INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 3 axa 14-axa 15 mm. 3
  • Adam Kple Xawa Meɖo To Mawu O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Adam Kple Xawa Meɖo To Mawu O
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Tae Wobu Woƒe Aƒea
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Amewo Li Siwo Kɔ Boo Wu Mí
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Aleke Agbea Nɔ Le Paradisoa Me?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Agbenɔnɔ Sesẽ Dze Egɔme
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 3 axa 14-axa 15 mm. 3
Adam kple Xawa do go le eden-bɔa me

NUSƆSRƆ̃ 3

Adam Kple Xawa Meɖo To Mawu O

Adam lé atikutsetse si ŋu wode se ɖo si Xawa tsɔ nɛ la ɖe asi

Gbe ɖeka esi Xawa ɖeɖe le abɔa me la, da aɖe va ƒo nu nɛ. Da la biae be: ‘Nyateƒee wònye be Mawu gblɔ be migaɖu atiawo katã ƒe tsetse aɖeke oa?’ Xawa ɖo eŋu nɛ be: ‘Míate ŋu aɖu atiawo katã ƒe tsetse faa negbe ɖeka ko. Ne míeɖu ati ma ƒe tsetse la míaku.’ Da la gblɔ nɛ be: ‘Miaku o. Ke boŋ ne mieɖui la, mianɔ abe Mawu ene.’ Nyateƒeea? Ao, alakpae! Gake Xawa xɔ nya ma dzi se. Esi Xawa nɔ atikutsetsea kpɔm la, edzroe. Eɖu atikutsetsea eye wòna ɖe Adam hã wòɖu. Adam nya be ne yewomeɖo to Mawu o la, yewoaku. Gake eɖu atikutsetsea.

Esi Adam kple Xawa do go le eden-bɔa me la, mawudɔlawo kple yi aɖe si nɔ bibim la va nɔ abɔa ƒe mɔ nu

Gbemagbe ke la, Yehowa ƒo nu na Adam kple Xawa. Ebia wo be nu ka tae womeɖo to ye o hã. Xawa gblɔ be da lae na, eye Adam hã be Xawae na. Esi Adam kple Xawa meɖo to Yehowa o ta la, enya wo le abɔa me. Esi medi be woagatrɔ ava abɔa me o ta la, ena mawudɔlawo kple yi aɖe si nɔ bibim la va nɔ abɔa ƒe mɔ nu.

Yehowa gblɔ be yeahe to na ame si ble Xawa la hã. Menye da la ŋutɔe ƒo nu na Xawa o. Yehowa mewɔ dawo be woaƒo nu o. Mawudɔla vɔ̃ɖi aɖee na da la ƒo nu. Ewɔ esia tsɔ ble Xawa. Mawudɔla ma ŋkɔe nye Satana Abosam. Eteƒe madidi o Yehowa atsrɔ̃ Satana ale be magate ŋu able amewo be woawɔ nu gbegblẽwo azɔ o.

‘Amewulae Abosam nye tso gɔmedzedzea me ke, eye meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o.’—Yohanes 8:44, etenuŋɔŋlɔ

Nyabiasewo: Nu ka tae Xawa ɖu atikutsetsea? Nu kae dzɔ ɖe Adam kple Xawa dzi esi womeɖo to Yehowa o? Ame kae nye Satana Abosam?

1 Mose 3:1-24; Yohanes 8:44; 1 Yohanes 3:8; Nyaɖeɖefia 12:9

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe