-
Edo Dziku Eye Wowu NɔviaNu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
-
-
NUSƆSRƆ̃ 4
Edo Dziku Eye Wòwu Nɔvia
Esi Adam kple Xawa dzo le Eden-bɔa me la, wova dzi vi geɖe. Woƒe vi gbãtɔ Kain zu agbledela eye woƒe vi evelia Abel zu lãnyila.
Gbe ɖeka Kain kple Abel sa vɔ na Yehowa. Ènya nu si vɔsa nyea? Enye nunana tɔxɛ aɖe. Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Abel ƒe vɔsaa ŋu ke mekpɔ dzidzɔ ɖe Kain ya tɔ ŋu o. Esia na Kain do dziku vevie. Yehowa gblɔ na Kain be eƒe dzikua ate ŋu ana wòawɔ nu gbegblẽ. Gake Kain meɖo to Mawu o.
Ke boŋ Kain gblɔ na Abel be: ‘Va míayi gbe me.’ Esi woawo ɖeɖe wonɔ gbea me la, Kain dze nɔvia dzi hewui. Nu kae Yehowa awɔ? Yehowa nya Kain yi didiƒe tso eƒe ƒomea gbɔ tsɔ he to nɛ. Mawu maɖe mɔ na Kain be wòagatrɔ agbɔ o.
Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu sia me? Míate ŋu ado dziku ne nuwo meyi abe ale si míedi ene o. Ne míekpɔ be míedo dziku, alo ne ame bubuwo gblɔ na mí be yewode dzesii be míedo dziku la, ele be míawɔ kaba adzudzɔ dzikudodo hafi wòava gblẽ nu le mía ŋu.
Esi Abel lɔ̃ Yehowa eye wòwɔ nu si nyo ta la, Yehowa aɖo ŋku edzi ɣesiaɣi. Ne Mawu wɔ anyigba wòzu paradiso la, agbɔ agbe Abel.
“Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.”—Mateo 5:24
-
-
Noa Ƒe Aɖakaʋu LaNu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
-
-
NUSƆSRƆ̃ 5
Noa Ƒe Aɖakaʋu La
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amewo va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi. Wo dometɔ geɖe vɔ̃ɖi. Mawudɔla siwo le dziƒo la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã va zu ame vɔ̃ɖiwo. Wogblẽ woƒe nɔƒe si le dziƒo la ɖi heva anyigba dzi. Ènya susu si tae wova anyigba dzi ɖoa? Be woatrɔ azu amegbetɔwo ne woaɖe nyɔnuwo.
Mawudɔlaawo kple nyɔnuawo dzi vi. Ðevi siawo tsi va zu ame sesẽ siwo sẽa ŋuta. Wowɔa nu vevi amewo. Yehowa mate ŋu aɖe mɔ nu mawo nanɔ edzi yim o. Eya ta edi be yeatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiawo.
Gake ŋutsu aɖe ya li si to vovo. Elɔ̃ Yehowa. Eŋkɔe nye Noa. Srɔ̃ ɖeka kple viŋutsu etɔ̃ nɔ esi, woawoe nye Sem, Ham kple Yafet eye srɔ̃ nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si. Yehowa gblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋu gã aɖe ale be eya kple eƒe ƒomea nanɔ eme atsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me. Aɖakaʋu nye nugo gã aɖe si ate ŋu anɔ tsi dzi. Yehowa gagblɔ na Noa be wòakplɔ lã geɖe ayi aɖakaʋu la me be woawo hã natsi agbe.
Enumake, Noa dze aɖakaʋu la kpakpa gɔme. Noa kple eƒe ƒomea tsɔ ƒe abe 50 ene kpa aɖakaʋu la. Wokpa aɖakaʋu la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa gblɔ na wo be woawɔe ene. Le ɣeyiɣi mawo me la, Noa xlɔ̃ nu amewo tso Tsiɖɔɖɔa ŋu. Gake ame aɖeke meɖo toe o.
Mlɔeba ɣeyiɣia de be woayi aɖakaʋu la me. Na míakpɔ nu si va dzɔ ɖa.
“Ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la hã anɔ.”—Mateo 24:37
-