INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr23 November axa 1-11
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo—2023
  • Tanya Suewo
  • NOVEMBER 6-12
  • NOVEMBER 13-​19
  • NOVEMBER 20-26
  • NOVEMBER 27–​DECEMBER 3
  • DECEMBER 4-10
  • DECEMBER 11-17
  • DECEMBER 18-24
  • DECEMBER 25-​31
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo—2023
mwbr23 November axa 1-11

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

© 2023 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

NOVEMBER 6-12

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 13-14

“Ne Ame Ku La, Ðe Wòagagbɔ Agbea?”

w99 10/15 3 ¶1-3

Ale Si Míele Agbe Didi Nɔnɔ Dimee

EGBEA gɔ̃ hãa, ame sia ame kloe alɔ̃ ɖe nya sia si wogblɔ tso ale si agbe le kpuie ŋua dzi, togbɔ be ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi esime woŋlɔe hã. Zi geɖea, medzɔa dzi na amewo be woanɔ ɖekakpui alo ɖetugbi me ɣeyiɣi kpui aɖe ko aku amegã ahaku o. Eya ta mɔ siwo dzi woato adidi agbenɔƒe ɖe edzi va bɔ ɖe ŋutinya katã me.

Le Hiob ŋɔlia, Egiptetɔwo ɖua lãwo ƒe vowo kple susu be yewoagaɖo ɖekakpui alo ɖetugbi me ake, gake wodo kpo nu. Titinaɣeyiɣi me atikewɔlawo ƒe taɖodzinu veviwo dometɔ ɖekae nye be yewoawɔ atike aɖe si ana woanɔ agbe didi. Agbediditikedila geɖewo xɔe se be sika ate ŋu ana yewoanɔ makumakugbe eye be nuɖuɖu le sikagbawo me didia agbenɔƒe ɖe edzi. Blema China Taotɔwo susui be yewoate ŋu atrɔ asi le ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ ŋu to nanewo abe ŋugbledede, ŋɔtimegbɔgbɔ tsɔtsɔ de ka mee, kple nuɖuɖu ene me ale be yewoanɔ makumakugbe.

Spaintɔ Juan Ponce de León, si nye anyigbayeyedila xɔ ŋkɔ le ɖekakpuimenɔnɔ ƒe dzɔƒe didi madzudzɔmadzudzɔe ta. Ƒe alafa 18 lia me atikewɔla aɖe kafui le eƒe agbalẽ si nye Hermippus Redivivus me be woade ɖetugbuivi nɔaƒewo xɔ sue aɖe me le woƒe ɖetugbimenɔɣi eye woalé woƒe gbɔgbɔ ade atukpawo me be woatsɔ awɔ agbe didi nɔnɔ ƒe atikee. Abe ale si nàkpɔe xoxo enea, mɔnu siawo dometɔ aɖeke mewɔ dɔ o.

w15 4/15 32 ¶1-2

Ne Wolã Ati La Ðe Wògadzena?

NE ÈTSƆ amiti si glɔ̃ hetro kpaɖikpaɖi sɔ kple Lebanon ƒe sederti gãwoa, amitia manya kpɔ na wò kura o. Gake amitiwo tea ŋu tsia agbe le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Amiti aɖewo xɔ abe ƒe 1,000 sɔŋ ene. Amiti ɖea ke yia to me ʋĩi ke, eye ne wolã atia gɔ̃ hãa, egagbɔa agbe. Ne eƒe ke menya ku le to me o koa, agadze ake.

Nuteƒewɔla Hiob ka ɖe edzi be ne yeku hãa, yeagagbɔ agbe. (Hiob 14:13-15) Etsɔ ati, si ɖewohĩ anye amiti, wɔ kpɔɖeŋui tsɔ ɖee fia be yeka ɖe edzi bliboe be ŋusẽ le Mawu si be wòafɔ ye tso ku me. Hiob gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã. Ne wolãe la, agadze” ake. Ne tsi dza le kuɖiɖi megbea, amiti ƒe takpoe si ƒua agate ŋu adze “eye wòagato alɔ abe ati fẽ ene.”​—Hiob 14:7-9.

w11 3/1 22 ¶5

‘Adzro Wò Vevie’

Hiob ƒe nyawo fia mí ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ míi: Melɔ̃a nu le ame siwo le abe Hiob ene, siwo tsɔ wo ɖokui nɛ be wòatrɔ asi le yewo ŋu ne yewoanye ame siwo dze le eŋkumea, gbɔ o. (Yesaya 64:⁠7) Yehowa dea asixɔxɔ esubɔla wɔnuteƒewo ŋu. Nuteƒewɔla siwo kua ƒe nu le ‘edzrom vevie.’ Agbalẽnyala aɖe gblɔ tso Hebrigbe me nya si gɔme woɖe alea ŋu be, “ɖikekemanɔmee la, enye nya siwo wɔa dɔ ɖe ame dzi wu, siwo wotsɔ ɖɔa didi vevie la, dometɔ ɖeka.” Ɛ̃, menye ɖeko Yehowa ɖoa ŋku esubɔlawo dzi ko o, ke edi be yeagbɔ agbe wo hã.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

it-1 191

Afi, Dzofi

Wozãna afi alo dzofi wofiana nu si ŋu viɖe aɖeke mele o alo nu ɖi gbɔlo. Le kpɔɖeŋu me, esi Abraham nɔ nu ƒom kple Yehowa la, egblɔ be “anyi kple afi menye,” elabe ekpɔe be yemeɖi naneke le Yehowa ŋkume o. (1Mo 18:27; kpɔ Yes 44:20; Hio 30:19 hã.) Eye afi ye Hiob hã tsɔ eƒe yeaɖi akɔfalawo ƒe nyawo nɔ sɔsɔm kple esi wògblɔ be woƒe nyawo nye “lodonya gbɔlowo.”​—Hio 13:12.

NOVEMBER 13-​19

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 15-17

“Eliphaz Menya Ale Si Wofaa Akɔ Na Ame O”

w05 9/15 26 ¶4-5

Mèganɔ Susu Gbegblẽwo Bum O!

Le Elifaz ƒe nuƒo etɔ̃awo katã mea, eƒe susue nye be Mawu biana nu geɖe tso esubɔlawo si ale gbegbe be nu siwo wowɔna dometɔ aɖeke medzea eŋu o. Elifaz gblɔ na Hiob be: “Kpɔ ɖa! Meka ɖe eƒe subɔlawo dzi o, eye wòkpɔa vodada le mawudɔlawo ŋu.” (Hiob 4:18) Elifaz gblɔ tso Mawu ŋu emegbe be: “Kpɔ ɖa, meɖoa dzi ɖe eƒe ame kɔkɔewo ŋu o, eye dziƒo medza le eŋku me o.” (Hiob 15:15) Eye ebia be: “Ne ènye ame dzɔdzɔe la, ɖe ŋusẽkatãtɔ tsɔ ɖe le emea?” (Hiob 22:3) Bildad wɔ ɖeka kple eƒe susua, elabena egblɔ be: “Kpɔ ɖa, ɣleti ke hã meɖina, eye ɣletiwo me mekɔna le [Mawu ƒe] ŋkume o.”​—Hiob 25:5.

Ele be míakpɔ nyuie be míagava nɔ tame bum alea o. Ana míava nɔ ebum be Mawu biana nu geɖe akpa tsoa mía si. Nukpɔsusu sia gblẽa nu le mía kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu. Gawua, ne míeva le tame bum alea ɖe, ke aleke míawɔ nui ne woɖo aɖaŋu na mí? Le esi teƒe be míabɔbɔ mía ɖokui axɔ aɖaŋuɖoɖoa, míaƒe dzi ate ŋu ‘anyrã ɖe Yehowa ŋutɔ ŋu,’ eye ɖewohĩ míalé dziku ɖe dɔme ɖe eŋu. (Lododowo 19:3) Bu nu si gbegbe ema agblẽ le mía ŋu le gbɔgbɔ me ŋu kpɔ!

w15 2/15 8 ¶16

Srɔ̃ Yesu Ƒe Ðokuibɔbɔ Kple Dɔmetɔtrɔ

16 Míagblɔ nya fadzinamewo. Míaƒe dɔmetɔtrɔ ɖe amewo ŋu aʋã mí ‘míafa akɔ na ame siwo lé blanui.’ (1 Tesalonikatɔwo 5:14) Nya kae míate ŋu agblɔ atsɔ ade dzi ƒo na wo? Míate ŋu ana woanya ale si gbegbe míetsɔ ɖe le eme na woe. Míate ŋu akafu wo ahahe woƒe susu ayi woƒe nɔnɔme nyuiwo kple woƒe ŋutetewo dzi. Míate ŋu aɖo ŋku edzi na wo be, Yehowae kpe ɖe wo ŋu woke ɖe nyateƒea ŋu, si fia be woxɔ asi le eŋkume. (Yohanes 6:44) Míate ŋu aka ɖe edzi na wo be, Yehowa tsɔ ɖe le eme na esubɔla siwo ƒe “dzi gbã gudugudu” kple esiwo ƒe “gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi” la vevie. (Psalmo 34:19) Nya fadziname siwo míagblɔ veveseɖeamenutɔe la ate ŋu ana gbɔdzɔe geɖe ame siwo hiã akɔfafa.​—Lododowo 16:24.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w06 3/15 14 ¶10

Nya Vevi Siwo Tso Hiob Ƒe Agbalẽ Me

7:9, 10; 10:21; 16:22—Ðe nya siawo fia be Hiob mexɔ tsitretsitsia dzi se oa? Nu siwo adzɔ ɖe Hiob dzi kpuie ŋu nyawo ko gblɔmee wònɔ. Ke eƒe nyawo gɔme ɖe? Ate ŋu afia be ne ekua, eŋɔlimetɔ aɖeke magakpɔe o. Womagakpɔe wòatrɔ agbɔ va eƒeme alo aganya naneke o va se ɖe ɣeyiɣi si Mawu ŋutɔ ɖo ɖi dzi. Hiob ƒe nyawo ate ŋu afia hã be ame aɖeke mate ŋu ado le tsiẽƒe le eɖokui si o. Hiob 14:13-15 ɖee fia be Hiob nɔ mɔ kpɔm be ne yeku hãa, woafɔ ye ɖe tsitre.

NOVEMBER 20-26

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 18-19

“Mègagblẽ Wò Haxɔsetɔwo Ði Gbeɖe O”

w22.01 16 ¶9

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Yesu Ƒe Aɖatsiwo Me

9 Àte ŋu akpe ɖe ame siwo le nu xam ŋu. Menye ɖeko Yesu fa avi kple Marta kpakple Maria ko o, ke eɖo to wo, eye wòfa akɔ na wo hã. Míawo hã míate ŋu awɔe nenema. Nɔviŋutsu Dan, si nye hamemetsitsi le Australia gblɔ be: “Esime srɔ̃nye kua, mehiã na kpekpeɖeŋu ale gbegbe. Atsu kple asi aɖewo va nɔa gbɔnye zã kple keli, eye woɖoa tom. Woɖea mɔ nam meɖea nye seselelãmewo gblɔna, eye mekpea ŋu na wo ne mele avi fam o. Wowɔ nu bubu aɖewo hã tsɔ kpe ɖe ŋunye. Woklɔa nye ʋua nam. Woɖia asi nam, eye woɖaa nu nam ne nu siawo wɔwɔ le sesẽm nam. Wodo gbe ɖa kplim zi geɖe. Nɔvi siawo na mekpɔe be yewonye xɔlɔ̃ vavã, siwo ‘wodzi ɖe xaxagbe ŋu.’”​—Lod. 17:⁠17.

w21.09 30 ¶16

Ne Ame Aɖe Si Míelɔ̃ Vevie La Dzudzɔ Yehowa Subɔsubɔ

16 Kpe ɖe wo ŋu, eye nàde dzi ƒo na wo. Wohiã esia fifia wu tsã. (Heb. 10:24, 25) Ɣeaɖewoɣia, ame siwo woɖe le haa mea ƒe ƒometɔ aɖewo sena le wo ɖokui me abe ɖe woɖe woawo hã le haa me ene, elabe nɔviwo megatena ɖe wo ŋu o. Ke hã, mele be míawɔ nu ɖe wo ŋu nenema o! Azɔ hã, ele be míanɔ dzi dem ƒo na sɔhɛ siwo dzilawo do le nyateƒea me. Maria, si srɔ̃ woɖe le haa me eye wòdzo le eƒe ƒomea gbɔa, gblɔ be: “Nɔvi aɖewo va mía ƒe me. Woɖa nu míeɖu, eye wokpe ɖe nye kple vinyewo ŋu míewɔ ƒomenusɔsrɔ̃. Wose veve ɖe nunye, eye wofa avi kplim. Esime ame aɖewo kaka alakpanyawo tso ŋunyea, woʋli tanye. Nɔviawo de dzi ƒo nam ŋutɔ!”​—Rom. 12:13, 15.

w90 9/1 22 ¶20

Èle Eminyãma?

20 Ele be hamemetsitsiwo ƒe haa nakpɔe adze sii be dɔa xɔxɔ le ame si ate ŋu ana ame si nye dzikpɔla alo subɔsubɔdɔwɔla tsãa naxa nu, nenye be ye ŋutɔe lɔ̃ faa ɖe asi le mɔnukpɔkpɔa ŋu gɔ̃ hã. Ne womeɖe nɔvia le haa me o, gake hamemetsitsiwo kpɔ be elé blanuia, ele be woana gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋui lɔlɔ̃tɔe. (1 Tesalonikatɔwo 5:14) Ele be woakpe ɖe eŋu wòakpɔe adze sii be yehiã le hamea me. Ne ɖe woɖo aɖaŋu nɛ gɔ̃ hãa, ɖewohĩ eteƒe madidi hafi hamea me subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo nasu ŋutsu ɖokuibɔbɔla si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋua si o.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w94 10/1 32

Akɔfanamenya Ƒe Ŋusẽ

Gake esi Hiob ŋutɔ hiã na dzideƒoa, Elifaz kple xɔ̃awo megblɔ akɔfanamenyawo nɛ o. Wobu fɔ Hiob ɖe eƒe dzɔgbevɔ̃e ta tsɔ fia be anya wɔ vodada aɖe tsɔ ɣla. (Hiob 4:⁠8) The Interpreter’s Bible gblɔ be: “Veveseɖeamenu si tso ame ƒe dzimee Hiob hiã na. Gake subɔsubɔ kple agbe nyui nɔnɔ ŋu nya siwo nye nya ‘vavãwo’ ŋutɔŋutɔ evɔ wozu nya gbɔlo titowo boŋ wogblɔ nɛ.” Elifaz kple xɔ̃awo ƒe nyawo sese na Hiob tɔtɔ ale gbegbe be ezi edzi wòdo ɣli be: “Ɣekaɣi mianɔ nuxaxa dom na nye luʋɔ, eye miatsɔ nyawo agbãm nyanyanya ase ɖo?”​—Hiob 19:⁠2.

Mele be míatsɔ dzigbãnya siwo míagblɔ tamemabumabutɔea ado nuxaxa na hati Mawu subɔla aɖeke gbeɖe o. (Tsɔe sɔ kple 5 Mose 24:15.) Biblia me lododo aɖe xlɔ̃ nu be: “Ku kple agbe le aɖe si me, ame si dze xɔlɔ̃e, aɖu eƒe kutsetsewo.”​­—Lododowo 18:⁠21.

NOVEMBER 27–​DECEMBER 3

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 20-​21

“Ame Dzɔdzɔewo Si Koe Kesinɔnuwo Nɔna?”

w07 8/1 29 ¶12

Ðe Nènye ‘Kesinɔtɔ Le Mawu Gomea’?

12 Le Yesu ƒe nyaa nua, kesinɔtɔnyenye le Mawu gome kple ŋutilãmekesinɔnuwo nuƒoƒo ƒu na ame ɖokui vivivo nye nu eve siwo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu. Eya ta ɖee Yesu nɔ gbɔgblɔm be mele be ŋutilãmekesinɔnuwo nuƒoƒo ƒu alo dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nu siwo le mía si ŋu nanye nu vevitɔ na mí le agbe me o. Ke boŋ ele be míawɔ míaƒe nunɔamesiwo ŋu dɔ le mɔ si ana be mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me nagasẽ ɖe edzia nu. Esia wɔwɔ ana míanye kesinɔtɔwo le Mawu gome godoo. Nu ka tae? Elabena enana be woxɔa yayra geɖe tso egbɔ. Biblia gblɔ na mí be: “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o.”​—Lododowo 10:⁠22.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w95 1/1 9 ¶19

Satana Kple Eƒe Dɔwɔwɔwo Dzi Ðuɖu

19 Enyo be míade dzesii be ehiã be Mawu subɔla Hiob nawɔ aʋa kple ‘susu ɖefuname’ siwo Satana to Elifaz kple Zofar dzi de tame nɛ. (Hiob 4:13-18; 20:2, 3) Esia do “dziku” na Hiob eye wòna ‘wòƒo nu kple adã’ le “ŋɔdzidodo” siwo nɔ fu ɖem na eƒe susu ŋu. (Hiob 6:2-⁠4; 30:15, 16) Elihu tsɔ ɖoɖoezizi ɖo to Hiob eye ekpe ɖe eŋu tso dzi me be wòkpɔ ale si Yehowa tsɔa nunya si ƒo ɖe sia ɖe ta kpɔa nyawo gbɔe. Nenema ke egbeaa, hamemetsitsi nugɔmeselawo ɖenɛ fiana be yewotsɔ ɖe le eme na ame siwo dzi nu te ɖo le ale si womegatsɔa “agba” bubu kpenɛ na ame siawo o me. Ke boŋ abe Elihu enea, woɖoa to dzigbɔɖitɔe eye emegbe wotsɔa Mawu ƒe Nya si le abe ami si faa nu na ame la sina na wo. (Hiob 33:1-3, 7; Yakobo 5:13-15) Eya ta ame sia ame si tamesusu ƒe fuɖename siwo nye nu ŋutɔŋutɔ alo nu siwo va susu me na ame ko le fu ɖem na eƒe seselelãmewo, alo ame siwo ‘drɔ̃e kple ŋutega doa ŋɔdzi na’ abe Hiob enea ate ŋu akpɔ Ŋɔŋlɔawo me kɔfafa fadziname le hamea me.​—Hiob 7:14; Yakobo 4:⁠7.

DECEMBER 4-10

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 22-​24

“Ðe Ame Ate Ŋu Anye Viɖenu Na Mawua?”

w05 9/15 27 ¶1-3

Mèganɔ Susu Gbegblẽwo Bum O!

Nukpɔsusu aɖe li si sɔ kple esi nye be Mawu biana nu geɖe akpa tso mía si; eyae nye be mebua amegbetɔwo ɖe ­naneke me o. Le Elifaz ƒe nuƒoƒo etɔ̃lia mea, ebia nya sia be: “Ðe ŋutsu enye viɖenu na Mawua? Kpao, boŋ nunyala enye viɖenu na eya ŋutɔ ɖokui ko.” (Hiob 22:⁠2) Elifaz ƒe nyawo fia be Mawu mebua amegbetɔ ɖe naneke me o. Bildad hã gblɔ nya ma tɔgbi be: “Aleke amegbetɔ ƒe nya adzɔ le Mawu gbɔ, eye nyɔnu tɔ dzidzia adza?” (Hiob 25:⁠4) Nya mawo fia be aleke Hiob si nye amegbetɔ tsɛ agblɔ be yele dzɔdzɔe le Mawu ŋku me?

Nukpɔsusu gbegblẽwo le ame aɖewo si egbea le woa ŋutɔwo ɖokui ŋu. Esia ate ŋu atso ƒome si me wonyi ame le, agbemekuxiwo, alo ŋutigbalẽ kple gbegbɔgblɔ me fuléle si me ame to gbɔ. Gake Satana kple eƒe dɔlawo ya kpɔa dzidzɔ ne dzi ɖe le amewo ƒo. Ne wote ŋu na ame aɖe va le esusum be yeƒe nuwɔna aɖeke medzea Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu o koa, ekema mɔkpɔkpɔ abu ɖee bɔbɔe. Le ɣeyiɣi aɖe megbea, ame sia ate ŋu ava nɔ megbe dem le Mawu gbagbe la ŋu vivivi, alo ate ŋu adzo le egbɔ kura gɔ̃ hã.​—Hebritɔwo 2:⁠1; 3:⁠12.

Tsitsi kple lãmesẽkuxiwo nana míegate ŋu va wɔa nanewo o. Ðewohĩ dɔ siwo wɔm míele le Fiaɖuƒedɔa mea magaɖi naneke ne míetsɔe sɔ kple esi míete ŋu wɔna esime míenye sɔhɛ eye lãmesẽ kple ŋusẽ nɔ mía ŋu o. Ele vevie ale gbegbe be míanyae be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo di be míabui be nu siwo wɔm míelea medzea Mawu ŋu o! Ele be míatsri tamebubu alea.

w95 2/15 27 ¶6

Ale Si Nàkpɔ Kuxiwo Gbɔe Ŋuti Nufiame

Hiob ƒe zɔhɛ etɔ̃awo ƒe woawo ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo, ke menye Mawu ƒe nunya o, gbɔgblɔ gaɖe dzi le eƒo ɖe edzi. Elifaz ya gblɔ kura be ‘Mawu meɖoa dzi ɖe eƒe subɔlawo ŋu o’ eye be Hiob ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ alo emawɔmawɔ mele vevie na Yehowa o. (Hiob 4:18; 22:2, 3) Ƒãa hafi nàgakpɔ dziɖeleameƒonya​—alo aʋatsonya​—si alolo wu ema! Eya ta mewɔ nuku o be Yehowa ka mo na Elifaz kple eƒe zɔhɛwo le busunyagbɔgblɔ sia ta. Egblɔ be: “Mieƒo nu nyui aɖeke le ŋunye . . . o.” (Hiob 42:7) Gake nya siwo atɔ ame wu le ŋgɔ gbɔna.

w03 4/15 14-​15 ¶10-​12

Sɔhɛ Siwo Doa Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi

10 Abe ale si wòdze le Biblia me nuŋlɔɖia me enea, menye Hiob ɖeɖe ƒe nuteƒewɔwɔ ko ŋue Satana tsɔ nya ɖo o, ke boŋ ɖe ame siwo katã subɔa Mawu​—tsɔ kpe ɖe wò ŋutɔ hã—ŋue wòtsɔ nya ɖo. Le nyateƒe mea, esi Satana nɔ nu ƒom tso ameƒomea katã ŋua, egblɔ na Yehowa be: “Amegbetɔ [menye Hiob ɖeɖe ko o, ke boŋ ame sia ame] atsɔ nu siwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta.” (Hiob 2:4) Èkpɔ akpa si dze ŋgɔ wò le nya vevi sia mea? Abe ale si wòdze le Lododowo 27:11 enea, Yehowa le gbɔgblɔm be nane li si nàte ŋu ana ye​—si nye nu si dzi yeanɔ te ɖo aɖo nya ŋu na ame si le alɔme ɖem le ye ŋu, Satana. Bu eŋu kpɔ ko​—be Xexea Me Katã ƒe Dziɖulagã le biabiam tso asiwò be nàkpɔ gome le nya gãtɔ kekeake si fɔ ɖe tea gbɔ kpɔkpɔ me. Agbanɔamedzi kple mɔnukpɔkpɔ nyadri kae nye si wònye na wò! Ðe nàte ŋu awɔ ɖe nu si Yehowa le biabiam tso asiwòa dzia? Hiob wɔe. (Hiob 2:9, 10) Nenema kee Yesu kpakple ame gbogbo aɖewo, tsɔ kpe ɖe sɔhɛ geɖe ŋu, siwo nɔ anyi le ŋutinya me hã wɔe. (Filipitɔwo 2:⁠8; Nyaɖeɖefia 6:⁠9) Wò hã àte ŋu awɔ nenema ke. Mègable ɖokuiwò kura o, elabena vedomesinɔnɔ aɖeke mele nya sia me o. To wò nuwɔnawo mea, àɖee afia be yede Satana ƒe alɔmeɖeɖea dzi loo alo Yehowa ƒe ŋuɖoɖoa dzi. Ka dzie nàdi be yeade?

Yehowa Tsɔa Ðe Le Eme Na Wò!

11 Ðe akpa si dzi nàtia be yeanɔa ka Yehowa nenema gbegbea? Ðe ame gbogbo aɖewo melé nuteƒewɔwɔ nɛ me ɖe asi xoxo be wòate ŋu ana ŋuɖoɖo si sɔa Satana oa? Nyateƒee, Abosam ƒu asi akɔ be ame aɖeke metsoa lɔlɔ̃ me subɔa Yehowa o, esi nye nutsotso aɖe si dze xoxo be aʋatsoe. Ke hã, Yehowa di be wò hã nànɔ yeƒe akpa dzi le dziɖulanyenye ƒe nyaa me elabena etsɔ ɖe le eme na wò. Yesu gblɔ be: “Menye mía Fofo, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu bena nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.”​­—Mateo 18:14.

12 Edze ƒãa be Yehowa tsɔ ɖe le akpa si nàtia me. Vevietɔ wua, ekae. Biblia na eme kɔ ƒãa be seselelãme detowo le Yehowa si, siwo amegbetɔwo ƒe nuwɔna nyuiwo alo gbegblẽawo nana wòɖenɛ fiana. Le kpɔɖeŋu me, esime Israel-viwo nɔ aglã dzem edziedzia, “wodo dziku” na Yehowa. (Psalmo 78:40, 41) Do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa, esime “amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ” la, ‘eɖu dzi na’ Yehowa. (1 Mose 6:5, 6) Bu nu si esia fia ŋu kpɔ. Ne ètia mɔ gbegblẽa, ana wòate ɖe Wɔwòla dzi. Esia mefia be Mawu nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ alo be seselelãmewo ɖua edzi o. Ke boŋ efia be elɔ̃ wò eye wòtsɔ ɖe le wò nyonyo me vevie. Gake ne èwɔ nu si nyoa, Yehowa ƒe dzi kpɔa dzidzɔ. Menye le esi ŋuɖoɖo bubu gasu esi wòana Satana ta koe dzi dzɔnɛ ɖo o, ke le esi wòate ŋu ava nye Teƒeɖola na wò hã tae. Eye emae nye ame si wòdi be yeanye na wò. (Hebritɔwo 11:6) Fofo lɔ̃ame kae nye si Yehowa Mawu nye na wò!

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w04 7/15 21-22

Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo Tsɔ Kafu Wɔwòlae

De ŋugble le ale si Yehowa wɔ xexea mee ŋu kpɔ. Gbɔgblɔ be “zã do, eye ŋu ke,” fia be Yehowa de vovototo nuwɔwɔ ƒe ɣeyiɣi siwo va ɖe wo nɔewo yomea me. (1 Mose 1:5, 8, 13, 19, 23, 31) Le nuwɔwɔ ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedzea, enya taɖodzinu alo nu si gbɔ wòaɖo le ŋkeke ma dzi. Eye Mawu wɔ eƒe tameɖoɖo be yeawɔ nuwoa dzi. (Nyaɖeɖefia 4:11) Blemafofo Hiob gblɔ be: ‘Ne nane dzro Yehowa la, ewɔnɛ!’ (Hiob 23:13) Aleke wòanye dzidzɔ na Yehowa enye si be wòkpɔ “nu siwo katã wòwɔ” hegblɔ be “wonyo ŋutɔ”!​—1 Mose 1:⁠31.

Be míaƒe taɖodzinuwo nava eme na mía, ele be wòanye míaƒe didi vevie be míaɖo wo gbɔ. Nu kae akpe ɖe mía ŋu didi vevie ma ƒomevi nanɔ mía me? Esime anyigba nɔ nyamaa eye nɔnɔme menɔ esi o, eye wònɔ ƒuƒlu kura gɔ̃ hãa, Yehowa te ŋu kpɔ nu si wòava zu​—be ava zu nu xɔasi aɖe le xexea me, si ahe kafukafu kple bubu vɛ nɛ. Nenema kee míawo hã míate ŋu atu míaƒe didi be míawɔ nu siwo ƒe tame míeɖoa ɖo to ŋugbledede le nu siwo ado tso taɖodzinua dzi wɔwɔ me kple vi siwo wòaɖe ŋu. Nu sia ƒe nuteƒekpɔkpɔ le Tony si xɔ ƒe 19 si. Va se ɖe egbea, meŋlɔ dzidzɔ si wòkpɔ zi gbãtɔ si wòyi ɖasrã Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe le Ɣetoɖoƒe Europa be kpɔ gbeɖe o. Tso gbe ma gbea, biabia si nɔ susu me na Tony ye nye, ‘Aleke teƒe ma ƒomevi nɔnɔ kple subɔsubɔ le afi ma anɔ?’ Tony medzudzɔ ale si wòate ŋu awɔ esiae la ŋu bubu o, eye wòyi edzi ku kutri be yeaɖo taɖodzinua gbɔ. Aleke gbegbee ­wòkpɔ dzidzɔ enye esi esime womia asii le ƒe geɖewo megbe be wòava subɔ le alɔdzedɔwɔƒea!

DECEMBER 11-17

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 25-27

“Mehiã Be Míade Blibo Hafi Ate Ŋu Awɔ Nuteƒe O”

it-1 1210 ¶4

Nuteƒewɔwɔ

Hiob. Anɔ eme be Hiob nɔ agbe le Yosef ƒe ku megbe, eye ɣemaɣia Mose mezu Yehowa ƒe nyagblɔɖila haɖe o. Biblia gblɔ tso Hiob ŋu be, “enye ame dzɔdzɔe si wɔa nuteƒe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” (Hio 1:1) Esi mawudɔlawo va kpe ta le dziƒoa, Satana, si nye Yehowa Mawu ƒe futɔ̃, hã va do ɖe wo dome. Nya si Yehowa biae tso Hiob ŋua na míekpɔe be amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ nye nya si fɔ ɖe te le Yehowa kple Satana domea ƒe akpa vevi aɖe. Satana tsɔ nya ɖe Hiob ŋu be viɖe siwo kpɔm wòle tso Mawu gbɔ tae wòle esubɔm ɖo, ke menye be elɔ̃e tae o. Edi be yeagblɔ be Hiob mate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu o. Togbɔ be Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòagblẽ Hiob ƒe nunɔamesi gbogboawo dome, eye Satana wu Hiob ƒe viwo ƒu edzi gɔ̃ hãa, Hiob yi edzi wɔ nuteƒe. (Hio 1:⁠6–​2:⁠3) Emegbea, Satana gatso Hiob nu be esi wònye be naneke mewɔ eya ŋutɔ ƒe ŋutilã o tae wòyi edzi le nuteƒe wɔm ɖo. (Hio 2:4, 5) Eya ta ena ƒoƒoe vɔ̃ɖi aɖe tee, srɔ̃a ɖe dzi le eƒo, exɔlɔ̃wo bu fɔe vevie heɖi gbɔe eye woda alakpa tso Mawu ŋu nɛ. (Hio 2:6-​13; 22:1, 5-​11) Gake le esiawo katã mea, Hiob ɖee fia be yenye nuteƒewɔla. Egblɔ be, “Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu va se ɖe esime maku o! Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi, eye nyemaɖe asi le eŋu akpɔ o; zi ale si mele agbe la, nye dzi mabu fɔm o.” (Hio 27:5, 6) Ale si wòyi edzi wɔ nuteƒea ɖee fia be alakpatɔe Mawu ƒe Futɔ Satana nye.

w19.02 3 ¶3-5

Lé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi!

3 Aleke Mawu subɔlawo ɖea nɔnɔme nyui si nye fɔmaɖimaɖi fiana? Wowɔa esia to ale si woyia edzi lɔ̃a Yehowa tso dzi blibo me kple ale si wotsɔa wo ɖokuiwo nana Eyama bliboe me, eye esia wɔnɛ be wowɔa nu siwo dzea eŋu ɣeawokatãɣi. Bu ale si wozã nya fɔmaɖimaɖi le Biblia me ŋu kpɔ. Le Biblia mea, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “fɔmaɖimaɖi” fia: sɔsɔ bliboe, kpɔtsɔtsɔmanɔŋui alo nu si de le goawo katã me. Le kpɔɖeŋu me, Israel-viwo tsɔa lãwo saa vɔ na Yehowa, eye Sea bia be ele be lã siwo woazã la nasɔ bliboe. (3 Mose 22:21, 22) Sea meɖe mɔ be Mawu ƒe amewo natsɔ lã aɖe si ƒe ata ŋe, lã ŋkuagbã, alo lã toɖeka atsɔ asa vɔe o; nenema kee mele be woatsɔ lã lédɔ hã asa vɔe o. Le Yehowa gbɔa, ele vevie be lãa nasɔ bliboe, kpɔtsɔtsɔ naganɔ eŋu o, eye wòade le goawo katã me. (Mal. 1:6-⁠9) Míate ŋu ase nu si tae Yehowa di be lãa nasɔ bliboe alo wòade pɛpɛpɛa gɔme. Ne míeƒle atikutsetse aɖea, míedina be eƒe akpa aɖeke navó o; ne míeƒle agbalẽ aɖea, míedina be eƒe akpa aɖeke naɖe ɖa o; nenema kee ne míeƒle dɔwɔnu aɖea, míedina be nu sia nu nade pɛpɛpɛ le eŋu. Míedina be nua nasɔ bliboe, kpɔtsɔtsɔ aɖeke naganɔ eŋu o, alo wòade le goawo katã me. Nenema tututue Yehowa hã dina be míalɔ̃ ye ahawɔ nuteƒe na ye. Edi be míalɔ̃ ye kple dzi blibo eye míawɔ nuteƒe na ye le goawo katã me.

4 Ðe wòle be míaƒo nya ta be ele be míanye ame deblibowo hafi míate ŋu alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asia? Le nyateƒe mea, mía dometɔ aɖeke mede blibo o, eye míedaa vo zi geɖe. Gake, bu susu eve siwo tae mele be míasusui be ehiã be míade blibo hafi ate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu oa ŋu kpɔ. Gbãa, Yehowa metsɔa eƒe susu ɖoa míaƒe vodadawo ŋu o. Eƒe Nyaa gblɔ na mí be: “Oo Yah, ne vodadawo ŋue nèléa ŋku ɖo la, Oo Yehowa, anye ne ame kae ate ŋu anɔ te?” (Ps. 130:3) Enyae be míede blibo o, eye míenye nu vɔ̃ mewo; eye etsɔ kea mí dɔmenyotɔe. (Ps. 86:5) Evelia, Yehowa nya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo, eye mebiaa nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋua tso mía si o. (Xlẽ Psalmo 103:​12-14.) Ekema, gɔmesese ka nue wòdi be míasɔ bliboe, kpɔtsɔtsɔ naganɔ mía ŋu o, eye míade le goawo katã me le?

5 Nu vevi si akpe ɖe Yehowa subɔlawo ŋu woalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ye nye lɔlɔ̃. Ele be lɔlɔ̃ si le mía si na mía Fofo si le dziƒo kple mía ɖokui tsɔtsɔ nɛ bliboe nakpɔtɔ anye esi sɔ bliboe, esi ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, alo esi de le goawo katã me. Ne míaƒe lɔlɔ̃ na eyama kpɔtɔ le nenema le dodokpɔwo me gɔ̃ hãa, ekema, efia be míelé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. (1 Kron. 28:⁠9; Mat. 22:37) Gabu Ðasefo etɔ̃ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedzea ŋu kpɔ. Nu ka tae wowɔ nu nenema ɖo? Ðe nɔvinyɔnuvia medi be yeakpɔ dzidzɔ le suku oa? Alo ɖe nɔviŋutsu ɖekakpuia di be woado ŋukpe ye le ʋɔtrua nua? Eye ɖe ƒome ƒe ta la di be dɔ nage le ye sia? Menye nenemae wòle kura o. Ke boŋ, wonyae be Yehowa di be yewoanɔ agbe ɖe yeƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu, eye woƒe susu katã nɔ nu si woawɔ be woadze wo Fofo si le dziƒo ŋua ŋu. Lɔlɔ̃ si le wo si nɛa ʋã wo wotsɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe nyametsotsoa me. Woto esia me ɖee fia be yewolé yewoƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w16.11 9 ¶3

Mawu Ƒe Nyaa Nana Eƒe Amewo Subɔnɛ Le Ðekawɔwɔ Me

3 Nuwɔwɔwo ɖo kpe edzi be Mawu nye Ðoɖowɔla si ɖeke mesɔ kplii o. Biblia gblɔ be: “Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la gɔme anyi. Nugɔmesesee wòtsɔ li ke dziƒowo.” (Lod. 3:19) Mawu ƒe “mɔwo ƒe nugbɔ” koe míenya, “eye nya si míese le eŋu la nye dalĩdodo ko!” (Hiob 26:14) Ke hã, nu ʋɛ siwo míenya tso ɣletinyigbawo, ɣletiviwo kple ɣletivihatsotsowo ŋua nana míekpɔnɛ be dziƒoŋunu siawo le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu. (Ps. 8:3, 4) Ɣletivi miliɔn geɖewoe le ɣletivihatsotso ɖe sia ɖe me, eye wo katã wole zɔ ɖem le dziƒonutowo me le ɖoɖo nu. Eye ɣletinyigba siwo te ɖe ɣea ŋua ƒoa xlã ɣea le ɖoɖo nu abe ʋukula siwo le ʋukusewo dzi wɔm pɛpɛpɛ ene. Kakaɖedzitɔea, ɖoɖo wɔnuku si nu xexe gbahooa le kpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ be Yehowa, ame si “wɔ dziƒowo [kple anyigba] le aɖaŋu me” la dze be míakafui, awɔ nuteƒe nɛ ahasubɔe.​—Ps. 136:1, 5-⁠9.

DECEMBER 18-24

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 28-29

“Ðe Ŋkɔ Nyui Le Asiwò Abe Hiob Enea?”

w02 5/15 22 ¶19

Mive Ame Siwo Ðo Xaxa Me Nu

19 Biblia me nuŋlɔɖi siwo me míedzro la te gbe ɖe edzi be ele be woaɖe ­amenuveve afia ame siwo ɖo xaxa me evɔ woa ŋutɔwo mate ŋu akpɔ egbɔ o. Be Abraham ƒe ƒomea nadzi ɖe edzia, ehiã Betuel ƒe kpekpeɖeŋu. Yakob hiã Yosef ƒe kpekpeɖeŋu be woatsɔ eƒe kukua ayi Kanaan. Eye ­Naomi hiã Rut ƒe kpekpeɖeŋu hafi wòate ŋu akpɔ domenyila. Abraham, Yakob, alo ­Naomi dometɔ aɖeke mate ŋu akpɔ hiahiã mawo gbɔ kpekpeɖeŋu maxɔmaxɔe o. Nenema ke egbeaa, ele vevie be woave ame siwo ɖo xaxa me nu. (Lododowo 19:17) Ele be míasrɔ̃ blemafofo Hiob, ame si xɔ na “ame dahe, si le ɣli dom la, kple tsyɔ̃evi, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la” kpakple “ame tsiasi” siaa. Azɔ hã Hiob ‘na ahosiwo ƒe dzi tso aseye’ eye wònye ‘ŋku na ŋkuagbãtɔwo.’​—Hiob 29:12-15.

it-1 655 ¶10

Awu, Avɔ

Wogazã awu le kpɔɖeŋumɔ bubuwo hã nu. Nɔnɔme si me ame aɖe dzra ɖo le alo awu tɔxɛ si wòdoa nana wòtea ŋu dea dzesi habɔbɔ si me tɔ wònye alo akpa si dzi wòle le hadomenuwɔna aɖe me. Nenema kee le Biblia mea, wozãa awu alo avɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu wòfiaa ame aɖe ƒe agbenɔnɔ alo akpa si wɔm wòle le hadomenuwɔna aɖe me. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye kpɔɖeŋu si Yesu wɔ tso srɔɖewu ŋu. (Mt 22:11, 12) Le Nyaɖeɖefia 16:14, 15, Aƒetɔ Yesu Kristo xlɔ̃ nu mí be ele be míanɔ ŋudzɔ eye míana nɔnɔme nyui siwo míedo abe Mawu vavã la ƒe ɖasefo wɔnuteƒewo enea nayi edzi anɔ mía ŋu. Ne menye nenema oa, míatsrɔ̃ ne “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” la ɖo edzi.

w09 2/1 15 ¶3-4

Nu Si Tae Wotsɔa Ŋkɔ Aɖewo Ðo

Menye mía ŋutɔwoe tia ŋkɔ si wotsɔ na mí le mía dziɣi o. Gake mía ŋutɔwo ƒe nuwɔnawoe kpɔa ŋusẽ ɖe ŋkɔ si ƒomevi míewɔna na mía ɖokuia dzi. (Lododowo 20:11) Anyo be nàbia ɖokuiwò be: ‘Nenye ɖe mɔnukpɔkpɔa su Yesu alo apostoloawo si la, anye ne ŋkɔ kae woatsɔ nam? Ŋkɔ kae sɔ woatsɔ aɖɔ nye nɔnɔme vevitɔ alo nye nuwɔnawoe?’

Ehiã be míabu nyabiase siawo ŋu vevie. Nu ka tae? Elabena nunyala Fia Salomo, ŋlɔ bena: “Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesinɔnu geɖe ta.” (Lododowo 22:1) Kakaɖedzitɔea, ne míewɔ ŋkɔ nyui na mía ɖokuiwo le ame siwo dome míele gbɔa, anye kesinɔnu na mí. Eye gawua, ne míewɔ ŋkɔ nyui na mía ɖokuiwo le Mawu gbɔa, míaxɔ kesinɔnu si anɔ anyi ɖaa. Le mɔ ka nu? Mawu do ŋugbe be yeaŋlɔ ame siwo vɔ̃a ye la ƒe ŋkɔwo ɖe yeƒe “ŋkuɖodzigbalẽ” me ahana agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ wo.​—Malaki 3:16; Nyaɖeɖefia 3:5; 20:12-15.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

g00 7/8 11 ¶3

Ko Alɔgbɔnu​—Eɖea Vi Na Wò!

Ðe alɔgbɔnukoko ɖea vi aɖe vavãa? Enyo, èɖo ŋku edzi esime ame aɖe ƒe nukomoɖoɖo na wò na gbɔdzɔe wò alo wɔe be wò dzi dze emea? Alo èɖo ŋku edzi kpɔ be esi womeɖo nukomo na ye oa, ena yetsi dzi alo yese le ye ɖokui me kura gɔ̃ hã be womexɔ ye oa? Ẽ, nukoko vie te ŋu naa nuwo trɔna bubui kura. Eɖea vi na nua kola kple ame si wòle ekom na siaa. Hiob, si ƒe ŋutinya le Biblia me gblɔ le eƒe futɔwo ŋu be: “Ne dzi ɖe le wo ƒo la, mekoa nu na wo ŋɔnyɔe, eye womete ŋu nana nye nukomo la ɖoa adã o.” (Hiob 29:24) Hiob ƒe “nukomo la” ate ŋu afia eƒe mokɔkɔɖeame alo vividodoɖeameŋu.

DECEMBER 25-​31

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 30-​31

“Nu Siwo Kpe Ðe Hiob Ŋu Wònɔ Agbe Nyui”

w10 4/15 21 ¶8

Ðe Wò Ŋku Ða Le Nu Dzodzrowo Kpɔkpɔ Ŋu!

8 Ŋku ƒe nudzodzrowo kple ŋutilã ƒe nudzodzrowo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ vavãwo hã dzi. Eya ta Mawu ƒe Nyaa de dzi ƒo na mí be míaɖu mía ɖokuiwo dzi le nu siwo míekpɔna kple nu siwo dzroa mí la gome. (1 Kor. 9:25, 27; mixlẽ 1 Yohanes 2:​15-17.) Ame dzɔdzɔe Hiob kpɔ kadodo sẽŋu si le nukpɔkpɔ kple nudzroame dome la dze sii. Egblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?” (Hiob 31:⁠1) Menye ɖeko Hiob ɖoe kplikpaa be yemaka asi nyɔnu ŋu le mɔ gbegblẽ nu ko o, ke eɖoe be yemanɔ susu ma ŋu bum gɔ̃ hã o. Yesu te gbe ɖe edzi be ele be míaƒo asa na gbɔdɔnuwɔna gbegblẽwo ŋu bubu esi wògblɔ be: “Ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.”​—Mat. 5:⁠28.

w08 9/1 11 ¶4

Bu ‘Nu Si Ava Dzɔ’ La Ŋu

Hafi nàɖe afɔ gbãtɔ adze mɔ sia tɔgbi dzia, bia ɖokuiwò be, ‘Afi kae esia akplɔm ayi?’ Ne ètɔ vie de ŋugble tso ‘nu si ate ŋu ava adzɔ’ ŋua, esia ate ŋu ana nàƒo asa na afɔ aɖe si ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò veviea ɖeɖe. AIDS (Ðikanakudɔ) kple nulɔdɔ bubuwo, gbɔmeyafu, fuɖeɖe, ƒomedodowo me gbegblẽ, dzitsinya ƒe fuɖename sɔŋ ye le mɔ dzi na ame siwo tiae be yewoaŋe aɖaba aƒu mɔfiadzesi siawo tɔgbi dzi. Apostolo Paulo gblɔ ale si ame siwo nɔa agbe gbegblẽa ƒe mɔ ƒe nuwuwu anɔ la eme kɔ nyuie. “Womanyi Mawu fiaɖuƒe la dome o.”​—1 Korintotɔwo 6:9, 10.

w10 11/15 5-⁠6 ¶15-​16

Sɔhɛwo​—Mina Mawu Ƒe Nya La Nafia Mɔ Mi

15 Ɣekaɣie nèsusu be woate ŋu ado wò nuteƒewɔwɔ na Mawu kpɔ wu​—ne èle amewo dome loo, alo ne wò ɖeɖe nèli? Anɔ eme be ne èle suku alo dɔ mea, ànɔ ŋute le gbɔgbɔ me geɖe wu. Ànɔ ŋudzɔ ɖe nu sia nu si ate ŋu ade wò gbɔgbɔmenyenye afɔku mea ŋu. Gake ne wò ɖeɖe nèli heɖe dzi ɖia, ɣemaɣie wòle bɔbɔe wu be nàna ta ne èdo go agbe nyui nɔnɔ ƒe tetekpɔwo.

16 Nu ka tae nàdi be yeaɖo to Yehowa ne wò ɖeɖe nèli gɔ̃ hã? Ðo ŋku nya sia dzi: Àte ŋu ado vevesese na Yehowa loo alo ado dzidzɔ na eƒe dzi. (1 Mose 6:5, 6; Lod. 27:11) Wò nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe Yehowa ƒe seselelãme dzi le esi wòtsɔ ɖe le eme na wò ta. (1 Pet. 5:⁠7) Edi be nàɖo to ye bene eme nanyo na wò. (Yes. 48:17, 18) Esi Yehowa subɔla aɖewo siwo nɔ blema Israel la gbe eƒe aɖaŋuɖoɖo dzi wɔwɔa, wodo vevesese nɛ. (Ps. 78:40, 41) Ke hã, Yehowa lɔ̃ nyagblɔɖila Daniel ya vevie, elabena mawudɔla aɖe yɔe be “ame malɔ̃nugbɔa.” (Dan. 10:11) Nu ka tae? Menye ɣeyiɣi siwo me ­Daniel le amewo dome koe wòwɔa nuteƒe na Mawu o, ke ewɔa nuteƒe nɛ ne eya ɖeɖe le eƒe me hã.​—Mixlẽ Daniel 6:⁠10.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

w05 11/15 11 ¶3

Toɖoɖo Lɔlɔ̃tɔe ƒe Aɖaŋu

Hiob ƒe zɔhɛwo se eƒe nuƒo ewo ya teti. Ke hã, Hiob gblɔ be: “Oo, ɖe ame aɖe naɖo tom!” (Hiob 31:35) Nu ka tae? Elabena woƒe toɖoɖoa mehe akɔfafa aɖeke vɛ nɛ o. Wometsɔ ɖeke le Hiob ŋutɔ me loo alo di be yewoase eƒe seselelãmewo gɔme o. Womenye veveseɖeamenula siwo dzi ame ƒe nya wɔa dɔ ɖo o. Gake apostolo Petro ɖo aɖaŋu be: “Mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.” (1 Petro 3:⁠8) Aleke míawɔ aɖee afia be míesea veve ɖe amewo nu? Mɔ ɖekae nye to ɖetsɔleme ɖeɖe fia ɖe amea ƒe seselelãmewo ŋu kple agbagbadzedze be míase wo gɔme nɛ me. Veveseɖeamenunyawo abe “nu ma ave wò godoo” alo “anye be womese wò nuwɔnaa (alo nyaawo) gɔme o” gbɔgblɔ nye mɔ aɖe si dzi míato aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme. Mɔ bubue nye be míagbugbɔ amea ƒe nyawo agblɔ ɖe mía ŋutɔwo míaƒe nyagbɔgblɔ me, ahato eme aɖee afia be míese nya si amea gblɔ gɔme. Toɖoɖo lɔlɔ̃tɔe fia be menye nyawo ŋu ko míalé to ɖo o, ke boŋ ɖe seselelãme siwo womeɖe gblɔ o hã ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe