INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Efia Ðokuibɔbɔ Wo Le Ŋutitoto Mamlɛtɔ Ðuɣi
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu klɔ afɔ na apostoloawo tsɔ fia ɖokuibɔbɔ wo

      TA 116

      Efia Ðokuibɔbɔ Wo Le Ŋutitoto Mamlɛtɔ Ðuɣi

      MATEO 26:20 MARKO 14:17 LUKA 22:14-18 YOHANES 13:1-17

      • YESU ÐU ŊUTITOTO MAMLƐTƆ KPLE EƑE APOSTOLOWO

      • EFIA NU VEVI AÐE EƑE APOSTOLOWO ESI WÒKLƆ AFƆ NA WO

      Petro kple Yohanes yi Yerusalem ɖadzra ɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyuia ŋu xoxo abe ale si Yesu dɔ wo be woawɔe ene. Emegbe Yesu kple apostolo ewo mamlɛawo ɖo ta afi ma. Ŋdɔ mee, eye ɣea le to ɖom esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo le ɖiɖim le Amitoa dzi. Esiae nye zi mamlɛtɔ si Yesu anɔ toa dzi akpɔ dua ɖaa le ŋkeke me halase eƒe tsitretsitsi megbe.

      Eteƒe medidi o, Yesu kple etɔwo ɖo dua me eye woɖo ta aƒe si me woaɖu Ŋutitotoŋkekenyuia le. Woflɔ atrakpuiawo yi xɔ gã aɖe me le dziƒoxɔa dzi. Le afi ma la, wokpɔe be wowɔ dzadzraɖo siwo katã hiã hena woawo ɖeɖe ƒe nua ɖuɖu. Yesu nɔ mɔ kpɔm na wɔna sia vevie, elabena egblɔ be: “Medi vevie be maɖu Ŋutitoto sia kpli mi hafi makpe fu.”—Luka 22:15.

      Ƒe geɖe do ŋgɔ la, ɖoɖo aɖe nɔ anyi be woatsɔ kplu xexlẽme aɖe siwo me wain le la atsa le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖulawo dome. Azɔ esi Yesu xɔ kpluawo dometɔ ɖeka la, eda akpe eye wògblɔ be: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe nexɔe eye wòano le enu, elabena mele egblɔm na mi be, tso fifia dzi la, nyemegale wain no ge akpɔ o va se ɖe esime Mawu Fiaɖuƒe la va ɖo.” (Luka 22:17, 18) Esia ana woakpɔe kɔtɛ be eƒe kuɣi gogo.

      Esime wole Ŋutitotonua ɖum la, nane si womekpɔ mɔ na o la dzɔ. Yesu tsi tre, eɖe eƒe awudziwuiwo, eye wòtsɔ papahũ. Azɔ eku tsi ɖe agba gã aɖe si le afi ma la me. Zi geɖe la, ame si xɔ amedzro la kpɔa egbɔ be ame aɖe, ɖewohĩ subɔvi aɖe, klɔ afɔ na amedzroawo. (Luka 7:44) Gake le go sia me la, amedzroxɔla aɖeke meli o, eya ta Yesu wɔ subɔsubɔdɔ sia. Apostoloawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ dɔ sia hafi, gake wo dometɔ aɖeke mewɔe o. Ðe wòanye be hoʋiʋli aɖee gakpɔtɔ nɔ wo dome taea? Aleke kee wòɖale o, ekpe ŋu na wo be Yesu naklɔ afɔ na yewo.

      Esi Yesu va Petro gbɔ la, egbe hegblɔ be: “Gbeɖe, màklɔ afɔ nam akpɔ o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne nyemeklɔe na wò o la, ekema gome aɖeke mele asiwò le gbɔnye o.” Petro ɖe eƒe seselelãme fia esi wògblɔ be: “Aƒetɔ, ekema menye nye afɔwo ɖeɖe ko o, ke nye asiwo kple nye ta hã.” Ale si Yesu ɖo nyaa ŋu nɛ la anya wɔ nuku nɛ. Egblɔ nɛ be: “Ame si le tsi la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ, elabena eŋuti katã ɖi xoxo. Eye mia ŋuti ɖi, gake menye mi katãe o.”—Yohanes 13:8-10.

      Yesu klɔ afɔ na wo ame 12 la katã, Yuda Iskariot hã le eme. Esi Yesu tsɔ eƒe awudziwuiawo do eye wògava nɔ kplɔ̃a ŋu la, ebia wo be: “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea? Mieyɔam be ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ,’ eye esɔ nenema, elabena eyae menye. Eya ta ne nye, ame si nye Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ afɔ na mi la, ekema ele na miawo hã be miaklɔe na mia nɔewo. Elabena meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke. Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, kluvi mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ mewua ame si dɔe ɖa la o. Ne mienya nu siawo la, ekema dzidzɔtɔwoe mianye ne miewɔa wo dzi.”—Yohanes 13:12-17.

      Amewo subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe ƒe nufiame nyui kae nye esi! Mele be Yesu yomedzelawo nanɔ nɔƒe gbãtɔ dim ahasusui be yewole vevie eya ta ele be ame bubuwo nasubɔ yewo o. Ele be woasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu, menye to afɔkɔklɔ na ame abe kɔnu ene dzi o, ke boŋ ele be woalɔ̃ faa asubɔ ame bubuwo le ɖokuibɔbɔ kple ameŋkumemakpɔmakpɔ me.

      • Le Ŋutitotonua ɖuɣi la, nya kae Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo si ɖee fia be eƒe kuɣi gogo?

      • Nu ka tae apostoloawo mekpɔ mɔ be Yesu aklɔ afɔ na yewo o?

      • Nu ka fiam Yesu nɔ eƒe apostoloawo esi wòwɔ dɔ tsɛ si nye afɔkɔklɔ na wo?

  • Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu ɖo Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu la anyi kple eƒe apostolo wɔnuteƒe wuiɖekɛawo

      TA 117

      Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La

      MATEO 26:21-29 MARKO 14:18-25 LUKA 22:19-23 YOHANES 13:18-30

      • YESU ÐEE FIA BE YUDA NYE YOMEMƆFIALA

      • YESU ÐO ŊKUÐODZINUÐUÐUA ANYI

      Do ŋgɔ le fiẽsi sia me la, Yesu klɔ afɔ na eƒe apostolowo tsɔ fia nu wo tso ɖokuibɔbɔ ŋu. Azɔ edze abe esi woɖu Ŋutitotonua vɔe wòhe susu yi David ƒe nyagblɔɖi sia dzi be: “Ame si le ŋutifafa me kplim, ame si dzi meka ɖo, si ɖua nye abolo la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.” Eyome eɖe eme be: “Mia dometɔ ɖeka adem asi.”—Psalmo 41:9; Yohanes 13:18, 21.

      Apostoloawo kpɔ wo nɔewo ŋkume eye wo dometɔ ɖe sia ɖe biae be: “Aƒetɔ, menye nyee o ɖe?” Yuda Iskariot gɔ̃ hã bia nya ma. Petro gblɔ na Yohanes, ame si nɔ Yesu xa le kplɔ̃a ŋu la be wòabiae be ame kae hã. Eya ta Yohanes ziɔ ɖe Yesu ŋu hebiae be: “Aƒetɔ, ame kae?”—Mateo 26:22; Yohanes 13:25.

      Yesu ɖo eŋu be: “Ame si maka abolo atɔ agba me atsɔ ana lae.” Yesu tsɔ abolo tɔ agbaa me eye wòtsɔe na Yuda hegblɔ be: “Amegbetɔvi la le kuku ge abe ale si woŋlɔe ɖi le eŋuti ene, gake baba na ame si ade Amegbetɔvi la asi! Ne ɖe womegaxa ame ma dzi o la, anye ne enyo nɛ wu.” (Yohanes 13:26; Mateo 26:24) Azɔ Satana ge ɖe Yuda me. Ŋutsu sia, si zu nu gbegblẽ wɔla xoxo la, tsɔ eɖokui de asi na Abosam ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, si wɔe be wòzu “tsɔtsrɔ̃vi la.”—Yohanes 6:64, 70; 12:4; 17:12.

      Yesu gblɔ na Yuda be: “Nu si wɔm nèle la, wɔe kaba.” Apostolo mamlɛawo susui be ɖe wònɔ gbɔgblɔm na Yuda, ame si gbɔ gaɖakaa le la be: “‘Ƒle nu siwo hiã na ŋkekenyui la,’ alo be wòana nane ame dahewo.” (Yohanes 13:27-30) Ke hã, Yuda yi ɖade Yesu asi boŋ.

      Le fiẽ si tututu me woɖu Ŋutitotonua la, Yesu ɖo nuɖuɖu ƒe wɔna yeye aɖe kura anyi. Etsɔ abolo, eye esi wòda akpe la, eŋe eme hetsɔe na eƒe apostoloawo be woaɖu. Egblɔ na wo be: “Esia le tsitre ɖi na nye ŋutilã si woatsɔ ana ɖe mia ta. Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19) Aboloa tsa le apostoloawo katã dzi eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ka ɖe ɖu.

      Eyome Yesu tsɔ kplu si me wain le, eye wòda akpe ɖe eta hetsɔe na wo. Wo katã wono nu le kplua nu, eye Yesu gblɔ be: “Kplu sia le tsitre ɖi na nubabla yeye si wowɔ to nye ʋu, si woakɔ ɖe anyi le mia ta la, dzi.”—Luka 22:20.

      Yesu to wɔna sia dzi ɖo eƒe ku ƒe ŋkuɖodzi si eyomedzelawo anɔ wɔwɔm ƒe sia ƒe le Nisan 14 lia dzi la anyi. Ana woanɔ ŋku ɖom nu si Yesu kple Fofoa wɔ be ame siwo si xɔse le la navo tso nu vɔ̃ kple ku ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me la dzi. Ablɔɖe vavã si dzi wòhe ame siwo si xɔse le ƒe susu yii la de ŋgɔ sãsãsã wu ablɔɖe si dzi Ŋutitotoa he Yudatɔwo ƒe susu yii.

      Yesu gblɔ be woakɔ yeƒe ʋu “ɖe anyi le ame geɖewo ta hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke.” Apostolo wɔnuteƒeawo kple ame bubu siwo le abe woawo ene la hã le ame geɖe siwo ƒe nu vɔ̃wo woatsɔ ake la dome. Woawoe nye ame siwo anɔ Fofoa ƒe Fiaɖuƒe la me kplii.—Mateo 26:28, 29.

      • Biblia me nyagblɔɖi si ku ɖe ame ƒe zɔhɛ ŋu ka dzie Yesu he susu yii, eye aleke Yesu gblɔ be eva emee?

      • Nu kae Yesu gblɔ na Yuda be wòawɔ, gake aleke apostolo bubuawo se nya si Yesu gblɔ la gɔmee?

      • Wɔna yeye kae Yesu ɖo anyi, eye taɖodzinu kae le eŋu?

  • Woʋli Nya Le Ame Si Nye Gãtɔ Ŋu
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu ƒe apostoloawo le nya hem tso wo dometɔ si nye gãtɔ ŋu

      TA 118

      Woʋli Nya Le Ame Si Nye Gãtɔ Ŋu

      MATEO 26:31-35 MARKO 14:27-31 LUKA 22:24-38 YOHANES 13:31-38

      • YESU XLƆ̃ NU APOSTOLOAWO KU ÐE NƆƑE GÃ DIDI ŊU

      • YESU GBLƆE ÐI BE PETRO AGBE NU LE YE GBƆ

      • LƆLƆ̃ NANA WOKPƆA YESU YOMEDZELAWO DZEA SII

      Le fiẽsi mamlɛtɔ si me Yesu nɔ anyi kple eƒe apostoloawo la, efia nu nyui aɖe wo tso amewo subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe ŋu esi wòklɔ afɔ na wo. Nu ka tae esia sɔ? Gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe si woɖe fia tae. Wosroa Mawu ɖa, ke hã wogatsi dzi ɖe wo dometɔ si nye gãtɔ ƒe nya la ŋu kokoko. (Marko 9:33, 34; 10:35-37) Gbɔdzɔgbɔdzɔ ma gadze le wo ŋu fiẽ sia.

      “Nyaʋiʋli sesẽ aɖe [ɖo apostoloawo] dome le wo dometɔ si nye gãtɔ la ŋuti.” (Luka 22:24) Aleke gbegbe woƒe nyaʋiʋli ake le ame si nye gãtɔ ŋu ate ɖe Yesu dzie nye esi! Nu kae wòwɔ tso eŋu?

      Yesu mehe nya ɖe apostoloawo ŋu ɖe woƒe nɔnɔme kple nuwɔna sia ta o, ke boŋ eɖe susu kpli wo dzigbɔɖitɔe ale: “Dukɔwo ƒe fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woyɔa ame siwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la be Dɔmenyolawo. Ke miawo ya miganɔ nenema o. . . . Evɔ la, ame kae nye gã wu, ame si le nu ɖum le kplɔ̃ ŋu lae loo alo ame si le subɔsubɔm yea?” Azɔ Yesu ɖo ŋku kpɔɖeŋu nyui si wòɖona na wo ɣesiaɣi la dzi na wo hegblɔ be: “Ke nye la, mele mia dome abe ame si le subɔsubɔm ene.”—Luka 22:25-27.

      Togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le apostoloawo ŋu hã la, woku ɖe Yesu ŋu le nɔnɔme sesẽ geɖewo me. Eya ta egblɔ na wo be: “Mele nu blam kpli mi, abe ale si Fofonye hã bla nu kplim ene, hena fiaɖuƒe.” (Luka 22:29) Ŋutsu siawo nye Yesu yomedzela wɔnuteƒewo. Eka ɖe edzi na wo be to nubabla si le ye kpli wo dome dzi la, woanyi Fiaɖuƒea dome, eye woaɖu fia kpli ye.

      Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ nyui ma gbegbe su apostoloawo si hã la, wogakpɔtɔ nye ŋutilã eye womede blibo o. Yesu gblɔ na wo be: “Satana le didim be yeagbɔ mi katã abe ale si wogbɔa lu” wòkana hlẽna ene. (Luka 22:31) Egblɔ na wo hã be: “Mi katã miagblẽm ɖi le zã sia me, elabena woŋlɔe ɖi be: ‘Mada nu alẽkplɔla la, eye alẽha la aka hlẽ.’”—Mateo 26:31; Zakariya 13:7.

      Petro ka ɖe eɖokui dzi hegblɔ be: “Ne ame susɔeawo katã gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemegblẽ wò ɖi gbeɖe o!” (Mateo 26:33) Yesu gblɔ na Petro be le zã ma me la, hafi koklo naku atɔ zi eve la, Petro agbe nu le ye gbɔ. Ke hã Yesu gblɔ kpee be: “Meɖe kuku ɖe tawò, be wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, ne ètrɔ la, do ŋusẽ nɔviwòwo.” (Luka 22:32) Gake Petro gblɔ kple kakaɖedzi be: “Ne ahiã be maku kpli wò hã la, nyemagbe nu le gbɔwò akpɔ o.” (Mateo 26:35) Apostolo mamlɛawo hã gblɔ nenema ke.

      Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ɣeyiɣi vi aɖe koe maganɔ anyi kpli mi. Miadim; gake ale si megblɔe na Yudatɔwo be, ‘Afi si meyina la, miate ŋu ava o’ la, eya ko gblɔm mele na miawo hã azɔ.” Eyome egblɔ kpee be: “Mele se yeye nam mi be mialɔ̃ mia nɔewo; ale si melɔ̃ mi la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:33-35.

      Esi wose Yesu gblɔ be ɣeyiɣi vi aɖe koe yeaganɔ anyi kpli wo ta la, Petro biae be: “Aƒetɔ, afi ka yim nèle?” Yesu ɖo eŋu be: “Afi si yim mele la, màte ŋu adze yonyeme fifia ayi o, ke emegbe la àdze yonyeme.” Nya la wɔ moyaa na Petro wòbiae be: “Aƒetɔ, nu ka tae nyemate ŋu adze yowòme fifia o? Matsɔ nye agbe aɖo anyi ɖe tawò.”—Yohanes 13:36, 37.

      Azɔ Yesu he apostoloawo ƒe susu yi ɣeyiɣi si me wòdɔ wo be woaɖaɖe gbeƒã le Galilea eye wògblɔ na wo be womegatsɔ gabutuwo alo akplo siwo me woade nuɖuɖui ɖe asi o la dzi. (Mateo 10:5, 9, 10) Ebia wo be: “Ðe nane hiã mia?” Woɖo eŋu be: “Ao!” Gake nu kae wòle be woawɔ le ŋkeke siwo gbɔna me? Yesu gblɔ na wo be: “Ke azɔ la, ame si si gakotoku le la, netsɔe, nenema kee mitsɔ nuɖuɖukotoku hã, eye ame si si yi mele o la nedzra eƒe awudziwui, ne wòaƒle ɖeka. Elabena mele egblɔm na mi be, ele be nu si woŋlɔ ɖi be, ‘Wobui ɖe sedzimawɔlawo dome’ la nava eme ɖe dzinye. Elabena nu si woŋlɔ ɖi le ŋunye la le eme vam.”—Luka 22:35-37.

      Ɣeyiɣi si me woava he Yesu ɖe ati ŋu akpe ɖe nu vlo wɔlawo, alo sedzimawɔlawo ŋu lae wòwɔnɛ. Le esia megbe la, woati eyomedzelawo yome vevie. Wosusui be yewodzra ɖo ɖe esia ŋu, eya ta wogblɔ be: “Aƒetɔ, kpɔ ɖa! Yi evee nye esi.” Egblɔ na wo be: “Esɔ gbɔ.” (Luka 22:38) Yi eve siwo wotsɔ ɖe asi la ana mɔnukpɔkpɔ Yesu be wòafia nu vevi bubu aɖe wo.

      • Nu ka tae apostoloawo nɔ nya hem, eye aleke Yesu kpɔ kuxia gbɔe?

      • Nu kae ado tso nu, si Yesu bla kple eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo me?

      • Aleke Yesu ɖo nya ŋu na Petro si nɔ kakam ɖe eɖokui dzi lae?

  • Yesu Ye Nye Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu kple apostolo wɔnuteƒe wuiɖekɛawo le dziƒoxɔa dzi

      TA 119

      Yesu Ye Nye Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La

      YOHANES 14:1-31

      • YESU LE DZODZOM AÐADZRA TEƑE ÐO

      • EDO KPEÐEŊUTƆ AÐE ŊUGBE NA EYOMEDZELAWO

      • FOFO LA LOLO WU YESU

      Esi Yesu kple eƒe apostoloawo gakpɔtɔ le dziƒoxɔa dzi le ŋkuɖodzinua ɖuɖu vɔ megbe la, ede dzi ƒo na wo be: “Migana dzika natso mia ƒo o. Mixɔ Mawu dzi se; mixɔ nye hã dzinye se.”—Yohanes 13:36; 14:1.

      Yesu ɖe nu si tae mele be yeƒe dzodzo la natso dzika ƒo na apostolo wɔnuteƒeawo o la me esi wògblɔ be: “Fofonye ƒe me la, nɔƒe geɖewo li. . . . Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi vɔ la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.” Ke hã apostoloawo mese egɔme be eƒe dziƒoyiyi ŋu nya gblɔmee wòle o. Toma biae be: “Aƒetɔ, míenya afi si yim nèle o, aleke míawɔ anya mɔa?”—Yohanes 14:2-5.

      Yesu ɖo eŋu be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.” Mɔ si ko dzi ame ate ŋu ato ayi Fofoa ƒe me, si nye dziƒo lae nye be wòaxɔ Yesu kple eƒe nufiafiawo dzi ase ahasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.”—Yohanes 14:6.

      Filipo, si nɔ to ɖom vevie la gblɔ be: “Aƒetɔ, fia Fofo la mí, eye ema asɔ gbɔ na mí.” Anye be Mawu ŋuti ɖeɖefia, abe esiwo dze le ŋutega siwo Mose, Eliya kple Yesaya kpɔ me ene la tɔgbie Filipo di be yeakpɔ. Ke hã nane si nyo wu ŋutega mawo la le apostoloawo si. Yesu he susu yi nu si wònye la dzi esi wògblɔ be: “Filipo, ɣeyiɣi didi aɖee nye esia mele mia gbɔ, eye mènyam oa? Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme fia pɛpɛpɛ; eya ta Yesu gbɔ nɔnɔ kple ŋkuléle ɖe eŋu le ko abe Fofo la kpɔkpɔ ene. Ke hã eme kɔ ƒãa be Fofo la lolo wu Vi la, elabena Yesu gblɔ be: “Nya siwo gblɔm mele na mi la, menye nye ŋutɔ nye nyawoe o.” (Yohanes 14:8-10) Apostoloawo kpɔe be Yesu tsɔ nu siwo wòfiana la ŋuti kafukafua katã na Fofoa.

      Yesu ƒe apostoloawo kpɔ nukunu siwo wòwɔ, eye wosee wòɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Azɔ egblɔ na wo be: “Ame si xɔa dzinye sena la hã awɔ dɔ siwo mewɔna; eye awɔ dɔ siwo lolo wu esiawo.” (Yohanes 14:12) Yesu mele gbɔgblɔm be woawɔ nukunu siwo lolo wu esiwo yewɔ o. Ke hã woazã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, le anyigbamama si lolo wu me, eye woaɖo ame geɖe wu gbɔ.

      Yesu ƒe dzodzo le wo gbɔ mefia be agblẽ wo ɖi o, elabena edo ŋugbe na wo be: “Ne miebia nane le nye ŋkɔ me la, mawɔe.” Egblɔ kpee be: ‘Mabia Fofo la wòana kpeɖeŋutɔ bubu, si nye nyateƒegbɔgbɔ la mi, be wòanɔ mia gbɔ tegbee.’ (Yohanes 14:14, 16, 17) Eka ɖe edzi na wo be woaxɔ kpeɖeŋutɔ bubu, si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la. Esia dzɔ le Pentekoste ŋkekea dzi.

      Yesu gblɔ be: “Esusɔ vie ko xexea magakpɔm o, ke miawo ya miakpɔm, elabena mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.” (Yohanes 14:19) Tsɔ kpe ɖe ale si Yesu aɖe eɖokui afia wo le ŋutilã me le eƒe tsitretsitsi megbe ŋu la, ava fɔ wo ɖe tsitre emegbe be woanye gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo anɔ egbɔ le dziƒo.

      Azɔ Yesu gblɔ nyateƒenya aɖe si le tẽe ale: “Ame si léa nye sewo me ɖe asi, eye wòwɔa wo dzi la, eyae lɔ̃am. Azɔ ame si lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.” Esia na apostolo Yuda, si wogayɔna be Tadeo la, biae be: “Aƒetɔ, nu ka tae nèdi be yeaɖe ye ɖokui afia mí, ke menye xexea katã o?” Yesu ɖo eŋu be: “Ne ame aɖe lɔ̃m la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃e . . . Ame si melɔ̃am o la mewɔa nye nyawo dzi o.” (Yohanes 14:21-24) Yesu yomedzelawo xɔe se be Yesu ye nye mɔ la, nyateƒe la kple agbe la, gake mele alea le xexea ya gome o.

      Esi Yesu le dzodzom la, aleke eƒe nusrɔ̃lawo awɔ aɖo ŋku nu siwo katã wòfia wo la dzi? Yesu gblɔ be: “Kpeɖeŋutɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔe si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔ me la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.” Apostoloawo kpɔ ŋusẽ si gbegbe le gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la xoxo, eya ta nya ma afa akɔ na wo. Yesu gblɔ kpee be: “Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi; mele nye ŋutifafa nam mi. . . . Migana dzika natso mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ hã megaɖo mi o.” (Yohanes 14:26, 27) Mele be dzika natso nusrɔ̃lawo ƒo o, elabena Yesu Fofo afia mɔ wo ahakpɔ wo ta.

      Eteƒe madidi o, woakpɔ Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ŋuti kpeɖodzi. Yesu gblɔ be: “Xexea dzi ɖula la gbɔna, eye mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o.” (Yohanes 14:30) Abosam te ŋu ge ɖe Yuda me hekpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Gake nu vɔ̃ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke mele Yesu ŋu si ŋu dɔ Satana ate ŋu awɔ be Yesu nadze aglã ɖe Mawu ŋu o. Azɔ hã Abosam mate ŋu axe mɔ ɖe Yesu ƒe fɔfɔ tso ku me nu o. Nu ka tae? Yesu gblɔ be: “Mele nu si tututu Fofo la de se nam be mawɔ la wɔm.” Eka ɖe edzi bliboe be ye Fofo afɔ ye ɖe tsitre.—Yohanes 14:31.

      • Afi ka yim Yesu le, eye nu ka dzie wòka ɖo na Toma ku ɖe mɔ si dzi woato ayi afi ma ŋu?

      • Anye be nu kae Filipo di be Yesu naɖe afia yewo?

      • Mɔ ka nue Yesu yomedzelawo awɔ dɔ siwo lolo wu esiwo wɔm wòle?

      • Nu ka tae nyateƒe si wònye be Fofo la lolo wu Yesu la faa akɔ na eyomedzelawo?

  • Ale Si Woanye Atilɔ Siwo Tsea Ku Kple Yesu Xɔlɔ̃wo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu le nu ƒom na eƒe apostoloawo esi wonɔ dodom le dziƒoxɔa me

      TA 120

      Ale Si Woanye Atilɔ Siwo Tsea Ku Kple Yesu Xɔlɔ̃wo

      YOHANES 15:1-27

      • WAINTI VAVÃ LA KPLE ALƆAWO

      • ALE SI WOAYI EDZI ANƆ YESU ƑE LƆLƆ̃ LA ME

      Yesu le dzi dem ƒo na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo le woƒe dzeɖoɖo si me wogblɔ woƒe dzimenyawo na wo nɔewo le la me. Zã tsi, eye anɔ eme be ga wuieve ƒo to eŋu. Azɔ Yesu do lo ʋãme aɖe.

      Edze egɔme ale: “Nyee nye wainti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.” (Yohanes 15:1) Eƒe lododoa ɖi nya aɖe si wogblɔ ɖi ƒe alafawoe nye ema tso Israel dukɔa, si woyɔ be Yehowa ƒe wainti la ŋu. (Yeremiya 2:21; Hosea 10:1, 2) Ke hã, ɣeyiɣia de be Yehowa nagbe nu le dukɔ ma gbɔ. (Mateo 23:37, 38) Eya ta nya bubu gblɔm Yesu le azɔ. Yesu ye va zu Fofoa ƒe wainti tso esime Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami nɛ le ƒe 29 K.Ŋ. me. Gake Yesu ɖee fia be menye ye ɖeka ko ŋue wainti la ku ɖo o esi wògblɔ be:

      “Alɔ sia alɔ si le ŋunye, eye metsea ku o la, [Fofonye lãnɛ] ɖa, eye ɖe sia ɖe si tsea ku la, eɖea eŋu, ale be wòatse ku geɖe wu. . . . Ale si ko alɔ la mate ŋu atse ku le eɖokui si o, negbe ɖe wòle wainti la ŋu hafi la, nenema kee miawo hã miate ŋui o, negbe ɖe miewɔ ɖeka kplim hafi. Nyee nye wainti la; miawoe nye alɔawo.”—Yohanes 15:2-5.

      Yesu do ŋugbe na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo be ne yedzo la, yeaɖo kpeɖeŋutɔ si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖe wo. Esi apostoloawo kple ame bubuwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea le ŋkeke 51 megbe la, wova zu wainti la ƒe alɔwo. Eye ele be “alɔawo” katã nawɔ ɖeka kple Yesu. Hena taɖodzinu ka?

      Eɖe eme be: “Ame si wɔa ɖeka kplim, eye nye hã mewɔa ɖeka kplii la, ame sia tsea ku geɖe; elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke kura o.” Eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe siwo “alɔawo” le tsitre ɖi na la atse ku geɖe, si fia be woasrɔ̃ Yesu ƒe nɔnɔmewo, woaƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na amewo veviedodotɔe ahawɔ nusrɔ̃la geɖewo. Ke ne ame aɖe mewɔa ɖeka kple Yesu alo tsea ku o ɖe? Yesu ɖe eme be: “Ne ame aɖe mewɔa ɖeka kplim o la, ele abe atilɔ si wolã ɖa tsɔ ƒu gbe ene.” Ke hã Yesu gagblɔ be: “Ne miewɔ ɖeka kplim, eye nye nyawo kpɔtɔ le mia me la, mibia nu sia nu si miedi, eye ava eme na mi.”—Yohanes 15:5-7.

      Yesu gahe susu yi nu si ŋu wòƒo nu tsoe zi eve va yi, si nye eƒe seawo me lelé ɖe asi la dzi. (Yohanes 14:15, 21) Eƒo nu tso mɔ vevi aɖe si dzi eƒe nusrɔ̃lawo ato aɖee afia be yewole esia wɔm la ŋu ale: “Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, ekema miayi edzi anɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe ale si ko meléa Fofonye ƒe sewo me ɖe asi, eye mekpɔtɔ le eƒe lɔlɔ̃ la me ene.” Gake esia bia nu geɖe wu Yehowa Mawu kple Via lɔlɔ̃. Yesu gblɔ be: “Se si nam mele mie nye be, mialɔ̃ mia nɔewo, abe ale si melɔ̃ mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si, be ame natsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o. Ne miewɔa nu siwo ƒe se mede na mi la, ekema xɔ̃nyewoe mienye.”—Yohanes 15:10-14.

      Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, Yesu aɖe lɔlɔ̃ si le esi la afia esime wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe ame siwo katã xɔa edzi sena la ta. Ele be eƒe kpɔɖeŋua naʋã eyomedzelawo be woawo hã woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ma ke afia wo nɔewo. Lɔlɔ̃ sia ana amewo nade dzesi wo abe ale si Yesu gblɔe do ŋgɔ ene be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:35.

      Ele be apostoloawo nade dzesii be Yesu yɔ wo be ‘ye xɔlɔ̃wo.’ Ena wonya nu si tae esi wògblɔ be: “Meyɔa mi be xɔ̃nyewo, elabena nu siwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.” Ƒomedodo xɔasi ka gbegbee nye esi wònye be woanye Yesu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo, eye woanya nya siwo Fofo la gblɔ nɛ! Gake hafi woanɔ ƒomedodo sia me la, ele be woayi edzi “anɔ ku geɖe tsem.” Ne wowɔe nenema la, Yesu gblɔ be, “nu ka kee mieɖabia Fofo la le nye ŋkɔ me o, atsɔe ana mi.”—Yohanes 15:15, 16.

      Lɔlɔ̃ si le “alɔawo,” si nye eƒe nusrɔ̃lawo, dome la akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe nu siwo ava dzɔ la nu. Exlɔ̃ nu wo be xexea alé fu wo, ke hã efa akɔ na wo be: “Ne xexea lé fu mi la, minyae be etre fulélem. Ne ɖe mienye xexea ƒe akpa aɖe la, anye ne xexea alɔ̃ eya ŋutɔ tɔwo. Ke esi mienye xexea ƒe akpa aɖeke o . . . tae xexea léa fu mi ɖo.”—Yohanes 15:18, 19.

      Esi wòyi edzi le nu si tae xexea alé fu wo me ɖem la, egblɔ be: “Woawɔ nu siawo katã ɖe mia ŋu le nye ŋkɔ la ta, elabena womenya Ame si dɔm ɖa la o.” Yesu ɖee fia be yeƒe nukudɔwo bua fɔ ame siwo lé fu ye la esi wògblɔ be: “Ne ɖe nyemewɔ dɔ siwo ame aɖeke mewɔ kpɔ o la le wo dome o la, anye ne womaɖi nu vɔ̃ ƒe fɔ o; ke azɔ la wokpɔ dɔ siwo mewɔ, eye wolé fu nye kple Fofonye siaa.” Le nyateƒe me la, woƒe fulélea nye nyagblɔɖi me vava.—Yohanes 15:21, 24, 25; Psalmo 35:19; 69:4.

      Yesu gado ŋugbe na wo ake be yeaɖo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖa. Ŋusẽ triakɔ ma li na eyomedzelawo katã eye ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatse ku geɖe, si nye be ‘woaɖi ɖase.’—Yohanes 15:27.

      • Le Yesu ƒe lododoa me la, ame kae nye agbledelaa, ame kae nye wainti la, eye ame kawoe nye alɔawo?

      • Ku kawoe Mawu di be alɔawo natse?

      • Aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo awɔ anye exɔlɔ̃wo, eye nu kae akpe ɖe wo ŋu be woanɔ te ɖe xexea ƒe fuléle nu?

  • “Milé Dzi Ðe Ƒo! Nye La Meɖu Xexea Dzi”
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Edze le apostoloawo ŋu be wolé blanui esime Yesu le nu xlɔ̃m wo

      TA 121

      “Milé Dzi Ðe Ƒo! Nye La Meɖu Xexea Dzi”

      YOHANES 16:1-33

      • ESUSƆ VIE KO APOSTOLOAWO MAGAKPƆ YESU O

      • APOSTOLOAWO ƑE NUXAXA ATRƆ AZU DZIDZƆ

      Yesu kple eƒe apostoloawo le klalo be yewoadzo le dziƒoxɔ si me woɖu Ŋutitotonua le. Ku ɖe nuxlɔ̃amenya geɖe siwo wògblɔ na wo va yi ŋu la, egblɔ be: “Megblɔ nya siawo na mi, be woagaɖia mia nu o.” Nu ka tae nuxlɔ̃ame sia sɔ? Egblɔ na wo be: “Woanya mi ɖa le ƒuƒoƒewo. Ɛ̃, gaƒoƒo gbɔna esime ame sia ame si awu mi la asusu be yewɔ dɔ kɔkɔe na Mawu.”—Yohanes 16:1, 2.

      Anɔ eme be nya mawo sese ɖe fu na apostoloawo. Togbɔ be Yesu gblɔ na wo do ŋgɔ be xexea alé fu wo hã la, megblɔe na wo kã be woawu wo o. Nu ka tae? Egblɔ be: “Nyemegblɔ nya siawo na mi do ŋgɔ o, elabena mele mia gbɔ.” (Yohanes 16:4) Fifia ele wo dzram ɖo ɖe eƒe dzodzo ŋu. Esia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be womakli nu emegbe o.

      Yesu yi eƒe nyaa dzi be: “Meyina Ame si dɔm ɖa la gbɔ; evɔ mia dometɔ ɖeka pɛ hã mebiam be, ‘Afi ka yim nèle?’ hã o.” Do ŋgɔ le fiẽ ma me la, wobia nyae tso afi si yim wòle ŋu. (Yohanes 13:36; 14:5; 16:5) Gake fifia esi nya si wògblɔ tso yometiti ŋu la ʋuʋu wo ta la, ɖeko wova nɔ nu xam. Le esia ta, womete ŋu bia nyae ku ɖe ŋutikɔkɔe si me wòava nɔ alo viɖe si esia anye na tadeagula vavãwo ŋu o. Yesu gblɔ be: “Esi megblɔ nya siawo na mi ta la, nuxaxa yɔ miaƒe dziwo me fũu.”—Yohanes 16:6.

      Yesu ɖe eme be: “Miaƒe nyonyo tae medzo yina ɖo. Elabena ne nyemedzo o la, kpeɖeŋutɔ la mava na mi gbeɖe o; gake ne medzo yi la, maɖoe ɖe mi.” (Yohanes 16:7) Ne Yesu ku heyi dziƒo ko hafi eƒe nusrɔ̃lawo ate ŋu axɔ gbɔgbɔ kɔkɔea, si wòaɖo ɖa be wòanye kpeɖeŋutɔ na eƒe amewo le anyigba ƒe akpa sia akpa.

      Gbɔgbɔ kɔkɔea “ana xexea nadze si nu si nu vɔ̃, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye la kɔtɛ.” (Yohanes 16:8) Ɛ̃, woaklo nu le xexea ƒe nu vɔ̃ dzi le esi mexɔ Mawu ƒe Vi la dzi se o ta. Yesu ƒe dzodzo ayi dziƒo anye kpeɖodzi sẽŋu ku ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu eye wòaɖee afia be Satana, si nye “xexe sia dzi ɖula la” dze na ʋɔnudɔdrɔ̃.—Yohanes 16:11.

      Yesu gblɔ yi edzi be: “Nya geɖewo gale asinye magblɔ na mi hafi, gake miate ŋu atsɔ wo fifia o.” Ne eva kɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe wo dzi la, akpe ɖe wo ŋu woase “nyateƒe la” gɔme bliboe, eye nyateƒe ma afia mɔ wo le agbe me.—Yohanes 16:12, 13.

      Nya si Yesu gagblɔ la na apostoloawo tsi yaa. Egblɔ be: “Esusɔ vie ko miagakpɔm o, gake madidi o miagakpɔm.” Wonɔ nu si eƒe nyaa fia la biam wo nɔewo. Yesu de dzesii be wodi be yewoabia nya ye tso nya ma ŋu, eya ta eɖe eme be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, miafa avi, eye miafa konyi, ke xexea ya akpɔ dzidzɔ; miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa la atrɔ azu dzidzɔ.” (Yohanes 16:16, 20) Esi wowu Yesu le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdɔ me la, subɔsubɔhakplɔlawo kpɔ dzidzɔ, ke nusrɔ̃lawo ya xa nu. Emegbe woƒe nuxaxaa trɔ zu dzidzɔ esi wofɔ Yesu ɖe tsitre! Eye wogakpɔ dzidzɔ ɖe edzi esi wòkɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe wo dzi.

      Yesu tsɔ nɔnɔme si me apostoloawo le la sɔ kple nyɔnu si le ku lém esi wògblɔ be: “Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve vevie, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; gake ne edzi via vɔ ko la, megaɖoa ŋku eƒe vevesese la dzi o, elabena ekpɔa dzidzɔ be yedzi ame ɖe xexea me.” Yesu de dzi ƒo na eƒe apostoloawo gblɔ be: “Miawo hã miele nu xam fifia; gake magakpɔ mi, eye miaƒe dzi akpɔ dzidzɔ, eye ame aɖeke maxɔ miaƒe dzidzɔ la le mia si o.”—Yohanes 16:21, 22.

      Va de asi na fifia la, apostoloawo mebia naneke le Yesu ƒe ŋkɔ me kpɔ o. Gake azɔ egblɔ be: “Le ŋkeke ma me la, miabia nu Fofo la le nye ŋkɔ me.” Nu ka tae woawɔ esia ɖo? Menye ɖe Fofo la medi be yeaɖo to wo tae o, elabena Yesu gblɔ be: ‘Fofo la ŋutɔ melɔ̃a nu le mia gbɔ o, le esi mielɔ̃a nu le gbɔnye o eye miexɔe se be menye Mawu teƒenɔla ta.’—Yohanes 16:26, 27.

      Anye be Yesu ƒe dzideƒonamenyawoe na dzi ɖo apostoloawo ƒo wogblɔ kple kakaɖedzi be: “Esia me míexɔe se le be Mawu gbɔe nètso va.” Woado woƒe xɔse ma akpɔ kpuie. Yesu ɖɔ nu si adzɔ kpuie la ale: “Kpɔ ɖa! Gaƒoƒo la gbɔna, eye wòde azɔ, esime miaka ahlẽ, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe ayi eƒe me, eye miagblẽ nye ɖeka ɖi.” Ke hã ede dzi ƒo na wo be: “Megblɔ nya siawo na mi, be miato dzinye akpɔ ŋutifafa. Le xexea me la, miele xaxawo me tom, gake milé dzi ɖe ƒo! Nye la meɖu xexea dzi.” (Yohanes 16:30-33) Menye ɖe Yesu le wo gblẽm ɖi o. Eka ɖe edzi be woawo hã woate ŋu aɖu xexea dzi abe ye ke ene ne wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be Satana kple eƒe xexea adze agbagba be yewoagblẽ woƒe nuteƒewɔwɔ me hã.

      • Nya kae Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo si ɖe fu na wo?

      • Nu ka tae apostoloawo megate ŋu bia nya bubuwo Yesu o?

      • Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ tsɔ ɖee fia be apostoloawo ƒe nuxaxa atrɔ azu dzidzɔ?

  • Yesu Ƒe Gbedodoɖa Mamlɛtɔ Le Dziƒoxɔa Dzi
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu wu mo dzi kpɔ dziƒo eye wòdo gbe ɖa le eƒe apostoloawo ŋkume

      TA 122

      Yesu Ƒe Gbedodoɖa Mamlɛtɔ Le Dziƒoxɔa Dzi

      YOHANES 17:1-26

      • NU SI ADO TSO EME NE AMEWO VA NYA MAWU KPLE VIA

      • ÐEKAWƆWƆ SI LE YEHOWA, YESU KPLE NUSRƆ̃LAWO DOME

      Lɔlɔ̃ si le Yesu si na eƒe apostoloawo la ʋãe wòle wo dzram ɖo ɖe eƒe dzodzo si tu aƒe la ŋu. Azɔ ewu mo dzi do gbe ɖa na Fofoa ale: “Do viwò la ɖe dzi, ne viwò la hã nado wò ɖe dzi, abe ale si ko nèna ŋusẽe ɖe ŋutilãwo katã dzi ene ale be wòana agbe mavɔ ame siwo katã nètsɔ nɛ.”—Yohanes 17:1, 2.

      Ale si ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu le vevie na Yesu la dze ƒãa le eƒe gbedodoɖaa me. Aleke gbegbe agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la faa akɔ na amee nye esi! Esi wona ŋusẽ Yesu “ɖe ŋutilãwo katã dzi” ta la, ate ŋu ana tafea naɖe vi na ameƒomea katã. Gake ame aɖewo koe woayra. Nu ka tae wònye ame aɖewo ko? Elabena ame siwo awɔ nu si ŋu Yesu gaƒo nu tsoe la koe wòana tafea naɖe vi na. Egblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

      Ele be ame nanya Fofo la kple Vi la nyuie, eye kadodo kplikplikpli nanɔ eya kpli wo dome. Ele be woƒe susu le nuwo ŋu nanɔ eya hã si. Gakpe ɖe eŋu la, ele be wòaɖe woƒe nɔnɔme nyoameŋuawo afia le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me. Eye ele be wòanyae be ŋutikɔkɔe si woatsɔ ana Mawu la le vevie wu amegbetɔwo ƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ. Yesu gahe susu yi nya ma dzi esi wògblɔ be:

      “Medo wò ɖe dzi le anyigba dzi, esi mewu dɔ si nètsɔ nam be mawɔ la nu. Eya ta Fofo, tsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ asinye le gbɔwò hafi xexea va dzɔ la dom ɖe dzi le ɖokuiwò gbɔ.” (Yohanes 17:4, 5) Ɛ̃, Yesu le biabiam be Mawu natsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ ye si le dziƒo la ana ye to tsitretsitsi dzi.

      Gake Yesu meŋlɔ nu nyui si do tso eƒe subɔsubɔdɔa me la be o. Edo gbe ɖa be: “Meɖe wò ŋkɔ la fia ame siwo nèɖe tso xexea me nam. Tɔwòe wonye, eye nètsɔ wo nam, eye wolé wò nya la me ɖe asi.” (Yohanes 17:6) Menye ɖeko Yesu yɔ Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, le eƒe subɔsubɔdɔa me o. Ke ekpe ɖe eƒe apostoloawo ŋu wova nya nu si ŋkɔa le tsitre ɖi na hã, si nye Mawu ƒe nɔnɔmewo kple ale si wòwɔa nu ɖe amegbetɔwo ŋu.

      Apostoloawo va nya Yehowa, akpa si Via wɔna kple nu siwo ŋu Yesu fia nu tsoe. Yesu gblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Megblɔ nya siwo nède asi nam la na wo, eye woxɔ wo, eye wova nyae vavã be tewòƒenɔlae menye va, eye woxɔe se be wòe dɔm ɖa.”—Yohanes 17:8.

      Azɔ Yesu ƒo nu tso ale si eyomedzelawo ɖe vovo tso ame siwo le xexea me gbɔ ŋu ale: “Mele kuku ɖem ɖe wo ta, menye ɖe xexea ta o, ke boŋ ɖe ame siwo nètsɔ nam la ta, elabena tɔwòe wonye . . . Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta le wò ŋutɔ wò ŋkɔ si nènam la ta, ne woawɔ ɖeka abe ale si míawo hã míele ɖeka ene . . . mekpɔ wo ta, eye wo dometɔ aɖeke metsrɔ̃ o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la ko,” si nye Yuda Iskariot, ame si dzo yi be yeaɖade Yesu asi.—Yohanes 17:9-12.

      Yesu yi eƒe gbedodoɖaa dzi be: “Xexea lé fu wo . . . Nyemele biabiam be nàɖe wo ɖa le xexea me o, ke boŋ be nàkpɔ wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta. Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o ene.” (Yohanes 17:14-16) Apostoloawo kple nusrɔ̃la bubuawo le xexea, si nye ameƒome si dzi ɖum Satana le la me, gake mele be woasrɔ̃ xexea kple eƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo o. Aleke woawɔ esiae?

      Ele be woanɔ kɔkɔe, si fia be woatsɔ wo ɖokuiwo ake hena Mawu subɔsubɔ. Wowɔa esia ne wonɔa agbe ɖe nyateƒenya siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me kple esiwo ŋu Yesu fia nu tsoe la nu. Yesu do gbe ɖa be: “Kɔ wo ŋu to nyateƒe la me; wò nya la nye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Emegbe gbɔgbɔ kɔkɔea aʋã apostoloawo dometɔ aɖewo hã be woaŋlɔ agbalẽ siwo ava nye “nyateƒe” si dzi woate ŋu ato akɔ amewo ŋu la ƒe akpa aɖe.

      Ame bubuwo hã ava xɔ “nyateƒe la.” Eya ta le Yesu ƒe gbedodoɖaa me la, mebia “na ame siawo [ame siwo le egbɔ la] ɖeɖe ko o, ke [ebia] na ame siwo ava xɔ [edzi] ase to woƒe nya me la hã.” Nu kae Yesu bia ɖe wo katã nu? Egblɔ be: “Ne wo katã woawɔ ɖeka, abe ale si wò, Fofo la, nèwɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kpli wò la ene, ale be woawo hã woawɔ ɖeka le mía me.” (Yohanes 17:20, 21) Yesu kple Fofoa menye ame ɖeka ŋutɔŋutɔ o. Wowɔ ɖeka le gɔmesesea nu be woƒe susu wɔ ɖeka le nuwo katã me. Yesu do gbe ɖa be ɖekawɔwɔ sia nanɔ ye yomedzelawo hã dome.

      Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na esia la, Yesu gblɔ na Petro kple etɔwo be yeyina teƒe aɖe dzra ge ɖo na wo, si nye dziƒo. (Yohanes 14:2, 3) Azɔ Yesu he susu yi nya ma dzi le gbedodoɖaa me be: “Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye le afi si mele la, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam, elabena èlɔ̃m do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi.” (Yohanes 17:24) Eƒe nya mawo le kpe ɖom edzi be tso gbe aɖe gbe ke—hafi Adam kple Xawa nate vidzidzi la—Mawu lɔ̃ eƒe Tenuvi la, si va zu Yesu Kristo.

      Le Yesu ƒe gbedodoɖaa ta ƒoƒo me la, egate gbe ɖe Fofoa ƒe ŋkɔ kple ale si Mawu lɔ̃ apostoloawo kple ame bubu siwo ava xɔ ‘nyateƒea’ la dzi ale: “Mena wonya wò ŋkɔ la, eye magana woanyae, ale be lɔlɔ̃ si nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye mawɔ ɖeka kpli wo.”—Yohanes 17:26.

      • Nu kae wòfia be woanya Mawu kple Via?

      • Mɔ kawo nue Yesu ɖe Mawu ƒe ŋkɔa fia le?

      • Gɔmesese ka nue Mawu, Via kple tadeagula vavãwo katã wɔ ɖeka le?

  • Edo Gbe Ða Esime Wòle Nu Xam Vevie
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu le gbe dom ɖa le Getsemane-bɔa me esime Petro, Yakobo kple Yohanes nɔ alɔ̃ dɔm

      TA 123

      Edo Gbe Ða Esime Wòle Nu Xam Vevie

      MATEO 26:30, 36-46 MARKO 14:26, 32-42 LUKA 22:39-46 YOHANES 18:1

      • YESU LE GETSEMANE-BƆA ME

      • EƑE FIFIA ZU ABE ƲU ENE LE GEGEM TOŊTOŊ

      Yesu do gbe ɖa kple eƒe apostolo wɔnuteƒeawo vɔ. Esi ‘wodzi kafukafuhawo vɔ la, woyi Amito la dzi.’ (Marko 14:26) Woɖo ta ɣedzeƒe gome yina Getsemane-bɔa me, afi si Yesu lɔ̃a yiyi.

      Esi wova ɖo amitibɔ sia si me nɔnɔ nyoa ame ŋu me la, Yesu gblẽ apostoloawo dometɔ enyi ɖe megbe. Ðewohĩ wonɔ abɔa ƒe mɔnu lɔƒo, elabena egblɔ na wo be: “Minɔ anyi ɖe afi sia, ne mayi afi mɛ aɖado gbe ɖa.” Yesu kplɔ apostolo etɔ̃, siwo nye Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi, eye woyi ŋgɔ vie le abɔa me. Azɔ Yesu tsi dzi ŋutɔ le eɖokui me, eye wògblɔ na ame etɔ̃awo be: “Mele nu xam ale gbegbe be ɖeko wòle abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afi sia, eye minɔ ŋudzɔ kplim.”—Mateo 26:36-38.

      Esi Yesu zɔ yi ŋgɔ vie tso wo gbɔ la, “edze klo tsyɔ mo anyi hede asi gbedodoɖa me.” Nu ka ŋue wòle gbe dom ɖa le na Mawu le ɣeyiɣi sesẽ sia me? Edo gbe ɖa be: “Fofo, ètea ŋu wɔa nuwo katã; na kplu sia nato ŋunye. Gake menye nu si medi o, ke boŋ nu si nèdi.” (Marko 14:35, 36) Nu kae eƒe nyaa fia? Ðe wòfia be megadi be yeanye Tafexela oa? Gbeɖe!

      Esime Yesu nɔ dziƒo la, ekpɔ ale si Romatɔwo wɔa funyafunya ame siwo wotso kufia na. Fifia si Yesu va zu amegbetɔ si si seselelãme le, si ate ŋu ase veve la, madi be yeakpe fu nenema aku hafi o. Gake nu si gado nuxaxa nɛ wue nye be, ekpɔe be ale si woawu ye abe nu vlo wɔla ɖigbɔ ene la ate ŋu ahe vlododo ava ye Fofo ƒe ŋkɔa dzi. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, woahee ɖe ati ŋu abe ame si nye busunyagblɔla ɖe Mawu ŋu ene.

      Esi Yesu do gbe ɖa ʋuu vɔ la, etrɔ gbɔ va kpɔ be apostolo etɔ̃awo le alɔ̃ dɔm. Egblɔ na Petro be: “Ðe miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka oa? Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi be miagadze tetekpɔ me o.” Yesu de dzesii be nu te apostoloawo hã ŋu eye zã hã tsi. Eya ta egblɔ kpee be: “Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.”—Mateo 26:40, 41.

      Azɔ Yesu gatrɔ dzo zi evelia ɖado gbe ɖa na Mawu be wòana “kplu sia” nato ye ŋu. Esi wòtrɔ va la, ekpɔe be apostolo etɔ̃awo gale alɔ̃ dɔm le ɣeyiɣi si me wòle be woanɔ gbe dom ɖa be yewomagadze tetekpɔ me o. Esi Yesu ƒo nu na wo la, “womenya nya si woagblɔ atsɔ aɖo eŋu nɛ o.” (Marko 14:40) Yesu gatrɔ dzo yi zi etɔ̃lia ɖadze klo do gbe ɖa.

      Yesu tsi dzi vevie ɖe vlododo si ava Fofoa ƒe ŋkɔ dzi ne wowu ye abe nu vlo wɔla ene la ŋu. Yehowa hã nɔ Via ƒe gbedodoɖawo sem, eye wòdɔ eƒe dɔla aɖe ɖa wòva do ŋusẽe. Gake esia mewɔe be Yesu dzudzɔ kokoƒoƒo na Fofoa o, ke boŋ ‘egado gbe ɖa vevie wu.’ Etsi dzodzodzoe ale gbegbe. Agba kpekpe ka gbegbee nye esi le edzi! Eya ŋutɔ kple amegbetɔ siwo si xɔse le la ƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ nɔ te ɖe eya amea dzi. Le nyateƒe me la, “eƒe fifia zu abe ʋu ene le gegem ɖe anyigba.”—Luka 22:44.

      Esi Yesu trɔ va eƒe apostoloawo gbɔ zi etɔ̃lia la, egakpɔ be wole alɔ̃ dɔm. Egblɔ be: “Ɣeyiɣi sia mee mianɔ alɔ̃ dɔm ahanɔ ɖiɖim ɖe emea? Kpɔ ɖa, gaƒoƒo la de be woatsɔ Amegbetɔvi la ade asi na nu vɔ̃ wɔlawo. Mitso, mina míadzo. Kpɔ ɖa! Ame si dem asi la gogo.”—Mateo 26:45, 46.

      EƑE FIFIA ZU ABE ƲU ENE LE GEGEM TOŊTOŊ

      Atikewɔla Luka meɖe ale si Yesu ƒe fifia ‘zu abe ʋu ene nɔ gegem toŋtoŋ’ la me o. (Luka 22:44) Ate ŋu anye be Luka nɔ nu ƒom le kpɔɖeŋumɔ nu, si fia be Yesu ƒe fifia nɔ gegem toŋtoŋ abe ale si ʋu ɖuɖuna tso abi me ene. Le go bubu me la, Ðɔkta William D. Edwards gblɔ le lãmesẽnyawo ŋuti gbalẽ aɖe me be: “Togbɔ be mebɔ kura be ame ƒe fifia nazu ʋu . . . o hã la, esia ate ŋu adzɔ ne nu te ɖe ame dzi vevie . . . Ne ʋu sí ge ɖe lãmenu siwo nana míetea fifia me la, ŋutigbalẽa va wɔa bɔlɔbɔlɔ ale gbegbe be ate ŋu awɔ abi bɔbɔe.”—The Journal of the American Medical Association (JAMA).

      • Esi Yesu kple eƒe apostoloawo dzo le dziƒoxɔa dzi la, afi kae wòkplɔ wo yi?

      • Nu kae apostolo etɔ̃ nɔ wɔwɔm esime Yesu nɔ gbe dom ɖa?

      • Nu kae Yesu ƒe fifia si trɔ zu ʋu nɔ gegem toŋtoŋ la ɖe fia tso ale si wònɔ sesem le eɖokui me ŋu?

  • Kristo Dede Asi Kple Eléle
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu ka mo na Petro le esi wòtsɔ yi kpa to na Malko ta; asrafowo le klalo be yewoalé Yesu

      TA 124

      Kristo Dede Asi Kple Eléle

      MATEO 26:47-56 MARKO 14:43-52 LUKA 22:47-53 YOHANES 18:2-12

      • YUDA DE YESU ASI LE ABƆA ME

      • PETRO KPA TO NA AME AÐE

      • WOLÉ YESU

      Eƒo zã ga wuieve to eŋu xoxo. Nunɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be yewoaxe klosalo 30 na Yuda nenye be ede Yesu asi. Eya ta Yuda le ŋgɔ na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo ƒe ha gã aɖe wova le Yesu dim. Roma-srafo siwo bla akpa eye aʋafia le wo nu la kpe ɖe wo ŋu.

      Edze ƒãa be esi Yesu na Yuda do go le Ŋutitotonua ɖuɣi la, Yuda yi nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ tẽe. (Yohanes 13:27) Ame siawo ƒo woƒe dɔlawo kple asrafoha aɖe nu ƒu. Anye be Yuda kplɔ wo yi xɔ si me Yesu kple apostoloawo ɖu Ŋutitotoa le la gbã. Azɔ ameha sia dzo le afi ma yi ɖato Kidron-tɔʋua me ɖo ta abɔa me. Tsɔ kpe ɖe lãnuwo ŋu la, wotsɔ akaɖiwo kple akakatiwo hã ɖe asi heɖoe kplikpaa be yewoadi Yesu ake ɖe eŋu.

      Esi Yuda nɔ ŋgɔ na ameha la wonɔ Amitoa liam la, eka ɖe edzi be yenya afi si yeakpɔ Yesu le. Le kwasiɖa si va yi me, esi Yesu kple apostoloawo nɔ Yerusalem kple Betania dome zɔli zɔm la, wotɔ zi geɖe ɖe Getsemane-bɔa me. Gake fifia zã do, eye anye be Yesu le amiti siwo le abɔa me la ƒe vɔvɔli te. Eya ta aleke asrafo siwo ɖewohĩ womekpɔ Yesu kpɔ o la awɔ adze sii? Be wòanɔ bɔbɔe na wo la, Yuda ɖo dzesi na wo be: “Ame si magbugbɔ nu na la, eyae; milée, mikplɔe yii eye miaƒe ŋku nanɔ eŋu.”—Marko 14:44.

      Esi Yuda le ŋgɔ na amehawo woyi abɔa me la, ekpɔ Yesu kple eƒe apostoloawo eye wòyi Yesu gbɔ tẽe. Yuda gblɔ be: “Medo gbe na wò, Rabi!” eye wògbugbɔ nu na Yesu. Yesu biae be: “Xɔ̃, nu ka tae nèva ɖo?” (Mateo 26:49, 50) Yesu ŋutɔ ɖo eƒe biabiaa ŋu esi wògblɔ be: “Yuda, nugbugbɔe nètsɔ le Amegbetɔvi la dem asia?” (Luka 22:48) Gake yomemɔfiala sia hã ƒe nyaa se ɖe afi ma gbɔ!

      Azɔ Yesu te ɖe ame siwo lé akaɖiwo kple akakatiwo ɖe asi la ŋu hebia wo be: “Ame ka dim miele?” Ameha la ɖo eŋu be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.” Yesu gblɔ kple dzideƒo be: “Nyee nye esi.” (Yohanes 18:4, 5) Nyaŋuɖoɖoa dze wo kpo, ale wote yi megbe hedze anyi.

      Le esi Yesu nawɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ asi abu ɖe vivitia me teƒe la, egabia wo ake be ame ka dim wole hã. Esi wogagblɔ ake be “Yesu, Nazaretetɔ lae” la, egblɔ tufafatɔe be: “Megblɔ na mi xoxo be nyee. Eya ta ne nye dim miele la, ekema mina ame siawo ya nadzo.” Le ɣeyiɣi sesẽ sia gɔ̃ hã me la, Yesu te ŋu ɖo ŋku nya si wògblɔ va yi be yemabú wo dometɔ aɖeke o la dzi. (Yohanes 6:39; 17:12) Yesu kpɔ eƒe apostolo wɔnuteƒeawo ta, eye wo dometɔ aɖeke mebú o, negbe “tsɔtsrɔ̃vi la ko,” si nye Yuda. (Yohanes 18:7-9) Eya ta egblɔ azɔ be woana ye yomedzela wɔnuteƒe siawo nadzo.

      Esi asrafoawo tso hezɔ ɖe Yesu dzi la, apostoloawo de dzesi nu si le dzɔdzɔm azɔ. Wobia be: “Aƒetɔ, mída yi woa?” (Luka 22:49) Hafi Yesu naɖo nyaa ŋu la, Petro ya da yi eve siwo apostoloawo tsɔ ɖe asi la dometɔ ɖeka xoxo. Etsɔe kpa nunɔlagã la ƒe kluvi, si ŋkɔe nye Malko, la ƒe ɖusito.

      Yesu ka asi Malko ƒe to ŋu eye eƒe abia ku. Azɔ efia nu vevi aɖe eyomedzelawo esi wòde se na Petro be: “Gbugbɔ wò yi la de eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi ɖe ame ŋu la, yi nue woatsi.” Yesu lɔ̃ faa be woalé ye, eye wòɖe nu si tae la me be: “Aleke Ŋɔŋlɔ siwo gblɔe ɖi be adzɔ alea la awɔ ava eme?” (Mateo 26:52, 54) Egblɔ kpee be: “Ðe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?” (Yohanes 18:11) Yesu lɔ̃ be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, ne esia bia be wòaku gɔ̃ hã.

      Yesu bia ameha la be: “Yiwo kple kpowoe mietsɔ va be yewoalém abe adzodala enea? Gbe sia gbe menɔa anyi ɖe gbedoxɔa me nɔa nu fiam, ke mielém kpɔ o. Gake nu siawo katã dzɔ, ale be nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖi la nava eme.”—Mateo 26:55, 56.

      Azɔ asrafoawo, aʋafia la kple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu heblae. Esi apostoloawo kpɔ esia la, wosi. Ke hã, “ɖekakpui” aɖe kpɔtɔ nɔ ameha la dome kple susu be yeadze Yesu yome. Anɔ eme be nusrɔ̃la Marko ye. (Marko 14:51) Ameha la kpɔ ɖekakpui sia dze sii, eye wote kpɔ be yewoalée, si wɔe be wògblẽ eƒe aklalawu la ɖi hesi dzo.

      • Nu ka tae Yuda yi ɖadi Yesu le Getsemane-bɔa me?

      • Nu kae Petro wɔ be yeatsɔ aʋli Yesu ta, gake nu kae Yesu gblɔ tso esia ŋu?

      • Aleke Yesu ɖee fia be yelɔ̃ ɖe nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na ye la dzi?

      • Esi apostoloawo gblẽ Yesu ɖi la, ame kae tsi anyi, eye nu kae va dzɔ?

  • Wokplɔ Yesu Yi Ana Gbɔ, Emegbe Wokplɔe Yi Kayafa Gbɔ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Kayafa dze eƒe awu; ame bubuwo ƒo tome na Yesu, ɖu fewu le eŋu, eye wotu kɔe

      TA 125

      Wokplɔ Yesu Yi Ana Gbɔ, Emegbe Wokplɔe Yi Kayafa Gbɔ

      MATEO 26:57-68 MARKO 14:53-65 LUKA 22:54, 63-65 YOHANES 18:13, 14, 19-24

      • WOKPLƆ YESU YI ANA, SI NYE NUNƆLAGÃ TSÃ LA GBƆ

      • SANHEDRIN LA DRƆ̃ ƲƆNU MANƆSENUI

      Esi wobla Yesu abe nu vlo wɔla ene vɔ la, wokplɔe yi Ana ƒe me. Ana siae nye nunɔlagã esime Yesu nye ɖevi eye wòƒo nu wòwɔ nuku na nufialawo le gbedoxɔa me. (Luka 2:42, 47) Emegbe Ana viŋutsuwo dometɔ aɖewo va zu nunɔlagãwo, ke fifia la, eƒe toyɔvi Kayafa ye le ɖoƒe ma.

      Esime Ana nɔ gbe biam Yesu la, mɔnukpɔkpɔa su Kayafa si wòƒo Sanhedrin la me tɔwo nu ƒu. Sanhedrin la me tɔwo le ame 71, eye nunɔlagã la kple ame bubu siwo nɔ ɖoƒe ma kpɔ la hã le wo dome.

      Ana bia gbe Yesu “tso eƒe nusrɔ̃lawo kple eƒe nufiafia ŋu.” Ðeko Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Meƒoa nu na xexea le dutoƒo. Mefiaa nu ɣesiaɣi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔa me, afi si Yudatɔwo katã va ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔa nya aɖeke le bebeme o. Nu ka tae nèle nya biamem? Bia ame siwo se nya siwo megblɔ na wo la.”—Yohanes 18:19-21.

      Dɔla aɖe si tsi tre ɖe afi ma la ƒo tome na Yesu heka mo nɛ gblɔ be: “Aleae nàɖo nya ŋu na nunɔlawo ƒe tatɔa?” Gake esi Yesu nya be yemeɖi fɔ o ta la, ebiae be: “Ne nya si megblɔ mesɔ o la, ekema gblɔ nu si gblẽ le eŋu; ke ne esɔ ɖe, nu ka tae nèƒom?” (Yohanes 18:22, 23) Azɔ Ana na wokplɔ Yesu yi toyɔvia Kayafa gbɔ.

      Fifia Sanhedrin la me tɔwo katã, siwo dome ame si nye nunɔlagã ɣemaɣi, dumegãwo kple agbalẽfialawo le la, va kpe ta azɔ. Wokpe ta ɖe Kayafa ƒe me. Se meɖe mɔ be woadrɔ̃ ʋɔnu sia tɔgbi le Ŋutitotoŋkekea ƒe zã me o, gake esia mexe mɔ na wo be woagawɔ tame vɔ̃ si woɖo la dzi o.

      Manya wɔ be ame siawo nadrɔ̃ ʋɔnui ɖe eteƒe o. Esi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre la, Sanhedrin la tso nya me be yewoawu Yesu. (Yohanes 11:47-53) Eye ŋkeke ʋɛ aɖewoe nye esi va yi la, subɔsubɔhakplɔlawo ɖo nugbe be yewoalé Yesu awu. (Mateo 26:3, 4) Ɛ̃, hafi woadrɔ̃ ʋɔnu Yesu gɔ̃ hã la, wobu fɔe xoxo be edze ku!

      Tsɔ kpe ɖe ale si woƒe kpekpea mele se nu o ŋu la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Sanhedrin la me tɔ bubuawo le agbagba dzem be yewoakpɔ ɖasefo siwo aɖi aʋatsoɖase si dzi yewoanɔ te ɖo abu fɔ Yesu. Wokpɔ ɖasefo geɖe, gake woƒe ɖaseɖiɖiwo mewɔ ɖeka o. Mlɔeba la, ame eve va gblɔ be: “Míesee wògblɔ be, ‘Magbã gbedoxɔ sia si wotsɔ asi wɔe la, eye le ŋkeke etɔ̃ me la, matu bubu si wometsɔ asi wɔe o.’” (Marko 14:58) Gake ame siawo gɔ̃ hã ƒe nu mesɔ bliboe o.

      Kayafa bia Yesu be: “Mèle nya aɖeke gblɔ ge atsɔ aɖo eŋu oa? Nya kawoe nye esi ame siawo tsɔ le nuwo tsomee?” (Marko 14:60) Gake Yesu zi kpi esime ɖasefo siawo siwo ƒe nyawo mewɔ ɖeka o la nɔ enu tsom alakpatɔe. Eya ta Nunɔlagã Kayafa te ayemɔ bubu kpɔ.

      Kayafa nya be eɖiaa Yudatɔwo nu ne wose be ame aɖe gblɔ be Mawu ƒe Vie yenye. Esi Yesu gblɔ ɣeaɖeɣi be Mawue nye ye Fofo la, Yudatɔwo di be yewoawui, elabena wogblɔ be etsɔ “eɖokui le sɔsɔm kple Mawu.” (Yohanes 5:17, 18; 10:31-39) Esi esia le nyanya na Kayafa ta la, egblɔ na Yesu ayetɔe be: “Metà Mawu gbagbe la na wò be nàgblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo la, Mawu ƒe Vi la!” (Mateo 26:63) Yesu ɖee gblɔ va yi le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi be Mawu ƒe Vie yenye. (Yohanes 3:18; 5:25; 11:4) Ke hã ne meʋu eme nenema fifia o la, woate ŋu ase egɔme be ele gbegbem be yemenye Mawu ƒe Vi kple Kristo la o. Eya ta Yesu gblɔ be: “Nyee; eye miakpɔ Amegbetɔvi la wòabɔbɔ nɔ Ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime eye wòanɔ dziƒolilikpowo dzi gbɔna.”—Marko 14:62.

      Azɔ Kayafa wɔ nu be amewo nakpɔ esi wòdze eƒe awuwo hedo ɣli be: “Ŋutsu sia gblɔ busunya! Ðe ɖasefo bubuwo gahiã mía? Kpɔ ɖa! Miese busunya la azɔ. Nu kae miesusu?” Sanhedrin la bu fɔe madzemadzee be: “Edze ku.”—Mateo 26:65, 66.

      Azɔ wote fewuɖuɖu le Yesu ŋu, eye wonɔ kɔ tumee. Ame bubuwo ƒo tome nɛ heɖe ta ɖe mo nɛ. Esi wotsyɔ nu ŋkume nɛ la, woƒo tome nɛ eye wobia fewuɖuɖutɔe be: “Gblɔe na mí! Ame kae ƒo wò?” (Luka 22:64) Mawu ƒe Vi lae nye ema ŋu woɖi ʋɔnu ɖo hele fu wɔmee le zã me evɔ ʋɔnu sia mele se nu o!

      • Afi kae wokplɔ Yesu yi gbã, eye nu kae dzɔ ɖe edzi le afi ma?

      • Afi kae wokplɔ Yesu yi le ema megbe, eye nu kae Kayafa wɔ si na be Sanhedrin la gblɔ be Yesu dze ku?

      • Aleke wodo vlo Yesu esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃mee?

  • Petro Gbe Nu Le Yesu Gbɔ Le Kayafa Ƒe Me
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
    • Yesu le dzi hele Petro si gbe nu le egbɔ kpɔm ɖaa; koklo aɖee ma tɔ ɖe megbea

      TA 126

      Petro Gbe Nu Le Yesu Gbɔ Le Kayafa Ƒe Me

      MATEO 26:69-75 MARKO 14:66-72 LUKA 22:54-62 YOHANES 18:15-18, 25-27

      • PETRO GBE NU LE YESU GBƆ

      Esi amewo va lé Yesu le Getsemane-bɔa me la, apostoloawo gblẽe ɖi hesi le vɔvɔ̃ ta. Ke hã wo dometɔ eve va tɔ le mɔa dzi. Woawoe nye Petro “kple nusrɔ̃la bubu aɖe,” si anɔ eme be eyae nye apostolo Yohanes. (Yohanes 18:15; 19:35; 21:24) Ðewohĩ wogava kplɔ Yesu ɖo esime wokplɔe yina Ana gbɔ. Esi Ana ɖo Yesu ɖe Nunɔlagã Kayafa gbɔ la, Petro kple Yohanes nɔ amehawo yome le adzɔge ɖaa. Anye be wonɔ vɔvɔ̃m ɖe woƒe agbe ta, gake wogadi hã be yewoanya nu si adzɔ ɖe yewoƒe Aƒetɔ la dzi.

      Yohanes nye nunɔlagã la ƒe ame nyanyɛ, eya ta woɖe mɔ nɛ wòge ɖe Kayafa ƒe me eye wònɔ xɔxɔnua. Ke Petro ya nɔ agboa nu le xexe va se ɖe esime Yohanes va ƒo nu na dɔlanyɔnu si nye agbonudzɔlaa. Ale wòɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme.

      Vuvɔ nɔ wɔwɔm, eya ta ame siwo nɔ xɔxɔnua do akadzo nɔ ƒuƒum. Esi wonɔ ʋɔnua drɔ̃m Yesu la, Petro hã va nɔ dzoa ƒum henɔ lalam be “yeakpɔ nu si ava dzɔ ɖa.” (Mateo 26:58) Esi Petro te ɖe dzoa ŋu azɔ ta la, agbonudzɔla si ɖe mɔ nɛ wòge ɖe eme la te ŋu kpɔe nyuie wu. Ebiae be: “Wò hã, menye ŋutsu sia ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” (Yohanes 18:17) Ame bubuwo hã kpɔ Petro dze sii eye wotso enu be enye Yesu yomedzela.—Mateo 26:69, 71-73; Marko 14:70.

      Esia medzɔ dzi na Petro kura o. Medi be yeadze amewo nakpɔ hafi o, eye wòtso yi mɔa nu gɔ̃ hã. Petro sẽ nu be yemenye Yesu yomedzela o, eye wògblɔ gɔ̃ hã be: “Nyemenyae o, eye nyemese nya si gblɔm nèle hã gɔme o.” (Marko 14:67, 68) Ede asi “fiƒodenyawo gbɔgblɔ me heka atam ƒu edzi,” si fia be yelɔ̃ be yeaka atam be yeƒe nyaa le eme, eye vɔ̃ nedzɔ ɖe ye dzi ne mele eme o.—Mateo 26:74.

      Ɣemaɣi la, wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu, eye anɔ eme be Kayafa ƒe aƒea ƒe akpa si le dzi na xɔxɔnua ye wonɔ ʋɔnua drɔ̃mee le. Ðewohĩ Petro kple ame bubu siwo nɔ lalam le anyime la ate ŋu akpɔ ɖasefo vovovo siwo wokplɔ vɛ be woaɖi ɖase la ƒe yiyi kple gbɔgbɔ.

      Galileatɔe Petro nye, eya ta eƒe nuƒoƒo ɖe hae be aʋatso kamee wònɔ. Gawu la, enutsolawo dometɔ ɖeka nye Malko, ame si Petro kpa to na la ƒe ƒometɔ. Eya ta etso Petro nu gblɔ be: “Menye wòe mekpɔ le abɔa me kplii oa?” Esi Petro gasẽ nu zi etɔ̃lia la, koklo ku atɔ, abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene.—Yohanes 13:38; 18:26, 27.

      Anɔ eme be ɣemaɣi la, Yesu nɔ dzia nɔ xɔxɔnua kpɔm le anyime. Aƒetɔ la trɔ, eye eya kple Petro ƒe ŋkume do go, si wɔe be nu si dzɔ la te ɖe Petro dzi vevie. Eɖo ŋku nya si Yesu gblɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ esime wonɔ dziƒoxɔa dzi la dzi. Bu ale si gbegbe Petro ƒe dzi agbã le nu si wòwɔ la ta ŋu kpɔ! Petro do go yi xexe ɖafa avi vevie.—Luka 22:61, 62.

      Aleke wɔ nu sia te ŋu dzɔ? Aleke wòdzɔe be Petro, ame si ka ɖe edzi be yenye nuteƒewɔla si li ke le gbɔgbɔ me la gbe nu le eƒe Aƒetɔ gbɔ? Tsitretsiɖeŋulawo tro gbo nyateƒea eye wole nu wɔm ɖe Yesu ŋu abe nu vlo wɔla vɔ̃ɖi ene. Le esi teƒe be Petro naʋli ame maɖifɔ la ta la, etrɔ megbe de Ame si si “agbe mavɔ nyawo le” la boŋ.—Yohanes 6:68.

      Nublanuinya si dzɔ ɖe Petro dzi la ɖee fia be ame si si xɔse le, si sroa Mawu ɖa la gɔ̃ hã ate ŋu akli nu adze anyi ne medzra ɖo nyuie ɖe dodokpɔwo kple tetekpɔwo ŋu o. Neva eme be nu si dzɔ ɖe Petro dzi la nanye nuxlɔ̃ame na Mawu subɔlawo katã!

      • Aleke Petro kple Yohanes wɔ te ŋu ge ɖe Kayafa ƒe aƒea ƒe xɔxɔnu?

      • Nu kae nɔ edzi yim le aƒea me esime Petro kple Yohanes nɔ xɔxɔnua?

      • Nu kae fiƒodenya siwo Petro gblɔ kple atam si wòka la fia?

      • Nufiame vevi kae le nu si dzɔ ɖe Petro dzi la me na mí?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe