INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 2 axa 10-axa 11 mm. 1
  • Mawu Wɔ Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Wɔ Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nu Ka Tae Míetsina Eye Míekuna?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Woaɖe Ku, Si Nye Futɔ Mamlɛtɔ Ða
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Yesu Ƒe Ku Kple Eƒe Tsitretsitsi La—Vi Siwo Woate Ŋu Aɖe Na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 2 axa 10-axa 11 mm. 1
Adam kple Xawa le Eden-bɔa me

NUSƆSRƆ̃ 2

Mawu Wɔ Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ

Yehowa tso abɔ ɖe teƒe aɖe si woyɔna be Eden. Seƒoƒowo, atiwo kple lãwo yɔ abɔ la me fũu. Emegbe Mawu tsɔ anyi mè ame gbãtɔ Adam, eye wògbɔ ya ɖe eƒe ŋɔti me. Ènya nu si va dzɔa? Ame la va zu ame gbagbe! Yehowa tsɔ abɔ la de asi na Adam, eye Mawu gblɔ nɛ be wòatsɔ ŋkɔ na lãwo katã.

Yehowa de se vevi aɖe na Adam. Egblɔ na Adam be: ‘Àte ŋu aɖu atiawo katã ƒe tsetse faa negbe ati tɔxɛ aɖe tɔ ko màɖu o. Ne èɖu ati ma ƒe tsetse la àku.’

Emegbe Yehowa gblɔ be: ‘Mawɔ kpeɖeŋutɔ na Adam.’ Eya ta Mawu na Adam dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi eye wòɖe Adam ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ nyɔnu nɛ. Nyɔnua ŋkɔe nye Xawa. Adam kple Xawa ye va nye ƒome gbãtɔ. Aleke Adam se le eɖokui me ɖe srɔ̃a ŋu? Dzi dzɔ Adam ale gbegbe be wògblɔ be: ‘Kpɔ nu si Yehowa tsɔ nye agbaƒuti wɔ ɖa! Ahãa! Ame sia le abe nye ene.’

Yehowa gblɔ na Adam kple Xawa be woadzi viwo ne woayɔ anyigba la dzi. Mawu di be woawɔ dɔ ɖekae ana anyigba bliboa nazu paradiso alo abɔ nyui aɖe abe Eden-bɔ ene. Gake nuwo meva yi nenema o. Nu ka tae? Míasrɔ̃ nu tso eŋu le ta si gbɔna la me.

“Ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, ŋutsu kple nyɔnue wòwɔ woe.”—Mateo 19:4

Nyabiasewo: Dɔ kae Yehowa gblɔ na Adam be wòawɔ? Nu kae adzɔ ɖe Adam kple Xawa dzi ne woɖu ati si ƒe tsetse Mawu gblɔ be womegaɖu o la?

1 Mose 1:27-31; 2:7-9, 15-23; Psalmo 115:16; Mateo 19:4-6

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe