) Ele be ŋutsu siawo siwo dze nazã ŋusẽ si Mawu na wo atsɔ ana kpekpeɖeŋu si hiã eye woadze agbagba hena alẽhaa ƒe nyonyo. Ðe hamemetsitsiwo ƒe ɖoƒea ɖe mɔ na wo be woaɖu aƒetɔ ɖe wo hati xɔsetɔwo dzia? Kura o! Ele be hamemetsitsiwo nabɔbɔ wo ɖokui ahada asɔ le nukpɔsusu si le wo si ku ɖe ɖoƒe si le wo si le hamea me ŋu. (1 Petro 5:​2, 3) Biblia gblɔ na dzikpɔlawo be: ‘Minyi Mawu ƒe hame si wòƒle kple ye ŋutɔ Via ƒe ʋu.’ (Dɔwɔwɔwo 20:28) Susu vevi sia tae wòle be woawɔ nu ɖe alẽhaa me tɔ ɖe sia ɖe ŋu le tufafa me ɖo.

13 Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale. Xɔlɔ̃ vevi aɖe tsɔ nunɔamesi xɔasi aɖe de asi na wò be nàkpɔ edzi na ye. Ènya be xɔ̃wòa xe fe gbogbo aɖe ɖe nua ta. Ðe màlé be nɛ etɔxɛe ahakpɔ edzi nyuie oa? Nenema ke Mawu tsɔ agbanɔamedzia de hamemetsitsiwo si be woalé be na nunɔamesi xɔasi aɖe: si nye hamea, si me tɔwo wotsɔ sɔ kple alẽwo. (Yohanes 21:​16, 17) Yehowa lɔ̃a eƒe alẽwo vevie—le nyateƒe mea, elɔ̃ wo ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi, Yesu Kristo, ƒe ʋu xɔasia ƒle woe. Nu bubu aɖeke megali si xɔ asi na Yehowa wu nu si wòtsɔ ƒle eƒe alẽawoe o. Esia nɔa susu me na hamemetsitsi ɖokuibɔbɔlawo eye wowɔa nu ɖe Yehowa ƒe alẽawo ŋu nyuie.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w06 3/1 11 ¶4

Nya Vevi Siwo Tso Esta Ƒe Agbalẽ Me

9:​10, 15, 16—Togbɔ be sea ɖe mɔ be woaha aboyonuawo hãa, nu ka tae Yudatɔawo mede asi wo ŋu o? Woƒe nuawo mahamaha ɖee fia kɔtɛ be woƒe agbe ta ko ʋlim wonɔ, ke menye kesinɔnuawoe dzro wo o.

OCTOBER 2-8

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 1-3

“Yi Edzi Nàɖee Afia Yehowa Be Yelɔ̃e Vevie”

w18.02 6 ¶16-17

Srɔ̃ Noa, Daniel Kple Hiob Ƒe Xɔse Kple Woƒe Toɖoɖo

16 Kuxi siwo me Hiob to. Hiob to kuxi sesẽ vovovowo me le agbe me. Hafi tetekpɔwo nava edzia, eyae “ƒo Ɣedzeƒetɔwo katã ta.” (Hiob 1:3) Kesinɔnu bɔ ɖe esi, exɔ ŋkɔ, eye wodea bubu geɖe eŋu. (Hiob 29:​7-16) Togbɔ be enɔ alea hãa, Hiob mebui be yenyo wu ame bubuwo loo alo yemehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu o. Míenya esia, elabena Yehowa yɔe be “nye subɔla,” eye wògblɔ kpee be: “Enye ame dzɔdzɔe si wɔa nuteƒe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.”—Hiob 1:8.

17 Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko mea, nuwo trɔ keŋkeŋ le Hiob ƒe agbe me. Eƒe nuwo katã dome gblẽ, eye dzi ɖe le eƒo ale gbegbe be edi be yeaku gɔ̃ hã. Míenya be Satana, amegɔmezɔla, si tso Hiob nu alakpatɔe be ɖokuitɔdidi tae wòsubɔa Mawu ɖo gbɔe Hiob ƒe kuxiawo tso. (Xlẽ Hiob 1:​9, 10.) Yehowa meŋe aɖaba ƒu nutsotso vɔ̃ɖi ma dzi o. Ke boŋ, ena mɔnukpɔkpɔ Hiob be wòaɖo kpe edzi be ame maɖifɔe yenye, eye wòaɖee afia be esi yelɔ̃ Yehowa kple dzi blibo tae yesubɔnɛ ɖo, ke menye ɖokuitɔdidi tae o.

w19.02 5 ¶10

Lé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi!

10 Aleke nya si Satana tsɔ ɖe Hiob ŋua ka wòe? Nya siwo Satana tsɔ ɖe Hiob ŋua kee wòtsɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe hã ŋu egbea. Ðeko wòle abe ɖe Satana le gbɔgblɔm na Yehowa Mawu tso ŋuwò be, mèlɔ̃e kple dzi blibo o, eye àdzudzɔ esubɔsubɔ ne nɔnɔme sesẽwo va dziwò, eye aleke kee nèɖawɔ nuteƒe na Yehowae o, ameŋkumenuwɔwɔ koe wònye ene! (Hiob 2:​4, 5; Nyaɖ. 12:10) Aleke nya siawo na nèse le ɖokuiwò me? Ðe nya siawo meku dzi na wò vevie oa? Ke hã, de ŋugble le nya sia ŋu kpɔ: Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòado wò nuteƒewɔwɔ akpɔ. Yehowa ka ɖe dziwò ale gbegbe be, ena mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe wò be nàkpe asi ɖe eŋu be woaklo nu le Satana dzi be aʋatsokalae wònye. Yehowa ka ɖe dziwò be àte ŋu alé wò fɔmaɖimaɖi me ɖe asi, eye edo ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. (Heb. 13:6) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be xexea me katã ƒe Dziɖulagãa ka ɖe mía dzi! Èkpɔ ale si gbegbe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi ƒe nyaa le veviea? Ekpena ɖe mía ŋu be míegbea Satana ƒe alakpanyawo eye míeʋlia mía Fofo ƒe ŋkɔ nyui la ta heɖenɛ fiana be míelɔ̃ ɖe edzi be mɔ si nu wòɖua dzi lee nye nyuitɔ. Afɔ kawoe míate ŋu aɖe be míatu nɔnɔme nyui sia si le vevie ŋutɔa ɖo?

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w21.04 11 ¶9

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Nya Mamlɛ Siwo Yesu Gblɔ Me

9 Nya kae Yesu gblɔ? Esi wòsusɔ vie Yesu nakua, edo ɣli gblɔ be: “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?” (Mat. 27:46) Biblia megblɔ nu si tae Yesu gblɔ nya mawo ɖo o. Gake bu nu si nya mawo fia mí ŋu kpɔ. Gbãa, nya mawo siwo Yesu gblɔa na nya si le nyagblɔɖi si le Psalmo 22:1 va eme. Azɔ hã, nya mawo na eme kɔ nyuie be Yehowa metɔ “kpɔ ɖe” Via ŋu o. (Hiob 1:10) Yesu se egɔme be ye Fofo ɖe mɔ be futɔwo nado ye kpɔ bliboe le mɔ si womedo amegbetɔ aɖeke le kpɔ o nu. Azɔ hã, nya mawo ɖee fia be mewɔ nu vlo aɖeke si ta woawui ɖo o.

OCTOBER 9-15

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 4-5

“Mègaxɔ Alakpanyawo Dzi Se O”

Elifaz

2. Enye Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo dometɔ ɖeka. (Hio 2:11) Temantɔe eye anɔ eme be Elifaz si nye Esau viŋutsu gbãtɔ ƒe dzidzimevie, eya ta edzɔ tso Abraham ƒe ƒomea me eye wòdo ƒome abɔlegbe kple Hiob hã. Temantɔwo ƒoa adegbe be nunya le yewo si. (Yer 49:7) Le yeaɖi akɔfala etɔ̃ mawo domea, edze be Elifaz ŋue wodea bubu wu, ta anɔ eme be eyae nye tsitsia. Le zi etɔ̃ siwo katã woƒo nu na Hiob mea, eyae ƒo nu gbã eye eƒe nuƒoe didi wu hã.

w05 9/15 26 ¶2

Mèganɔ Susu Gbegblẽwo Bum O!

Elifaz gblɔ tso nane, si ŋusẽ aɖe si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ na wòkpɔ kpɔ, ŋu be: “Ya aɖe ƒo va to ŋunye, ɖadoe ɖo to ɖe ŋunye. Nɔnɔme aɖe tsi tre ɖe ŋkunye me, ke nyemedze sii o, eye mese gbe bɔlɔe aɖe.” (Hiob 4:​15, 16) Gbɔgbɔ ka ƒomevie kpɔ ŋusẽ ɖe Elifaz ƒe tamesusu dzi? Fɔbuamenya siwo wògblɔ kplɔe ɖo ɖee fia be menye Mawu ƒe dɔla dzɔdzɔeawo dometɔ aɖeke ƒe gbɔgbɔe o. (Hiob 4:​17, 18) Gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi aɖee. Ne menye eyae o ɖe, ke nu ka tae Yehowa ka mo na Elifaz kple ehati eveawo be wometo nyateƒe o? (Hiob 42:7) Ɛ̃, gbɔgbɔ vɔ̃woe kpɔ ŋusẽ ɖe Elifaz dzi. Mawuvɔvɔ̃ medze le eƒe nyawo me kura o.

w10 2/15 19 ¶5-6

Gbe Satana Ƒe Alakpanyawo

Satana to Elifaz, si nye Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃ siwo va srãe kpɔa dometɔ ɖeka, dzi gblɔ be amegbetɔwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ale gbegbe be womate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu le dodokpɔ me o. Eɖɔ amegbetɔwo be wonye “anyixɔ me nɔlawo,” eye wògblɔ na Hiob be: ‘Amegbetɔwo dzɔ tso anyi me, eye wolilia afɔ wo dzi abe agbagblaʋuiwo ene. Woatugu wo tso ŋdi va se ɖe fiẽ, eye woabu nigbi, ame aɖeke madze sii o.’—Hiob 4:​19, 20.

Le Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubua, wotsɔ mí sɔ kple “anyigoewo”—anyize siwo ate ŋu agbã bɔbɔe. (2 Kor. 4:7) Míenye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo le nu vɔ̃ kple blibomademade si ƒe dome míenyi ta. (Rom. 5:12) Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmeea, Satana ate ŋu akpe mía dzi bɔbɔe. Gake esi míenye Kristotɔwo taa, míate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ŋu. Togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le mía ŋu hãa, Mawu dea asixɔxɔ mía ŋu. (Yes. 43:4) Gawua, Yehowa naa gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo bianɛ. (Luka 11:13) Eƒe gbɔgbɔa ate ŋu ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” mí, si akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si Satana ahe ava mía dzi nu. (2 Kor. 4:7; Flp. 4:13) Ne míetsi tsitre ɖe Abosam ŋu ‘henɔ te sesĩe le xɔse mea,’ Mawu ana míali ke ahasẽ ŋu. (1 Pet. 5:​8-10) Eya ta mele be míavɔ̃ Satana Abosam o.

mrt 32 ¶13-17

Kpɔ Ðokuiwò Ta Be Nyatakaka Siwo Mele Eteƒe O Nagagblẽ Nu Le Ŋuwò O

● Ku nu me tso nyatakaka bliboa kple afi si wòtso ŋu.

Nya si Biblia gblɔ: “Mido nuwo katã kpɔ.”—1 Tesalonikatɔwo 5:21.

Hafi nàxɔ nyatakaka aɖe dzi ase alo aɖoe ɖe ame aɖe, nenye be edze le nyadzɔdzɔwo me enuenu gɔ̃ hãa, kpɔ egbɔ be enye nyateƒe. Aleke nàwɔe?

Kpɔe ɖa be àte ŋu aka ɖe afi si nyatakakaa dzɔ tso dzi hã. Nyadzɔdzɔdɔwɔƒewo kple habɔbɔ aɖewo tea ŋu trɔa asi le nyadzɔdzɔwo ŋu be wòade woawo ŋutɔwo alo dunyahehabɔbɔ aɖe dzi. Tsɔ nya siwo nèse le nyadzɔdzɔgblɔƒe aɖe sɔ kple bubu tɔ. Ɣeaɖewoɣia, mía xɔlɔ̃wo ate ŋu aɖo nyatakaka siwo mele eteƒe o ɖe mí to email alo hahokadoƒewo, evɔ woawo ŋutɔwo menya be alakpanyawoe o. Eya ta hafi nàxɔ nyatakaka aɖe dzi asea, dze agbagba nàku nu me tso eŋu anya etsoƒe.

Kpɔ egbɔ be nya bliboa nye nyatakaka yeye si de pɛpɛpɛ. Bia ɖokuiwò be ‘Ɣekaɣie nua dzɔ? Kpeɖodzi sẽŋu kawoe le eŋu?’ Ne nyatakaka aɖe gɔmesese sesẽ evɔ wona wòdze abe nya bɔbɔe aɖe ko wònye alo wotrɔ asi le nyadzɔdzɔ aɖe ŋu be wòakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi be wòawɔ nanea, ke ele be nànɔ ŋudzɔ.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w03 5/15 22 ¶5-6

Nɔ Te Sesĩe, ne Nàɖu Dzi le Agbedudimekekea Me

Xexea me katã ƒe habɔbɔ si me tadeagula vavãwo le me nɔnɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ sẽŋu aɖe ɖe mía dzi be míali ke. Yayra kae nye si wònye be míele xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ lɔ̃ame sia me! (1 Petro 2:17) Eye míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía hati haxɔsetɔwo dzi be woali ke.

Bu kpekpeɖeŋunu siwo ame dzɔdzɔe Hiob wɔa ŋu kpɔ. Eva hiã be aʋatso akɔfala Elifaz nalɔ̃ ɖe edzi be: “Wò nya fɔ ame kudɔewo ɖe te, eye nèdo ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo.” (Hiob 4:4) Aleke míele le go sia me? Enye mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe agbanɔamedzi be míakpe ɖe míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu be woado dzi le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me. Ne míele nu wɔm kple woa, míate ŋu awɔ nu wòasɔ ɖe nya siawo nu be: “Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, eye mide agbe klo beliwo me.” (Yesaya 35:3) Ekema nu ka tae màɖoe wò taɖodzinu be yeado ŋusẽ ahade dzi ƒo na hati Kristotɔ ɖeka alo eve ɣesiaɣi si miedo go o? (Hebritɔwo 10:​24, 25) Kafukafunya dedziƒonamewo kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe agbagba si dzem wole be yewoadze Yehowa ŋua ŋu ate ŋu akpe ɖe wo ŋu vevie be woayi edzi anɔ te sesĩe aɖu dzi le agbedudimekekea me.

OCTOBER 16-22

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 6-7

“Ne Agbea Wu Tsɔtsɔ Na Wò”

w06 3/15 14 ¶9

Nya Vevi Siwo Tso Hiob Ƒe Agbalẽ Me

7:1; 14:14—Nu kae nya siwo nye “apaɖila ƒe ŋkekewo” kple “dziziziŋkekewo” fia? Hiob nɔ fu kpem ale gbegbe be ebu agbea be enye dɔ sesẽ teɖeɖiameŋu si apaɖila wɔna atraɖii. (Hiob 10:17) Esi wònye tsiẽƒenɔɣi—tso ame ƒe kugbe va se ɖe eƒe tsitretsiɣi—nye nu si ku zina ɖe ame dzi taa, Hiob tsɔe sɔ kple dziziziŋkekewo.

w20.12 16 ¶1

‘Yehowa Xɔna Na Ame Siwo Ƒo Dzi Ðe Le’

ƔEAÐEWOƔIA, míase le mía ɖokuiwo me be míaƒe agbe le kpuie eye “wòyɔ fũu kple fukpekpe.” (Hiob 14:1) Eye esia tea ŋu wɔnɛ be dzi ɖena le mía ƒo ɣeaɖewoɣi. Yehowa subɔla aɖewo siwo nɔ anyi va yia se le wo ɖokuiwo me nenema. Wo dometɔ aɖewo di be yewoaku gɔ̃ hã. (1 Fia. 19:​2-4; Hiob 3:​1-3, 11; 7:​15, 16) Gake Yehowa Mawu si dzi woxɔ sea fa akɔ na wo eye wòdo ŋusẽ wo enuenu. Woŋlɔ woƒe ŋutinya ɖe Biblia me be wòafa akɔ na mí eye míasrɔ̃ nu tso eme.—Rom. 15:4.

g 4/12 16-18

Ne Agbenɔnɔ Ti Kɔ Na Wò

Togbɔ be adze abe ɖe mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na wò o ene hãa, ɖo ŋku edzi be menye wò ɖeka koe le nɔnɔme sia me o, ke boŋ ame sia ame kloe le kuxi aɖe me tom egbea. Biblia gblɔ be: “Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem ɖekae, eye wòle veve sem.” (Romatɔwo 8:22) Togbɔ be awɔ na wò abe ɖe naneke maganya wɔ le wò kuxiawo ŋu o ene hãa, zi geɖea, nuwo va nyona ɖe edzi le ɣeyiɣi aɖe megbe. Ke hã, kpekpeɖeŋu kae li na wò fifia?

Ðe wò seselelãmewo gblɔ na xɔ̃wò aɖe si bua nuwo ŋu nyuie, si dzi nèka ɖo. Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ [vavã] lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lododowo 17:17) Ame dzɔdzɔe Hiob, si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia mea gblɔ eƒe dzimenyawo na amewo esi wònɔ xaxawo me tom. Esi wòse le eɖokui me be yeƒe “agbe le ŋu nyɔm na [yeƒe] luʋɔ” la, egblɔ be: “Mana konyifafa nado bababa, eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesesewo me.” (Hiob 10:1) Wò dzimenyawo gbɔgblɔ na amewo ate ŋu aɖe wò dzimaɖitsitsiwo dzi akpɔtɔ, eye wòate ŋu ana nàva nɔ wò kuxiawo kpɔm le mɔ bubu kura nu.

Gblɔ wò dzimenyawo na Mawu le gbedodoɖa me. Ewɔna na ame aɖewo be ameɖokuibeble koe gbedodoɖa nye, gake menye nenemae Biblia ya gblɔ o. Psalmo 65:2 gblɔ tso Yehowa Mawu ŋu be ‘eɖoa to gbedodoɖa,’ eye 1 Petro 5:7 hã gblɔ be: “Eléa be na mi.” Nya geɖe le Biblia me siwo te gbe ɖe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu ƒe vevienyenye dzi. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa:

“Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—LODODOWO 3:​5, 6.

“[Yehowa wɔa] ame siwo katã vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.”—PSALMO 145:19.

“Kakaɖedzi si le mía si ku ɖe eŋu lae nye esi: be nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”—1 YOHANES 5:14.

“Yehowa le adzɔge tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ, ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.”—LODODOWO 15:29.

Ne ègblɔ kuxi siwo me tom nèle na Mawua, akpe ɖe ŋuwò. Susu nyui aɖe tae Biblia de dzi ƒo na mí be: “Miɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋkume.”—Psalmo 62:8.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w20.04 16 ¶10

Ðo To Nɔviwòwo, Nya Ale Si Nɔnɔmea Le Na Wo, Eye Nàse Veve Ðe Wo Nu

10 Míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua ne míedzea agbagba be míase ale si nuwo le na mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwoa gɔme. Dze agbagba nànya nɔviwòŋutsuwo kple nɔviwònyɔnuwo nyuie. Ðo dze kpli wo do ŋgɔ na kpekpeawo kple le kpakpã vɔ megbe, wɔ dɔ kpli wo le gbeadzi, eye ne anya wɔa, kpe wo woava ɖu nu kpli wò. Ne èwɔe alea, ɖewohĩ, àva kpɔe be nɔvinyɔnu aɖe si dze abe medoa vivi ɖe ame ŋu oa, sigbeɖe ŋue kpenɛ, alo nɔviŋutsu aɖe si si ga geɖe lea menye ame si tia ŋutilãmenuwo yome o, ke boŋ, enyoa dɔme ŋutɔ, alo àva kpɔe be ƒome aɖe si tsia megbe vaa kpekpeawo zi geɖea le yometiti me tom. (Hiob 6:29) Enye nyateƒe be, mele be míanɔ “nu dem [ame bubuwo] ƒe nyawo me” o. (1 Tim. 5:13) Ke hã, enyo be míanya nanewo tso ale si nɔnɔmeawo le na mía nɔviŋutsuwo kpakple mía nɔvinyɔnuwo kple nu siwo me woto le agbe me siwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzia ŋu. Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaganya wo nyuie wu.

OCTOBER 23-29

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 8-10

“Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Kpɔa Mía Ta Tso Satana Ƒe Alakpanyawo Si Me”

Ðe Míate Ŋu Adze Mawu Ŋua?

Hiob to fukpekpe geɖe me evɔ ekpɔe be yemedze agɔ aɖeke hafi o. Eva nɔ susum vodadatɔe be Mawu metsɔ ɖeke le yeƒe nuteƒewɔwɔ me o. (Hiob 9:​20-22) Hiob ka ɖe eɖokui dzi be yele dzɔdzɔe ale gbegbe be eƒe nyawo na ame bubuwo susui be ele gbɔgblɔm be yetɔ dzɔ wu Mawu gɔ̃ hã tɔ.—Hiob 32:​1, 2; 35:​1, 2.

w21.11 6 ¶14

Vi Kawoe Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Ðena Na Wò?

14 Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kpɔa mía ta le gbɔgbɔ me. David do gbe ɖa na Yehowa be: “Bebeƒe nènye nam; àkpɔ tanye tso xaxa me. Àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsotso aƒo xlãm. . . . Ame si ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ya la, eƒe amenuveve ƒoa xlãe.” (Ps. 32:​7, 10) Abe ale si ko glikpɔ kpɔa blemaduwo kple wo me nɔlawo tae enea, nenemae Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kpɔa mía ta tso nu siwo ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe xɔse mea me. Azɔ hã, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ʋãnɛ wòtena ɖe mía ŋu.—Yer. 31:3.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w10 10/15 6-7 ¶19-20

‘Ame Kae Nya Yehowa Ƒe Tamesusu?’

19 Nu kae míesrɔ̃ tso “Yehowa ƒe tamesusu” ŋu? Ele be míaɖe mɔ Mawu ƒe Nyaa nana Yehowa ƒe tamesusu ŋuti gɔmesese nyuitɔ nasu mía si. Mele be míatsɔ míaƒe nukpɔsusu, dzidzenuwo kple nuŋububu siwo seɖoƒe li na adrɔ̃ ʋɔnu Yehowa gbeɖe o. Hiob gblɔ be: “Menye ame [Mawu nye] abe nye ene, ne maɖo ŋu nɛ be: na míayi ʋɔnu o.” (Hiob 9:32) Abe Hiob enea, ne míeva le Yehowa ƒe tamesusu gɔme sema, ewɔa dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe be míegblɔna be: ‘Kpɔ ɖa, esiawo nye eƒe mɔwo to ko, eye nu si sem míele la, nye dalĩdodo. Ke ame kae ate ŋu ase eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?’—Hiob 26:14.

20 Ne míele Ŋɔŋlɔawo xlẽma, nu kae wòle be míawɔ ne míeke ɖe nya aɖe si gɔme sese sesẽ na mí ŋu, vevietɔ esiwo ku ɖe Yehowa ƒe tamesusu ŋu? Ne míewɔ numekuku le nyaa ŋu eye míese nyaa gɔme kokoko oa, míate ŋu abui abe míaƒe kaka ɖe Yehowa dzi ŋuti dodokpɔ ene. Ðo ŋku edzi be ɣeaɖewoɣia, nya aɖewo siwo ŋu míekena ɖo le Biblia mea naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe ale si míeka ɖe nɔnɔme siwo le Yehowa si dzii afia. Mina míalɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be míesea nu sia nu si wòwɔnaa gɔme o. (Nyagb. 11:5) Esia awɔe be míalɔ̃ ɖe apostolo Paulo ƒe nya siawo dzi be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze me goglo loo! Aleke seɖoƒe meli na eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me o ye nye esi! Elabena ‘ame kae va nya Yehowa ƒe tamesusu, alo ame kae zu eƒe aɖaŋuɖola?’ Alo ‘Ame kae na nui gbã, bene woaɖo eteƒe nɛ?’ Elabena nuwo katã tso egbɔ, eye woto edzi, eye wonye etɔ. Etɔ nanye bubu yi mavɔmavɔ me. Amen.”—Rom. 11:​33-36.

OCTOBER 30–NOVEMBER 5

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 11-12

“Nu Etɔ̃ Siwo Míawɔ Be Nunya Vavãtɔ Nasu Mía Si”

w09 4/15 6 ¶17

Hiob De Asixɔxɔ Gã Aɖe Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu

17 Nu kae kpe ɖe Hiob ŋu wòlé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi? Edze ƒãa be hafi dzɔgbevɔ̃e mawo nava dzɔ ɖe edzia, ƒomedodo nyui aɖe nɔ woa kple Yehowa dome xoxo. Togbɔ be kpeɖodzi aɖeke mele mía si be Hiob nya be Satana tɔ gbe Yehowa o hãa, Hiob ɖoe kplikpaa be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Egblɔ be: ‘Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, va se ɖe esime mamia nu o.’ (Hiob 27:5) Nu kae Hiob wɔ be ƒomedodo kplikplikpli ma va nɔ woa kple Mawu dome? Ðikeke mele eme o be Hiob de asixɔxɔ gã aɖe nu siwo wòse tso ale si Mawu wɔ nu ɖe Abraham, Isak, kple Yakob, ame siwo nye tɔgbuiawo, ŋua ŋu. Eye Hiob ate ŋu akpɔ Yehowa ƒe nɔnɔme geɖewo adze sii to ŋkuléle ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋu me.—Mixlẽ Hiob 12:​7-9, 13, 16.

w21.06 10-11 ¶10-12

Yehowa Li Kpli Wò Ɣesiaɣi

10 Dze xɔ̃ nɔvi wɔnuteƒewo. Dze xɔ̃ nɔvi siwo gbɔ nàte ŋu asrɔ̃ nu tso. Woate ŋu anye nɔvi siwo tsi wu wò alo nètsi wu alo nɔvi siwo tso teƒe vovovowo. Biblia gblɔ be nunya tso aƒe ɖe ‘ame tsitsiwo gbɔ.’ (Hiob 12:12) Ame tsitsiwo hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso ame siwo wotsi wua gbɔ. Togbɔ be Yonatan tsi wu David sãsãsã hãa, wova zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. (1 Sam. 18:1) Wokpe ɖe wo nɔewo ŋu le nɔnɔme sesẽ vovovowo me woyi edzi subɔ Yehowa. (1 Sam. 23:​16-18) Nɔvinyɔnu Irina, si ƒe ƒometɔ aɖeke menye Ðasefo oa gblɔ be: “Nɔvi siwo le hamea me ate ŋu ava nye mía dzilawo alo nɔviwo ŋutɔŋutɔ. Yehowa ate ŋu ana woava nye ƒometɔwo na mí le hamea me.”

11 Ate ŋu asesẽ be míadze xɔlɔ̃ yeyewo, vevietɔ ne ŋu kpea mí. Nɔvinyɔnu Ratna si ŋu kpena, si va srɔ̃ nyateƒea togbɔ be woti eyome, la gblɔ be: “Eva hiã be malɔ̃ ɖe edzi be mehiã na kpekpeɖeŋu tso nɔvi siwo le hamea me gbɔ.” Ate ŋu asesẽ be nàgblɔ wò seselelãmewo na ame aɖe, gake ne ète ŋu gblɔe na ame aɖea, amea ate ŋu ava nye xɔ̃wò kplikplikpli. Xɔ̃wòwo adi be yewoakpe ɖe ŋuwò ade dzi ƒo na wò, gake ele be nàna woanya nu si woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ŋuwò.

12 Mɔ nyui aɖe si dzi nàto adze xɔlɔ̃woe nye be nànɔ gbeadzi yim kple nɔviwo. Nɔvinyɔnu Carol si ŋu míeƒo nu tsoe va yia gblɔ be: “Dɔwɔwɔ kple nɔvinyɔnu vovovowo le gbeadzi kple teokrasidɔ bubuwo mea wɔe be medze xɔlɔ̃ nyui geɖe. Yehowa to xɔlɔ̃ siawo dzi kpe ɖe ŋunye.” Eɖea vi ɣesiaɣi ne míedze agbagba dze xɔ̃ nɔvi wɔnuteƒewo. Yehowa ato xɔlɔ̃ siawo dzi akpe ɖe ŋuwò ne ètsi akogo alo èle kuxi bubuwo me tom.—Lod. 17:17.

Nunya

Nunya Si Tso Mawu Gbɔ. Yehowa Mawu koe nye ame si ƒe nunya de blibo. Biblia gblɔ be eyae “nye nunyala ɖeka hɔ̃.” (Ro 16:27; Nyɖ 7:12) Nyateƒenyawo nyanya nana sidzedze sua ame si, eye esi Yehowae nye Wɔlaa eye wòli “tso mavɔ me yi mavɔ me” (Ps 90:​1, 2) taa, enya nu sia nu tso xexe gbahooa ƒe wɔwɔme, nu siwo le eme kple ale si wòle tso gɔmedzedzea va se ɖe fifia ŋu. Esiae wɔ dzɔdzɔmeɖoɖo kple sewo kpakple nu bubu siwo katã le xexea me. Nu siawo manɔmeea, amegbetɔwo mate ŋu aku nu me asrɔ̃ nu tso dzɔdzɔmenuwo ŋu be wòakpe ɖe wo ŋu woato nu yeyewo vɛ abe ale si wowɔnɛ ene o. (Hio 38:​34-38; Ps 104:24; Lod 3:19; Yer 10:​12, 13) Gakpe ɖe eŋua, se siwo wòde ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋua gaɖea vi wu elabe wo dzi wɔwɔ nana míedzea nunya, míetsoa nya me nyuie eye míenɔa agbe si me dzidzeme le. (5Mo 32:​4-6) Naneke meli si gɔme Mawu mese o. (Yes 40:​13, 14) Togbɔ be eɖea mɔ ɣeaɖewoɣi be nane siwo mewɔ ɖeka kple eƒe nudidi dzɔdzɔewo o nayi edzi hãa, eya ko si mee ale si nuwo ava nɔ le etsɔmea le, eye akpɔ egbɔ be wowɔ ɖeka kple yeƒe lɔlɔ̃nu. Nu sia nu si wògblɔa, awɔe ‘ade go.’—Yes 55:​8-11; 46:​9-11.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w08 8/1 11 ¶5

Dzeɖoɖo Kple Sɔhɛwo

▪ ‘Ðe mesea susu si tae wògblɔa nya aɖewo ɖoa gɔmea?’ Hiob 12:11 gblɔ be: ‘Ðe to medoa nya kpɔna, abe ale si veme ɖɔa nuɖuɖu kpɔna ene oa?’ Ehiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be ‘nàdo’ nya siwo viwòa gblɔna kpɔ. Zi geɖea, sɔhɛwo gblɔa nyawo abe ɖe nenema ko wonɔna ɣesiaɣi ene. Le kpɔɖeŋu me, viwò ate ŋu agblɔ be: “Ðevi ko nèbuam ɣesiaɣi!” alo “Mèɖoa tom gbeɖe o!” Mahiã be nànɔ nya hem le nya siwo nye “ɣesiaɣi” kple “gbeɖe o” ƒe nyateƒemanyemanye ŋu o, anyo be nàde dzesii be gɔmesese bubu ate ŋu anɔ nya mawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, “Ðevi ko nèbuam ɣesiaɣi” ate ŋu afia be, “Ewɔna nam abe ɖe mèkana ɖe dzinye o ene,” eye “Mèɖoa tom gbeɖe o” ate ŋu afia be, “Medi be magblɔ ale si mesena le ɖokuinye me ŋutɔŋutɔ na wò.” Dze agbagba nàse susu si tae wògblɔ nya mawo ɖoa gɔme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe